Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Yraa Toɖolawo Eye Wòkpɔa Wo Ta

Yehowa Yraa Toɖolawo Eye Wòkpɔa Wo Ta

Yehowa Yraa Toɖolawo Eye Wòkpɔa Wo Ta

“Amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.”—LODODOWO 1:33.

1, 2. Nukatae toɖoɖo Mawu le vevie? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

KOKLOVI siwo woƒo yeyee la le nu kam le gbe si mekɔkɔ o me eye womenya kura be aʋako le agba sam le yewo tame o. Kasia koklovinɔa xlɔ̃ sesĩe yɔ viawo eye wòke aʋala me. Viawo ƒu du va egbɔ eye kaka nàƒo aɖaba la, wobe ɖe eƒe aʋala te xoxo. Ðeko aʋakoa trɔ dzo asiƒuƒlui. * Nufiame kae le eme na mí? Eyae nye be toɖoɖo xɔa ame ɖe agbe!

2 Nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋu ma le vevie na Kristotɔwo ale gbegbe egbea, elabena Satana le agbagba ɖesiaɖe dzem be yealé Mawu ƒe amewo alesinu yeate ŋui ami. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12, 17) Eƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me ne Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o eye agbe mavɔ nabɔ mí. (Petro I, 5:8) Gake ne míele Mawu ŋu kplikplikpli hewɔ ɖe mɔfiame si míexɔna le eƒe Nya la me kple to eƒe habɔbɔa dzi la dzi enumake la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpɔ mía ta. Hakpala la ŋlɔ be: “Atsɔ eƒe fu atsyɔ dziwò, eye eƒe aʋala te nabe ɖo.”—Psalmo 91:4.

Dukɔ aɖe si Gbe Toɖoɖo Trɔ Zu Nuléle

3. Nukae nye Israel ƒe tomaɖomaɖo me tsonu?

3 Esime Israel-viwo ɖo to Yehowa la, eƒe ŋku nɔ wo ŋu ɣesiaɣi. Ke hã enuenu la, dukɔa gbugbɔna le wo Wɔla yome va dzea mawu siwo nye ati kple kpewo—“nu dzodzro, siwo me viɖe mele o”—yome. (Samuel I, 12:21) Le ƒe alafa geɖe ƒe aglãdzedze megbe la, xɔsegbegbe va xɔ aƒe ɖe dukɔa me ale gbegbe be wɔna aɖeke megali woawɔ na wo o. Esia na Yesu fa konyi be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie medi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o! Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.”—Mateo 23:37, 38.

4. Aleke wòdze kɔte le ƒe 70 M.Ŋ. mee be Yehowa gblẽ Yerusalem ɖi?

4 Alesi Yehowa gblẽ Israel dzeaglã la ɖii la dze nyuie le nudzɔdzɔ wɔnublanui aɖe me le ƒe 70 M.Ŋ. me. Le ƒe ma me la, Roma-ʋakɔ siwo lé woƒe aflaga siwo me wota hɔ̃ ɖo hedo ɖe dzi la va dze Yerusalem dzi le vome eye wotsrɔ̃ ame gbogbo aɖewo. Ŋutitotoŋkekenyuiɖulawo yɔ dua me katã ɣemaɣi. Woƒe vɔsa gbogboawo mete ŋu na Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. Esia nye nublanuinya si na míeɖo ŋku nya siwo Samuel gblɔ na Fia Saul si gbe toɖoɖo la dzi, be: “Ã, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami.”—Samuel I, 15:22.

