Srɔ̃ Toɖoɖo Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum
Srɔ̃ Toɖoɖo Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum
“[Silo ye] dukɔwo katã ƒe toɖoɖo ayi na.”—MOSE I, 49:10, NW.
1. (a) Zi geɖe le blema la, nukae toɖoɖo Yehowa fia? (b) Toɖoɖo ŋuti nya kae Yakob gblɔ ɖi?
ZI GEÐE la, toɖoɖo Yehowa fia be woaɖo to eteƒenɔlawo. Le blema la, amesiawo dometɔ aɖewoe nye mawudɔlawo, blemafofowo, ʋɔnudrɔ̃lawo, nunɔlawo, nyagblɔɖilawo, kple fiawo. Woyɔ Israel-fiawo ƒe fiazikpui gɔ̃ hã be Yehowa ƒe fiazikpui. (Kronika I, 29:23) Gake nublanuitɔe la, Israel-fia geɖe gbe toɖoɖo Mawu, eye esia na wohe dzɔgbevɔ̃e va wo ɖokui kple wo teviwo dzi. Ke hã Yehowa megblẽ eƒe nuteƒewɔlawo ɖi mɔkpɔkpɔmanɔsii o; etsɔ ŋugbedodo be yeaɖo Fia magblẽmagblẽ aɖe na wo, si wòadzɔ dzi na ame dzɔdzɔewo be woaɖo toe la fa akɔ na woe. (Yesaya 9:5, 6) Blemafofo Yakob gblɔ nya ɖi le fia si ava va la ŋu le eƒe kuba dzi nɔɣi be: “Atamkayi magbe Yuda si nɔnɔ o, eye womaɖe fiatikplɔ ɖa le ekɔme o, vaseɖe esime [Silo nava; eye eyae dukɔwo katã ƒe toɖoɖo ayi na, NW ].”—Mose I, 49:10.
2. Ŋkɔ “Silo” gɔme ɖe, eye afikae eƒe fiaɖuŋusẽ akeke ta aɖo?
2 “Silo” nye Hebrigbe ŋkɔ si gɔmee nye “Amesi Tɔe Wònye.” Ẽ, fiaɖuɖu, si atamkayi nye kpɔɖeŋu na, ƒe gome blibo asu Silo si, eye nenema ke nye gbeɖeŋusẽ, si fiatikplɔ nye kpɔɖeŋu na hã asu esii. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, menye Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi koe eƒe fiaɖuɖu ase ɖo o; akeke ɖe enu aɖo “dukɔwo” katã hã Mose I, 22:17, 18) Yehowa ɖo kpe amesi ‘dzidzimevi’ ma nye dzi le ƒe 29 M.Ŋ. me esi wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu Nazaretetɔ la.—Luka 3:21-23, 34; Galatiatɔwo 3:16.
gbɔ. Esia wɔ ɖeka kple ŋugbe si Yehowa do na Abraham be: “Wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee. To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.” (Yesu ƒe Fiaɖuƒe Gbãtɔ
3. Dziɖuɖu kae Yesu xɔ le eƒe dziƒoyiyi me?
3 Esi Yesu yi dziƒo la, mezã fiaɖutamkayi la enumake ɖe xexemedukɔwo dzi o. (Psalmo 110:1) Gake exɔ “fiaɖuƒe” aɖe si teviwo ɖo toe. Apostolo Paulo yɔ fiaɖuƒe ma ŋkɔ esi wòŋlɔ be: ‘Mawu ɖe mí [Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na] tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaɖuƒe la me.’ (Kolosetɔwo 1:13) Ðeɖe sia dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Yesu yomedzela wɔnuteƒewo dzi.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Petro I, 2:9.
4. Mɔ kawo nue Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ɖe toɖoɖo fia le, eye ŋkɔ kae Yesu yɔ na wo abe ƒuƒoƒo ene?
