Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nɔ Hehe Nam Ðokuiwò”

“Nɔ Hehe Nam Ðokuiwò”

“Nɔ Hehe Nam Ðokuiwò”

CITIUS, altius, fortius—netsɔ wu, neyi dzi wu, eme nesẽ wu! Esiawoe nye taɖodzinu siwo kamedefefewɔla siwo nɔ blema Hela kple Roma la minyãna vevie. Wowɔ kamedefefe ƒe hoʋiʋli gãwo le Olympia, Delphi, kple Nemea kpakple le Isthmus si le Korinto, ƒe alafa geɖe, kple susu be mawuwo ƒe “yayra” le edzi eye be wòanye nukpɔkpɔ na nuteƒekpɔla akpe geɖe. Ƒe geɖe ƒe agbagbadzedze vevie gbɔe wòtsona be mɔnukpɔkpɔ sua ame si be wòakpɔ gome le hoʋiʋli siawo me. Dziɖuɖu le wo me hea kafukafu vɛ na amesiwo ɖu dzi la kple wo dedua siaa.

Esi Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo nɔ nuto siawo siwo me nuwɔna siawo yia edzi le me ta la, mewɔ nuku be wotsɔ Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔ me duɖimekekea sɔ kple duɖimekeke ƒe hoʋiʋliwo o. Apostolo Petro kple Paulo siaa zã kpɔɖeŋunya siwo ku ɖe hoʋiʋliwo ŋu aɖaŋutɔe tsɔ fia nufiafia ƒe nya veviwoe. Le míaƒe ŋkekea me la, Kristotɔwo ƒe duɖimekeke sesẽ ma ke gakpɔtɔ le edzi yim. Ele be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nakpe akɔ kple Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia; egbea la, ele be míawo hã ‘míate kame’ kple xexemenuɖoanyi si ɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe agbo nu. (Timoteo II, 2:5; 3:1-5) Ame aɖewo akpɔe be yewoƒe “xɔse ƒe ʋiʋli” la dzi mele ɖeɖem kpɔtɔ o eye nu le yewo glom. (Timoteo I, 6:12) Hoʋiʋli ŋuti kpɔɖeŋu siwo wowɔ le Biblia me la dometɔ aɖewo me dzodzro aɖe vi na mí ŋutɔ.

Hehenala Nyuitɔ

Duɖimekela ƒe dziɖuɖukpɔkpɔ ƒe akpa gãtɔ nɔa te ɖe amesi le hehe namee dzi. Archaeologia Graeca gblɔ le blema hoʋiʋliwo ŋu be: “Wobiana tsoa hoʋlilawo si be woaka atam be ɣleti ewo bliboe yewotsɔ dzra ɖoe ɖe hoʋiʋlia ŋu.” Ehiã be Kristotɔwo hã naxɔ hehe sesẽwo. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo, si nye Kristotɔ hamemegã, be: “Nɔ hehe nam ɖokuiwò eye mawusosroɖa nanye wò taɖodzinu.” (Timoteo I, 4:7, NW ) Amekae naa hehe Kristotɔ “duɖimekela”? Menye ame bubu aɖeke wu Yehowa Mawu ŋutɔ o! Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Amenuveve katã ƒe Mawu la . . . ŋutɔ awu miaƒe hehexɔxɔ nu, ali ke mi, ado ŋusẽ mi.”—Petro I, 5:10, NW.

Theological Lexicon of the New Testament gblɔ be woɖe nyagbɔgblɔ “awu miaƒe hehexɔxɔ nu” tso Helagbe me dɔwɔnya aɖe, si gɔme koŋ enye “be woawɔ nane [alo ame aɖe] wòasɔ na eƒe taɖodzinu aɖe, woadzrae ɖo ahatrɔ asi le eŋu na zazã” me. Nenema ke Liddell kple Scott ƒe Greek-English Lexicon gblɔ be woate ŋu aɖe dɔwɔnya ma gɔme be “woadzra ɖo, woaxɔ hehe, alo woasu te bliboe.” Mɔ kawo nue Yehowa ‘dzraa mí ɖo, naa hehe mí, alo naa míesua te bliboe’ le ɖe Kristotɔwo ƒe duɖimekeke sesẽa ŋui? Be míase nu tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ƒe nya sia gɔme la, mina míade ŋugble le hehenana ƒe mɔnu aɖewo siwo hehenalawo zã ŋu kpɔ.

Agbalẽ si nye The Olympic Games in Ancient Greece gblɔ be: “Amesiwo naa hehe sɔhɛawo zãa mɔnu eve aɖewo koŋ, siwo ƒe gbãtɔ ƒe taɖodzinu enye be woade dzi ƒo na hehexɔla la be wòaʋli vevie alesi wòate ŋui bene wòakpɔ dzidzedze nyuitɔ, eye evelia enye be woana aɖaŋu kple atsiã si wòzãna la nanyo ɖe edzi.”

