Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa si Mawu Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Nana

Akɔfafa si Mawu Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Nana

Akɔfafa si Mawu Ŋuti Sidzedze Vavãtɔ Nana

LE AME aɖewo gome la, nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ŋu la fɔ biabia ɖefuname aɖewo ɖe te. Wobiana be: Ne Mawu di be yeaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, wònya alesi wòaɖee ɖae, eye ŋusẽ le esi be wòaɖee ɖa la, ke nukatae vɔ̃ɖinyenye gakpɔtɔ bɔ alea gbegbe ɖo? Le wo gome la, kuxia enye be woaɖɔ susu etɔ̃ siwo dze abe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene la ɖo: (1) Mawu enye ŋusẽkatãtɔ; (2) Mawu enye lɔlɔ̃ eye wònyo; evɔ (3) afɔkuwo kpɔtɔ le dzɔdzɔm. Woƒe nukpɔsusue nye be esi susu etɔ̃lia nye nyateƒe matrɔmatrɔ ta la, ke susu eve siwo do ŋgɔ nɛ la dometɔ ɖeka ya teti mate ŋu anye nyateƒe o. Le wo gome la, Mawu mate ŋu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa o loo alo be metsɔ ɖeke le eme o.

Ŋkeke geɖe le Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã si le New York ƒe gbagbã megbe la, subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ aɖe si le United States gblɔ be: “Amewo biam . . . zi alafa geɖe le nye agbeme nusita Mawu ɖe mɔ ɖe afɔkuwo kple fukpekpewo ŋu. Medi be maʋu eme be nyemenya ŋuɖoɖo bliboa o, nye ŋutɔ hã nyemese egɔme alesi medii o.”

Ku ɖe nya sia ŋu la, mawunyafialagã aɖe ŋlɔ be subɔsubɔhakplɔla sia ƒe “mawunyafiafia nyui” ma wɔ dɔ ɖe ye dzi ŋutɔ. Eya hã lɔ̃ ɖe agbalẽnyala aɖe ƒe nukpɔsusu si wòŋlɔ la dzi be: “Alesi fukpekpe nye nusi gɔme womate ŋu ase o la kpe ɖe Mawu ƒe nɔnɔme si gɔme womate ŋu ase o ŋu.” Gake ɖe wònye nyateƒe be míate ŋu ase nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu gɔme oa?

Afisi Vɔ̃ɖinyenye Dzɔ Tso

To vovo na nusi subɔsubɔhakplɔlawo agblɔ la, Biblia ya meɖee fia be susu si ta Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu la nye nusi gɔme womate ŋu ase o. Nu vevi si ana míase vɔ̃ɖinyenye ƒe nya la gɔmee nye be míade dzesii be Yehowa mewɔ xexe si me vɔ̃ɖinyenye le o. Ewɔ amegbetɔ eve gbãtɔwo wode blibo, nuvɔ̃ menɔ wo ŋu o. Yehowa kpɔ nusiwo wòwɔ eye wòkpɔe be “wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:26, 31) Eƒe tameɖoɖoe wònye be Adam kple Xawa nakeke Eden Paradisoa ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa dzi eye woana edzi nayɔ fũ kple ame kpɔdzidzɔ siwo bɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye si me lɔlɔ̃ le la te.—Yesaya 45:18.

Vɔ̃ɖinyenye dze egɔme esi gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe, amesi togbɔ be ewɔ nuteƒe na Mawu do ŋgɔ hã la, va tu dzodzro be woade ta agu na ye la ɖo. (Yakobo 1:14, 15) Eƒe aglãdzedzea va dze le anyigba dzi esime wòble ame eve gbãtɔwo be woakpe ɖe ye ŋu le tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu me. Le esi Adam kple Xawa nawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame si me kɔ be woagaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia alo woagaka asi eŋu o dzi teƒe la, wogbe eƒe ɖe heɖu. (Mose I, 3:1-6) Le esia wɔwɔ me la, menye ɖeko wogbe toɖoɖo Mawu ko o ke woɖee fia hã be yewodi be yewoanɔ yewo ɖokui si eya manɔmee.

Nu Nyui Wɔwɔ ƒe Nya aɖe Fɔ Ðe Te

Aglãdzedze sia le Eden fɔ agbenyuinɔnɔ ƒe nya aɖe hã ɖe te, si nye gbetɔame si lɔ xexeame godoo ɖe eme. Ame dzeaglãwo ke ɖi nenye be Yehowa le eƒe dziɖulanyenye ɖe eƒe nuwɔwɔwo dzi la ŋudɔ wɔm ɖe mɔ nyuitɔ nu. Ðe Wɔla la kpɔ mɔ be wòabia toɖoɖo blibo tso amegbetɔƒomea sia? Ðe manyo na amewo wu ne wowɔ nusi woa ŋutɔwo di oa?