4 Nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo nye ‘amedɔdɔwo le Kristo teƒe’ tsɔ toɖoɖo dze ame bubu siwo ava zu wo ‘nɔvi dukɔ ɖeka me viwo’ le gbɔgbɔ me fiaɖuƒe ma me la nuƒoƒoƒu gɔme. (Korintotɔwo II, 5:20; Efesotɔwo 2:19; Dɔwɔwɔwo 1:8) Hekpe ɖe eŋu la, ele be amesiawo ‘nawɔ ɖeka le tame ɖeka kple susu me’ bene woƒe nu nadze woƒe Fia Yesu Kristo ŋu. (Korintotɔwo I, 1:10) Woƒe ƒuƒoƒoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” alo xɔnuvi nuteƒewɔla ƒe ha la.—Mateo 24:45; Luka 12:42.
Woyra Wo ɖe Toɖoɖo Mawu ƒe “Xɔnuvi” la Ta
5. Tso blema ke la, aleke Yehowa fiaa nu eƒe amewoe?
5 Yehowa naa nufialawo eƒe amewo ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, le Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ tso Babilon me la, menye ɖeko Ezra kple ŋutsu bubu siwo dze xlẽ Mawu ƒe Se la na dukɔwo ko o, ke boŋ ‘woɖe’ sea ‘me,’ ale be ‘wose’ Mawu ƒe Nya la ‘gɔme.’—Nexemya 8:8.
6, 7. Aleke dɔla ƒe ha la na gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi to eƒe Dziɖuha la dzii, eye nukatae wòsɔ be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe dɔla ƒe ha la te?
6 Le ƒe alafa gbãtɔ me, esi aʋatsotsonya la fɔ ɖe te le ƒe 49 M.Ŋ. me la, dɔla ƒe ha gbãtɔ ma ƒe dziɖuha bu nya la ŋu le gbedodoɖa me eye wotso nya me si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Esi wogblɔ woƒe nyametsotsoa ɖe lɛta me ɖo ɖa la, hameawo wɔ ɖe mɔfiame siwo wona la dzi eye Mawu yra wo geɖe. (Dɔwɔwɔwo 15:6-15, 22-29; 16:4, 5) Nenema ke le míaƒe ɣeyiɣia me la, dɔla nuteƒewɔla la to eƒe Dziɖuha la dzi kɔ nya veviwo abe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade, ʋu ƒe nu kɔkɔenyenye, kple atikevɔ̃ɖiwo kpakple atama zazã ene me. (Yesaya 2:4; Dɔwɔwɔwo 21:25; Korintotɔwo II, 7:1) Yehowa yra eƒe amewo ɖe woƒe toɖoɖo Nya la kple dɔla nuteƒewɔla la ta.
7 Mawu ƒe amewo ƒe wo ɖokuibɔbɔ ɖe dɔla ƒe ha la te fia be wobɔbɔ wo ɖokui ɖe Yesu Kristo, Aƒetɔ la hã te. Ðokuibɔbɔ sia gava le vevie wu le míaƒe ɣeyiɣia me elabena wona dziɖuŋusẽ si lolo wu Yesu, abe alesi Yakob gblɔe ɖi le eƒe kuba dzi nyagblɔɖia mee ene.
Silo Zu Anyigba la ƒe Dziɖula si Woɖo le Se Nu
8. Aleke Kristo ƒe dziɖuŋusẽ la keke ɖe enui, eye ɣekaɣie wòkeke ɖe enu?
8 Yakob ƒe nyagblɔɖia gblɔe ɖi be ‘dukɔwo ƒe toɖoɖo’ ayi na Silo. Edze kɔte be menye gbɔgbɔ me Israel ɖeɖeko dzie Kristo aɖu fia ɖo o. Amekawo hã dzie wòaɖu? Nyaɖeɖefia 11:15 ɖo eŋu be: ‘Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.’ Biblia ɖee fia be Yesu xɔ dziɖuŋusẽ ma le nyagblɔɖi me ‘ɣeyiɣi adre’—‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo’—la ƒe nuwuwu, le ƒe 1914 me. * (Daniel 4:13, 14; Luka 21:24) Le ƒe ma me Kristo ƒe “anyinɔnɔ” makpɔmakpɔ abe Mesia Fia ene la dze egɔme eye eƒe ‘fiaɖuɖu le futɔwo titina’ hã dze egɔme ɣemaɣi.—Mateo 24:3, NW; Psalmo 110:2.