Nenema ke Yehowa dea dzi ƒo na mí hedoa ŋusẽ mí be míaɖo míaƒe ŋutete nyuitɔ kekeake gbɔ eye be míana aɖaŋu siwo míezãna le eƒe subɔsubɔdɔa me naganyo ɖe edzi. Mía Mawu toa Biblia, eƒe anyigba dzi habɔbɔa, kple hati Kristotɔ tsitsiwo dzi doa ŋusẽ mí. Ɣeaɖewoɣi enaa hehea mí to tohehe na mí me. (Hebritɔwo 12:6) Ɣebubuɣiwo ate ŋu aɖe mɔ míato tetekpɔ kple nɔnɔme sesẽ vovovowo me ale be míate ŋu asrɔ̃ dzidodo. (Yakobo 1:2-4) Eye edoa ŋusẽ si míehiã la mí. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖɔa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua du metia wo o, wozɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.”—Yesaya 40:31.

Ƒo wo katã ta la, Mawu naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí le agbɔsɔsɔ gã aɖe me, si doa ŋusẽ mí be míayi edzi anɔ subɔsubɔ si dzea eŋu la tsɔm nɛ. (Luka 11:13) Zi geɖe la, Mawu subɔlawo do dzi le xɔse ƒe dodokpɔ sesẽ siwo xɔ ɣeyiɣi didi me. Amesiwo to esia me la nye ŋutsu kple nyɔnu siwo le abe míawo ke ene. Gake woƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu bliboe ye kpe ɖe wo ŋu wodo dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Nyateƒee, ‘ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ si gbã go la, nye Mawu tɔ, eye menye woawo gbɔ wòtso o.’—Korintotɔwo II, 4:7.

Hehenala Veveseɖeamenula

Agbalẽnyala aɖe gblɔ be blema hehenalawo ƒe dɔwo dometɔ ɖekae nye be “wòatia hehenana ƒe mɔnu si wòazã na duɖimekela ɖesiaɖe kple zi gbɔ zi alesi wòanae be wòasɔ ɖe ho si tututu ʋlim wòle la nu.” Esi Mawu le hehe nam mí la, ebua mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmewo, ŋutetewo, amenyenye, kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Ne Yehowa le hehe nam mí la, zi geɖe míeƒoa koko nɛ, abe alesi Hiob wɔe ene, be: “Ðo ŋui be, tsue nètsɔ wɔm.” (Hiob 10:9) Aleke míaƒe hehenala veveseɖeamenula la wɔa nu ɖe eŋui? Dawid ŋlɔ tso Yehowa ŋu be: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.”—Psalmo 103:14.

Ðewohĩ lãmesẽkuxi sesẽ aɖe le ŋuwò si ɖea nusi nàte ŋu awɔ le gbeadzi dzi kpɔtɔna, alo be ɖewohĩ èsenɛ le ɖokuiwò me be asixɔxɔ mele ye ŋu o. Ðewohĩ nèle agbagba dzem vevie be yeaɖe asi le numame gbegblẽ aɖe ŋu, alo àse le ɖokuiwò me be yemate ŋu anɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu si yia edzi le miaƒe nutoa me, le dɔwɔƒe, alo le suku la nu o. Nɔnɔme ka ke mee nèɖale o, mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa sea wò kuxiawo gɔme wu ame ɖesiaɖe—wu wò ŋutɔ gɔ̃ hã! Esi wònye hehenala si tsɔa ɖe le eme na ame ta la, ele klalo be yeakpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi si nàte ɖe ye ŋu kplikplikpli.—Yakobo 4:8.

Blema hehenalawo “te ŋu dea dzesi ɖeɖiteameŋu alo gbɔdzɔgbɔdzɔ si metso hehexɔxɔa gbɔ o ke boŋ tso nu bubuwo abe nusi le fu ɖem na amea le susume, seselelãme masɔmasɔwo, blanuiléle, kple bubuawo ene gbɔ. . . . [Hehenalaa] ƒe dɔa keke ta ale gbegbe be wote ŋu léa ŋku ɖe duɖimekela ƒe agbenɔnɔ ŋu le eƒe manyamanya me eye wowɔa afɔɖeɖe le afisi wokpɔ be esɔ be yewoana kpekpeɖeŋui le.”

Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be ɖeɖi te ye ŋu alo be yegbɔdzɔ le xexe sia me tetekpɔwo kple nyaƒoɖeamenu siwo nu gbe tsotso la ta? Yehowa si nye wò hehenala tsɔa ɖe le eme na wò vevie. (Petro I, 5:7) Edzea si gbɔgbɔ me gbɔdzɔgbɔdzɔ alo ɖeɖiteameŋu ɖesiaɖe si le mewò la enumake. Togbɔ be Yehowa dea bubu mía ŋutɔwo ƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu hã la, enaa kpekpeɖeŋu kple ɖɔɖɔɖo geɖe mí ne ehiã le esi wòtsɔa ɖe le míaƒe dedienɔnɔ mavɔ me ta. (Yesaya 30:21) Le mɔ ka nu? To Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, hamemegã siwo nye gbɔgbɔmemewo, kple mía nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le dzi.

