Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’

‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’

‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’

“Ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagatra mɔ gbeɖe o.”—HEBRITƆWO 2:1, NW.

1. Wɔ alesi susuhenuwo ate ŋu ado afɔku ame ƒe kpɔɖeŋu.

ƲUFƆKUWO ɖea ame 37,000 aɖewo ƒe agbe ɖa ƒe sia ƒe le United States ɖeɖe. Eŋunyalawo gblɔ be ne ɖee ʋukulawo wɔna ɖe sewo dzi tututu le mɔ dzi la, anye ne woaƒo asa na ku siawo dometɔ geɖe hafi. Dzesiwo kple boblodoʋuƒowo alo asitelefonwo hea ʋukula aɖewo ƒe susu. Ame aɖewo hã li siwo nɔa nu ɖum ne wole ʋu kum. Susuhenu siawo katã nye nɔnɔme siwo me afɔku ate ŋu adzɔ le.

2, 3. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na Hebri Kristotɔwo, eye nukatae eƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ?

2 Ƒe 2,000 kloe do ŋgɔ na ʋuwo wɔwɔ la, apostolo Paulo ƒo nu tso susuhenu ƒomevi aɖe si nye afɔku na Hebri Kristotɔ aɖewo ŋu. Paulo te gbe ɖe edzi be wotsɔ ɖoƒe si ƒo mawudɔlawo katã tɔ ta na Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la, elabena woɖoe zi dzi le Mawu ƒe nuɖusi me. Emegbe apostoloa gblɔ be: “Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagatra mɔ gbeɖe o.”—Hebritɔwo 2:1, NW.

3 Nukatae wòhiã be Hebri Kristotɔawo ‘nalé to ɖe nusiwo wose’ tso Yesu ŋu ‘la ŋu geɖe wu’? Elabena ƒe 30 kloe va yi esime Yesu dzo le anyigba dzi. Esi woƒe Aƒetɔa megali o ta la, Hebri Kristotɔ aɖewo te tete ɖa tso xɔse vavã la gbɔ. Yuda-subɔsubɔ, si nye subɔsubɔha si me wonɔ tsã la, nɔ woƒe susuwo hem.

Ehiã Be Woalé To Ðe Nu Ŋu Nyuie

4. Nukatae wòanya dzro Hebri Kristotɔ aɖewo be yewoatrɔ ayi Yuda-subɔsubɔ me?

4 Nukata wòate ŋu adzro Kristotɔ aɖe be wòatrɔ ayi Yuda-subɔsubɔ me? Tadedeagu ƒe ɖoɖo si nɔ Sea te la lɔ nusiwo wokpɔna kple ŋku ɖe eme. Amewo te ŋu kpɔa nunɔlawo hesea lã siwo wole vɔ samee ƒe ʋeʋẽ. Gake Kristotɔnyenye ya to vovo kura le go aɖewo me. Nunɔlagã, Yesu Kristo, nɔ Kristotɔwo si, gake ƒe 30 enye ma si womele ekpɔm le anyigba dzi o. (Hebritɔwo 4:14) Gbedoxɔ nɔ wo si, gake eƒe kɔkɔeƒe nye dziƒo ŋutɔ. (Hebritɔwo 9:24) To vovo na aʋatsotso ŋutɔŋutɔ le Sea nu la, Kristotɔwo ƒe aʋatsotsoa nye “dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me.” (Romatɔwo 2:29) Eyata ewɔ abe Kristotɔnyenye va le nu bubu kura zum na Hebri Kristotɔawo ene.

5. Aleke Paulo ɖee fia be tadedeagu si Yesu ɖo anyi la de ŋgɔ wu esi nɔ Sea tee?

5 Ehiã be Hebri Kristotɔwo nade dzesi nu vevi aɖe ku ɖe tadedeagu si ƒomevi Kristo ɖo anyi ŋu. Xɔse dzi koŋue wotui ɖo ke menye ŋku ƒe nukpɔkpɔ dzi o, ke hã ede ŋgɔ wu Se si wona to nyagblɔɖila Mose dzi. Paulo ŋlɔ bena: “Ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la, geɖe aleke wu Kristo, amesi to [gbɔgbɔ] mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?” (Hebritɔwo 9:13, 14) Ẽ, tsɔtsɔke si woakpɔ tso Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzixɔxɔse me la de ŋgɔ sasasã wu vɔ siwo wosana le Sea te la tɔ le mɔ geɖe nu.—Hebritɔwo 7:26-28.