9. Nukae Yesu wɔ esime wòxɔ eƒe Fiaɖuƒea, eye ŋusẽ kae nusia kpɔ ɖe ameƒomea, vevietɔ eƒe nusrɔ̃lawo, dzi?
9 Nu gbãtɔ si Yesu wɔ esi wòxɔ fiaɖuŋusẽe nye be etsɔ tomaɖola gãtɔ kekeake—Satana—kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe “ɖe anyigba dzi.” Tso ɣemaɣi ke la, gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siawo he dzɔgbevɔ̃e siwo tɔgbe medzɔ kpɔ o va ameƒomea dzii; gakpe ɖe eŋu la, wowɔe be alesi nuwo le la na be toɖoɖo Yehowa zu nusi sesẽ ŋutɔ. (Nyaɖeɖefia 12:7-12; Timoteo II, 3:1-5) Le nyateƒe me, amesiwo koŋ Satana tɔ ŋkui le gbɔgbɔmeʋa si woho mee nye Yehowa ƒe amesiaminawo, “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si” kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo.’—Nyaɖeɖefia 12:17; Yohanes 10:16.
10. Biblia ƒe nyagblɔɖi kawo me vavae nye kpeɖodzi be Satana ado kpo nu godoo le aʋa si wòho ɖe Kristotɔwo ŋu me?
10 Gake Satana ado kpo nu godoo, elabena “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” mee míele eye naneke mate ŋu axe mɔ na Yesu be ‘megawu eƒe aʋadziɖuɖu la nu o.’ (Nyaɖeɖefia 1:10; 6:2) Le kpɔɖeŋu me, akpɔ egbɔ be wowu gbɔgbɔ me Israel-vi 144,000 la nutetre nu mlɔeba. Akpɔ “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” la hã ta. (Nyaɖeɖefia 7:1-4, 9, 14-16) Gake to vovo na woƒe zɔhɛ amesiaminawo la, amesiawo ya azu Yesu tevi toɖola siwo anyi anyigba la ƒe dome. (Daniel 7:13, 14) Woƒe anyinɔnɔ egbea nye kpeɖodzi si woate ŋu akpɔ xoxo be vavãe, Silo ye nye “xexemefiaɖuƒe” la Dziɖula.—Nyaɖeɖefia 11:15.
Fifiae Nye Ɣeyiɣi si me Wòle Be ‘Míaɖo To Nyanyuia’
11, 12. (a) Amekawo koe atsi agbe le fifi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu? (b) Nɔnɔme kawoe va nɔa amesiwo gbɔa ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ si?
11 Ele be amesiwo katã di be yewoakpɔ agbe mavɔ la nasrɔ̃ toɖoɖo godoo, elabena Biblia gblɔe kɔte be “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o” la matsi agbe le Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkekea dzi o. (Tesalonikatɔwo II, 1:8) Gake fifi xexe vɔ̃ɖi sia kple eƒe aglãdzedze ɖe Biblia ƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋu ƒe gbɔgbɔ wɔe be toɖoɖo nyanyuia menye nu bɔbɔe o.
12 Biblia yɔ aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe nɔnɔme sia be ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ.’ (Korintotɔwo I, 2:12) Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le Efeso tsɔ ɖe nu me le ŋusẽ si gbɔgbɔ ma kpɔna ɖe amewo dzi ŋu be: “Miezɔna . . . tsã le xexe sia me ƒe ŋɔli me nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu—amesiwo dome mí katã hã míezɔna le tsã le míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime míewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene.”—Efesotɔwo 2:2, 3.
13. Aleke Kristotɔwo awɔ akpɔ dzidzedze le tsitretsitsi ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu me, eye vi kae wòaɖe na wo?
