Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔnukpɔkpɔ Gã Su Asinye Le Aʋa Megbe Dɔa Ƒe Takeke Me

Mɔnukpɔkpɔ Gã Su Asinye Le Aʋa Megbe Dɔa Ƒe Takeke Me

Agbemeŋutinya

Mɔnukpɔkpɔ Gã Su Asinye Le Aʋa Megbe Dɔa Ƒe Takeke Me

BE ALESI FILIP S. HOFFMANN GBLƆE ENE

Ðeko Xexemeʋa II wu enu le May 1945 me koe nye ma. Ƒe ma ƒe December me la, Nathan H. Knorr si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm la ɖi tsa va Denmark eye eƒe agbalẽŋlɔla Milton G. Henschel si xɔ ƒe 25 la kpe ɖe eŋu. Míehaya xɔ gã aɖe ɖe sasrãkpɔ ma si míenɔ mɔ kpɔm na vevie la ŋu. Nuƒo si Nɔviŋutsu Henschel ƒo wɔ dɔ ɖe mí sɔhɛwo dzi ŋutɔ, elabena ƒe si wòxɔ la sɔ kple mía tɔ eye tanya si wòtia lae nye: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”—Nyagblɔla 12:1.

LE WOƑE vava ma me la, míese be nu dodzidzɔname siwo ado xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ nɔ dzɔdzɔm eye be míawo hã míate ŋu akpɔ gome le wo me. (Mateo 24:14) Le kpɔɖeŋu me, woɖo suku yeye aɖe le United States be woatsɔ ana hehe ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ. Nɔviŋutsu Knorr te gbe ɖe edzi be ne woyɔ mí la, “yiyi ƒe yameʋuɖotikit koe woaƒle na mí” eye míanya afisi woaɖo mí ɖo o. Togbɔ be ele nenema hã la, mía dometɔ aɖewo míebia be míade sukua.

Hafi magblɔ nye Xexemeʋa II megbe nuteƒekpɔkpɔwo na mi la, mina madze egɔme tso esime wodzim le ƒe 1919 me. Nanewo dzɔ do ŋgɔ na aʋaa kple le emegbe siwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe nye agbe dzi.

Biblia me Nyateƒea Sɔsrɔ̃ tso Ƒometɔ aɖe si ƒe Nya To Vovo na Wo Tɔwo Tɔ Gbɔ

Esi Dada fɔ nye—via gbãtɔ—ƒe fu la, edo gbe ɖa be ne yedzi ŋutsuvi la, ke mava zu dutanyanyuigblɔla. Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, ye foa nye, gake eƒe ƒomea me tɔwo bunɛ amesi ƒe nya to vovo na wo tɔe. Mía de tsɔ ɖe Copenhagen gbɔ, eye ne Biblia Nusrɔ̃viawo le woƒe ƒe sia ƒe ƒe takpekpe wɔ ge le afima la, Dada kpea Nyrui Thomas si ƒe tsoƒe didi vie tso afima gbɔ la be wòva dzea mía gbɔ. Va ɖo ƒe 1930 me la, eƒe Biblia nyanya si wɔ nuku kple eƒe numeɖeɖe siwo me susu le kpe ɖe Dada ŋu wòzu Biblia Nusrɔ̃vi.

Dada lɔ̃ Biblia ŋutɔ. Le wɔwɔ ɖe se si wode le Mose V, 6:7 dzi me la, efia nu mía kple ƒenye ‘ne ebɔbɔ nɔ aƒeme, alo ne ele mɔ dzi, ne emlɔ anyi, alo ne efɔ.’ Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, medze aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Melɔ̃a nuƒoƒo tso nyati siwo nye luʋɔ makumaku kple dzomavɔ, siwo sɔlemehawo nɔ fiafiam la, ŋu. Mete ŋu fianɛ amewo tso Biblia me be nufiafia mawo mesɔ o.—Psalmo 146:3, 4; Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4.