6, 7. (a) Nɔnɔme kae na wòhiã kpata be Hebri Kristotɔwo ‘nalé to ɖe nusiwo wose la ŋu geɖe wu’? (b) Ɣeyiɣi nenie susɔ na Yerusalem esime Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa ɖo ɖe Hebritɔawo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

6 Susu bubu aɖe hã li si ta wòle be Hebri Kristotɔawo nalé to ɖe nusiwo wose tso Yesu ŋu la nyuie. Egblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Yerusalem. Yesu gblɔ be: “Ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò, siwo le mewò la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.”—Luka 19:43, 44.

7 Ɣekaɣie esia adzɔ? Yesu megblɔ ŋkekea kple gaƒoƒo la o. Ke boŋ ena nuxlɔ̃ame sia be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” (Luka 21:20, 21) Le ƒe 30 siwo kplɔ Yesu ƒe nya mawo gbɔgblɔ ɖo me la, Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Yerusalem la ɖe ŋu ɖi le alesi wòhiã vevie be woawɔ nu kpatae ŋu eye woɖe mɔ nuwo he woƒe susu. Ðeko wòle abe ɖee woɖe mo ɖa le mɔa dzi ene. Ne wometrɔ woƒe tamesusu o la, woadze afɔku godoo. Woɖabu esia ŋu loo alo womeɖabui o, Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ya tu aƒe! * Míexɔe se be Paulo ƒe nuxlɔ̃amea nyɔ Kristotɔ siwo nɔ gbɔgbɔmelɔ̃ dɔm le Yerusalem la.

Toléle ‘Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu le Egbeŋkekeawo Me

8. Nukatae wòhiã be ‘míalé to ɖe’ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea ‘ŋu geɖe wu’?

8 Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, ehiã be ‘míalé to ɖe’ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea ‘ŋu geɖe wu.’ Nukatae? Elabena tsɔtsrɔ̃ aɖe, si manye dukɔ ɖeka aɖe ko tsɔtsrɔ̃ o, ke boŋ nuɖoanyi bliboa katã la le míawo hã ŋgɔ gbɔna. (Nyaɖeɖefia 11:18; 16:14, 16) Nyateƒee wònye be míenya ŋkeke kple gaƒoƒo si tututu dzi Yehowa atso awɔ nusia o ya. (Mateo 24:36) Ke hã, míele Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖee fia wòdze ƒã be míele “ŋkeke mamlɛawo” me la me vava teƒe kpɔm. (Timoteo II, 3:1-5) Le esia ta, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusianu si ate ŋu ahe míaƒe susu ŋu. Ehiã be míalé to ɖe Mawu ƒe Nya ŋu ahawɔ nu kple vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata. Ema koe míawɔ hafi ate ŋu “asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu.”—Luka 21:36.

9, 10. (a) Aleke míate ŋu aɖee afia be míele ŋudzɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋui? (b) Aleke Mawu ƒe nya ‘nye akaɖi na míaƒe afɔ’ kple ‘kekeli na míaƒe toƒee’?

9 Aleke míate ŋu aɖee afia le ɣeyiɣi vevi siawo me be míele ‘to lém ɖe’ gbɔgbɔmenuwo ‘ŋu geɖe wu’? Mɔ ɖekae nye be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo, kple takpekpe gãwo, dem edziedzi. Ele be míanye Biblia-srɔ̃vi dovevienuwo ale be míate ŋu ate ɖe Eŋlɔla, Yehowa, ŋu kplikplikpli. (Yakobo 4:8) Ne míexɔ Yehowa ŋuti sidzedze to ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpewo me la, míanɔ abe hakpala si gblɔ na Mawu be, “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe” la ene.—Psalmo 119:105.

10 Biblia nyea ‘kekeli na míaƒe toƒe’ ne egblɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le etsɔme ŋu na mí. Enye ‘akaɖi na míaƒe afɔwo’ hã. Ne míagblɔe bubui la, ate ŋu afia mí afɔ si míaɖe ne míedze ŋgɔ kuxi sesẽwo le agbe me. Ema tae wòle vevie be ‘míalé to ɖe nu ŋu geɖe wu’ ne míekpe ta kple haxɔsetɔwo hena nufiame xɔxɔ kple ne mía ŋutɔwo míele Mawu ƒe Nyaa xlẽm. Nufiame siwo míaxɔ la akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso siwo me nunya kple viɖe le eye wodzea Yehowa ŋu henaa eƒe dzi kpɔa dzidzɔ. (Lododowo 27:11; Yesaya 48:17) Aleke míate ŋu adzi míaƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ŋutete ɖe edzi le kpekpewo me kple le míaƒe ɖokuisinusrɔ̃ɣiwo ale be míakpɔ viɖe geɖe wu tso Mawu ƒe gbɔgbɔmenunanawo mee?