5. Toɖoɖo ka ƒomevie Yehowa dina, eye aleke míewɔ nya be woate ŋu anye toɖolawo abe alesi wòdii ene?

5 Togbɔ be Yehowa di toɖoɖo tso mía si vevie hã la, enya amegbetɔ madeblibowo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nyuie. (Psalmo 130:3, 4) Nusi dim wòle tso mía sie nye dzi ɖianukware kple toɖoɖo si wotu ɖe xɔse, lɔlɔ̃, kple vɔvɔ̃ nyuitɔ be míava wɔ nane si madze eŋu o dzi. (Mose V, 10:12, 13; Lododowo 16:6; Yesaya 43:10; Mixa 6:8; Romatɔwo 6:17) ‘Ðasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli ƒe alilikpo gã la,’ amesiwo lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔ dziŋɔwo me, esime wodze ŋgɔ ku gɔ̃ hã, ƒe kpɔɖeŋu ɖee fia be anya wɔ be woanye toɖolawo abe alesi wòdii pɛpɛpɛ ene. (Hebritɔwo 11:36, 37; 12:1) Aleke gbegbe amesiawo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi enye si! (Lododowo 27:11) Gake ame bubuwo hã li siwo nye nuteƒewɔlawo gbã gake womeyi edzi nye toɖolawo o. Amesiawo dometɔ aɖee nye blema Yuda-fia Yoas.

Fia aɖe si Ŋu Hadede Vɔ̃wo Gblẽ Nu Le

6, 7. Fia ka ƒomevie Yoas nye le Yoyada ƒe agbenɔɣi?

6 Nu vi aɖe koe susɔ ne woawu Fia Yoas le eƒe vidzĩme. Esi Yoas xɔ ƒe adre la, Nunɔlagã Yoyada wɔ nu dzideƒotɔe kplɔe doe tso afisi wòɣlae ɖo eye wòtsɔe ɖo fiae. Esi Mawu vɔ̃la Yoyada zu fofo kple aɖaŋuɖola na Yoas ta la, fia sia si nye ɖevi “wɔ nusi dze Yehowa ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.”—Kronika II, 22:10–23:1, 11; 24:1, 2.

7 Nu nyui siwo Yoas wɔ dometɔ aɖee nye be eɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa ɖo—esi nye ‘Yoas ƒe dzimedidi vevi aɖe.’ Eɖo ŋku edzi na Nunɔlagã Yoyada be ehiã be woaxɔ gbedoxɔ me ƒe adzɔ ‘si ƒe se Mose de’ le Yuda kple Yerusalem bene woatsɔ awɔ xɔdzadzraɖodɔ lae. Edze abe ɖe Yoyada te ŋu de dzi ƒo na fia sia si nye ɖevi dzaa ko wòsrɔ̃ Mawu ƒe Se la hewɔ edzi ene. Ewɔe be le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, wowu gbedoxɔa kple eme subɔsubɔdɔwɔnuwo dzadzraɖodɔwo nu.—Kronika II, 24:4, 6, 13, 14; Mose V, 17:18.

8. (a) Nuka koŋ gbɔe Yoas ƒe anyidzedze le gbɔgbɔ me tso? (b) Nukae fia la ƒe tomaɖomaɖoa na wòva wɔ mlɔeba?

8 Gake nublanuitɔe la, Yoas meyi edzi ɖo to Yehowa o. Nukatae? Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Le Yoyada ƒe ku megbe la Yuda-amegãwo va de ta agu na fia la, eye fia ɖo to woƒe gbe. Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ Aserawo kple legbawo. Tete dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi le woƒe fɔɖiɖi sia ta.” Yuda-megãawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽa hã na fia la gbe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe gbe sese, eye nyagblɔɖila siawo dometɔ ɖekae nye Yoyada ƒe vi Zaxarya, amesi ka mo dzinɔameƒotɔe na Yoas kple dukɔa ɖe woƒe tomaɖomaɖo ta. Ðe dzimetɔtrɔ teƒe la, ɖe Yoas na woƒu kpe Zaxarya wòku boŋ. Tagbɔsesẽtɔ kple tomaɖola kae nye si Yoas va zu—esiawo katã dzɔ le esi wòɖe mɔ hadede vɔ̃wo kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ta!—Kronika II, 24:17-22; Korintotɔwo I, 15:33.

