Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛ Siwo Lɔ̃ Nyateƒea

Sɔhɛ Siwo Lɔ̃ Nyateƒea

Sɔhɛ Siwo Lɔ̃ Nyateƒea

HEBRITƆ hakpala aɖe bia ƒe 2,400 kple edzivɔ enye si va yi be: “Aleke ɖekakpui alé eƒe mɔ atsɔ fɔɖiɖi manɔmee?” (Psalmo 119:9) Biabia sia gasɔ ŋutɔ egbea elabena kuxi geɖe dze ŋgɔ ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo le xexeame. Gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ʋu mɔ le sɔhɛ geɖe ŋu na AIDS dɔlélea, eye amesiwo xɔ dɔ vɔ̃ɖi sia la ƒe afã xɔ tso ƒe 15 vaseɖe 24. Atikevɔ̃ɖizazã hã le kuxi geɖe hem vɛ eye wòle sɔhɛ geɖe ƒe agbe dzi tsom. Hadzidzi ƒaƒãwo; sinima siwo me ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ le, television dzi wɔnawo, kple videowo; kpakple amamaɖeɖe fotowo kpɔkpɔ le Internet dzi le ŋusẽ gbegblẽ aɖe kpɔm ɖe sɔhɛwo dzi. Eyata dzila geɖe kple sɔhɛwo tsɔ ɖe le hakpala la ƒe biabiaa me vevie egbea.

Hakpala ma ke ɖo eya ŋutɔ ƒe biabiaa ŋu, be: “Ne elé ŋku ɖe eɖokui ŋu ɖe wò nya la nu.” Nyateƒee, mɔfiame nyui le Mawu ƒe Nya Biblia la me na sɔhɛwo, eye agbe le edzi dzem na sɔhɛ geɖe le esi wole zɔzɔm ɖe edzi ta. (Psalmo 119:105) Mina míakpɔ sɔhɛ aɖewo siwo lɔ̃ Mawu eye woyi edzi le agbagba dzem be yewoali ke sesĩe le gbɔgbɔ me le xexe sia si lɔ̃a agbeɖuɖu kple ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ me la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Woxɔ Wo Dzilawo ƒe Mɔfiame Kple Akpedada

Jacob Emmanuel wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi aɖe hafi va le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico. Eɖo ŋku alesi wòwɔ va tu lɔlɔ̃ na Mawu subɔsubɔ ɖoe la dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be: “Togbɔ be gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kpɔnuteƒe aɖewo siwo medze xɔlɔ̃e la kpe ɖe ŋunye vevie hã la, dzinyelawo koŋue kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye wu. Wo katã woƒãe ɖe menye be malɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa. Ʋɛʋɛʋɛ la, wofia mɔ nyuitɔ lam; nyemese le ɖokuinye me gbeɖe be ɖe wozii ɖe dzinye o.”

David, amesi zã ƒe geɖe xoxo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ɖo ŋku alesi wòwɔ dɔ ɖe edzii esi edzilawo dze mɔɖela vevi ƒe subɔsubɔdɔa gɔme esime woa kple tsɛa wokpɔtɔ nye ɖevi suewo ko la dzi. Esi fofoa ku la, dadaa yi mɔɖela vevi ƒe dɔa dzi. Enɔ wo dzi kpɔm eye wòkpɔtɔ nɔ nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. David gblɔ be: “Womezii ɖe dzinye be mazu mɔɖela gbeɖe o, gake ƒome bliboa se vivi na mɔɖeɖedɔa ale gbegbe be hadedea kpakple nɔnɔmea ʋãm be nye hã maƒo ɖokuinye ɖe eme.” Le dzilawo ƒe mɔfiame nyui nana kple woƒe belélename ƒe vevienyenye gome la, David gblɔ be: “Danye xlẽa ŋutinyawo tsoa agbalẽ si nye Tso Paradiso si Bu me Yi Paradiso si Wogakpɔ Me * na mí fiẽ sia fiẽ. Alesi wògblɔa ŋutinyawo na mí kpe ɖe mía ŋu míelɔ̃ gbɔgbɔmenuɖuɖu ale gbegbe.”