13 Enye dzidzɔ be Efeso Kristotɔwo meyi edzi nye kluviwo na tomaɖomaɖo gbɔgbɔ ma o. Ke boŋ wobɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe gbɔgbɔ ƒe mɔfiafia te eye wotse eƒe ku nyui gbogbo aɖe tsɔ ɖee fia be yewozu Mawu ƒe vi ɖotowo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Nenema ke egbea Mawu ƒe gbɔgbɔ—si nye ŋusẽ triakɔtɔ kekeake le xexeame godoo—le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu wova le amesiwo ɖoa to Yehowa zum eye esia na “mɔkpɔkpɔ ƒe kakaɖedzi blibo vaseɖe nuwuwu” ate ŋu asu wo si.—Hebritɔwo 6:11; Zaxarya 4:6.
14. Aleke Yesu xlɔ̃ nu ŋkeke mamlɛawo me Kristotɔwo katãe le nane siwo ado woƒe toɖoɖo kpɔ ŋui?
14 Mina wòanɔ susu me na mí hã be Silo, amesi kple Fofoa maɖe mɔ futɔ aɖeke—gbɔgbɔ vɔ̃wo alo amegbetɔwo o—nado míaƒe toɖoɖo akpɔ wu alesi míate ŋu atsɔ ŋu o, la le megbe na mí ŋusẽtɔe. (Korintotɔwo I, 10:13) Le nyateƒe me, Yesu ƒo nu tso kuxi aɖewo siwo míado goe le ŋkeke mamlɛ siawo me ŋu tẽ bene yeatsɔ akpe ɖe mía ŋu le míaƒe gbɔgbɔmeʋa la wɔwɔ me. Eto lɛta adre siwo wòna apostolo Yohanes ŋlɔ le ŋutega si apostoloa kpɔ me dzi ƒo nu tso wo ŋu. (Nyaɖeɖefia 1:10, 11) Ele eme baa be nuxlɔ̃ame nyuiwo nɔ wo me na Kristotɔwo ɣemaɣi ya, gake “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke” la si dze egɔme tso ƒe 1914 me ŋu koŋue wo me nyawo ku ɖo. Eyata esɔ ŋutɔ be míadzro nya siawo me! *
Tsri Ðekematsɔleme, Agbegbegblẽnɔnɔ, Kple Ŋutilãmenudidi
15. Nukatae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe kuxi si gblẽ nu le Efeso hamea ŋu la ŋu, eye aleke míawɔ anɔ ŋudzɔ ɖe eŋu? (Petro II, 1:5-8)
15 Yesu ɖo eƒe lɛta gbãtɔ ɖe Efeso hamea. Esi Yesu kafu hamea ɖe woƒe dzidodo ta vɔ la, egblɔ be: “Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.” (Nyaɖeɖefia 2:1-4) Nenema ke egbea hã lɔlɔ̃ si nu sẽ na Mawu megale Kristotɔ aɖewo siwo me dzo nɔ tsã me o. Lɔlɔ̃ nu ƒe tsitsi sia ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe ƒomedodo kple Mawu ŋu eye ele be woatso ɖe eŋu enumake. Aleke míawɔ agado ŋusẽ lɔlɔ̃ ma? To Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi, kpekpeawo dede, gbedodoɖa, kple ŋugbledede mee. (Yohanes I, 5:3) Nyateƒee, ebia “veviedodo katã,” gake míate ŋu aka ɖe edzi be viɖe le eŋu. (Petro II, 1:5-8) Ne ɖokuimedzodzro anukwaretɔe na nèkpɔ be yeƒe lɔlɔ̃ nu tsi la, ekema tso nàɖɔ nuwo ɖo kaba, le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi me, be: “Ðo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo.”—Nyaɖeɖefia 2:5.
16. Ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo nye afɔku kawoe nɔ Pergamo kple Tiatira hameawo me, eye nukatae nya siwo Yesu gblɔ na wo sɔ na mí egbea?
