Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nyematrɔ Naneke O!”

“Nyematrɔ Naneke O!”

Agbemeŋutinya

“Nyematrɔ Naneke O!”

ABE ALESI GLADYS ALLEN GBLƆE ENE

Ne woabiam ɣeaɖeɣi be, “Ne mɔnukpɔkpɔ asu asiwò nàgadze agbe gɔme ake ɖe, nukae nàtrɔ le ɖokuiwò ŋu hã?” Mate ŋu aɖo eŋu le nyateƒe me be, “Nyematrɔ naneke o!” Mina maɖe nusita mese le ɖokuinye me alea me.

LE ƑE 1929 ƒe dzomeŋɔli, esime mexɔ ƒe eve la, nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku aɖe su fofonye, Matthew Allen si. Exɔ agbalẽvi si nye Millions Now Living Will Never Die!, si Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣii, ta. Esi Papa xlẽ agbalẽa ƒe axa ʋɛ aɖewo ko la, egblɔ sesĩe be, “Esiae nye nyatakaka xɔasitɔ kekeake si mexlẽ kpɔ!”

Ema megbe kpuie la, Papa gaxɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe agbalẽ bubuwo. Enumake ete nusiwo srɔ̃m wònɔ la gbɔgblɔ na eƒe aƒelikawo katã. Gake Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖeke menɔ míaƒe kɔƒe nutoa me o. Esi Papa kpɔe be hadede edziedzi kple Kristotɔwo hiã ta la, ena ƒomea ʋu yi Orangeville, Ontario, Canada, le 1935 me, elabena hame le afima.

Ɣemaɣiwo la, womedea dzi ƒo na ɖeviwo be woade hamea ƒe kpekpewo o; zi geɖe la, wonɔa gota nɔa fefem vaseɖe esime ame tsitsiwo kpã. Esia medzɔ dzi na Papa o. Ebui be, “Ne kpekpeawo nyo nam la, ke wonyo na vinyewo hã.” Eyata togbɔ be Papa nye ame yeye hã la, egblɔ na mía kple fonye Bob kpakple nɔvinyenyɔnu Ella kple Ruby be míawɔ ɖeka kple ame tsitsiawo le kpekpeawo me, eye míedena. Eteƒe medidi o, Ðasefo bubuwo hã ƒe viwo te dede. Kpekpewo dede kpakple nyaŋuɖoɖo va zu míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe.

Papa lɔ̃ Biblia ale gbegbe, eye mɔnu dodzidzɔname aɖe le esi si dzi wòtona wɔa Biblia me ŋutinyawo ƒe wɔwɔfia. To esiawo me la, ena nusɔsrɔ̃ veviwo tsi míaƒe dzi fẽawo me, siwo dzi megaɖoa ŋkui kple dzidzɔ kokoko. Wo dometɔ ɖeka si dzi meɖo ŋkui enye be Yehowa yraa amesiwo ɖoa toe la.

Papa fia alesi míazã Biblia atsɔ aʋli míaƒe xɔse tae hã mí. Míewɔnɛ wònyea fefe. Papa agblɔ be, “Mexɔe se be ne meku la, mayi dziƒo. Fifia miɖee fiam be nyemele yiyi ge o.” Mía kple Ruby míediaa mawunyakpukpui siwo míazã atsɔ aɖee afia be nufiafia ma nye aʋatso le numekugbalẽ me. Ne míexlẽ mawunyakpukpui siwo ŋu míeke ɖo vɔ la, Papa gblɔna be, “Enyo ŋutɔ, gake eme mekɔ nam o kokoko.” Ale míegayia numekugbalẽa gbɔ ake. Esia yia edzi gaƒoƒo geɖe vaseɖe esime míaƒe ŋuɖoɖoa dze Papa ŋu. Ewɔe be mía kple Ruby míesu te nyuie te ŋu ɖea míaƒe dzixɔsewo me heʋlia míaƒe xɔse ta.

Amegbetɔvɔvɔ̃ Dzi Ðuɖu

Togbɔ be mexɔ hehe nyuie le aƒeme kple le hamea ƒe kpekpewo me hã la, enye nyateƒe be Kristotɔnyenye ƒe akpa aɖewo nɔ anyi si kpɔtɔ sesẽ nam kokoko. Abe sɔhɛ geɖewo ene la, medzɔa dzi nam be mato vovo tso ame bubuwo, vevietɔ nye sukuxɔmehatiwo gbɔ kura o. Nye xɔse ŋuti dodokpɔ gbãtɔ lɔ nusi míeyɔna be gbeƒãɖeɖe gbɔlɔlɔ ɖe eme.

