Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nufiala Gã La

Srɔ̃ Nufiala Gã La

Srɔ̃ Nufiala Gã La

“Miheyi ɖawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi.”—MATEO 28:19, 20, NW.

1, 2. (a) Le susu aɖe nu la, aleke mí katã míenye nufialawoe? (b) Agbanɔamedzi tɔxɛ kae su Kristotɔ vavãwo si ku ɖe nufiafia ŋu?

NUFIALAE nènyea? Mí katã míenye nufialawo le mɔ aɖe nu. Ɣesiaɣi si nèfia mɔ mɔzɔla aɖe, nèfia dɔwɔhati aɖe alesi wòawɔ dɔ aɖee, alo nèfia afɔkpa dodo ɖevi aɖe la, nu fiamee ma nèle. Ðe kpekpe ɖe amewo ŋu le mɔ siawo nu mehea dzidzeme vɛ na mí oa?

2 Agbanɔamedzi tɔxɛ aɖee su Kristotɔ vavãwo si ku ɖe nufiafia ŋu. Wode se na mí be ‘míawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo eye míafia nu wo.’ (Mateo 28:19, 20) Le hamea me hã la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si míefiaa nu. Wotiaa ŋutsu siwo dze be woanye “kplɔlawo kple nufialawo,” bene woatu hamea ɖo. (Efesotɔwo 4:11-13) Ele be nyɔnu tsitsiwo ‘nafia nu’ ɖetugbiwo ‘nyuie’ le woƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔwɔ me gbesiagbe. (Tito 2:3-5) Woxlɔ̃ nu mí katã be míade dzi ƒo na haxɔsetɔwo, eye míate ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi to Biblia zazã atsɔ atu amewo ɖoe me. (Tesalonikatɔwo I, 5:11) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye si wònye be míanye Mawu ƒe Nya la fialawo eye be míana gbɔgbɔ me nu xɔasi siwo ŋu viɖe mavɔ le la nasu amewo si!

3. Aleke míate ŋu awɔ ŋgɔyiyi ava zu nufiala nyuiwoe?

3 Gake aleke míawɔ awɔ ŋgɔyiyi ava zu nufiala nyuiwoe? Gbã la, ele be míasrɔ̃ Yesu, Nufiala Gã la. Gake ame aɖewo abia be, ‘Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesue?’ ‘Ame debliboe eya nye ɖe.’ Nyateƒee, míawo míate ŋu anye nufiala deblibowo o. Ke hã, aleke kee míaƒe ŋutetewo ɖale o, míate ŋu awɔ ɖesiaɖe si míate ŋui asrɔ̃ alesi Yesu fia nui. Mina míadzro alesi míate ŋu asrɔ̃ eƒe nufiafiamɔnuwo dometɔ ene me—nya siwo gɔme woase bɔbɔe zazã, nyabiasewo zazã nyuie, numedzodzro siwo me susu le, kple kpɔɖeŋu siwo sɔ wɔwɔ.

Nya Siwo Gɔme Woase Bɔbɔe Zazã

4, 5. (a) Nukata nana be nyawo gɔmesese nanɔ bɔbɔe wɔa akpa vevi aɖe le Biblia ƒe nyateƒea fiafia me? (b) Be míafia nu woase egɔme bɔbɔe la, nukata wòhiã be míalé ŋku ɖe nya siwo míazã ŋu?

4 Mawu ƒe Nya la me nyateƒenya veviwo gɔmesese mesesẽ o. Yesu gblɔ le gbedodoɖa me be: “Fofo, . . . mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩwo.” (Mateo 11:25) Yehowa na woɖe eƒe tameɖoɖowo fia dzianukwaretɔ siwo nye ɖokuibɔbɔlawo. (Korintotɔwo I, 1:26-28) Eyata be woana nyawo gɔmesese nanɔ bɔbɔe la wɔa akpa vevi aɖe le Biblia ƒe nyateƒewo fiafia me.

