Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Akpata Xɔ Kafukafununana

Fiaɖuƒe Akpata Xɔ Kafukafununana

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Fiaɖuƒe Akpata Xɔ Kafukafununana

DZIÐUÐUDƆWƆƑE si Kpɔa Nutoa me Gbɔ le Finland tia ƒe 2000 be enye “Anyigba Dzadzraɖo ƒe Ƒe.” Ðoɖo sia wɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be “taɖodzinu si ta anyigbadzadzraɖoe wotia na ƒea enye be woatsɔ aɖo ŋku alesi teƒe si wodo sɔgbewo kple seƒoƒowo ɖo hedzra ɖo nyuie la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ kple míaƒe nyonyo dzii la dzi na amewo katã.”

Le January 12, 2001, dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Finland xɔ lɛta aɖe tso Habɔbɔ si Kpɔa Finland ƒe Anyigba Dzadzraɖo Gbɔ la gbɔ. Lɛta la ɖe eme be wotia Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le Tikkurila be wòaxɔ anyigba dzadzraɖo ƒe nya si wotsɔ tu anyi le ƒea me la ƒe kafukafununanawo dometɔ ɖeka ɖe alesi wodzra teƒe si ƒo xlãe la ɖo helé be nɛ nyuie ta. Lɛtaa gblɔ kpee be “teƒe bliboa ƒe dzedzeme, le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa, nya kpɔ ale gbegbe, woɖo atsyɔ̃ nɛ nyuie, eye wòle nɔnɔme nyuitɔ kekeake me.”

Wotsɔ kafukafununana la na Yehowa Ðasefowo le Rosendahl Amedzrodzeƒe si le Tampere, Finland, le wɔna si me anyigbadzadzraɖo ŋutinunyalawo kple asitsala 400 va kpe ta ɖo la me. Habɔbɔ si Kpɔa Finland ƒe Anyigba Dzadzraɖo Gbɔ gatsɔ nya aɖe de asi na nyadzɔdzɔgblɔlawo, si gblɔ be: “Le dukɔa ƒe akpa vovovowo la, Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nye xɔ siwo wotu heɖo atsyɔ̃ na nyuie ɣesiaɣi. Alesi woléa be na teƒe si ƒo xlãe la wɔe be amesiame si tso eme va yina la kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu godoo. Alesi Tikkurila Fiaɖuƒe Akpata la ŋuti bɔa dze anii la nye alesi woɖo atsyɔ̃ na woe la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Xɔa ŋutɔ kple abɔ gã si le eŋu la siaa ɖe dzidzemenɔƒe si wònye fia.”

Fiaɖuƒe Akpata 233 ye le Finland eye wotso abɔ dzeaniwo ƒo xlã wo dometɔ geɖe. Gake nusi na teƒe siawo dze ani ŋutɔŋutɔe nye be wonye tadeaguƒe vavãtɔ kple afisi wosrɔ̃a Biblia le. Le Yehowa Ðasefo miliɔn ade kple edzivɔ siwo le xexeame godoo gome la, Fiaɖuƒe Akpata—eɖalolo alo le kpokploe o—nye teƒe si wolɔ̃na vevie. Esia tae wodina vevie be yewoalé be nɛ nyuie lɔlɔ̃tɔe ɖo. Fiaɖuƒe Akpatawo ƒe ʋɔtruwo le ʋuʋu ɖi faa na mia kple amesiwo katã le miaƒe nutoa me!