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kpekpeawo Ŋu

Esesẽna na sɔhɛ aɖewo be woade asixɔxɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu. Wodea kpekpeawo le esi wo dzilawoe kplɔa wo yinae ta ko. Gake ne woyi kpekpeawo dede dzi la, anɔ eme be woava de asixɔxɔ kpekpeawo ŋu le ɣeyiɣi aɖe megbe. Bu Alfredo, amesi dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme esime wòxɔ ƒe 11 pɛ ko ŋu kpɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be esime yexɔ ƒe atɔ̃ lɔƒo la, yete kpɔ be yeadzudzɔ kpekpeawo dede le esi alɔ̃ tsɔa ye evɔ ye dzilawo melɔ̃na be yeadɔ alɔ̃ le kpekpeawo me o ta. Egblɔ be: “Esi menɔ tsitsim la, ʋɛʋɛʋɛ meva nɔ ɖe tsɔm le kpekpeawo me, vevietɔ esi mesrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ, elabena ɣemaɣie mete ŋu dze nyaŋuɖoɖo gɔme le nye ŋutɔ nye nyagbewo me.”

Nyɔnuvi ƒe 17 vi si ŋkɔe nye Cintia, si nye gbesiagbe mɔɖela, ƒo nu tso alesi hadede nyui wɔ akpa vevi aɖe le lɔlɔ̃ si le eme na Mawu subɔsubɔe ŋu. Egblɔ be: “Hadede nyui kple nɔviwo kpakple kpekpeawo dede ɣesiaɣi wɔe be hadede kple xɔlɔ̃wo le xexeame kple nusiwo ŋu wodoa vivi ɖo, abe zãɣeɖuƒewo dede ene, la medzroam kura o. Amewo ƒe nyaŋuɖoɖowo kple nuteƒekpɔkpɔwo sese le kpekpeawo me na be didia ɖo menye be matsɔ nusiwo katã le asinye la ana Yehowa, eye mese le ɖokuinye me be nu nyuitɔ kekeake si le asinyee nye nye sɔhɛmenɔɣi. Eyata metso nya me be mazãe le eƒe subɔsubɔdɔa me.”

Gake elɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ la, meva nɔ kpekpeawo dam ƒu bɔbɔe, eye metsɔ nye aƒemedɔwo kple sukudɔdasi bubuwo nɔ taflatse domee. Kpekpe geɖe to ŋunye, eye esia va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye le gbɔgbɔ me. Meva te hadede kple ŋutsuvi aɖe si mesrɔ̃a Biblia o. Meda akpe be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mewɔ ɖɔɖɔɖo kaba.”

Nyametsotso si Wò Ŋutɔ Nàwɔ

Esi wobia Pablo, si hã nye sɔhɛ si le Yehowa subɔm ɣeyiɣiawo katã, be nukae wòbu be enye nu vevitɔ si ana woatu lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya me nyateƒea ɖo hã la, egblɔ be: “Mesusu be nu evee: ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɣesiaɣi, kple dzotsɔtsɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Meda akpe be dzinyelawo fia Yehowa ŋuti nyateƒeam, eye mekpɔe be esiae nye nu nyuitɔ kekeake si woate ŋu anam. Gake ehiã be nye ŋutɔ maka ɖe nusita wòle be malɔ̃ Yehowa dzi. Esia bia be woanya Biblia me nyateƒea ƒe ‘didime kple goglome.’ Mɔ sia ko dzie míato be Yehowa ƒe Nya la nadzro mí vevie, eye esia naa ‘dzo’ ɖoa mía me be míagblɔe na ame bubuwo. Dzo si anɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu nade to ɖe edzi.”—Efesotɔwo 3:18; Yeremya 20:9.

Jacob Emmanuel, si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ, hã ɖo ŋku vevienyenye si le ame ŋutɔ ƒe tiatiawɔwɔ be wòasubɔ Yehowa ŋu dzi. Egblɔ be ye dzilawo mezii ɖe ye dzi gbeɖe be yenexɔ nyɔnyrɔ o. “Meka ɖe edzi be esiae nye nu nyuitɔ elabena nye ŋutɔ mekpɔ nu nyui siwo do tso eme. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ aɖewo siwo medea ha kplii vevie la wɔ nyametsotso be yewo katã yewoaxɔ nyɔnyrɔ ɖekae. Togbɔ be megblẽ o hã la, mekpɔe be ame aɖewo ƒe seselelãme koe kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi wowɔ esia, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woƒe dzonɔameme ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu nu va tsi. Le gonyeme la, dzinyelawo mezi dzinye metso nya me be maɖe adzɔgbe na Yehowa o. Enye nyametsotso si nye ŋutɔ mewɔ.”

Akpa si Hamea Wɔna

Sɔhɛ aɖewo ŋutɔe srɔ̃ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea le wo ɖokui si wo dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Mele bɔbɔe kura be woasrɔ̃ nu nyui ahalé eme ɖe asi le nɔnɔme siawo me o.