5 Aleke nàwɔ afia nu woase egɔme bɔbɔe le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ alo le tɔtrɔ yi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ me? Nukae míesrɔ̃ tso Nufiala Gã la gbɔ? Be Yesu naɖo eƒe nyaselawo, siwo dometɔ akpa gãtɔ nye ‘ame manyagbalẽwo’ ƒe dzi gbɔ la, ezã nya bɔbɔe siwo gɔme woate ŋu ase. (Dɔwɔwɔwo 4:13) Eyata be nàte ŋu afia nu woase egɔme bɔbɔe la, ke nu gbãtɔ enye be nàlé ŋku ɖe nya siwo nàzã ŋu. Mehiã be míazã nya gã nya gãwo hafi ana Mawu ƒe Nya la ƒe gɔmesese nasu amewo si o. ‘Nya gã nya gã’ mawo ado vɔvɔ̃ na amewo, vevietɔ amesiwo mede suku yi ŋgɔ o. (Korintotɔwo I, 2:1, 2) Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia be nya siwo le bɔbɔe siwo míatia nyuie la ate ŋu ana nyateƒea nawɔ dɔ ɖe amewo dzi wu.

6. Aleke míate ŋu aƒo asa na nya geɖe fũ kɔkɔ ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo dzii?

6 Be míafia nu woase egɔme bɔbɔe la, ele be míakpɔ nyuie hã be míagalɔ nyawo akɔ ɖe Biblia-nusrɔ̃via dzi gleglegle o. Yesu bu eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ŋutete ƒe seɖoƒe ŋu. (Yohanes 16:12) Ele be míawo hã míabu míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míele nusɔsrɔ̃ wɔm le Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me la, mehiã be míaɖe nyaa ƒe akpa sia akpa me tsitotsito o. * Eye mehiã be míaƒu du ato nyatia me, abe ɖe nusɔsrɔ̃ agbɔsɔsɔme aɖe kpekpe ɖoe nye nu vevitɔa ene o. Ke boŋ nunya anɔ eme be míana nusrɔ̃via ƒe hiahiãwo kple ŋutetewo nafia alesi nusɔsrɔ̃a nayii. Míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la kple Yehowa subɔla. Ehiã be míazã ɣeyiɣi ɖesiaɖe si hiã atsɔ akpe ɖe ɖetsɔlemetɔa ŋu be wòase nusi srɔ̃m wòle la gɔme nyuie. To mɔ sia dzi la, míate ŋu ana nyateƒea naɖo eƒe dzi gbɔ wòaʋãe bene wòawɔ afɔɖeɖe.—Romatɔwo 12:2.

7. Aɖaŋuɖoɖo kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míazã nya siwo gɔme woase bɔbɔe atsɔ afia nui ne míele nuƒo ƒom le hamea me?

7 Ne míele nuƒo ƒom le hamea me, vevietɔ ne ame yeyewo le nyaselawo dome la, aleke míawɔ ate ŋu agblɔ ‘nya siwo me kɔ’? (Korintotɔwo I, 14:9) Bu aɖaŋuɖoɖo etɔ̃ siawo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋu kpɔ. Gbã la, ɖe nya tɔxɛ siwo gɔme womase bɔbɔe o la me. Mawu ƒe Nya la gɔmesese na be nya tɔxɛ aɖewo va le mía si. Ne míezã nya abe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” “alẽ bubuawo,” kple “Babilon Gã la” ene la, ahiã be míazã nya bɔbɔe aɖewo atsɔ aɖe wo mee. Evelia, tsri nyawo gbɔgblɔ legbee. Nya geɖe, siwo wogblɔ wòdidi fũ akpa, ana nuƒoa nati nyaselawo. Be nyawo me nakɔ bia be míaɖe nya alo nyagbɔgblɔ siwo mehiã o le míaƒe nuƒoa me. Etɔ̃lia, mègate kpɔ be yeakpe nya geɖe fũ akpa ɖo o. Míaƒe numekukuwɔwɔ ana míake ɖe nya geɖe siwo anya se ŋu. Gake anyo wu be míatia nyawo me woazu nya vevi kpuiwo, ahazã nya siwo ku ɖe nyatia ŋu tẽ siwo míate ŋu akpe ɖo le ɣeyiɣi si wona la me ko.

Nyabiasewo Zazã Nyuie

8, 9. Aleke míawɔ abia nya siwo asɔ ɖe aƒemenɔlaa ƒe nɔnɔmewo nu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

8 Ðo ŋku edzi be Yesu bi ɖe nyabiasewo zazã me be wòatsɔ ana eƒe nusrɔ̃lawo naɖe nusi le woƒe susu me agblɔ kple be wòana woazã woƒe nuŋububu ŋutete. Yesu to eƒe nyabiasewo dzi ɖo woƒe dzi gbɔ tufafatɔe eye wòʋã woƒe dzi. (Mateo 16:13, 15; Yohanes 11:26) Aleke míawɔ azã nyabiasewo nyuie abe Yesu ene?