Míaƒe Susu ƒe Nuŋunɔnɔ le Kpekpewo me Dzidziɖedzi

11. Nukatae toléle ɖe nyawo ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me sesẽna ɣeaɖewoɣi?

11 Ɣeaɖewoɣi la, toléle ɖe nyawo ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me nyea nu sesẽ. Nuwo abe vidzĩ aɖe ƒe avifafa alo megbetsila aɖe si le nɔƒe dim ene, te ŋu hea susua bɔbɔe. Dɔwɔwɔ ŋkeke bliboa ate ŋu ate ɖeɖi mía ŋu. Ðewohĩ nuƒolaa manye nuƒola si ƒe nuƒo metia ame o, eye kasia míakpɔ la, nu bubuwo xɔ susu me na mí—ɖewohĩ míanɔ akɔlɔ̃e gɔ̃ hã dɔm! Esi wònye nya vevi aɖe gblɔme wole ta la, míadze agbagba be míadzi míaƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ le hame ƒe kpekpewo me ɖe edzi. Gake aleke míate ŋu awɔ esiae?

12. Nukae ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míalé to ɖe nyawo ŋu le kpekpewo me?

12 Zi geɖe la, enɔa bɔbɔe be míalé to ɖe nyawo ŋu le kpekpewo me ne míedzra ɖo nyuie. Ekema nukata màdi ɣeyiɣi atsɔ ade ŋugble le nyati si me woadzro la ŋu o? Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽa ƒe akpa aɖe xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu xɔna gbesiagbe. Ne míewɔ ɖoɖo la, míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi atsɔ adzra ɖo ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu. Ðoɖo ka ƒomevi míeɖawɔ o, kakaɖedzi le nu ɖeka aɖe ya ŋu: Dzadzraɖo akpe ɖe mía ŋu be míalé to ɖe nyati si me dzrom wole le hamea ƒe kpekpewo me la ŋu.

13. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ nusi me dzrom wole le kpekpewo me ŋu?

13 Tsɔ kpe ɖe dzadzraɖo nyuie ŋu la, ame aɖewo kpɔe be yewonɔa ŋudzɔ le kpekpewo me wu ne yewonɔ ŋgɔgbe lɔƒo le Fiaɖuƒe Akpataa me. Nuƒolaa ŋkume kpɔkpɔ, Biblia me kpɔkpɔ esime wole ŋɔŋlɔ aɖe xlẽm, kple dzesidede nya veviwo ɖi nye mɔ bubu siwo dzi míato míaƒe susu nagatsa tsaglãla o. Gake dzi si le dzadzraɖo ɖi si anɔ mía si le vevie wu ŋutenɔnɔ ƒe mɔnu ɖesiaɖe. Ehiã be míase taɖodzinu si tae míekpe ta ɖo la gɔme. Tadedeagu na Yehowa koŋ tae míekpena kple haxɔsetɔwo ɖo. (Psalmo 26:12; Luka 2:36, 37) Kpekpewo nye mɔ vevi si dzi wotona nyia mí le gbɔgbɔ me. (Mateo 24:45-47) Gakpe ɖe eŋu la, wonaa mɔnukpɔkpɔ mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.”—Hebritɔwo 10:24, 25.

14. Nuka koŋue naa kpekpe kpɔa dzidzedze?

14 Ame aɖewo nɔa te ɖe amesiwo wɔ dɔ le kpekpe aɖe me ƒe nufiafia ŋutete dzi bua kpekpea be ekpɔ dzidzedze. Ne nuƒolawo bi nyuie la, míagblɔ be kpekpea vivi. Gake ne nufiafiaa meɖe kpe tututu o la, nukpɔsusu bubu kura ate ŋu asu mía si. Enye nyateƒe be ele be amesiwo akpɔ gome le wɔnaa me nadze agbagba ɖesiaɖe azã nufiafiaɖaŋu eye vevietɔ be woaɖo amewo ƒe dzi gbɔ ya. (Timoteo I, 4:16) Ke hã, mele be mí nyaselawo míanɔ vodada dim fũ akpa o. Togbɔ be amesiwo le dɔ wɔm le kpekpea me ƒe nufiafia ŋutetewo le vevie hã la, menye eyae nye nusi koŋue ana kpekpe aɖe nakpɔ dzidzedze o. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be nusi ŋu wòle be míatsi dzi ɖo wu enye alesi míeɖoa toe, ke menye alesi nuƒolaa ƒo eƒe nuƒoa nyuie oa? Ne míede kpekpewo helé to ɖe nya si gblɔm wole ŋu nyuie la, míele ta dem agu na Mawu le eƒe lɔlɔ̃nu nu. Emae naa kpekpea kpɔa dzidzedze. Ne míedi vevie be míaxɔ Mawu ŋuti sidzedze la, míakpɔ viɖewo tso kpekpewo me, metsɔ le nuƒolawo ƒe ŋutetewo me o. (Lododowo 2:1-5) Ekema mina míato mɔ sia mɔ dzi aɖoe kplikpaa be ‘míalé to ɖe nu ŋu geɖe wu’ le míaƒe kpekpewo me.