Yehowa kpɔ nya si wotsɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu la gbɔ le mɔ si ɖe eƒe lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ, siwo katã da sɔ le go sia go me fia la nu. Ate ŋu azã eƒe ŋusẽ atsɔ atsi aglãdzedzea nu keŋkeŋ enumake hafi. Edze abe etɔ dzɔ be wòawɔe nenema ene, esi wòkpɔ mɔ awɔe ta. Gake esia wɔwɔ makpɔ nu nyui wɔwɔ ƒe nya si fɔ ɖe te la gbɔ o. Le go bubu me la, Mawu ate ŋu atiae be yeaŋe aɖaba aƒu nuvɔ̃a dzi ko wòatɔ hafi. Adze na ame aɖewo egbea abe ɖe esia anye tiatiawɔwɔ si me lɔlɔ̃ le ene. Gake esia hã makpɔ nya si Satana fɔ ɖe te be amegbetɔwo ƒe wo ɖokui dzi ɖuɖu anyo wu la gbɔ o. Gawu la, ɖe aɖabaŋeŋe ƒu nuwɔnaa dzi made dzi ƒo na nuwɔwɔ bubuwo be woawo hã woagbe Yehowa ƒe mɔwo oa? Nusi ado tso eme anye fukpekpe si ayi edzi tegbee.

Yehowa zã eƒe nunya ɖe mɔ na amegbetɔwo be woanɔ wo ɖokui si awɔ nusi dze wo ŋu vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Togbɔ be esia afia be wòaɖe mɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vɔ̃ɖinyenye nayi edzi hã la, eto esia me na mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo be woaɖee afia nenye be woate ŋu aɖu wo ɖokui dzi dzidzedzetɔe Mawu manɔmee, ahazɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe dzidzenu le nyui kple vɔ̃ ŋu dzi. Nukae do tso eme? Amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya yɔ fũ kple aʋawɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, ameteteɖeanyi, kple fukpekpe ɣesiaɣi. Aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu ƒe taɖodzinu si do kpo nu la akpɔ nya si fɔ ɖe te le Eden la gbɔ zi ɖeka, tegbee.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia to Via Yesu Kristo, amesi tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe na tafevɔsae, si wòtsɔ na mí me. Esia ʋu mɔ na amegbetɔ siwo nye toɖolawo be woaɖe wo atso nuvɔ̃ kple ku si Adam ƒe tomaɖomaɖo he vɛ la ƒe fɔbubu te. Tafea ʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ ɖi na amesiwo katã xɔa Yesu dzi sena.—Yohanes 3:16.

Yehowa ka ɖe edzi na mí akɔfafatɔe be ɣeyiɣi kpui aɖe koe amegbetɔwo ƒe fukpekpe anɔ anyi. Hakpala la ŋlɔ bena: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:10, 11.

Etsɔme si me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔkpɔkpɔ Anɔ

Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be ɣeyiɣi si Mawu aɖe dɔléle, konyifafa, kple ku ɖa la tu aƒe ŋutɔ. De dzesi nu wɔnuku siwo gbɔna si woɖe fia apostolo Yohanes le ŋutega me. Eŋlɔ bena: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o. . . . Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli [ameƒomea], eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Wogblɔ nya aɖe na Yohanes be woatsɔ aɖe alesi kakaɖedzi le ŋugbedodo siawo ŋui afia, be: “Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:1-5.

Ke fɔmaɖila biliɔn geɖe siwo ku tso esime wodze aglã le Eden vaseɖe fifia ya ɖe? Yehowa do ŋugbe be yeafɔ amesiwo le alɔ̃ dɔm fifia le ku me la ɖe tsitre. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, [enye si] bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Mɔnukpɔkpɔ asu amesiawo si be woava nɔ agbe le xexe si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la me.—Petro II, 3:13.

Abe alesi vifofo lɔ̃ame aɖe mɔ woawɔ dɔ na via vevesesetɔe le esi wònya be esia ahe viɖe mavɔwo vɛ nɛ ta ene la, nenema ke Yehowa ɖe mɔ amegbetɔwo le vɔ̃ɖinyenye me tom le anyigba dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Ke hã yayra mavɔwo le amesiwo katã lɔ̃ be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la lalam. Paulo ɖe eme be: “Wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—Romatɔwo 8:20, 21.

Nyadzɔdzɔ ye esia nye vavã—menye esi tɔgbe míekpɔna egbea le television dzi alo xlẽna le nyadzɔdzɔgbalẽwo me o, ke boŋ nyanyui ŋutɔŋutɔe. Esiae nye nyadzɔdzɔ nyuitɔ kekeake si tso “akɔfafawo katã ƒe Mawu,” amesi tsɔa ɖe le eme na mí vevie, la gbɔ.—Korintotɔwo II, 1:3.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Ɣeyiɣi siwo va yi ɖee fia be ameƒomea mate ŋu aɖu eɖokui dzi dzidzedzetɔe Mawu manɔmee o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Somalian family: UN PHOTO 159849/M. GRANT; atom bomb: USAF photo; concentration camp: U.S. National Archives photo