9 Ne míele gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la, míate ŋu azã nyabiasewo atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme, eye esia aʋu mɔ na mí be míagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya na wo. Aleke míawɔ abia nya siwo asɔ ɖe aƒemenɔlaa ƒe nɔnɔmewo nu? Lé ŋku ɖe nuwo ŋu. Ne èle tetem ɖe aƒea ŋu la, lé ŋku ɖe alesi nuwo le le aƒea me kple egodo ŋu. Ðe fefenuwo le xɔxɔnua, si fia be ɖeviwo le aƒea mea? Ne aleae wòle la, ke míate ŋu abia be, ‘Èbu eŋu kpɔ be kaka viwòwo nava zu ame tsitsiwo la, aleke xexe sia me anɔ hã?’ (Psalmo 37:10, 11) Ðe wode gameti alo klaɖoba vovovowo ʋɔtrua ŋua, alo ɖe wode ametakpɔnu aɖewo aƒea ŋu le adzodalawo taa? Ke míate ŋu abia be: ‘Èbu be ɣeyiɣi aɖe ava si mía kpli wò siaa míanɔ dedie le aƒeme kple ablɔwo dzia?’ (Mixa 4:3, 4) Ðe wowɔ mɔa nu wòfia be wozãa bunɔwo ƒe keke le aƒea mea? Ke míate ŋu abia be: ‘Ðe ɣeyiɣi aɖe ava si amesiame anɔ lãmesẽ blibo mea?’ (Yesaya 33:24) Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo geɖe le Reasoning From the Scriptures ƒe agbalẽa me. *

10. Aleke míawɔ azã nyabiasewo atsɔ ‘ahe’ nukpɔsusu kple seselelãme siwo le Biblia-nusrɔ̃via ƒe dzi me ɖe goe, gake nukae wòle be wòanɔ susu me na mí?

10 Aleke míawɔ azã nyabiasewo nyuie ne míele Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm? Míawo míate ŋu anya nusi le amewo ƒe dzi me abe Yesu ene o. Gake nyawo biabia nyuie ŋuɖɔɖɔɖotɔe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ‘míana’ nusrɔ̃via naɖe eƒe dzimesusu kple nukpɔsusuwo ‘agblɔ.’ (Lododowo 20:5) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be miele tanya si nye “Nusita Mawusosroɖagbenɔnɔ Na Wokpɔa Dzidzɔ” srɔ̃m le Sidzedze-gbalẽa me. Afima dzro Mawu ƒe nukpɔsusu le anukwaremaɖimaɖi, matrewɔwɔ, kple nu bubuwo ŋu me. Nusrɔ̃via ate ŋu aɖo nyawo ŋu abe alesi wòle le agbalẽa me ene pɛpɛpɛ, gake ɖe wòlɔ̃ ɖe nusi srɔ̃m wòle dzia? Míate ŋu abia be: ‘Ðe gɔmesese le Yehowa ƒe nukpɔsusu ku ɖe nya siawo ŋu me na wòa?’ ‘Aleke nàte ŋu azã Biblia ƒe gɔmeɖose siawo le wò agbe mee?’ Gake nenɔ susu me na wò be ehiã be míade bubu amewo ŋu, ahade asixɔxɔ nusrɔ̃viawo ŋu. Míadi gbeɖe be míabia nya siwo ana ŋu nakpe Biblia-nusrɔ̃via alo adae ɖe anyi o.—Lododowo 12:18.

11. Mɔ kawo nue dutoƒonuƒo ƒolawo ate ŋu azã nyabiasewo le nyuie?

11 Dutoƒonuƒo ƒolawo hã ate ŋu azã nyabiasewo nyuie. Nyabiabia siwo naa wobua tame—siwo nye biabia siwo ŋu ame aɖo na eɖokui—ate ŋu akpe ɖe nyaselawo ŋu be woabu tame. Yesu bia nya siawo tɔgbe ɣeaɖewoɣi. (Mateo 11:7-9) Gakpe ɖe eŋu la, le ŋgɔdonyaa megbe la, nuƒola ate ŋu azã nyabiasewo atsɔ aɖe nya vevi siwo me dzro ge wòala ɖe go. Ate ŋu agblɔ be: “Le míaƒe numedzodzroa me egbea la, míava kpɔ ŋuɖoɖo na nya siawo . . .” Emegbe le nyataƒonyaa me la, ate ŋu agbugbɔ ahe susu ayi nyabiase mawo dzi atsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzii.