Míaƒe Ƒomea Va Wɔ Ðeka

Esi míewu takpekpe si míewɔ le Copenhagen le ƒe 1937 me nu megbe la, wohiã ame aɖe si anɔ kpekpeɖeŋu nam le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Denmark la ƒe agbalẽdaɖoƒe va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Ðeko mewu asitsatsa ŋuti nusrɔ̃suku aɖe nu koe nye ma eye agba aɖeke menɔ dzinye o, eyata metsɔ ɖokuinye na be mava na kpekpeɖeŋu le agbalẽdaɖoƒea. Esi dɔa vɔ le agbalẽdaɖoƒea la, wobia tso asinye be mava na kpekpeɖeŋu le alɔdzedɔwɔƒea. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke kura hafi medzo le aƒe va yi alɔdzedɔwɔƒea le Copenhagen o, togbɔ be nyemexɔ nyɔnyrɔ haɖe o hã. Hadede kple Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me gbesiagbe kpe ɖe ŋunye meyi ŋgɔ kabakaba le gbɔgbɔ me. Ƒe si kplɔe ɖo ƒe January 1, 1938, dzi la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzii.

Xexemeʋa II dzɔ le September 1939 me. Eye le April 9, 1940, dzi la, Germany srafowo xɔ Denmark. Esi wona ablɔɖe gã aɖe Denmarktɔwo ta la, míete ŋu yi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi.

Ɣemaɣie nu wɔnuku aɖe dzɔ. Papa zu Ðasefo nuteƒewɔla si me dzo le eye esia na míaƒe ƒomea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ de blibo azɔ. Eyata esi woyɔ mía kple Denmarktɔ ene bubuwo be míava de Gilead Sukua ƒe klass enyilia la, edzɔ dzi na míaƒe ƒome bliboa katã. Míede ɣleti atɔ̃ ƒe suku si gɔme míedze le September 1946 me la le South Lansing si le New York nutome la ƒe sukuƒe dzeani la me.

Gilead Sukua Dede Kple Hehexɔxɔ le Edede Vɔ Megbe

Gilead naa mɔnukpɔkpɔ ame be woadze xɔlɔ̃ nyui yeyewo. Gbeɖeka fiẽ esi mía kple Harold King si tso England míenɔ tsa ɖim le sukukpoa dzi la, míeɖo dze tso afisi woaɖo mí ɖo ne míewu míaƒe hehexɔxɔa nu ŋu. Harold gblɔ be: “Nyemexɔe se be zi mamlɛae nye sia si mele Dover ƒe agakpe siwo tame funa kpii [siwo le England ƒe Anyiehe] la kpɔm o.” Nyateƒee wòto, gake ƒe 17 va yi hafi wògakpɔ agakpe mawo ake, eye enɔ Chinatɔwo ƒe gaxɔ me ƒe ene kple afã le ƒe mawo me! *

Esi míewu sukua nu la, woɖom ɖe Texas, U.S.A., be manye dzikpɔla mɔzɔla anɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo srãm kpɔ anɔ kpekpem ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me. Woxɔm alɔ evee. Edzɔ dzi na Texas nɔviawo be ɖekakpui si nye Europatɔ si wu Gilead Sukua nu laa la nava nɔ yewo srãm kpɔ. Gake esi mewɔ dɔ dzinu adre ko le Texas la, wogayɔm be mava Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã la si le Brooklyn, New York. Nɔviŋutsu Knorr de dɔ asi nam le afima be mawɔ dɔ le ɔfis, eye wògblɔ nam be masrɔ̃ alesi dɔwo yinae le Betel ƒe dɔwɔƒe vovovoawo. Ke ne emegbe megbɔ va Denmark la, mawɔ nusi mesrɔ̃ la ŋudɔ eye makpɔ egbɔ be wowɔ nusianu abe alesi wowɔnɛ le Brooklyn ene. Nusitae nye be bene alɔdzedɔwɔƒewo katã le xexeame godoo ƒe dɔwɔwɔ nato mɔ ɖeka ale be nuwo natsɔ afɔ nyuie ɖe ɖoɖo nu. Emegbe Nɔviŋutsu Knorr ɖem ɖo ɖe Germany.

