Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Ame Kɔkɔe Vavãwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe?

Aleke Ame Kɔkɔe Vavãwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe?

Aleke Ame Kɔkɔe Vavãwo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe?

AMEKA ŋue Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ame kɔkɔe” la ku ɖo? An Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ be: “Le nyayɔyɔ agbɔsɔsɔtɔ nu la, ne xɔsetɔwo ŋue wòku ɖo la, etsia tre ɖi na wo katã eye mefiaa ame aɖewo siwo si kɔkɔenyenye tɔxɛ aɖe le, alo amesiwo ƒe nuwɔna ɖedzesi aɖewo na kɔkɔenyenye tɔxɛ aɖe su wo si le woƒe ku megbe o.”

Eyata apostolo Paulo yɔ Kristotɔ gbãtɔwo katã be ame kɔkɔe vavãwo. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔ lɛta aɖe le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me “ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto, kple ame kɔkɔe, siwo katã le [Roma nuto si nye] Axaya blibo la katã.” (Korintotɔwo II, 1:1) Emegbe Paulo ŋlɔ agbalẽ “ɖo ɖe . . . amesiwo katã le Roma, siwo nye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwo kple ame kɔkɔe, siwo woyɔ la.” (Romatɔwo 1:7) Edze ƒã be ame kɔkɔe siawo meku haɖe o, eye menye nɔnɔme tɔxɛ aɖewo tae woɖe wo ɖe vovo tso haxɔsetɔ mamlɛawo gbɔ o. Nuka dzie wonɔ te ɖo yɔ wo be ame kɔkɔewo?

Mawu Kɔ Wo Ŋu

Mawu ƒe Nya ɖee fia be menye ame alo habɔbɔa aɖekee ɖoa ame ame kɔkɔe o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “[Mawu] ɖe mí, eye wòtsɔ yɔyɔ kɔkɔe yɔ mi; menye le míaƒe dɔwɔwɔwo nu o, ke boŋ le ye ŋutɔ ƒe tameɖoɖoɖi kple amenuveve la nu.” (Timoteo II, 1:9) Yehowa ƒe ame yɔyɔ, si tsoa Mawu ƒe amenuveve si míedze na o me eye wònɔa ɖekawɔwɔ me kple Eƒe tameɖoɖo lae wɔa ame ame kɔkɔe.

Kristo-hamea me ame kɔkɔewo nye ‘nubabla yeye aɖe’ me tɔwo. Yesu Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖie wotsɔ ɖo kpe nubabla sia dzi hetsɔ kɔ emenɔlawo ŋui. (Hebritɔwo 9:15; 10:29; 13:20, 24) Esi wo ŋu kɔ le Mawu ŋkume ta la, ‘wonye nunɔla kɔkɔewo eye wosaa gbɔgbɔmevɔ, siwo dzea Mawu ŋu to Yesu Kristo dzi.’—Petro I, 2:5, 9.

Kukuɖeɖe na Ame Kɔkɔewo Hena Kpekpeɖeameŋu Kple Nyaxɔxɔɖeakɔ

Le esi woxɔe se be “ame kɔkɔewo” ate ŋu ana ŋusẽ tɔxɛwo xɔsetɔwo ta la, ame miliɔn geɖe tsɔa subɔsubɔ ƒe bubu naa wo to woƒe nuzazãwo ŋudɔwɔwɔ loo alo wozazã abe nyaxɔɖeakɔlawo ene me. Ðe esia nye Biblia ƒe nufiafia? Le Todzimawunyaa me la, Yesu fia eyomedzelawo alesi woate ɖe Mawu ŋui gblɔ be: “Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” (Mateo 6:9) Yehowa Mawu ɖeka koe wòsɔ be míado gbe ɖa na.