16 Wokafu Kristotɔwo le Pergamo kple Tiatira ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ, dzidodo, kple dzonɔameme ta. (Nyaɖeɖefia 2:12, 13, 18, 19) Gake ame aɖewo siwo nɔ Bileam kple Isabel, amesiwo to gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple Baal subɔsubɔ dzi kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe blema Israel-viwo dzi, ƒe nɔnɔme gbegblẽwo ɖem fia la nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi. (Mose IV, 31:16; Fiawo I, 16:30, 31; Nyaɖeɖefia 2:14, 16, 20-23) Ke míaƒe ɣeyiɣia me—“Aƒetɔ la ƒe ŋkeke” la me—hã ɖe? Ðe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi mawo ke galia? Ẽ, elabena kakaɖedzitɔe la, agbegbegblẽnɔnɔe nye nusi koŋ ta woɖea ame le hame wu ɖo le Mawu ƒe amewo dome. Eyata ehiã ale gbegbe be míatsri hadede kple amesiame—le hamea me kple egodo—si nye ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽnu! (Korintotɔwo I, 5:9-11; 15:33) Amesiwo di be yewoanye Silo tevi toɖolawo la, ele be woatsri modzakaɖeɖe, gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo ɖeɖefia siwo vana le Internet dzi kpakple esiwo wotana ɖe agbalẽ me siaa.—Amos 5:15; Mateo 5:28, 29.
17. Aleke Sardes kple Laodikea tɔwo ƒe nukpɔsusu kple nɔnɔme to vovo na alesi Yesu bu nɔnɔme si me wonɔ le gbɔgbɔ mee?
17 Ne woɖe ame ʋɛ aɖewo le eme la, Sardes hamea mexɔ kafukafu aɖeke kura o. “Ŋkɔ,” alo dzedzeme, le esi be ele agbe, gake gbɔgbɔ me ƒe ɖekematsɔleme ƒo ke ɖe to ɖe wo me ale gbegbe be Yesu ya bu wo be ‘woku.’ Toɖoɖo nyanyuia va zu ko abe kɔnu na wo ene. Fɔbubu sesẽ kae nye si! (Nyaɖeɖefia 3:1-3) Nɔnɔme ma tɔgbe ke mee Laodikea hamea hã nɔ. Woƒo adegbe be ŋutilãmekesinɔnuwo nɔ yewo si, esi wogblɔ be ‘yewonye kesinɔtɔ,’ ke Yesu ya bu wo be wonye “hiãtɔ kple nublanuitɔ kple kotɔ kple ŋkuagbãtɔ kpakple amamanɔla.”—Nyaɖeɖefia 3:14-17.
18. Aleke míawɔ be míaganɔ yɔyrɔe le gbɔgbɔ me le Mawu gbɔ o?
18 Egbea amesiwo nye Kristotɔ nuteƒewɔlawo dometɔ aɖewo tsã hã ge ɖe nɔnɔme ma ke me. Ðewohĩ woɖe mɔ xexeame ƒe gbɔgbɔ gblẽ nu le nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye ƒe gbɔgbɔ si nɔ wo me tsã ŋu ale be wole yɔyrɔe le gbɔgbɔ me le Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple subɔsubɔdɔa Petro II, 3:3, 4, 11, 12) Ele vevie ale gbegbe be amesiawo naɖo to Kristo eye woazã gbɔgbɔmekesinɔnuwo fifia bene wòaɖe vi na wo le etsɔme—ẽ, ‘woaƒle sika si wolólo le dzo me le Kristo si!’ (Nyaɖeɖefia 3:18) Kesinɔnu akuaku sia ƒe akpa aɖewoe nye ‘kesinɔtɔnyenye le nu nyui wɔwɔ me, dɔmenyowɔwɔ, kple nunana ame.’ Ne míedzra nunɔamesi xɔasi akuaku siawo ɖo ɖe etsɔme ŋu la, ekema ‘míele kesinɔnuwo nu ƒom ƒu na mía ɖokui, si anye gɔmeɖoɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene míaƒe asi nasu agbe vavã la dzi.’—Timoteo I, 6:17-19.