Eƒe taɖodzinue nye be woana nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nalé ʋuƒo siwo dzi woŋlɔ nuwo ɖo la ɖe asi azɔ blewu le dua me mɔ gã la dzi. Amesiame nya nɔvia le míaƒe dua, si me nɔlawo anɔ 3,000, me. Le gbeƒãɖeɖe gbɔlɔlɔ aɖe me la, melé ʋuƒo si dzi woŋlɔ ɖo be “Subɔsubɔhawo Nye Mɔ̃ Kple Ameflunu” ɖe asi nɔ flia megbe zɔm. Nye sukuhati aɖewo kpɔm, eye enumake wova ɖo fli ɖe megbenye nɔ duha si nye “Mawu Kpɔ Fia la Ta” dzim. Aleke mewɔ nui? Medo gbe ɖa vevie bia ŋusẽ be mayi edzi. Esi gbɔlɔlɔa wu enu mlɔeba la, mewɔ kaba yi Fiaɖuƒe Akpata me be matsɔ nye ʋuƒoa ana ahadzo ayi aƒeme. Gake amesi nɔ dɔa nu gblɔ nam be wogale gbɔlɔlɔ bubu gɔme dzem eye be yewohiã ame ɖeka be wòatsɔ ʋuƒo aɖe. Eyata megayi ake, eye nye gbedodoɖa me gasẽ ɖe edzi. Gake fifia ya ɖeɖi te nye sukuxɔmehatiwo ŋu eye wotrɔ yi aƒeme. Nye gbedodoɖa hena ŋusẽdodo va zu akpedagbedodoɖa!—Lododowo 3:5.

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo va dzea míaƒe aƒeme ɣesiaɣi. Wonye dzidzɔmewo, eye woƒe anyinɔnɔ nyea dzidzɔ sɔŋ. Meɖo ŋku edzi be tso keke míaƒe ɖevime ke la, mía dzilawo ƒoa nu tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu na mí be enye dɔ nyuitɔ kekeake míawɔ le agbeme.

Le woƒe dzideƒonamea dzi wɔwɔ me la, medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1945 me. Emegbe meyi ɖakpe ɖe danye Ella, amesi nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le London, Ontario, ŋu. Afima la, wofia subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe, si mesusu be nyemate ŋu awɔ gbeɖe o lam. Nɔviawo yia nuɖuɖudzraƒe siwo le dua me henɔa Gbetakpɔxɔ kple Consolation (si nye Nyɔ! fifia) mam na nuɖuƒea valawo tso kplɔ̃ ŋu yi kplɔ̃ ŋu. Dzidzɔtɔe la, Memleɖagbe ŋdɔe wowɔa dɔa, eyata kwasiɖa blibo nɔ asinye metsɔna doa gbe ɖa hena dzideƒo si matsɔ ayi! Dɔa menɔ bɔbɔe nam kura o, gake ewɔwɔ ɖe vi.

Gake mesrɔ̃ alesi matsɔ Consolation la ƒe tata tɔxɛ siwo ƒoa nu tso fu siwo wonɔ mía nɔvi siwo nɔ Nazi fuwɔamegaxɔwo me wɔm ŋu la ayi na Canadatɔ asitsala veviwo kple adzɔha gãwo ƒe tatɔwo. Esi ƒeawo va le yiyim la, mekpɔe dze sii be Yehowa kpena ɖe mía ŋu ɣesiaɣi, ne míenya ɖo ŋu ɖe eŋu hena ŋusẽdodo ko. Abe alesi Papa gblɔnɛ ɖaa ene la, Yehowa yraa amesiwo ɖoa to Eyama.