12. Wɔ alesi Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu azã nyabiasewo atsɔ akpe ɖe haxɔsetɔ ŋu be wòakpɔ akɔfafa tso Mawu ƒe Nya la me ƒe kpɔɖeŋu.

12 Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu azã nyabiasewo le woƒe alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo me atsɔ akpe ɖe ‘blanuilélawo’ ŋu be Yehowa ƒe Nya la nafa akɔ na wo. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Le kpɔɖeŋu me, be hamemegãwo nakpe ɖe amesi senɛ le eɖokui me be womehiã ye o ŋu la, woate ŋu ahe eƒe susu ayi Psalmo 34:19 dzi. Egblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” Be hamemegãwo naka ɖe edzi be amesi ƒo dzi ɖe le la se alesi nya mawo ku ɖe eya ŋutɔ ŋui gɔme la, woate ŋu abia be: ‘Amekawo gbɔe Yehowa tsɔ ɖo? Ðe nèsenɛ le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be “wò dzi gbã” eye “woƒo wò gbɔgbɔ ƒu anyia”? Ne Yehowa tsɔ ɖe amesiawo gbɔ, abe alesi Biblia gblɔe ene la, ke ɖe mefia be etsɔ ɖe wò hã gbɔwò oa?’ Kakaɖedzi nana ame tufafatɔe alea ate ŋu ade gbɔgbɔ yeye amesi ƒe dzi le nu xam me.—Yesaya 57:15.

Numedzodzro Siwo me Susu Le

13, 14. (a) Aleke míate ŋu adzro nu me kple amesi gblɔ be yemate ŋu axɔ Mawu si kpɔm yemele o la dzi ase o lae? (b) Nukata mele be míakpɔ mɔ be amesiame ase nyawo gɔme ahalɔ̃ ɖe wo dzi o?

13 Le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, míedi be míana susu nanɔ míaƒe numedzodzrowo me bene wòade amewo ƒe dzi gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 19:8; 28:23, 24) Ðe esia fia be míadi numedzodzro mɔnu deŋgɔ aɖe hafi míate ŋu ana amewo nase Mawu ƒe Nya la me nyateƒea gɔmea? Kura o. Mehiã be numedzodzro si me susu le la nasesẽ o. Nya siwo me susu le gbɔgblɔ le mɔ bɔbɔe nu ye wɔa dɔ wu zi geɖe. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

14 Nya kae míate ŋu agblɔ ne ame aɖe gblɔ be yemate ŋu axɔ Mawu si kpɔm yemele o la dzi ase o? Míate ŋu azã nuwɔna kple emetsonu ƒe dzɔdzɔmese si li atsɔ adzro nu me kplii. Ne míekpɔ nane me tsonu la, míelɔ̃na ɖe edzi be nanee wɔe be wòdzɔ nenema. Míate ŋu agblɔ be: ‘Ne èyi ɖe teƒe tsoabo aɖe eye nèva ke ɖe aƒe dzeani aɖe si me nuɖuɖu vovovowo (emetsonua) le ŋu la, àlɔ̃ ɖe edzi enumake be ame aɖee tso aƒea (nuwɔnaa) eye wòƒo nu vovovowo nu ƒu ɖe eme. Nenema ke ne míekpɔ dzɔdzɔmenu dzeani vovovo siwo li kple nuɖuɖu gbogbo si ‘wodzra ɖo’ ɖe anyigba dzi (emetsonua) la, ɖe susu mele eme be míaxɔe ase be Ame aɖee wɔ wo (nuwɔnaa) oa?’ Biblia ɖe eme kpuie ko wòsɔ nyuie be: “Aƒe sia aƒe la amee dzranɛ ɖo; ke amesi dzraa nuwo katã ɖo la, eyae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4) Gake aleke gbegbe susu ɖale míaƒe numedzodzroa mee o, menye amesiamee alɔ̃ ɖe edzi o. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be amesiwo “ƒe nɔnɔme sɔ” la koe ava zu xɔsetɔwo.—Dɔwɔwɔwo 13:48, NW; Tesalonikatɔwo II, 3:2.

