Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naʋã Ŋua?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naʋã Ŋua?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Naʋã Ŋua?

ŊUƲAƲ×ɖe wònye nɔnɔme si wòle be Kristotɔ natu ɖoa? Abe Kristotɔwo ene la, wode dzi ƒo na mí be ‘míati lɔlɔ̃ yome,’ eye wogblɔ na mí be ‘lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o.’ (Korintotɔwo I, 13:4; 14:1) Gake wogblɔ na mí hã be “Yehowa enye . . . Mawu ŋuʋãla” eye wode se na mí be ‘míazu mawusrɔ̃lawo.’ (Mose II, 34:14; Efesotɔwo 5:1) Nukae na wòdze abe ɖe nya siawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene?

Nusitae enye be gɔmesese vovovowoe le Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe be “ŋuʋaʋã” le Biblia me ŋu. Gɔmesese nyui alo gbegblẽa ate ŋu anɔ wo ŋu le alesi wozã nyae nu. Le kpɔɖeŋu me, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ŋuʋaʋã” ate ŋu afia “egbɔkpɔkpɔ be woatsɔ subɔsubɔ si dze ana ame ɖeka ko; be womatsɔ nusi ame aɖe ko dze na ana ame bubu o; dzitsitsi ɖe nuteƒewɔwɔ ŋu; be woaʋã ŋu [nyuiea alo gbegblẽa]; be woabiã ŋu.” Gɔmesese siawo ƒomevi kee le Helagbe me nya si wozãna nɛ hã si. Nya siawo ate ŋu afia seselelãme totro, gbegblẽ aɖe si woaɖe afia ame aɖe si ŋu wobu nazã ɖo alo amesi woxɔ se be nuwo de edzi wu la ŋu. (Lododowo 14:30) Woagate ŋu afia nɔnɔme aɖe si Mawu na mí—si nye didi be woakpɔ lɔlɔ̃tɔ aɖe ta tso afɔku me—la ɖeɖe fia le mɔ nyuitɔ nu.—Korintotɔwo II, 11:2.

Kpɔɖeŋu Gãtɔ Kekeake

Yehowae ɖo kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake le ŋuʋaʋã nyuitɔ ɖeɖe fia me. Eƒe tameɖoɖowo le dzadzɛ hele kɔkɔe eye wotsoa didi be yeakpɔ yeƒe amewo ta tso gbɔgbɔ kple ŋutilã me ɖiƒoƒo me. Egblɔ le eƒe ame siwo nɔ anyi le blema, siwo wòyɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be Zion, ŋu bena: “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dziku vevie heʋã ŋu ɖe enu.” (Zaxarya 8:2) Abe alesi ko fofo lɔ̃ame nɔa ŋudzɔ be yeakpɔ ye viwo ta tso afɔku me ene la, Yehowa le ŋudzɔ be yeakpɔ ye subɔlawo ta tso ŋutilã kple gbɔgbɔ me fɔku me.

Be Yehowa nakpɔ eƒe amewo ta la, ena eƒe Nya, Biblia, wo. Dzideƒonamenya geɖe siwo ana woazɔ nunyatɔe la le eme, eye amesiwo wɔe nenema la ŋuti kpɔɖeŋu gbogbowo le eme. Le Yesaya 48:17 la, míexlẽ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” Akɔfaname kae nye si wònye be míanyae be eƒe ŋuʋaʋãe ʋãnɛ be wòatsɔ ɖe le eme na mí ahakpɔ mía ta! Ne ɖe meʋãa ŋu le mɔ nyui sia nu o la, anye ne míadze afɔku ƒomevi geɖewo elabena nuteƒekpɔkpɔ mele mía si o. Yehowa meʋãa ŋu le ɖokuitɔdidimɔ nu gbeɖe o.

Ekema nukae nye vovototo si le mawumeŋuʋaʋã kple ŋuʋaʋã gbegblẽ dome? Be míakpɔe la, mina míade ŋugble le Miryam ƒe kpɔɖeŋua kple Pinexas hã tɔ ŋu kpɔ. De dzesi nusi ʋã wo.