Nufiameawo Ŋudɔwɔwɔ le Alɔdzedɔwɔƒewo

Esi meva ɖo Wiesbaden, Germany, le July 1949 me la, Germany-du geɖe gakpɔtɔ nɔ anyi siwo me nàkpɔ aʋawɔwɔa ƒe nugblẽƒe le. Amesiwo xɔ ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me nye ŋutsu siwo yome woti tso esime Hitler va zi dzi le ƒe 1933 me ke. Wo dometɔ aɖewo nɔ gaxɔ kple fuwɔamegaxɔwo me ƒe enyi va ɖo ƒe ewo alo wu nenema! Mewɔ dɔ kple Yehowa subɔla siawo ƒe etɔ̃ kple afã. Woƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ la naa meɖoa ŋku Germanytɔ ŋutinyaŋlɔla Gabriele Yonan ƒe nya aɖe dzi, esi wòŋlɔ be: “Ne ɖe menye Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia si nɔ te maʋãmaʋãe le Sosialist Dziɖuɖua te ƒe kpɔɖeŋue wònye o la, anye ne—le Auschwitz kple Ametsɔtsrɔ̃ Gã la megbe—míake ɖi le eŋu ne anya wɔ be woawɔ Kristotɔwo ƒe nufiafia siwo tso Yesu gbɔ la dzi hã.”

Dɔ si wode asi nam le Denmark ƒe alɔdzedɔwɔƒea kee wogade asi nam le afisia hã: be maɖo dɔwɔɖoɖo yeye si sɔ kple esi wozãna le afi bubuwo la anyi. Esi Germany nɔviwo kpɔe be menye ɖe tɔtrɔawo fia be mele ɖeklemi ɖem yewoƒe dɔwɔwɔ o—ke boŋ be ɖe ɣeyiɣia de azɔ be dɔwɔwɔ aduadu si gale kplikplikpli wu nanɔ alɔdze vovovoawo kple dɔwɔƒegã la dome la—dzo yeye aɖe ɖo wo me eye woɖe wɔwɔ ɖe edzi ƒe gbɔgbɔ nyui aɖe fia.

Le ƒe 1952 me la, mexɔ lɛta aɖe tso Nɔviŋutsu Knorr ƒe dɔwɔƒe si me nyawo gblɔ be mayi alɔdzedɔwɔƒe si le Bern, Switzerland. Wode dɔ asi nam be manye alɔdzea dzikpɔla, tso January 1, 1953, dzi.

Nu Dodzidzɔname Yeyewo le Switzerland

Ɣeyiɣi kpui aɖe le nye Switzerland ɖoɖo megbe la, mía kple Esther míedo go le takpekpe aɖe me, eye eteƒe medidi hafi míedo ŋugbe na mía nɔewo o. Le August 1954 me la, Nɔviŋutsu Knorr gblɔ be mava Brooklyn, afisi wofia dɔ yeye dodzidzɔname aɖe wɔwɔm le. Esi alɔdzedɔwɔƒewo kple amesiwo wɔa dɔ le afimawo dzi ɖe edzi ale gbegbe le xexeame godoo ta la, wowɔ ɖoɖo yeye aɖe. Woma xexeame ɖe alɔdzewo dzikpɔkpɔ ƒe nuto vovovowo me, eye alɔdzedzikpɔla ɖeka subɔa wo dometɔ ɖesiaɖe. Wode nuto siawo ƒe eve asi nam be masubɔ: Europa kple Mediterranea nutoa.

Menɔ Brooklyn ɣeyiɣi kpui aɖe ko, eye esi megbɔ va Switzerland la, medzra ɖo enumake ɖe alɔdzewo sasrãkpɔa ŋu. Mía kple Esther míeɖe mía nɔewo, eye eva kpe ɖe ŋunye le subɔsubɔ le Switzerland ƒe alɔdzedɔwɔƒea. Teƒe gbãtɔ siwo meyi le nye sasrãkpɔ gbãtɔa mee nye dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo me kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le Italy, Greece, Cyprus, Titina Ɣedzeƒe dukɔwo kple Dziehe Afrika ƒutadukɔwo kple Spain kpakple Portugal ƒe alɔdzedɔwɔƒewo—wo katã le dukɔ 13. Megbɔ va Bern sẽ, eye megayi nye mɔzɔzɔa dzi de Europa-dukɔ bubu siwo katã le Soviet-dukɔwo ƒe ɣetoɖoƒe me. Le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe gbãtɔ me la, medzo le nɔnyeƒe ɣleti ade va nɔ mía nɔvi Kristotɔwo subɔm.