Kpɔ Viɖe tso Ðokuisinusɔsrɔ̃ me Bliboe

15. Aleke nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede ate ŋu aɖe vi na míi?

15 ‘Toléle ɖe nu ŋu geɖe wu’ le ɖokuisinusrɔ̃ɣi kple ŋugbledede le wo ŋu ɖea vi na mí ŋutɔ. Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu ana mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be míade Mawu ƒe Nya ƒe nyateƒea míaƒe dzi me. Esia hã akpɔ ŋusẽ nyui ɖe alesi míebua tamee hewɔa nui dzi. Le nyateƒe me la, akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. (Psalmo 1:2; 40:9) Eyata ehiã be míatu míaƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ƒe ŋutetewo ɖo bene woawɔ dɔ nyuie ne míele nu srɔ̃m. Ele bɔbɔe be nuwo nahe míaƒe susu! Susuhenu suesuewo—telefon ƒe ɖiɖi alo toɣliɖeɖe aɖe ate ŋu ahe míaƒe susu. Alo míaƒe susu mate ŋu anɔ nu ŋu ɣeyiɣi didi o le gɔmedzedzea me. Míatsɔ tameɖoɖo nyuiwo anɔ anyii be míaɖu gbɔgbɔmenu, gake kaka míakpɔ la, míaƒe susua le tsatsam le teƒe bubuwo. Aleke míate ŋu ‘alé to ɖe nu ŋu geɖe wu’ ne míele Mawu ƒe Nya srɔ̃m le mía ɖokui si?

16. (a) Nukatae wòle vevie be míaɖo ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃? (b) Aleke nèwɔ kpɔ ɣeyiɣi na Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃e?

16 Anyo ŋutɔ be míawɔ ɖoɖo ahatia ɣeyiɣi aɖe si sɔ wu na nusɔsrɔ̃. Ɣeyiɣi kple tomefafa mele mía dometɔ akpa gãtɔ si kura o. Míase le mía ɖokui me be ɣeyiɣia ƒe dudzinɔnɔ lɔ mí ɖe nu abe alesi tɔ si le sisim sesĩe lɔa atikpo ɖe nu ene. Le nyateƒe me la, ele be míakpe akɔ kple tsia ƒe sisi sesĩe la vevie, le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu, ahadi ɖoɖoeziɣi sue aɖe le míaƒe hloloetsotsoa me atsɔ asrɔ̃ nui. Míate ŋu anɔ anyi ade asi atame ko be mɔnukpɔkpɔ aɖe aʋu si míatsɔ asrɔ̃ nui o. Ke boŋ ele be míatrɔ asi le nɔnɔmea ŋu to ɣeyiɣi didi na nusɔsrɔ̃ me. (Efesotɔwo 5:15, 16) Ame aɖewo dia ɣeyiɣi kpui aɖe le ŋdi me esime susuhenuwo mesɔa gbɔ fũ o. Ame bubuwo kpɔe be fiẽ me dea ame dzi wu. Nusi le vevie enye be mele be míaŋe aɖaba aƒu hiahiã vevi si li be míaxɔ Mawu kple Via ŋuti sidzedze vavã la dzi o. (Yohanes 17:3) Eyata mina míaɖo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ eye míawɔ ɖe edzi.

