Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa le Afɔkudzɔɣiwo

Akɔfafa le Afɔkudzɔɣiwo

Akɔfafa le Afɔkudzɔɣiwo

NYADZƆDZƆ siwo míesena egbea me nyawo mefaa akɔ na ame kura o. Ame aɖe ŋlɔ bena: “Nusiwo le dzɔdzɔm fifia wɔa nublanui ale gbegbe be zi geɖe míebua eŋu nenye be dzi le mía ƒo nenema gbegbe be míate ŋu ase ga ade me nyadzɔdzɔwo hã.” Xexeame yɔ fũ kple aʋawɔwɔ, ŋɔdzinuwo, fukpekpe, nuvlowɔwɔ, kple dɔléle—wonye nusiwo ate ŋu adzɔ ɖe mía ŋutɔwo dzi kpuie ne womedzɔ ɖe mía dzi xoxo o enye ma.

Biblia gblɔ nudzɔdzɔ siawo ɖi pɛpɛpɛ. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso míaƒe ɣeyiɣia ŋu la, egblɔ be aʋawɔwɔ dziŋɔwo, dɔvɔ̃wo, nuɖuɖu ƒe veve, kple anyigbaʋuʋuwo adzɔ. (Luka 21:10, 11) Nenema ke apostolo Paulo ŋlɔe ɖi be “ɣeyiɣi vɔ̃wo lava” esime amewo anye ame wɔadãwo, galɔ̃lawo, kple amesiwo melɔ̃a nu nyui o. Eyɔ ɣeyiɣi ma be “ŋkeke mamlɛawo.”—Timoteo II, 3:1-5.

Eyata le nuƒoƒo tso xexemenudzɔdzɔwo ŋu me la, nyadzɔdzɔwo wɔ ɖeka kple nusi Biblia gblɔ ɖi le mɔ aɖe nu. Gake mɔ ma ko nue wowɔ ɖeka le. Biblia ya gblɔa susu aɖe si womegblɔna le nyadzɔdzɔwo me o. To Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzi la, menye nusita nuvlowɔwɔ bɔ alea gbegbe ɖo la gɔme ko míase o, ke míate ŋu ase alesi etsɔme ava nɔ hã gɔme.

Alesi Mawu Bua Vɔ̃ɖinyenyee

Biblia ɖe alesi Mawu bua nɔnɔme wɔnublanui siwo bɔ egbea me. Togbɔ be ekpɔe do ŋgɔ be aleae xaxawo abɔ egbeae hã la, meda asi ɖe wo dzi o eye meɖoe be yeaɖe mɔ ɖe wo ŋu tegbee hã o. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Yehowa tsɔ ɖe le eme na amewo vevie eye wòlé fu vɔ̃ɖinyenye ƒomevi ɖesiaɖe. Eyata esɔ nyuie be Mawu ŋue wòle be míatrɔ ɖo na akɔfafa, le esi wònyo eye wònye nublanuikpɔla, eye ŋusẽ le esi be wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi eye wòawɔe hã ta. Hakpala la ŋlɔ bena: “[Mawu ƒe Fia si wòɖo le dziƒo] aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12-14.

Ðe amesiwo le fu kpem ƒe nu wɔa nublanui na wòa? Anɔ eme be ewɔa nublanui na wò. Veveseseɖeamenu nye nɔnɔme si Yehowa tsɔ de mía me, le esi eƒe nɔnɔme nue wòwɔ mí ɖo ta. (Mose I, 1:26, 27) Eyata kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Yehowa sea veve ɖe amegbetɔwo ƒe fukpekpe nu. Yesu, amesi nya Yehowa nyuie wu ame bubu ɖesiaɖe, fia nu be Yehowa tsɔ ɖe le eme na mí vevie eye be nublanuikpɔkpɔ yɔe fũ.—Mateo 10:29, 31.

Nuwɔwɔwo ŋutɔ ɖia ɖase be Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea. Yesu gblɔ be Mawu “nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:45) Apostolo Paulo gblɔ na amesiwo nɔ dugã si nye Listra me be: “[Mawu] medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyui, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”—Dɔwɔwɔwo 14:17.

Ameka Gbɔe Wòtso?

Ele be míade dzesii be Paulo gagblɔ na amesiwo nɔ Listra be: “Le dzidzime, siwo va yi la me la, [Mawu na] dukɔwo katã zɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔwo dzi.” Eyata dukɔwo—alo ameawo ŋutɔ—gbɔ koŋ nɔnɔme wɔnublanui si me wova le la ƒe akpa gãtɔ tso. Menye Mawue wòle be woabu fɔe o.—Dɔwɔwɔwo 14:16.

Nukatae Yehowa ɖe mɔ nu vɔ̃ɖiwo le dzɔdzɔm ɖo? Ðe wòawɔ nane tso eŋu gbaɖegbea? Mawu ƒe Nya la me koe míate ŋu akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo le. Ele alea elabena ŋuɖoɖoa lɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe kpakple nya aɖe si wòfɔ ɖe te le gbɔgbɔmenutowo me la ɖe eme vevie.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Amegbetɔwo sea veve ɖe ame nu. Ðe Mawu ya agbe vevesese ɖe amegbetɔwo nu ne wole fu kpema?

[Picture Credit Lines on page 2]

COVER: Tank: UN PHOTO 158181/J. Isaac; earthquake: San Hong R-C Picture Company

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Upper left, Croatia: UN PHOTO 159208/S. Whitehouse; starving child: UN PHOTO 146150 BY O. MONSEN