Nuwo Trɔ

Le ƒe 1957 me la, Esther kpɔ be yefɔ fu, eye esi womewɔ ɖoɖo be dzilawo kple wo viwo nanɔ alɔdzedɔwɔƒe o ta la, míeɖoe be míayi Denmark, eye Papa xɔ mí atuu be míanɔ ye gbɔ. Esther kpɔa mía vinyɔnuvia, Rakel, kple fofonye dzi, eye nye hã mewɔa dɔ le alɔdzedɔwɔƒe yeye si wotu la. Mefia nu le Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ Suku si wowɔ na dzikpɔlawo me eye megayi alɔdzewo sasrãkpɔdɔa hã dzi.

Alɔdzewo sasrãkpɔdɔa fia be mazɔ mɔ ɣeyiɣi didi, eye nublanuitɔe la, efia be madzo le mía vinyɔnuvia gbɔ ɣeyiɣi didi. Mede ɖevia dzi nenema o. Ɣeaɖeɣi meva nɔ Paris, afisi míeɖo agbalẽtaƒe sue aɖe ɖo, wòdidi vie. Esther kple Rakel ɖo keteke va be yewoakpɔm ɖa eye wova ɖi ɖe Gare du Nord. Mía kple Léopold Jontès si nɔ dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒea míeyi be míava kpe wo. Rakel tsi tre ɖe ketetegakpodziʋu via ƒe atrakpui nu eye wòkpɔ Léopold dũ, va kpɔm, gagbugbɔ kpɔ Léopold, eye wòva wɔ atuu na Léopold!

Tɔtrɔ vevi bubu gava esime le nye ƒe 45 xɔxɔ me meɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu be mawɔ ŋutilãmedɔ atsɔ akpɔ míaƒe ƒomea dzii. Nye nuteƒekpɔkpɔ le subɔla si nye Yehowa Ðasefo nyenye me kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ va nye dɔwɔƒe si ɖoa nuwo ɖe duta ƒe amegã. Esi mewɔ dɔ na dɔwɔha ɖeka ma ƒe asieke lɔƒo eye Rakel wu suku nu la, míeɖoe be míawɔ ɖe dzideƒoname si nye be míaʋu ayi afisi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo hiã le wu la dzi.

Esi melé ŋku ɖe dɔkpɔkpɔ le Norway ƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu la, mebia tso dɔwɔha la si be woate ŋu agana dɔm hã. Woƒe ŋuɖoɖoa mede dzi ƒo o. Esesẽ be ame aɖe nagaxɔ amesi xɔ ƒe 55 ɖe dɔ me. Ke hã meŋlɔ agbalẽ na Oslo ƒe alɔdzedɔwɔƒea eye mehaya aƒe aɖe si gogo Drøbak, kple kakaɖedzi be mava kpɔ dɔ aɖe awɔ le afima. Meva kpɔ ɖe, eye esia megbe mese vivi na Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ale gbegbe le Norway.

Ɣeyiɣi siwo míese vivi na wue nye esiwo me míaƒe hamea me tɔ akpa gãtɔ zɔa mɔ yia dziehe va wɔa dɔ le anyigbamama siwo womede asi na ame aɖeke o me. Míehayaa kɔƒewo le afisi woate ŋu atso asaɖa ɖo eye gbesiagbe míetsoa afima yia kɔƒe siwo kaka ɖe tonuto dzeani ma me la me. Dzidzɔ ŋutɔ wònyena be míagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya na ame wɔame mawo. Míenaa agbalẽ geɖe wo, gake ƒe trɔna hafi míewɔa tɔtrɔyiwo. Ke hã ameawo meŋlɔ mí be o! Esther kple Rakel gaɖoa ŋku ɣeyiɣi si me míetrɔna yina eye woxɔa mí atuu abe woƒe ƒometɔ siwo wokpɔ ɣeyiɣi didi aɖe ene la dzi. Le Norway nɔnɔ ƒe etɔ̃ vɔ megbe la, míegbɔ va Denmark.