Yɔyɔ be Míava Subɔ le Quebec Dzi Wɔwɔ

Le July 4, 1940 dzi la, woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le Canada. Wova ɖe mɔxeɖenua ɖa emegbe, gake wogatia mía yome le Roma Katolikotɔwo ƒe nuto si nye Quebec me kokoko. Wowɔ ɖoɖo be míazã trakt si dzi woɖo tanya sesẽ aɖe ɖo be Quebec’s Burning Hate for God and Christ and Freedom Is the Shame of All Canada (Fu si Gbegbe Quebec Lé Mawu Kple Kristo Kpakple Ablɔɖe la Nye Ŋukpe na Canadatɔwo Katã) la atsɔ awɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛe, ahe amewo ƒe susu ava funyafunya si wɔm wole mía nɔviwo le afima la dzi. Nathan H. Knorr, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ, do go kple mɔɖela alafa geɖe le Montreal dugã me heɖe nusiwo ate ŋu ado tso dɔ si wɔ ge míala me na mí. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ na mí be ne míelɔ̃ be míawɔ dɔa la, ke míkpɔ mɔ be woate ŋu alé mí ade game. Aleke nya mawo nye nyateƒee nye si! Le ɣeyiɣi aɖe me la, wolém zi 15 sɔŋ. Ne míeyina gbeadzi la, míekpɔa egbɔ be míetsɔ numeklɔti kple yiɖa ɖe asi godoo, ɖewohĩ míatsi game adɔ.

Gbã la, míewɔa dɔa akpa gãtɔ le zã me ale be ame geɖe ƒe ŋku naganɔ mía ŋu fũ o. Metsɔa trakt la ƒe ɖewo dea akplo aɖe si mekplana me hedoa awu ɖe edzi. Traktwo yɔa akploa tititi, si naa meɖia funɔ. Esia dea dzinye ne meɖo bɔs si yɔ be mayi anyigbamamaa me. Zi geɖe la, ŋutsuwo tsona le woƒe zikpui dzi na “funɔa” be wòanɔ anyi.

Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, míete trakt mama dɔa wɔwɔ le ŋkeke me. Míegblẽa traktwo ɖe ʋɔtru etɔ̃ alo ene nu, eye míedzona yia anyigbamama bubu me. Ema de mía dzi zi geɖe. Gake ne Roma Katoliko sɔfo aɖe se be míeva nutoa me la, baba na mí. Gbeɖeka osɔfo aɖe na ameha aɖe si anɔ ame tsitsi 50 alo 60 kple ɖeviwo nɔ tomatos kple koklozi dam mí. Míesi ɖabe ɖe nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ƒeme, afisi woɖo aba ɖe anyigba na mí míemlɔ ŋu ke.

Wohiã mɔɖelawo vevie be woaɖe gbeƒã na Fransegbedola siwo le Quebec, eyata le December 1958 me la, mía kple danye Ruby míete Fransegbea sɔsrɔ̃. Ema megbe la, woɖo mí ɖe Fransegbedolawo ƒe nuto geɖe me. Nuteƒekpɔkpɔ tɔxɛwo su mía si le teƒe ɖesiaɖe si woɖo mí ɖo. Le teƒe aɖe la, míeyina tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu gaƒoƒo enyi gbesiagbe hena ƒe eve sɔŋ gake ame aɖeke medo ɖe mía ŋu o! Ðeko ameawo va hea ʋɔtrunuvɔa doa mo ɖa ko gahenɛ tuna. Gake míena ta o. Egbea la, hame eve le dzidzedze kpɔm le du ma me.

Yehowa Lé Mí Ðe Te le Nusianu Me

Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míawɔ mɔɖela tɔxɛ dɔa le ƒe 1965 me. Le du aɖe si me míeɖawɔ mɔɖela tɔxɛ dɔa le me la, míeva se Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Timoteo I, 6:8 be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí” la gɔme nyuie wu. Eva hiã be míazã ga kple beléle tɔxɛ be míate ŋu akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ. Eyata míeɖea ga si míazã ɖe dzoxɔxɔ, xɔfetu, elektrik-kaɖi, kple nuɖuɖu ŋu dana ɖi. Ne míeɖe ga siawo katã da ɖi vɔ la, ke cent 25 ye susɔna na mí le ɣletia me míetsɔ wɔa nusi míedii.

Esi ga menɔ mía si boo o ta la, gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko ƒe dzoxɔxɔ si anɔ míaƒe aƒeme le zãme ƒe fe koe míete ŋu xena. Eyata míaƒe xɔdɔme me mexɔa dzo gbɔa dzidzenu Celsius 15 ŋu o, eye wòfana wu ema zi geɖe. Ke gbeɖeka la, Ruby ƒe Biblia-nusrɔ̃viwo dometɔ ɖeka viŋutsu va srã mí kpɔ. Anya ɖagblɔe na dadaa be vuvɔ le mía wu ge, elabena tso gbemagbe la, eɖoa dɔlar ewo ɖe mí ɣleti sia ɣleti be míatsɔ adze amii bena míate ŋu azã dzoxɔxɔnamɔ̃a ɣesiaɣi. Míese le mía ɖokui me be nu hiã mí le naneke me o. Míenye kesinɔtɔwo o, gake agbemenuhiahiãwo sua mía si ɣesiaɣi. Míebui be nusianu si galolo wu esia la nye nunana. Aleke Psalmo 37:25 me nyawo nye nyateƒee nye si be: “Nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o”!