Le mawunyaŋununyala aɖewo ƒe agbagbadzedze be woaɖo kpe “ame kɔkɔewo” ƒe nyaxɔɖeakɔlawo nyenye dzi me la, woyɔa nya tsoa Romatɔwo 15:30, afisi míexlẽ le be: “Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo, kple [gbɔgbɔ] ƒe lɔlɔ̃ me bena, miade dzinye ate kame le gbedodoɖawo me na Mawu ɖe tanye.” Ðe Paulo nɔ dzi dem ƒo na xɔsetɔ mawo be woado gbe ɖa na ye alo ato yeƒe ŋkɔ me ate ɖe Mawu ŋua? Ao. Togbɔ be wode gbedodoɖa ɖe ame kɔkɔewo ta ƒe dzi ƒo le Biblia me hã la, Mawu mede se na mí le afi aɖeke be míado gbe ɖa na alo ado gbe ɖa to ame kɔkɔe siawo dzi o.—Filipitɔwo 1:1, 3, 4.

Gake Mawu ɖo nyaxɔɖeakɔla aɖe na míaƒe gbedodoɖawo. Yesu Kristo gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la, ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” Yesu gblɔ hã be: “Nusi ke miabia le nye ŋkɔa dzi la, nu ma ke mawɔ, bena woakɔ Fofo la ŋuti le Via me. Ne miabia nane le nye ŋkɔa dzi la, nye la mawɔe.” (Yohanes 14:6, 13, 14) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃na faa sea gbe siwo wodo ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me. Biblia gblɔ le Yesu ŋu be: “Ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.”—Hebritɔwo 7:25.

Ne Yesu lɔ̃ faa be yeaxɔ nya ɖe akɔ na mí la, nukatae Kristodukɔa ƒe tadeagulawo ya dzea “ame kɔkɔewo” dzi edziedzi le gbedodoɖa me ɖo? Blemaŋutinyaŋlɔla Will Durant ku afisi nuwɔna sia dzɔ tso me le eƒe agbalẽ si nye The Age of Faith me. Durant gblɔ be: “Togbɔ be wovɔ̃a Mawu Ŋusẽkatãtɔ la eye wòdze abe Yesu le kpuiƒe wu hã la, ƒã hafi ame aɖe tena kpɔ be yeaƒo nu na [Yesu] ŋkume kple ŋkume le esi woŋe aɖaba ƒu Eƒe Todzimawunya dzi keŋkeŋ ta. Edze abe nusi me nunya le ene wu be woatsɔ gbedodoɖa aɖo ame kɔkɔe si woɖo eye woka ɖe edzi be eyi dziƒo la ŋkume, ahabia be wòaxɔ nya ɖe akɔ na ame ana Kristo.” Ðe esiawo sɔa?

Biblia fia mí be míate ŋu ato Yesu dzi ‘aƒo nu faa ahatsɔ kakaɖedzi ate ɖe’ Mawu ŋu le gbedodoɖa me. (Efesotɔwo 3:11, 12) Mawu Ŋusẽkatãtɔ la mele adzɔge ʋĩ alo sa ɖe aga tso ameƒomea gbɔ be wòase míaƒe gbedodoɖawo o. Hakpala Dawid do gbe ɖa kakaɖedzitɔe be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.” (Psalmo 65:3) Le esi teƒe be Yehowa natsɔ ŋusẽ ato “ame kɔkɔe” kukuwo ƒe nuzazãwo dzi la, ekɔa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe amesiwo bianɛ le xɔse me dzi. Yesu gblɔ be: “[Ne] mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana [gbɔgbɔ] kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?”—Luka 11:13.

Akpa si Ame Kɔkɔewo Wɔna

Ame kɔkɔe siwo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽawo na la ku ƒe alafa geɖewo enye si va yi eye woaxɔ “agbefiakuku,” si nye wo fɔfɔ ɖe tsitre ayi dziƒo la mlɔeba. (Nyaɖeɖefia 2:10) Amesiwo nye Yehowa Mawu subɔlawo nya be mawusubɔsubɔ ƒe bubu tsɔtsɔ na ame kɔkɔe vavã siawo mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o eye mate ŋu akpɔ ame ta tso dɔléle, dzɔdzɔmefɔkuwo, ganyawo ƒe kemalimali, tsitsi, alo ku si me o. Le esia ta, àbia be ‘Ðe Mawu ƒe ame kɔkɔewo tsɔa ɖe le eme na mí vavã? Ðe wòle be míakpɔ mɔ be woanɔ mía teƒea?’