15. Numedzodzro mɔnu kae míate ŋu azã atsɔ ate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple eƒe nuwɔnawo dzii, eye kpɔɖeŋu eve kawoe ɖe alesi míate ŋu awɔe fia?

15 Míeɖale nu fiam le gbeadzi loo alo le hamea me o, míate ŋu azã numedzodzro siwo me susu le atsɔ ate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple eƒe nuwɔnawo dzii. Vevietɔ mɔnu si wɔa dɔ nyuie enye ‘ʋuu keke wòahanye’ ƒe numedzodzro si tɔgbe Yesu zã ɣeaɖewoɣi. (Luka 11:13; 12:24) To vovototo si le nuwo me ɖeɖe fia me la, numedzodzro alea ate ŋu awɔ dɔ ɖe amewo dzi vevie. Be míaɖee afia be susu mele dzomavɔ nufiafia me o la, míate ŋu agblɔ be: ‘Vifofo lɔ̃ame aɖeke meli si alé via ƒe asi ade dzo me o. Ʋuu keke wòahayi mía Fofo si le dziƒo si lɔ̃a mí ƒe susu me va ge be wòaɖo dzomavɔ ɖi ŋutasesẽtɔe o!’ (Yeremya 7:31) Be míafia be Yehowa tsɔa ɖe le esubɔlawo me ɖekaɖeka la, míate ŋu agblɔ be: ‘Ne Yehowa nya ɣletivi biliɔn gbogboawo katã ƒe ŋkɔ ɖekaɖeka la, ke aleke gbegbe wòatsɔ ɖe le eme na amegbetɔ siwo lɔ̃nɛ siwo wòtsɔ Via ƒe ʋu xɔasia ƒle lae nye si!’ (Yesaya 40:26; Dɔwɔwɔwo 20:28) Numedzodzro sẽŋu siawo tɔgbe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ.

Kpɔɖeŋu Siwo Sɔ

16. Nukatae kpɔɖeŋuwo wɔa akpa vevi aɖe le nufiafia me?

16 Kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie zazã nye nu ʋeʋĩ siwo míate ŋu ade míaƒe nufiafia me wòadze to ahavivi. Nukatae kpɔɖeŋuwo le vevie le nufiafia me? Agbalẽfiala aɖe gblɔ be: “Ŋutete be woabu tame nuwo ƒe nɔnɔme makpɔmakpɔ le susu mee nye nusiwo sesẽna na amegbetɔwo wu la dometɔ ɖeka.” Kpɔɖeŋuwo naa míekpɔa nuwo ƒe nɔnɔme le susu me hesea wo gɔme, eye wònaa míesea nya yeyewo gɔme bɔbɔe. Yesu bi ɖe kpɔɖeŋuwo zazã me. (Marko 4:33, 34) Mina míakpɔ alesi míate ŋu azã nufiafiamɔnu siae ɖa.

17. Nu ene kawoe ana kpɔɖeŋuwo nasɔ nyuie?

17 Nukae naa kpɔɖeŋuwo sɔna nyuie? Gbã la, ele be wòasɔ na nyaselawo, wòaku ɖe nusiwo míaƒe nyaselawo nya nyuie xoxo ŋu. Ðo ŋku edzi be nusiwo ku ɖe Yesu ƒe nyaselawo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ ŋue wòtsɔ wɔ kpɔɖeŋuwoe. Evelia, ele be kpɔɖeŋuwo nasɔ kple nya si me dzrom wole. Ne ƒomedodo aɖeke kura mele nusi wotsɔ kpɔɖeŋua le sɔsɔm kplii dome o la, ɖeko wòatɔtɔ nyaselawo. Etɔ̃lia, mele be woatsɔ nya siwo mehiã o ade kpɔɖeŋua me wòatɔtɔe o. Ðo ŋku edzi be Yesu na nya vevi siwo hiã la dze, eye wòɖe nya siwo mehiã o le eme. Enelia, ne míele kpɔɖeŋu wɔm la, ele be míana nufiame si le eme la me nakɔ. Esia manɔmee la, ame aɖewo mase nufiame vevia gɔme o.