‘Ðokuidziɖuɖu le Nuwo Katã Me’

Enye nyateƒe be be woakpɔ dzidzedze la, nu geɖe hiã wu hehenala nyui ƒe amesinɔnɔ ko. Eƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe duɖimekelaa ŋutɔ kple alesi wòtsɔ eɖokui ɖo anyi na hehe sesẽa xɔxɔe dzi. Mɔxeɖenu sesẽwo kpe ɖe hehexɔxɔa ŋu, le esi wòbia be woatsri kɔɖiɖinameɖokuinu aɖewo kple nuɖuɖu aɖewo ta. Hakpanyaŋlɔla Horace, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me, gblɔ be hoʋlilawo “tsria nyɔnuwo kple wein” bene “woate ŋu aɖo taɖodzinu si minyãm wole ɣeyiɣi didi la gbɔ.” Eye le Biblia ŋuti nunyala F. C. Cook ƒe nya nu la, ele be hoʋlilawo nato “ɖokuidziɖuɖu [kple] nuɖuɖu aɖewo tsitsri me . . . ɣleti ewo sɔŋ.”

Paulo zã nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ƒe kpɔɖeŋu sia esi wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔ siwo nɔ Korinto, si nye du si me tɔwo nya nu tso Isthmus Hoʋiʋli si yia edzi le afisi medidi tso wo gbɔ o la ŋu nyuie, be: “Amesiame, si le kame tem la, [eɖua eɖokui dzi] le nusianu me.” (Korintotɔwo I, 9:25) Kristotɔ vavãwo tsria ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple agbenɔnɔ ƒaƒã siwo le xexeame. (Efesotɔwo 5:3-5; Yohanes I, 2:15-17) Ele be woaɖe mawumavɔmavɔ̃ ƒe nɔnɔmewo kple nɔnɔme siwo mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o ɖa ahatsɔ Kristo ƒe nɔnɔmewo aɖo eteƒe.—Kolosetɔwo 3:9, 10, 12.

Aleke woate ŋu awɔ esiae? Be nàkpɔ wo dometɔ vevitɔ ɖeka la, de dzesi ŋuɖoɖo si Paulo na le kpɔɖeŋunya sẽŋu siawo me, be: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.”—Korintotɔwo I, 9:27.

Nya vevi ŋutɔ aɖee nye ma Paulo gblɔ le afisia! Menye ɖe wònɔ edom ɖa be míawɔ fu míaƒe ŋutilãa ŋutɔŋutɔ ase veve o. Ke boŋ ɖe wòlɔ̃ ɖe edzi be ʋiʋli aɖe yia edzi le ye ɖokui me. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔ nusi medi be yeawɔ hafi o, eye nusiwo wòdi la, mewɔ wo o. Gake eʋli vevie be yemaɖe mɔ yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo naɖu ye dzi o. ‘Eƒo eƒe ŋutilã’ vevie, eye wòdze agbagba ɖesiaɖe ɖe eƒe ŋutilã me nudzodzrowo kple didiwo ɖa.—Romatɔwo 7:21-25.

Ehiã be Kristotɔwo katã nawɔe nenema pɛpɛpɛ. Paulo ƒo nu tso tɔtrɔ siwo Korintotɔ aɖewo, amesiwo dometɔ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe matrewɔwɔ, trɔ̃subɔsubɔ, ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ, fififi, kple bubuawo me tsã, wɔ la ŋu. Nukae kpe ɖe wo ŋu be wotrɔ? Mawu ƒe Nya la kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ, tsɔ kpe ɖe woƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoatrɔ ŋu, ye na wote ŋui. Paulo gblɔ be: “Ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.” (Korintotɔwo I, 6:9-11) Petro hã ŋlɔ nya siawo ke tɔgbe tso amesiwo ɖe asi le woƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu la ŋuti. Esi wova zu Kristotɔwo la, wo katã wowɔ tɔtrɔwo ŋutɔŋutɔ.—Petro I, 4:3, 4.

