Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nànye Amesi Metsia Dzi Oa?

Ðe Wòle Be Nànye Amesi Metsia Dzi Oa?

Ðe Wòle Be Nànye Amesi Metsia Dzi Oa?

ÐEWOHĨ ame akpa gãtɔ abui be kafukafue wònye be woagblɔ le ame ŋu be metsia dzi o, etsɔa nusianu kpoo, eye naneke mekanɛ o. Gake dzimatsimatsi ɖe nu ŋu ƒe akpa bubu hã li. Biblia gblɔ be: “Bometsilawo ƒe anyinɔnɔ bɔkɔɔ tsrɔ̃a wo.” (Lododowo 1:32) Nukae nya ma fia?

Woɖe nya si wozã le Hebrigbe gbãtɔ me gɔme ɖe Biblia bubuwo me be “anyinɔnɔ kpoo ɖekematsɔlemetɔe” (American Standard Version), “dzimatsimatsi ɖe nu ŋu” (The New American Bible), kple “ɖokuiŋudzedze.” (The New English Bible) Le susu sia nu la, wotsɔ dzimatsimatsi ɖe nu ŋu sɔ kple kuviawɔwɔ kple ɖekematsɔleme eye esia fia movidzɔdzɔ alo bometsitsi.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ siwo nɔ Laodikea-hamea me metsɔ ɖeke le woƒe gbɔgbɔ me ahedada me o alo wometsi dzi ɖe eŋu kura o. Woƒo adegbe ɖokuiŋudzedzetɔe be “naneke mehiãa [yewo] o.” Yesu Kristo ɖɔ wo ɖo, eye wòbia tso wo si be woagatu woƒe Kristotɔwo ƒe dzonɔameme ɖo.—Nyaɖeɖefia 3:14-19.

Dzimatsimatsi ɖe nu ŋu ƒe nɔnɔme siae nɔ Noa ŋɔlimetɔwo hã si. Gbesiagbenuwɔnawo xɔ woƒe susu me fũ, “wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, . . . eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii.” Emegbe Yesu gblɔ kpee be: “Nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”—Mateo 24:37-39.

Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme ɖee fia be Yesu Kristo, “Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi” mee míele fifia. Negadzɔ gbeɖe be míanye ɖokuiŋudzelawo, ɖekematsɔlemetɔwo, anɔ anyi bɔkɔɔ—amesiwo metsia dzi ɖe naneke ŋu o le mɔ gbegblẽ nu o.—Luka 21:29-36, NW.