Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Septuagint” La Viɖe Nɔ Eŋu Tsã eye Wògale Eŋu Fifia

“Septuagint” La Viɖe Nɔ Eŋu Tsã eye Wògale Eŋu Fifia

“Septuagint” La Viɖe Nɔ Eŋu Tsã eye Wògale Eŋu Fifia

AMEŊKUTA aɖe si tso Etiopia nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina aƒe. Esi wònɔ dzogbemɔ aɖe dzi le eƒe tasiaɖam me la, enɔ mawusubɔsubɔ ƒe agbalẽxatsaxatsa aɖe xlẽm sesĩe. Nya siwo wòxlẽ la ŋuti numeɖeɖe wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be eƒe agbenɔnɔ trɔ tso ɣemaɣi dzi. (Dɔwɔwɔwo 8:26-38) Ŋutsua nɔ Yesaya 53:7, 8 xlẽm le Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔ—si nye Helatɔwo ƒe Septuagint la—me. Gɔmeɖeɖe sia wɔ akpa vevi aɖe le Biblia ƒe gbedasia kaka me le ƒe alafa siwo va yi la me ale gbegbe be wova yɔe be Biblia gɔmeɖeɖe si trɔ xexeame.

Ɣekaɣi kple nɔnɔme kawoe nɔ anyi hafi woɖe Septuagint la gɔme? Nukatae gɔmeɖeɖe sia hiã? Aleke wòɖe vi le ƒe alafa siwo va yi mee? Nuka tututue Septuagint la ate ŋu afia mí egbea?

Yudatɔ Helagbedolawoe Wowɔe Na

Esi Aleksanda Gãtɔ yi Egipte le Foinike-du si nye Tiro tsɔtsrɔ̃ le ƒe 332 D.M.Ŋ. me vɔ megbe la, wobui abe ɖela ene. Afimae wòtso dugã si nye Alexandria, si va nye nusrɔ̃ƒegã le blemaxexeame la ɖo. Esi Aleksanda di be yeana amesiwo le dukɔ siwo dzi wòɖu me nawɔ ɖe Helatɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi ta la, eto Helagbe si ame geɖe ado (Koine) le afisiwo katã dzi ɖum wòle la vɛ.

Le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, Yudatɔ gbogbo aɖewo va nɔ Alexandria. Yudatɔ geɖe siwo kaka ɖe dutanyigba siwo mele Palestina o dzi le Babilontɔwo ƒe aboyoɖeɖe wo megbe la ʋu yi Alexandria. Aleke gbegbee Yudatɔ siawo se Hebrigbeae? McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia gblɔ be: “Yudatɔawo se gbea ale gbegbe be esi wotrɔ tso aboyome le Babilon gbɔ la, le esi woŋlɔ Hebrigbe gbãtɔa ƒe akpa gãtɔ be ta la, ɖe woɖea Mose ƒe agbalẽ siwo woxlẽna le ƒuƒoƒe siwo le Palestina la me ɖe Babilongbe me na wo . . . Anye be Yudatɔ siwo le Alexandria la gɔ̃ hã mese Hebrigbea tututu o; gbe siwo wose wue nye Helagbe si wodona le Alexandria.” Edze ƒã be Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe ɖe Helagbe me le Alexandria ade ame dzi wu.

Aristobulus, si nye Yudatɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. me, ŋlɔ bena woɖe Hebri sea ƒe akpa aɖewo gɔme ɖe Helagbe me eye wowu enu esime Ptolemy Philadelphus (ƒe 285-246 D.M.Ŋ.) nɔ dzi ɖum. Nukpɔsusu vovovowo li ku ɖe nusi Aristobulus yɔ be “sea” ŋuti. Ame aɖewo bui be Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃awo dzaa koe wòwɔnɛ, eye ame bubuwo be anye Hebri Ŋɔŋlɔa bliboae wòwɔnɛ.

Aleke kee wòɖale o, xotutuwo ɖee fia be Yudatɔ agbalẽnyala siwo ade 72 ye kpɔ gome le Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe zi gbãtɔ tso Hebrigbe me yi Helagbe si woŋlɔ ɖi me. Emegbe la, wova te xexlẽme kpokploe si nye 70 la zazã. Le esia ta, wona ŋkɔ gɔmeɖeɖe sia be Septuagint, si gɔmee nye “70,” eye wona dzesii be LXX, si nye alesi woŋlɔa 70 le Romatɔwo ƒe xexlẽdzesiwo me. Kaka ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. nawu enu la, woate ŋu akpɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo me gbalẽwo katã axlẽ le Helagbe me. Esia wɔe be wova yɔa Hebri Ŋɔŋlɔa bliboa si gɔme woɖe ɖe Helagbe me la be Septuagint.