wɔwɔ me. (Wokafu Wo ɖe Woƒe Toɖoɖo Ta
19. Kafukafu kple nuxlɔ̃amenya kawoe Yesu gblɔ na Kristotɔwo le Smirna kple Filadelfia?
19 Hame siwo le Smirna kple Filadelfia nye kpɔɖeŋu siwo ɖe dzesi le toɖoɖo me, elabena mokaname aɖeke menɔ lɛta siwo Yesu ɖo ɖe wo me o. Egblɔ na Smirnatɔwo be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada—ke kesinɔtɔ nènye hafi.” (Nyaɖeɖefia 2:9) Vovototo kae nye si le wo kpakple Laodikeatɔwo, amesiwo tsɔ xexeme kesinɔnuwo ƒo adegbee gake le nyateƒe me, woda ahe le gbɔgbɔ me la dome! Gake Abosam medi kura be yeakpɔ be ame aɖe le nuteƒe wɔm na Kristo hele to ɖomee o. Eyata Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Megavɔ̃ fu siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò.” (Nyaɖeɖefia 2:10) Yesu kafu Filadelfiatɔwo hã nenema ke be: “Nèlé nye nya la me ɖe asi [alo, nèɖo tom], eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o. Kpɔ ɖa megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bene ame aɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.”—Nyaɖeɖefia 3:8, 11.
20. Aleke ame miliɔn geɖe lé Yesu ƒe nya la me ɖe asi egbeae, eye togbɔ be nɔnɔme kawo li hã?
20 Le “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke” la si dze egɔme tso ƒe 1914 me me la, ame susɔeawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo siwo de miliɔn geɖe fifia hã to woƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ dzonɔamemetɔe kple woƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me ɖee fia be yewolé Yesu ƒe nya la me ɖe asi. Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, wo dometɔ aɖewo kpe fu ɖe toɖoɖo Kristo ta, wode wo gaxɔ kple fuwɔamegaxɔwo me gɔ̃ hã. Ame bubuwo lé Yesu ƒe nya la me ɖe asi esi wona ‘woƒe ŋku dzi dza,’ togbɔ be kesinɔnuwo kple ŋukeklẽ ƒo xlã wo hã. (Mateo 6:22, 23) Ẽ, le afisiafi kple nɔnɔme ɖesiaɖe me, Kristotɔ vavãtɔwo toa woƒe toɖoɖo me naa Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.—Lododowo 27:11.
21. (a) Gbɔgbɔmegbanɔamedzi kae dɔla ƒe ha la ayi edzi anɔ tsɔtsɔm? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia le nyateƒe me be míeɖoa to Silo?
21 Esi míegogo xaxa gã la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la yi edzi lé woƒe tameɖoɖo kplikpaa la me ɖe asi be yewomana ta le toɖoɖo Kristo Aƒetɔ la me o. Toɖoɖo sia ƒe akpa aɖee nye gbɔgbɔmenuɖuɖu nana Mawu ƒe aƒemetɔwo hã. Eyata mina míayi edzi ada akpe ɖe Yehowa ƒe teokrasi habɔbɔ wɔnukua kple nusiwo wònaa mí la ta. Ne míewɔe nenema la, ke míele eɖem fia be míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Silo te; eya amesi atsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na etevi siwo nye toɖolawo.—Mateo 24:45-47; 25:40; Yohanes 5:22-24.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 10 lia hena ‘ɣeyiɣi adreawo’ ŋuti numeɖeɖe.
^ mm. 14 Taflatse kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, tso eƒe axa 33 yina hena lɛta adreawo katã me dzodzro tsitotsito.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Dɔ si Yesu ava wɔ kae Yakob gblɔ ɖi le eƒe kuba dzi nyagblɔɖi me?
• Aleke míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be Yesue nye Silo, eye gbɔgbɔ kae wòle be míatsri?
• Nuxlɔ̃ame siwo sɔ na míaƒe ŋkekea kawoe le lɛta siwo woɖo ɖe hame adre siwo woyɔ le Nyaɖeɖefia me la me?
• Mɔ kawo nue míate nu aɖee fia le be míele hame siwo nɔ blema Smirna kple Filadelfia la ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
Yehowa yraa eƒe amewo ɖe toɖoɖo “xɔnuvi” wɔnuteƒe la ta
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔe be toɖoɖo Mawu mele bɔbɔe o
[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]
Ƒomedodo si me sẽ me nɔnɔ kple Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míaɖo to eyama