17. Nukae nye ŋugbledede, eye aleke wòate ŋu aɖe vi na míi?

17 Ŋugbledede—si nye tamebubu le nusiwo míesrɔ̃ le nusɔsrɔ̃a me ŋu—nye nu vevi aɖe ŋutɔ. Ekpena ɖe mía ŋu be míaɖe Mawu ƒe tamesusu le agbalẽa dzi ade míaƒe dzi me. Ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi míawɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋudɔ ale be míazu ‘nyadziwɔlawo, eye menye nyaselawo ɖeɖeko o!’ (Yakobo 1:22-25) Gawu la, ŋugbledede kpena ɖe mía ŋu be míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, elabena enaa míedea ŋugble le eƒe nɔnɔmewo kple alesi woɖe wo fiae le nusi srɔ̃m míele me la ŋu.

18. Nɔnɔme kawoe hiã bene woate ŋu ade ŋugble nyuie?

18 Be nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede naɖe vi na mí bliboe la, ele be míaɖe susu ɖa tso susuhenuwo gbɔ. Be nu yeye siwo míesrɔ̃ natsi susu me na mí ne míele ŋugble dem la, ehiã be míaɖo asi gbesiagbe gbenɔnɔ me susuhenuwo dzi. Esia wɔwɔ bia ɣeyiɣi kple ɖokuiɖeɖeɖeaga, ke hã, dzidzeme kae nye si wònye be woaɖu gbɔgbɔmenu ahano nyateƒea ƒe tsi siwo le Mawu ƒe Nyaa me!

19. (a) Nukae kpe ɖe ame aɖewo ŋu be wote ŋu dzi woƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ɖe edzi le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me? (b) Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu, eye viɖe kae míate ŋu akpɔ tso nuwɔna vevi sia me?

19 Ke ne míaƒe susu mete ŋu nɔa nu ŋu ɣeyiɣi didi o eye míaƒe susu tea tsatsa le nusɔsrɔ̃ ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe ya ɖe? Ame aɖewo kpɔe be yewoate ŋu adzi yewoƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ŋutete ɖe edzi le nusrɔ̃ɣiwo me to nusrɔ̃ɣi kpuiwo tsɔtsɔ adze egɔmee me ahanɔ wo dzim ɖe edzi vivivi. Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míakpɔ ɣeyiɣi ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu wu be míaƒu du ato eme. Ehiã be míatsɔ ɖe le nusi srɔ̃m míele me vevie. Eye míate ŋu azã agbalẽ gbogbo siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la na mí atsɔ awɔ numekuku ayi ŋgɔe. Viɖe geɖe le “Mawu ƒe nu gogloawo” me kuku me. (Korintotɔwo I, 2:10) Esia wɔwɔ nana ŋusẽ ɖoa Mawu ŋuti sidzedze si le mía si ŋu eye míedzia míaƒe sidzedze ŋutetewo ɖe edzi. (Hebritɔwo 5:14) Ne míenye Mawu ƒe Nya srɔ̃la dovevienuwo la, ‘míate ŋu asu te nyuie afia nu ame bubuwo hã.’—Timoteo II, 2:2.

20. Aleke míate ŋu atu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Yehowa Mawu ahalé eme ɖe asii?

20 Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu geɖe be míatu ƒomedodo kplikplikpli ɖo kple Yehowa ahalé eme ɖe asi. Edze ƒã be aleae wònɔ le hakpala si gblɔ na Mawu be: “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o! Nye ŋugbledede wònye ɖaa” la gomee. (Psalmo 119:97) Ekema mina míato mɔ sia mɔ dzi anɔ kpekpewo, takpekpe suewo, kple takpekpe gãwo dem edziedzi. Eye mina míadi ɣeyiɣi ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede ŋu. Míakpɔ teƒeɖoɖo geɖe le ‘toléle ɖe’ Mawu ƒe Nya ŋu ‘geɖe wu’ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Anye ƒe 61 M.Ŋ. mee woŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe Hebritɔawo. Ne nenemae la, ke ƒe atɔ̃ lɔƒo ko megbee Cestius Gallus ƒe asrafowo va ɖe to ɖe Yerusalem. Eteƒe medidi o asrafo mawo trɔ dzo, si ɖe mɔ na Kristotɔ siwo nɔ ŋudzɔ la be woasi. Ƒe ene le esia megbe la, Aʋafia Tito nɔ ŋgɔ na Roma srafowo wova tsrɔ̃ dua.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae Hebri Kristotɔ aɖewo nɔ asi ɖem le xɔse vavãtɔ ŋu?

• Aleke míate ŋu anɔ to dzi le Kristotɔwo ƒe kpekpewo mee?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ viɖe le ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ehiã be Hebri Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si te tu wo kpuie la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ viɖe tso Kristotɔwo ƒe kpekpewo me