Togbɔ be míedo go yometitiwo hã la, enye dzidzɔ nam be mekpɔ amesiwo mesrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ geɖe va xɔ nyateƒe sidzedzea. Wo dometɔ aɖewo tsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔ woƒe agbemedɔe, si na dzi dzɔm etɔxɛe.

Akɔkpekpe Kple Kuxi Yeyewo Dzidzedzetɔe

Du yeye si me woɖo mí ɖo le ƒe 1970 enye Cornwall, Ontario. Anye ƒe ɖeka le míaƒe Cornwall ɖoɖo megbe la, Dada dze dɔ. Papa ya trɔ megbe le ƒe 1957 me, eye mía kple nɔvinyenyɔnu eveawo míeɖɔlina mía nɔewo le Dada dzi kpɔkpɔ me vaseɖe esime wòku le ƒe 1972 me. Mɔɖela vevi siwo nye míaƒe dɔwɔhatiwo, Ella Lisitza kple Ann Kowalenko, do alɔ mí lɔlɔ̃tɔe le ɣeyiɣi sia me. Wokpɔa míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo kple agbanɔamedzi bubuwo gbɔ ne míeli o. Aleke gbegbe Lododowo 18:24 me nyawo nye nyateƒee nye si be: “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã”!

Le nyateƒe me la, agbe sia me yɔ fũ kple kuxiwo. Le kpekpeɖeŋu siwo Yehowa nam lɔlɔ̃tɔe ta la, mete ŋu kpe akɔ kple wo. Megale ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi kple dzidzɔ kokoko. Bob, amesi ku le ƒe 1993 me la, wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 20 kple edzivɔ, siwo ƒe akpa aɖe enye ƒe 10 siwo me woa kple srɔ̃a Doll wowɔe le ɖekae. Daanye Ella, si trɔ megbe le October 1998 me, wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 30 kple edzivɔ, eye dzidzɔ nɔ eme ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu ɣesiaɣi. Le ƒe 1991 me la, wokpɔe be kansa nɔ nɔvinyenyɔnu Ruby ŋu. Ke hã ezã ŋusẽ sue si nɔ esi tsɔ ɖe gbeƒã nyanyuiae. Ekpɔtɔ nye dzidzɔme vaseɖe esime wòku le September 26, 1999 ƒe ŋdime. Togbɔ be ŋutilãmenɔvinyɔnuwo megale asinye o hã la, gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo ƒe ƒome si kpena ɖe ŋunye be megakpɔa dzidzɔ ya le asinye.

Ne metrɔ megbe lé ŋku ɖe nye agbe ŋu la, nukae matrɔ? Nyemeɖe srɔ̃ kpɔ o, gake wotsɔ dzila lɔ̃amewo, nɔviŋutsu ɖeka, kple nɔvinyɔnu siwo tsɔ nyateƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbeme la yramee. Mele mɔ kpɔm be eteƒe madidi o makpɔ wo katã le tsitretsitsia me. Mele alesi papa akpla asi kɔ namee kple dzidzɔvi si dada afa ne míekpla asi kɔ na mía nɔewo sesĩe la kpɔm le susu me ɖaa. Ella, Ruby, kple Bob anɔ kpo tim kple dzidzɔ.

Hafi ɣemaɣi nava la, eganye nye didi kokoko be mazã lãmesẽ kple ŋusẽ si susɔ nam atsɔ akafu Yehowa ahade bubu eŋu. Ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa nye dɔ nyui aɖe si ŋu viɖe geɖe le. Ele ko abe nya si hakpala la gblɔ le amesiwo zɔna le Yehowa ƒe mɔwo dzi ŋu ene be: “Woayra wò, tɔwò me nyo.”—Psalmo 128:1, 2.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Papa lɔ̃ Biblia vevie. Efia mí alesi míazãe atsɔ aʋli míaƒe xɔse tae

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Miame yi ɖusime: Ruby, nye, Bob, Ella, Dada, kple Papa le ƒe 1947 me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ŋgɔgbefli, tso miame yi ɖusime: Nye, Ruby, kple Ella le Nutome Gã Takpekpe aɖe me, ƒe 1998