Viɖe Nɔ Eŋu le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

Yudatɔ Helagbedolawo zã Septuagint la vevie do ŋgɔ na Yesu Kristo kple eƒe apostolowo ƒe ɣeyiɣia kple le woƒe ɣeyiɣia me. Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ geɖe siwo kpe ta le Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la tso Asia, Egipte, Libia, Roma, kple Kreta nutowo—siwo nye nuto siwo me amewo doa Helagbe le—me va. Ðikeke mele eme o be Septuagint lae woxlẽna wu. (Dɔwɔwɔwo 2:9-11) Eyata gɔmeɖeɖe sia kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nyanyuia kaka dzi le ƒe alafa gbãtɔ me.

Le kpɔɖeŋu me, esime nusrɔ̃la Stefano nɔ nu ƒom kple amesiwo tso Kirene, Aleksandria, Kilikia, kple Asia la, egblɔ be: “Yosef dɔ woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒome la katã [tso Kanaan], wole luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃ la, vɛ nɛ.” (Dɔwɔwɔwo 6:8-10; 7:12-14) Mawunyakpukpui si le Mose I, ta 46 le Hebrigbe me la gblɔ be Yosef ƒe ƒometɔwo nye ame blaadre. Gake Septuagint la zã xexlẽme blaadre vɔ atɔ̃. Anye be Septuagint la mee Stefano yɔ nyaa tsoe.—Mose I, 46:20, 26, 27.

Esime apostolo Paulo nɔ mɔ zɔm le Asia Sue kple Hela le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia kple etɔ̃lia me la, eɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔla geɖe siwo vɔ̃a Mawu kple “Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu.” (Dɔwɔwɔwo 13:16, 26; 17:4) Amesiawo va zu Mawu vɔ̃lawo alo subɔlawo le esi eŋuti sidzedze aɖe su wo si tso Septuagint la me ta. Ne Paulo le gbeƒã ɖem na Helagbedola siawo la, eyɔa nya tso Biblia gɔmeɖeɖe ma me loo alo gbugbɔa emenyawo gblɔna.—Mose I, 22:18; Galatiatɔwo 3:8.

Woyɔ nya 320 aɖewo tẽ tso eme ŋlɔ ɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye Hebri Ŋɔŋlɔawo me nya siwo woyɔ tẽ hekpe ɖe emenya siwo wofia asii ŋu la katã ade 890. Septuagint la dzie wotu esiawo ƒe akpa gãtɔ ɖo. Esia wɔe be nyayɔyɔ siwo tso gɔmeɖeɖe ma me, eye menye Hebri-gbalẽ siwo woŋlɔ kple asi me o, la va zu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo si tso gbɔgbɔ me la ƒe akpa aɖe. Nyateƒenya vevi kae nye si wònye! Yesu gblɔ ɖi be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexe blibo la katã me. (Mateo 24:14) Be woawɔ esia ade goe la, Yehowa aɖe mɔ be woaɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ vovovo siwo amewo xlẽna le xexeame katã la me.

Viɖe Le Eŋu Egbea

Asixɔxɔ gakpɔtɔ le Septuagint la ŋu egbea eye wozãnɛ tsɔ dia vodada siwo nugbugbɔgaŋlɔlawo anya wɔ esime wogbugbɔ Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔwo nɔ ŋɔŋlɔm emegbe la. Le kpɔɖeŋu me, nuŋlɔɖi si le Mose I, 4:8 (NW ) xlẽ be: “Le ema megbe la, Kain gblɔ na nɔvia Habel bena: [‘Na míayi gbe me.’] Ke eva ve me bena, esime wole gbea me la, Kain dze nɔvia Habel dzi, eye wòwui.”