9. Aleke nusi va dzɔ ɖe Yoas kple amegãwo dzi mlɔeba ɖe tomaɖomaɖo ƒe bometsinunyenye fiae?

9 Aleke nuwo va nɔ na Yoas kple eƒe zɔhɛ amegã vɔ̃ɖiawo esi wogbugbɔ le Yehowa yome? Aram (Syria) tɔwo ƒe aʋakɔ va dze Yuda dzi eye “wowu dukɔ la ƒe amegãwo katã”—evɔ wònye ‘aʋakɔ sue aɖe ko’ wonye hafi. Futɔawo zi fia la dzi xɔ eya ŋutɔ ƒe nunɔamesiwo le esi tsɔ kpe ɖe kɔkɔeƒea ƒe sika kple klosalowo ŋu. Togbɔ be Yoas metsi eme o hã la, ezu amesi gbɔdzɔ kple dɔnɔ. Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, eya ŋutɔ ƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu wui. (Kronika II, 24:23-25; Fiawo II, 12:18, 19) Aleke gbegbe nya siwo Yehowa gblɔ na Israel va emee nye si, be: ‘Ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o, eye mèlé se kple ɖoɖo, siawo katã me ɖe asi hewɔ wo dzi o la, ekema fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò’!—Mose V, 28:15.

Agbalẽŋlɔla aɖe ƒe Toɖoɖo Ðee

10, 11. (a) Nukatae wòanyo be míabu Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya na Barux ŋu? (b) Nuxlɔ̃amenya kawoe Yehowa gblɔ na Barux?

10 Ðe dzi ɖena le ƒowò ɣeaɖewoɣi le esi amesiwo nèdoa goe le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me dometɔ ʋɛ aɖewo koe tsɔa ɖe le nyanyuia me taa? Ɣeaɖewoɣi la, ɖe kesinɔtɔwo kple woƒe agbebliblanɔnɔ dina be yeabiã ŋu na wòa? Ne nenemae la, ke bu Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla Barux kple Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenya si me lɔlɔ̃ le nɛ ŋu kpɔ.

11 Barux di be yeadze nyagblɔɖi gbedasi aɖe ŋɔŋlɔ gɔme esime wòhiã be Yehowa naƒo nu na eya ŋutɔ boŋ. Nukatae? Elabena Barux va nɔ konyi fam le alesi nuwo nɔ nɛ le agbe me ŋu eye wòdi be nane si nyo wu nasu ye si tsɔ wu Mawu subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si nɔ esi. Esi Yehowa de dzesii le Barux ŋu be eƒe nɔnɔme trɔ alea la, egblɔ nuxlɔ̃amenya si me kɔ gake si me tufafa le nɛ be: ‘Èle nu gãwo dim. Mègadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe siwo katã nayi.’—Yeremya 36:4; 45:5.

12. Nukatae mele be míadi “nu gãwo” na mía ɖokui le fifi nuɖoanyia me o?

12 Èkpɔ alesi gbegbe Yehowa ƒe ɖetsɔleme na ŋutsu sia si si nɔnɔme nyui le si subɔe kple dzideƒo nuteƒewɔwɔtɔe kpe ɖe Yeremya ŋu la de toe le nya siwo Wògblɔ na Barux mea? Nenema ke egbea hã Yehowa tsɔ ɖe le eme vevie na amesiwo wòdzrona be yewoakplɔ nusiwo wobuna be eyae adzi yewoƒe nudzedziname ɖe edzi le nuɖoanyi sia me ƒe mɔnukpɔkpɔwo ɖo. Enye dzidzɔ be amesiawo dometɔ geɖe wɔ ɖe gbɔgbɔmenɔvi tsitsiwo ƒe ɖɔɖɔɖo siwo me lɔlɔ̃ le la dzi abe Barux ene. (Luka 15:4-7) Ẽ, mina mí katã míade dzesii be etsɔme aɖeke meli na amesiwo dia “nu gãwo” na wo ɖokui le nuɖoanyi sia me o. Menye dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ koe bɔa amesiawo o, ke vɔ̃ɖitɔ enye be eteƒe madidi o wo nu ava yi kple xexe sia kpakple eƒe ɖokuitɔdidi nudzodzrowo.—Mateo 6:19, 20; Yohanes I, 2:15-17.

13. Ðokuibɔbɔ ŋuti nufiame kae le Barux ƒe ŋutinya la me na mí?