Noé ƒo nu tso alesi gbegbe nyateƒea ɖe vi nɛ ŋu. Enye amesi doa dziku vevie hewɔa ŋutasesẽnuwo tso ɖevime ke. Esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le eƒe ƒe 14 xɔxɔ me la, eƒe dzikudodoa dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ, si ŋu edzila siwo Biblia sɔsrɔ̃ medzɔ dzi na ɣemaɣi o la, kpɔ ŋudzedze ɖo vevie. Esi Noé wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me la, edi be yeazã yeƒe agbe le Mawu subɔsubɔ me bliboe wu. Fifia ele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.

Nenema kee Alejandro hã va tsɔ ɖe le Kristotɔwo ƒe nyateƒea me tso eƒe ɖevime togbɔ be nyateƒea medzɔ dzi na edzilawo o hã. Egblɔ le alesi wòkpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋui la ŋu be: “Ƒome si lɔ̃ Katolikotɔnyenye mee wonyim le. Gake meva nɔ ɖe tsɔm le Kɔmiunisttɔwo ƒe mawudzimaxɔse me vevie, le esi sɔlemeha la mete ŋu ɖo biabia siwo ɖea fu nam tso ɖevime ke la ŋu nam o ta. Yehowa ƒe habɔbɔa va kpe ɖe ŋunye be Mawu ŋuti sidzedze su asinye. Magblɔ koŋ be exɔm ɖe agbe, elabena ne ɖe nyemesrɔ̃ Biblia o la, anye ne ɖewohĩ mava zu agbegbegblẽnɔla, ahatsunola, alo atikevɔ̃ɖizãla. Ðewohĩ anye ne mava wɔ ɖeka kple habɔbɔ siwo tsia tre ɖe dziɖuɖu ŋu, eye wòate ŋu akplɔm ade afɔku gãwo me.”

Aleke sɔhɛ awɔ ayi edzi aku kutri le nyateƒea didi me ahalé eme ɖe asi edzilawo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee? Edze ƒã be hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo wɔa akpa vevi aɖe. Noé gblɔ be: “Nyemese le ɖokuinye me kpɔ gbeɖe be metsi akogo o, esi Yehowa le ŋunye kplikplikpli ɣesiaɣi ta. Gakpe ɖe eŋu la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔ siwo va zu nye gbɔgbɔ me fofowo, dadawo, kple nɔviwo li siwo naa kpekpeɖeŋum.” Fifia ele subɔsubɔm le Betel hele eƒe ɣeyiɣiwo zãm le Mawu subɔsubɔ me. Nenema ke Alejandro hã gblɔ be: “Nusi ŋu mekpɔa ŋudzedze ɖo hedaa akpe ɖe eta ɣesiaɣi enye mɔnukpɔkpɔ si su asinye be mele hame si me hamemegãwo ƒe ha la ɖea ɖetsɔleme fiam ŋutɔŋutɔ la me. Medaa akpe ɖe esia ta vevie elabena esi mexɔ ƒe 16, si nye ɣeyiɣi si medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, dzodzodzoetsitsi si me sɔhɛwo tona la ɖe fu na nye hã. Ƒome siwo le hamea me megblẽm ɖi gbeɖe o. Ɣesiaɣi ame aɖe akpem dɔmenyotɔe be mava srã ye kpɔ eye menye nuɖuɖu koe wonam o ke wotsɔ woƒe dzi hã nam.” Alejandro le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm wu ƒe 13 fifia.

Ame aɖewo bunɛ be ame tsitsiwo koe mawusɔbɔsubɔ nyo na. Gake ɖekakpui kple ɖetugbi geɖe srɔ̃ Biblia me nyateƒea tso ɖevime eye wova lɔ̃ Yehowa heyi edzi le nuteƒe wɔm nɛ. Dawid ƒe nya siawo siwo woŋlɔ ɖe Psalmo 110:3 la va eme na sɔhɛ siawo be: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.”

Ebia veviedodo kple kutrikuku geɖe be sɔhɛwo nasrɔ̃ nyateƒea ahalé eme ɖe asi. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míakpɔe be ame geɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu kplikplikpli, wodea kpekpeawo ɣesiaɣi, eye wosrɔ̃a Biblia kutrikukutɔe. Le esia wɔwɔ me la, wova tua lɔlɔ̃ vavã ɖo na Mawu ƒe Nya la kpakple na eƒe subɔsubɔdɔa!—Psalmo 119:15, 16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowoe tae le ƒe 1961 me, fifia womegale etam o.