Woƒo nu tso ame kɔkɔewo ŋu le nyagblɔɖi si Daniel ŋlɔ me wòɖe dzesi ƒã. Le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me la, ekpɔ ŋutega ʋãme aɖe, si ƒe me vava ɖo míaƒe ŋkekea me. Lã ɖivɔvɔ̃ ene do tso atsiaƒu me siwo nye dzesi na amegbetɔ ƒe dziɖuɖu, siwo mate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe nuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ o la. Emegbe Daniel gblɔ nya ɖi be: “Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.”—Daniel 7:17, 18.

Paulo ɖo kpe ‘ame kɔkɔewo ƒe domenyinyi’ sia, si nye hatidziɖulawo nyenye kple Kristo le dziƒo dzi. (Efesotɔwo 1:18-21) Yesu ƒe ʋua ʋu mɔ be woafɔ ame kɔkɔe 144,000 ɖe tsitre ayi dziƒo ŋutikɔkɔe me. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:4, 6; 14:1, 3) Le ŋutega me la, Yohanes se dziƒo nuwɔwɔ gbogbo aɖewo wodzi ha le Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na la ŋkume be: “Nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu, eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na mía Mawu, eye woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Aleke gbegbee nya siawo de dzi ƒoe nye si! Yehowa Mawu ŋutɔe tia ŋutsu kple nyɔnu siawo ŋuɖɔɖotɔe. Gawu la, wosubɔ le anyigba dzi nuteƒewɔwɔtɔe eye woto kuxi siwo katã kloe ɖea fu na amegbetɔwo me kpɔ. (Korintotɔwo I, 10:13) Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be ame kɔkɔe siawo siwo wofɔ ɖe tsitre la anye dziɖula nublanuikpɔla kple nugɔmesela, siwo abu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple seɖoƒewo ŋu.

Yayra Siwo Fiaɖuƒe Dziɖuɖua Ahe Vɛ

Eteƒe madidi o Fiaɖuƒe dziɖuɖua awɔ nu atsɔ aɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ kple fukpekpe katã ɖa le anyigba dzi. Ɣemaɣi la, amegbetɔwo ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli wu tsã. Yohanes ŋlɔ bena: “Eye mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.” Esia ahe yayra manyagblɔwo vɛ na ameƒomea, elabena nyagblɔɖia yi edzi be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Dzidzɔɣeyiɣi kae nye si wòanye! Wogayi edzi ɖɔ Kristo Yesu kple ame kɔkɔe 144,000 ƒe dziɖuɖu deblibo la me tsonuwo le Mixa 4:3, 4 be: “[Yehowa] adrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ geɖewo, eye wòatso nya me na anyigba dzi dukɔ geɖewo vaseɖe didiƒe ke. Woatsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o. Eye wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”

Ame kɔkɔeawo le amewo kpem be woava kpɔ gome le yayra siawo me. Ame kɔkɔeawo, siwo wotsɔ ŋugbetɔ aɖe wɔ kpɔɖeŋu na la, le gbɔgblɔm be: “Va!” Mawunyakpukpuia yi edzi be: “Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Nukae “agbetsi” la fia? Nusiwo wòlɔ ɖe eme dometɔ ɖekae nye Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ. Yesu gblɔ le gbedodoɖa na Mawu me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Míate ŋu akpɔ sidzedze sia to Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi me. Dzidzɔ kae nye si wòate ŋu anye na mí be to Mawu ƒe Nyaa dzi la, míate ŋu akpɔ amesiwo ame kɔkɔeawo nye ŋutɔŋutɔ la adze sii ahanya nu tso alesi wòazã woe be woanye viɖe na ameƒomeae la ŋu!

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Paulo ŋlɔ agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me la ɖo ɖe ame kɔkɔe vavãwo

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒewo va zu ame kɔkɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ado gbe ɖa na Mawu to Yesu Kristo dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame kɔkɔe siwo wofɔ ɖe tsitre la anye dziɖula nublanuikpɔlawo ɖe anyigba dzi