13 Barux ƒe ŋutinya la nye nufiame nyui aɖe hã na mí le ɖokuibɔbɔ gome. De dzesii be menye Yehowa ŋutɔe xlɔ̃ nu Barux tẽ o ke boŋ Yeremya, amesi ƒe blibomademade kple nɔnɔme siwo to vovo kura na ame bubuwo tɔ anɔ nyanya na Barux nyuie, dzie wòto xlɔ̃ nui. (Yeremya 45:1, 2) Ke hã dada mekpɔ ŋusẽ ɖe Barux dzi o; enya afisi tututu nuxlɔ̃amea tso—Yehowa gbɔe wòtso. (Kronika II, 26:3, 4, 16; Lododowo 18:12; 19:20) Eyata ne ‘vodada aɖe ɖi ɖe mí’ eye woxlɔ̃ nu mí tso Mawu ƒe Nya la me la, mina míasrɔ̃ Barux ƒe tsitsi, eƒe gbɔgbɔ me nugɔmesese, kple eƒe ɖokuibɔbɔ.—Galatiatɔwo 6:1.

14. Nukatae wònyo be míaɖo to amesiwo xɔa ŋgɔ le mía dome?

14 Ne míeɖe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ma fia la, ekpena ɖe amesiwo le nu xlɔ̃m mí hã ŋu. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖe aɖeke na mi o.” Aleke gbegbe hamemegãwo doa gbe ɖa edziedzi na Yehowa, nɔa dzideƒo, nunya, kple aɖaŋudzedze siwo wohiã bene woatsɔ awɔ woƒe alẽkpɔkplɔdɔa ƒe akpa sesẽ sia biam enye si! Mina ‘míade bubu amesiawo tɔgbe ŋu.’—Korintotɔwo I, 16:18.

15. (a) Aleke Yeremya ɖee fia be yeka ɖe Barux dzii? (b) Aleke woɖo eteƒe na Barux ɖe eƒe toɖoɖo ɖokuibɔbɔtɔe ta?

15 Edze kɔte be Barux ɖɔ eƒe tamebubu ɖo, elabena Yeremya tsɔ dɔ sesẽ ŋutɔ aɖe de asi nɛ—be wòayi gbedoxɔa me ava xlẽ ʋɔnudrɔ̃nya siwo eya ŋutɔ se le Yeremya nu eye wòŋlɔ ɖi la. Ðe Barux wɔ ɖe edzia? Ẽ, ‘ewɔ nusiwo katã ƒe se nyagblɔɖila Yeremya de nɛ.’ Le nyateƒe me, exlẽ nya ma ke na Yerusalem-megãwo gɔ̃ hã, eye ɖikekemanɔmee la, esia bia dzideƒo gã aɖe. (Yeremya 36:1-6, 8, 14, 15) Esime Babilontɔwo va xɔ dua anye le ƒe 18 megbe la, kpɔ alesi gbegbe Barux ada akpee be wokpɔ yeƒe agbe ta le esi wòse Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea hedzudzɔ “nu gãwo” didi na eɖokuii ɖa!—Yeremya 39:1, 2, 11, 12; 43:6.

Toɖoɖo le Toɖeɣi aɖe Xɔ Amewo ɖe Agbe

16. Aleke Yehowa kpɔ nublanui na Yudatɔwo le Yerusalem le Babilontɔwo ƒe toɖeɖea me le ƒe 607 D.M.Ŋ. mee?

16 Esime Yerusalem ƒe nuwuwu va le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ na toɖolawo gadze ƒã. Le toɖeɣia ƒe sesẽaƒe la, Yehowa gblɔ na Yudatɔwo be: “Kpɔ ɖa, metsɔ agbemɔ kple kumɔ le mia ŋku me ɖom: Amesi tsi du sia me la, aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me; ke amesi do yi Kaldeatɔ, siwo ɖe to ɖe mi gbɔ la, atsi agbe, eye eƒe agbe anye aboyonu nɛ.” (Yeremya 21:8, 9) Togbɔ be Yerusalemtɔwo dze na tsɔtsrɔ̃ hã la, Yehowa kpɔ nublanui na amesiwo ɖo toe, le gaƒoƒo sesẽ mamlɛ ma ke hã me. *

17. (a) Mɔ eve kawo nue wodo Yeremya ƒe toɖoɖo kpɔ le esime Yehowa gblɔ nɛ be wòagblɔ na Yudatɔ siwo ŋu woɖe to ɖo be ‘woana ta Kaldeatɔwo’? (b) Aleke Yeremya ƒe dzinɔameƒo kpɔɖeŋu la ate ŋu aɖe vi na míi?