18. Aleke míawɔ ake ɖe kpɔɖeŋu siwo sɔ ŋu?

18 Aleke míawɔ ake ɖe kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie ŋu? Mehiã be míanɔ ŋutinya legbeewo ŋu bum o. Kpɔɖeŋu siwo le kpuie wɔa dɔ wu. Wò ya dze agbagba nàbu nyati si me dzrom miele ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu ko. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be míele nyati si ku ɖe Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu me dzrom, eye míedi be míawɔ nya si le Dɔwɔwɔwo 3:19 ƒe kpɔɖeŋu, afisi wogblɔ le be Yehowa ‘tutua’ míaƒe nuvɔ̃wo ‘ɖa.’ Nya ma ŋutɔ gɔ̃ hã nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si sɔ nyuie, gake kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ kae míagate ŋu azã atsɔ akɔ nyatia mee—nusi wotsɔ tutua nuŋɔŋlɔ yea? alo akutsa yea? Míate ŋu agblɔ ale: ‘Ne Yehowa tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí la, etutua wo ɖa abe ɖe wòzã akutsa (alo nusi wotsɔ tutua nuŋɔŋlɔ) tsɔ tutui ɖa ene.’ Kpɔɖeŋu bɔbɔe sia gɔmesese masesẽ o.

19, 20. (a) Afikae míate ŋu akpɔ kpɔɖeŋu nyui siwo sɔ tsoe? (b) Kpɔɖeŋu nyui siwo wota ɖe míaƒe agbalẽwo me dometɔ aɖewo ɖe? (Kpɔ aɖakaa hã.)

19 Afikae nàte ŋu akpɔ kpɔɖeŋu siwo sɔ, kpakple agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔwo, le? Di wo le wò ŋutɔ wò agbemenudzɔdzɔwo me alo le haxɔsetɔ siwo tso teƒe vovovo siwo si nuteƒekpɔkpɔ vovovowo le gbɔ. Míate ŋu atia kpɔɖeŋuwo tso teƒe bubu geɖe, woate ŋu atso nusiwo me agbe le kple nusiwo me agbe mele o siaa me, aƒemenuzazãwo, alo tso nudzɔdzɔ yeye aɖe si wonya nyuie le nutoa me ŋu. Nu vevi si ana nàke ɖe kpɔɖeŋu nyui geɖe ŋu enye be nànɔ ŋudzɔ, ‘nànɔ ŋku lém ɖe’ gbesiagbe nuwɔna siwo ƒo xlã mí ‘ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 17:22, 23) Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso nuƒoƒo le dutoƒo ŋu be: “Nuƒola si léa ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ kple woƒe dɔwɔna vovovoawo ŋu, si ƒoa nu kple ameƒomeviwo katã, si léa ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie hebiaa nya vaseɖe esime wòsea wo gɔme la, aƒo kpɔɖeŋunya gbogbo aɖewo siwo ava ɖe vi nɛ le ɣeyiɣi si wòahiãe me la nu ƒu na eɖokui.”

20 Kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie tsoƒe nyui bubu aɖewo hã li—woawoe nye Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple agbalẽ bubu siwo Yehowa Ðasefowo ta. Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe to ŋkuléle ɖe alesi wozã kpɔɖeŋuwo le agbalẽ siawo mee ŋu. * Bu kpɔɖeŋu si wowɔ le Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 17, memama 11 lia me ŋu kpɔ. Etsɔ ameƒomevi vovovo siwo le hamea me sɔ kple ʋu vovovo siwo le mɔa dzi zɔm kpe ɖe tɔwò ŋu. Nukae na kpɔɖeŋua sɔ nyuie? De dzesii be eku ɖe nusi míekpɔna gbesiagbe ŋu, esɔ kple nyati si me dzrom wole, eye gɔmesese si le eŋu me kɔ. Míate ŋu azã kpɔɖeŋu siwo míekpɔ le agbalẽwo me la le míaƒe nufiafia me, eye ɖewohĩ míatrɔ asi le eŋu wòasɔ ɖe Biblia-nusrɔ̃via ƒe hiahiãwo nu alo atrɔ asi le eŋu wòasɔ le míaƒe nuƒowo me.