Ƒomegbenɔnɔ me Dzidzɔkpɔkpɔwo

Eteƒe medidi o Rakel kple Niels Højer si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si doa vevie nu ŋutɔ la wodo ŋugbe na wo nɔewo. Le woƒe srɔ̃ɖeɖea vɔ megbe la, Niels kple Rakel yi mɔɖeɖedɔa dzi vaseɖe esime wodzi vi. Niels nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui aɖe si tsɔ ɖe le eƒe ƒomea ƒe nyonyo me vevie hã. Gbeɖeka ŋdi etsɔ viaŋutsuvi ɖe gasɔ dzi woyi ƒuta be ɖevia nakpɔ agudzedze ɖa. Aƒelika aɖe bia ɖevia be nukae woyi va wɔ le afima hã. Eɖo eŋu be: “Míeva do gbe ɖa na Yehowa.”

Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mía kple Esther míekpɔ mía tɔgbui kple mama yɔvi tsitsitɔ eve siwo nye Benjamin kple Nadja ƒe nyɔnyrɔxɔƒe. Niels hã nɔ amesiwo nɔ eteƒe kpɔm dome, eye wòtrɔ dze ŋgɔm zi ɖeka. Ekpɔm dũ eye wògblɔ be, “Ŋutsu mefaa avi o.” Gake mede aɖabaƒoƒo aɖeke hafi mí ame evea míedze avifafa o. Dzidzɔ kae nye si be mia kple towòyɔvi miate ŋu ako nu ahafa avi siaa ɖekae!

Míegale Tɔtrɔm Ðe Nɔnɔmeawo Ŋu Kokoko

Yayra bubue ganye esime wobia tso mía kple Esther si be míagbɔ va Denmark ƒe alɔdzedɔwɔƒea. Gake ɣemaɣi wonɔ dzadzraɖo wɔm be woatu alɔdzedɔwɔƒe bubu si lolo wu ɖe Holbæk. Enye mɔnukpɔkpɔ nam be makpɔ gome le xɔ si tulawo katã nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo mexɔa fetu o la tutudɔ dzi kpɔkpɔ me. Togbɔ be vuvɔ nu sẽ ɣemaɣi ŋutɔ hã la, va ɖo ƒe 1982 ƒe nuwuwu la, wowu xɔtudɔa ƒe akpa gãtɔ nu, eye enye dzidzɔ gã aɖe na mí katã be míeʋu yi aƒe sia si lolo wu eye wònyo wu la me!

Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi medze ɔfisdɔ gɔme o, eye mese vivi geɖe na ewɔwɔ, eye Esther hã xɔa telefon kaƒoƒowo. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wowɔ dɔ nɛ ɖɔli eƒe aliƒu aɖewo eye ƒe ɖeka kple afã le ema megbe wogawɔ dɔ bubu na eƒe vevetoe. Togbɔ be nɔviwo le alɔdzedɔwɔƒea ɖe amewɔwɔ kple ameŋububu fia hã la, míekpɔe be anyo na mí kpakple wo siaa ne míedzo le alɔdzedɔwɔƒea. Míedzo yi hame si me mía vinyɔnua kple eƒe ƒomea le me.

Lãmesẽ megale Esther si egbea o. Ke hã mate ŋu atsɔ kakaɖedzi agblɔe be le ƒe siwo katã míetsɔ subɔ ɖekae me, le nɔnɔme vovovo siwo nɔa tɔtrɔm siwo me míeto me la, enye kpeɖeŋutɔ kple zɔhɛ vavã nam. Togbɔ be ŋusẽ le vɔvɔm le mía ŋu hã la, míegawɔa gbeƒãɖeɖedɔa alesi míate ŋui kokoko. Ne menɔ anyi bu alesi nye agbenɔnɔ katã yii ŋu la, medaa akpe be mesena le ɖokuinye me abe hakpala la ene, esi wògblɔ be: “Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbeƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.”—Psalmo 71:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Kpɔ July 15, 1963, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 437-42.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Agbalẽ ɖeɖe le ʋu me le Germany ƒe alɔdzedɔwɔƒea le alɔdzedɔwɔƒea tuɣi le ƒe 1949 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nye dɔwɔhati aɖewo nye Ðasefowo, abe amesiawo siwo trɔ gbɔ tso fuwɔamegaxɔwo me ene

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Mía kple Esther egbea kple le míaƒe srɔ̃kpegbe le Bern Betel, October 1955