17 Ðikekemanɔmee la, gbɔgblɔ na Yudatɔwo be woana ta do Yeremya hã ƒe toɖoɖo kpɔ. Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be eʋã ŋu ɖe Mawu ƒe ŋkɔa nu. Medi be futɔ siwo agblɔ be yewoƒe legba siwo me agbe mele o ye na be yewoɖu dzi la nado vlo ŋkɔa o. (Yeremya 50:2, 11; Konyifahawo 2:16) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yeremya nya be ne yegblɔ na dukɔa be woana ta la, ye ŋutɔ yetsɔ yeƒe agbe le afɔku gã aɖe me dem, elabena ame geɖe ase yeƒe nyawo gɔme bubui be efia be yedze aglã ɖe yewoƒe dziɖuɖu ŋu. Ke hã vɔvɔ̃ meɖoe wògbugbɔ ɖe megbe o, ke boŋ etsɔ toɖoɖo gblɔ Yehowa ƒe nyawoe. (Yeremya 38:4, 17, 18) Abe Yeremya ene la, míawo hã míeɖea gbeƒã nya aɖe si mesɔa tome na amewo o. Nya ma ke tae wodo vlo Yesu hã ɖo. (Yesaya 53:3; Mateo 24:9) Eyata migana ‘míavɔ̃ amegbetɔ’ o, ke boŋ abe Yeremya ene la, mina míatsɔ dzideƒo aɖo to Yehowae ahaka ɖe eyama dzi bliboe.—Lododowo 29:25.

Toɖoɖo le Gog ƒe Amedzidzeɣi La

18. Toɖoɖo ƒe dodokpɔ kawoe adze ŋgɔ Yehowa subɔlawo le etsɔme?

18 Madidi o woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã le “xaxa gã” si tɔgbe meva kpɔ o me. (Mateo 24:21) Ðikeke aɖeke mele eme o be do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma kple le ɣemaɣi la, Mawu ƒe amewo ato xɔse kple toɖoɖo ƒe dodokpɔ sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be Satana si anye ‘Gog si tso Magog’ adze Yehowa subɔlawo dzi kple eƒe ŋusẽ katã, aƒo aʋakɔ gã nyadri aɖe nu ƒu ɖe wo ŋu, siwo ŋu wogblɔ le be ‘aʋakɔ dranyi woanye anyè atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene.’ (Xezekiel 38:2, 14-16) Mawu ƒe ame siwo aʋakɔ siawo sɔ gbɔ wui la adi sitsoƒe le Yehowa ƒe ‘aʋala’ si wòakeke atsɔ atsyɔ toɖolawo dzii la te.

19, 20. (a) Nukatae Israel-viwo ƒe toɖoɖo hiã vevie ŋutɔ esime woɖo Ƒudzĩa to? (b) Aleke ŋugbledede le Ƒudzĩa ŋuti nuŋlɔɖia ŋu ate ŋu aɖe vi na mí egbeae?

19 Nudzɔdzɔ sia na míeɖo ŋku Israel-viwo ƒe Ʋuʋu le Egipte dzi. Esi Yehowa he fuwɔame gblẽnu ewo va Egipte dzi megbe la, ekplɔ eƒe amewo, menye to mɔ kpuitɔ si yi Ŋugbedodonyigbaa dzi la dzi o, ke boŋ to esi ɖo ta Ƒudzĩa nu, afisi woate ŋu axaxa wo ɖo bɔbɔe ahadze wo dzi la dzii. Ne ètsɔ aʋahoho ƒe nukpɔsusu bu eŋui la, adze abe nusi me afɔku gã aɖe le ene. Ne ɖe nènɔ anyi ɣemaɣi la, anye ne àse Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Mose dzi azɔ aɖo ta Ƒudzĩa gbɔ kple kakaɖedzi blibo, esi nènya be menye afima lɔƒoe Ŋugbedodonyigba la le o hã?—Mose II, 14:1-4.