Womekpɔ nyagbekɔsɔkɔsɔ si le kpɔtɔtɔ me be “na míayi gbe me” la le Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo woŋlɔ tso ƒe alafa ewolia M.Ŋ. me la me o. Gake ele Septuagint xoxo siwo woŋlɔ kple asi kpakple agbalẽ xoxo ʋɛ bubu aɖewo ya me. Nuƒogɔmedzenya si wotsɔ dzea nyawo gɔmee zi geɖe la dze le Hebrigbe me mawunyakpukpuia me, gake nya si wogblɔ yi edzi la mekpe ɖe eŋu o. Nukae anya dzɔ? Nyagbekɔsɔkɔsɔ eve siwo tsia ɖe wo nɔewo nu la wu enu kple nyagbɔgblɔ si nye ‘yi gbe me’ le Mose I, 4:8 me. McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia doe ɖa be “Ðewohĩ Hebri nugbugbɔgaŋlɔla la ƒe ŋku anya to nya [ma ke] . . . si wu nyagbekɔsɔkɔsɔ evea siaa nu la dzi.” Le esia ta nugbugbɔgaŋlɔla la ƒe ŋku to nyagbɔgblɔ si wu nu be “gbe me” si dze zi gbãtɔ la ŋu. Edze ƒã be Septuagint la, kpakple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxo bubu siwo gakpɔtɔ li, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le vodadawo kpɔkpɔ le Hebrigbe me Biblia siwo wogbugbɔ gaŋlɔ emegbe la me.

Gake vodadawo ate ŋu anɔ Septuagint-awo hã me, eye ɣeaɖewoɣi la, wokpɔa nya tso Hebrigbe me Biblia me tsɔ ɖɔa Helatɔa ɖoe. Eyata Hebrigbe me asinunuŋɔŋlɔawo tsɔtsɔ sɔ kple Helatɔwo tɔ kpakple gbegɔmeɖeɖe bubuwo nana wokpɔa gbegɔmeɖeɖe me vodadawo kple nugbugbɔgaŋlɔlawo ƒe vodadawo eye wòkpena ɖe mía ŋu míenyaa alesi tututu Mawu ƒe Nya la le.

Septuagint blibo siwo li egbea la nye esiwo woŋlɔ le keke ƒe alafa enelia M.Ŋ. me ke. Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si wotsɔa Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene (YHWH ) ŋlɔna la mele asinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo kple esiwo va ɖe wo yome la me o. Wotsɔ Helagbe me nya siwo wozãna na “Mawu” kpakple “Aƒetɔ” ɖo afisiwo katã Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe dze le le Hebrigbe me Biblia me la teƒe. Gake nusi wofɔ le Palestine anɔ ƒe 50 enye sia la kɔ nya sia me. Ƒuƒoƒo aɖe si nɔ kpetowo me kum le afisi te ɖe Ƒukukua ƒe ɣetoɖoƒeƒuta ŋu la ke ɖe nyagblɔɖila 12-awo (Hosea vaseɖe Maleaxi) ƒe blemalãgbalẽxatsaxatsa ƒe kakɛ siwo woŋlɔ ɖe Helagbe me ŋu. Ƒe 50 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 50 M.Ŋ. domee woŋlɔ wo. Le agbalẽ kakɛ xoxotɔ siawo me la, wometsɔ Helagbe me nya si wozã na “Mawu” kple “Aƒetɔ” la ɖɔ li Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔae o. Esia wɔe be kpeɖodzi va le Mawu ƒe ŋkɔ si wozã le Ŋɔŋlɔawo me le Septuagint Biblia gɔmeɖeɖe gbãtɔa me ŋu.

Le ƒe 1971 me la, woɖe mɔ be woata blemagbalẽxatsaxatsa aɖe (Fouad 266 papyri ) ƒe kakɛwo. Nukae Septuagint la ƒe akpa siawo, siwo nɔ anyi le ƒe alafa evelia alo gbãtɔ D.M.Ŋ. me la ɖe fia? Mawu ƒe ŋkɔa nɔ woawo hã me. Septuagint kakɛ xoxo siawo nye kpeɖodzi sẽŋuwo be Yesu kple eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo nya Mawu ƒe ŋkɔ eye wozãe.

Egbea la, Bibliae nye agbalẽ si gɔme woɖe wu le ŋutinya me. Ameƒomea me tɔ siwo wu 90 le alafa me ate ŋu axlẽ eƒe akpa aɖe ya teti le wo degbe me. Míeda akpe geɖe ɖe New World Translation of the Holy Scriptures si gɔme woɖe wòsɔ pɛpɛpɛ ɖe gbe si míedona egbea me, si ƒe blibo alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ 40 kple edzivɔ me fifia, la ta. Etenuŋɔŋlɔ alafa geɖe siwo tso Septuagint la kple blemagbalẽ bubu siwo woŋlɔ kple asi me la le New World Translation of the Holy Scriptures—With References me. Le nyateƒe me la, viɖe kple asixɔxɔ gakpɔtɔ le Septuagint la ŋu na mía ŋɔli me Biblia-nusrɔ̃viwo.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nusrɔ̃la Filipo ɖe nya aɖe si woxlẽ tso “Septuagint” me la me

[[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Apostolo Paulo yɔ nya tso “Septuagint” la me zi geɖe