Agbagbadzedze Ðe Susu Nyuiwo Ta

Paulo wɔ alesi wòna eƒe susu nɔ nu ɖeka kolia ŋu eye wòku ɖe gbɔgbɔ me taɖodzinuwo koŋ ŋu la ƒe kpɔɖeŋu ale: “Mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o.” (Korintotɔwo I, 9:26) Aleke hoʋlila si le kɔ dam ada kɔe? Agbalẽ si nye The Life of the Greeks and Romans ɖo eŋu be: “Menye ŋusẽ ŋutɔŋutɔ koe hiã o ke boŋ alesi amea ƒe ŋku anɔ ŋute nyuie be wòate ŋu ade dzesi amesi wòle avu wɔm kplii la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo hãe. Nusi gahiã vevie enye aɖaŋudzedze si woasrɔ̃ le avuwɔwɔ ƒe hehexɔƒewo kpakple alesi woƒe alɔ natsɔe bene woate ŋu aɖu ame kemɛa dzi.”

Nusiwo míele avu wɔm kplii la dometɔ ɖekae nye míaƒe ŋutilã madebliboa. Ðe míede dzesi mía ŋutɔwo ƒe “gbɔdzɔgbɔdzɔƒewoa”? Ðe míele lɔlɔ̃m be míakpɔ mía ɖokui abe alesi ame bubu kpɔa míi ene—vevietɔ abe alesi Satana akpɔ mí enea? Esia abia ɖokuimedzodzro anukwaretɔe kple mía ɖokui dadakpɔ kpakple didi be míawɔ tɔtrɔwo. Ameɖokuibeble nɔa bɔbɔe. (Yakobo 1:22) Aleke wòle bɔbɔe be míaʋli nuwɔna gbegblẽ aɖe tae enye si! (Samuel I, 15:13-15, 20, 21) Esia asɔ kple ‘kɔ dada ɖe yame.’

Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, amesiwo di be yewoadze Yehowa ŋu ahakpɔ agbe la mahe ɖe megbe le nyui alo vɔ̃, Mawu ƒe hamea alo xexeme gblẽkua, ƒe tiatia wɔwɔ me o. Ele be woaƒo asa na tsaglãlatsatsa, eye woaganye ‘dzimevesusula siwo melina sesĩe ɖe woƒe mɔwo katã dzi o.’ (Yakobo 1:8) Mele be woagblẽ woƒe ŋusẽ ɖe nusiwo ŋu viɖe mele o la yometiti ŋu o. Ne ame to mɔ dzɔdzɔe ɖeka sia si ŋu eƒe susu le la, akpɔ dzidzɔ eye eƒe ‘ŋgɔgbedede adze ƒã na amewo katã.’—Timoteo I, 4:15.

Ẽ, Kristotɔwo ƒe duɖimekekea kpɔtɔ le edzi yim. Yehowa—míaƒe Hehenala Gãtɔ—yi edzi le nufiame kple kpekpeɖeŋu siwo hiã be míado dzi ahakpɔ dziɖuɖu mlɔeba la nam mí. (Yesaya 48:17) Abe alesi wòle le blema duɖimekelawo gome ene la, ehiã be míatu ɖokuimamlã, ɖokuidziɖuɖu, kple susu ƒe nu ɖeka ŋu nɔnɔ ɖo le míaƒe xɔse ƒe hoʋiʋlia me. Woaɖo agbagba si míadze ɖe susu nyuiwo ta la teƒe na mí geɖe.—Hebritɔwo 11:6.

[Aɖaka si le axa 31]

‘Misi Ami Nɛ’

Amisila wɔa akpa aɖe le hehenana duɖimekelawo me le blema Hela. Eƒe dɔe nye be wòasi ami na amesiwo yina ho ʋli ge. Agbalẽ si nye The Olympic Games in Ancient Greece gblɔ be hehenalawo “de dzesii be ne wohe lãmekawo me na ame nyuie hafi te hehenanae la, eɖea vi ŋutɔ, eye be lãmehehe blewuu ŋuɖɔɖɔɖotɔe kpena ɖe duɖimekela si wu du legbee ƒuƒu nu teti la ŋu be wòagbɔ ɖe eme eye eƒe lãme nagasẽ ake.”

Abe alesi ami ŋutɔ sisi na ŋutilãa ate ŋu ana gbɔɖeme, lãmesẽ, kple dɔyɔyɔ amee ene la, Mawu ƒe Nya la zazã atsɔ ahe lãme na Kristotɔ “duɖimekela” si ŋu ɖeɖi te la ate ŋu aɖɔe ɖo, afa akɔ nɛ, ahayɔ dɔe. Eyata woxlɔ̃ nu hamemetsitsiwo le Yehowa ƒe mɔfiafia te be woado gbe ɖa ɖe amesiawo ta, ‘ahasi ami na wo le Yehowa ƒe ŋkɔa me,’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, si nye nusi hiã vevie be woakpɔ gbɔgbɔ me dɔyɔyɔ.—Yakobo 5:13-15; Psalmo 141:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Le vɔsasa megbe la, hoʋlilawo kaa atam be ɣleti ewoe yewoxɔ hehe tsɔ dzra ɖoe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musée du Louvre, Paris

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

Copyright British Museum