21. Teƒeɖoɖo kawoe le eme be míanye Mawu ƒe Nya la fiala nyuiwo?

21 Teƒeɖoɖo siwo le nufiala nyui nyenye me la sɔ gbɔ ŋutɔ. Ne míele nu fiam la, míele nu nam amewo; míele nane si le mía si la nam be wòakpe ɖe ameawo ŋu. Nunana alea hea dzidzɔ vɛ, elabena Biblia gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35, NW ) Le mí Mawu ƒe Nya la fialawo gome la, dzidzɔ ma enye enyanya be míele nusi ŋu asixɔxɔ mavɔ le la nam amewo—si nye nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu. Míaƒe dzi adze eme hã esi míenyae be míele Nufiala Gã, Yesu Kristo, srɔ̃m.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 9 Kpɔ eƒe akpa si nye “Introductions for Use in the Field Ministry,” (Ŋgɔdonya Siwo Míazã le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me) le axa 9-15 (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, ƒe axa 2-7).—Yehowa Ðasefowoe ta wo.

^ mm. 20 Be nàke ɖe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu la, kpɔ “Illustrations” (Kpɔɖeŋuwo) te le Watch Tower Publications Index 1986-2000 me.—Yehowa Ðasefowoe tae, ɖe gbegbɔgblɔ aɖewo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke míawɔ azã nya siwo gɔme woase bɔbɔe atsɔ afia nui ne míele aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm? ne míele nu fiam le hamea me?

• Aleke míazã nyabiasewo nyuie ne míele gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme?

• Mɔ ka nue míate ŋu azã numedzodzro siwo me susu le atsɔ ate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo dzii?

• Afikawoe míate ŋu akpɔ kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie le?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

Èɖo Ŋku Kpɔɖeŋu Siawo Dzia?

Kpɔɖeŋu siwo sɔ nyuie dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo. Nukata màdi afisi woɖe wo tsoe ahade dzesi alesi kpɔɖeŋuawo na wònɔ bɔbɔe be woate ŋu ase nyati siwo me dzrom wonɔ la gɔme o?

• Abe Alesi wòle be yamefefewɔlawo alo sno dzi ɣeɖulawo nasɔ na wo nɔewo nyuie ene la, nenema ke wòle na amesiwo di be yewoatu srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze ɖo nanye kpeɖeŋutɔ nyuiwo na wo nɔewoe.—Gbetakpɔxɔ, May 15, 2001, axa 16.

• Wò seselelãmewo ɖeɖe fia le abe bɔl dada na ame ene. Àte ŋu adae blewuu alo adae sesĩe ale gbegbe be wòawɔ nuvevi ame kemɛa.—Nyɔ!, January 8, 2001, axa 10.

• Be woasrɔ̃ alesi woaɖe lɔlɔ̃ fiae le abe gbegbɔgblɔ yeye sɔsrɔ̃ ene.—Gbetakpɔxɔ, February 15, 1999, axa 18, 22-3.

• Woate ŋu atsɔ nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi asɔ kple nusi dzɔna ne nusi gblẽa kɔmpiuta dɔwɔɖoɖowo dome la ge ɖe eme.—Is There a Creator Who Cares About You?, axa 156.

• Dɔ si gbɔgbɔyɔyɔ wɔna na gbɔgbɔ vɔ̃wo sɔ kple esi mɔ̃gbɔɖonu wɔna na adelawo. Ehea nusi wodi be yewoalé.—Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, axa 111.

• Woate ŋu atsɔ alesi Yesu va xɔ na Adam ƒe dzidzimeviwoe la asɔ kple kesinɔtɔ dɔmenyotɔ aɖe si va xe fe siwo katã dɔwɔƒe aɖe nyi (fe si dɔmegã maɖianukware nyi) ale be wogbugbɔ dɔwɔƒea ʋu, eye wòɖe vi na dɔwɔla gbogboawo la.—Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, February 15, 1991, axa 13 [Vol. 112, No. 4 EW axa 13].

• Abe alesi amesiwo lɔ̃a nutatawo wɔa nusianu si woate ŋui bene woaɖɔ nɔnɔmetata aɖe si gblẽ ɖo ake ene la, nenemae Yehowa kpɔa nu yia ŋgɔe wu míaƒe blibomademadewo, hekpɔa nɔnɔme nyui siwo le mía me, eye wòle nusianu wɔm be mlɔeba wòaɖɔ mí ɖo bene míaɖo blibodede si Adam bu la gbɔ.—Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, February 15, 1990, axa 22.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Kristotɔ vavãwo nye Mawu ƒe Nya la fialawo

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Hamemegã ate ŋu azã nyabiasewo atsɔ akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu woakpɔ akɔfafa tso Mawu ƒe Nya la me