20 Ne míeyi nuxexlẽa dzi le Mose ƒe Agbalẽ Evelia ƒe ta 14 lia la, míakpɔ alesi Yehowa ɖe eƒe dukɔa le ŋusẽ ɖeɖe fia wɔnuku gã aɖe me. Ŋusẽ ka gbegbee nye si nuŋlɔɖi siawo tɔgbe te ŋu doa míaƒe xɔse ne míegbɔ dzi ɖi srɔ̃ wo eye míede ŋugble le wo ŋu! (Petro II, 2:9) Eye xɔse sẽŋu sia doa ŋusẽ mí be míaɖo to Yehowa, ne ewɔ abe ɖe eƒe nudidiwo tsi tre ɖe amegbetɔ ƒe nuŋububu ŋu ene hã. (Lododowo 3:5, 6) Eyata bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe mele agbagba dzem vevie be matu nye xɔse ɖo to Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe, gbedodoɖa, kple ŋugbledede, kpakple hadede edziedzi kple Mawu ƒe amewo dzia?’—Hebritɔwo 10:24, 25; 12:1-3.

Toɖoɖo Tua Mɔkpɔkpɔ Ðo

21. Yayra kawoe vana fifia, eye woagava le etsɔme, na amesiwo ɖoa to Yehowa?

21 Fifia gɔ̃ hã la, amesiwo tsɔ toɖoɖo Yehowa mla wo ɖokuii la kpɔa Lododowo 1:33 me vava, si gblɔ be: “Amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.” Aleke nya fakɔname mawo ava eme le mɔ wɔnuku aɖe nui le Yehowa ƒe hlɔ̃biaŋkeke si gbɔna la mee nye si! Le nyateƒe me, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne nusiawo de asi emevava me la, ekema miwu mo dzi, eye mikɔ miaƒe tawo ɖe dzi, elabena miaƒe ɖeɖe la gogo.” (Luka 21:28) Edze kɔte be amesiwo ɖoa to Mawu ko sie kakaɖedzi anɔ be yewoawɔ nya siawo dzi.—Mateo 7:21.

22. (a) Susu ka tae kakaɖedzi ate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo si? (b) Nya kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

22 Susu bubu si ta kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía sie nye be “Yehowa [Aƒetɔ Dziɖulagã la] mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.” (Amos 3:7) Egbea Yehowa ƒe gbɔgbɔ megaʋãa nyagblɔɖilawo abe le blema ene o; ke boŋ dɔla nuteƒewɔla ƒe ha aɖee wode dɔ asi na be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu yeƒe aƒemetɔwo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Mateo 24:45-47) Eyata aleke gbegbe wòle vevie enye si be míana toɖoɖo “dɔla” ma nazu numame na mí! Abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fia ene la, toɖoɖo ma hã ɖea nɔnɔme si le mía si ɖe Yesu, ‘dɔla’ la ƒe aƒetɔ, ŋu la fiana. Eyae nye Amesi ‘dukɔwo katã aɖo toe.’—Mose I, 49:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Lãwo takpɔha aɖe ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be togbɔ be wobua koklonɔ be evɔ̃na hã la, “koklovinɔ wɔa avu vaseɖe esime wòaku be wòatsɔ akpɔ viawo ta tso afɔku mee.”

^ mm. 16 Yeremya 38:19 fia be Yudatɔ aɖewo ‘yi Kaldeatɔwo gbɔ’ eye wokpɔ wo ta womewu wo o gake wokplɔ wo yi aboyo me ya. Míenya ne Yeremya ƒe nyawo tae wona ta ya o. Gake woƒe agbetsitsi ɖo kpe nyagblɔɖila la ƒe nyawo dzi.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nye Israel ƒe tomaɖomaɖo me tsonu?

• Aleke amesiwo Fia Yoas de ha kplii kpɔ ŋusẽ ɖe edzii le eƒe ɖevime kple emegbe le eƒe tsitsimee?

• Nukawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Barux gbɔ?

• Nukatae mele be Yehowa ƒe ame siwo ɖoa to navɔ̃ esi fifi nuɖoanyia yina ɖe eƒe nuwuwu o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Le Yoyada ƒe mɔfiafia te la, Yoas ɖo to Yehowa le eƒe ɖevime

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Zɔhɛ gbegblẽwo na be Yoas na wowu Mawu ƒe nyagblɔɖila

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ne ɖe nènɔ anyi ɣemaɣi la, anye ne àɖo to Yehowa akpɔ eƒe ameɖeŋusẽ gã la ɖeɖe fiaa?