Miryam Kple Pinehas

Miryam nye Mose kple Aron, siwo nye Israel-viwo kplɔlawo le Mɔzɔzɔa me la, nɔvinyɔnu tsitsitɔ. Esime Israel-viawo nɔ gbeadzi la, Miryam va nɔ ŋu ʋãm nɔviaŋutsu Mose. Biblia me nuŋlɔɖia xlẽ be: “Eye Miryam kple Aron ƒo nu le Mose ŋu le Kus-nyɔnu la ta, . . . hegblɔ bena: Alo Mose ɖeɖe koe Yehowa ƒo nu kplia? Ðe meƒo nu kple míawo hã oa?” Anɔ eme be Miryam ye xɔ ŋgɔ le tsitretsitsi ɖe Mose ŋu me, elabena Yehowa tsɔ anyidɔ he toe na Miryam kwasiɖa ɖeka ɖe eƒe ame mabumabu nuwɔnaa ta, ke mehe to na Aron o.—Mose IV, 12:1-15.

Nukae ʋã Miryam wòtsi tre ɖe Mose ŋu? Dzitsitsi ɖe tadedeagu vavã ŋu kple didi be yeakpɔ ye hati Israel-viwo ta yea? Edze ƒã be menye esiawoe o. Edze ƒã be Miryam ɖe mɔ ŋkɔ kple ŋusẽ xɔxɔ ƒe dzodzro gbegblẽ nyɔ ɖe eƒe dzi me. Abe nyɔnunyagblɔɖila le Israel ene la, dukɔa, vevietɔ nyɔnuwo, dea bubu eŋu. Enɔ ŋgɔ na wo le haƒoƒo kple hadzidzi me esime woɖe Israel nukutɔe le Ƒudzĩa me. Gake fifia la, anɔ eme be Miryam va tsi dzi ɖe eƒe gãnyenye si wòbu be ye hati, Mose srɔ̃, si ŋu wòbu nazã ɖo la ava ma kpli ye la ŋu vevie. Le ɖokuitɔdidi ƒe ŋuʋaʋã si ʋãe ta la, ehe nya ɖe Mose, amesi Yehowa tia, la ŋu.—Mose II, 15:1, 20, 21.

Gake tameɖoɖo bubue nɔ Pinehas ya ƒe nuwɔnawo ŋu. Do ŋgɔ teti na Israel-viwo ƒe Ŋugbedodonyigba dzi ɖoɖo, esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba la, Moab kple Midian nyɔnuwo ble Israel-ŋutsu geɖe nu de agbegbegblẽnɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔ me. Be woakɔ asaɖaa ŋu ahatsi Yehowa ƒe dɔmedzoe nu la, wogblɔ na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo be woawu ŋutsu siwo katã tra la. Le agbegbegblẽnɔnɔ ta la, Simon-toa ƒe amegã Simri, kplɔ Midian-nyɔnu Kosbi gaglãa va asaɖaa me le “Israel-viwo ƒe ha blibo la ŋku me.” Pinehas wɔ nu enumake. Ŋuʋaʋã ƒe seselelãme, alo dzitsitsi, ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu kple didi be woagagblẽ agbenyuinɔnɔ si le asaɖaa me me o ƒoe ɖe enu be wòwu ahasiwɔlaawo le woƒe avɔgbadɔ me. Wokafui ɖe eƒe ‘ŋuʋaʋã ƒe dɔmedzoe si wòdo,’ ‘ŋuʋaʋã ɖe’ Yehowa nu ta. Nusi Pinehas wɔ enumake la tsi fuwɔame, si ɖe ame 24,000 ƒe agbe ɖa xoxo, si wotsɔ nɔ to hem na woe la nu, eye Yehowa tsɔ nunɔladɔ si anɔ eya kple eƒe dzidzimeviwo si tegbee la ɖo eteƒe nɛ.—Mose IV, 25:4-13.

Nukae nye vovototo si nɔ ŋuʋaʋã eve siawo si woɖe fia dome? Ðokuitɔdidi ƒe ŋuʋaʋãe na Miryam tsi tre ɖe nɔvia ŋu, gake Pinehas ya wɔ nu ɖe dzɔdzɔenyenye nu le mawumeŋuʋaʋã me. Abe Pinehas ene la, ɣeyiɣi aɖewo li siwo me wòle be míase le mía ɖokui me be míaɖe míaƒe nukpɔsusuwo agblɔ alo aɖe afɔ aɖewo atsɔ aʋli Yehowa ƒe ŋkɔ, eƒe tadedeagu, kple eƒe amewo tae.

Ŋuʋaʋã Gbegblẽ

Gake ɖe wòle bɔbɔe be ŋuʋaʋã gbegblẽ nanɔ ame mea? Ẽ, ele bɔbɔe. Aleae wònɔ le Yudatɔwo gome le ƒe alafa gbãtɔ me. Wotsɔ ŋuʋaʋã nɔ Se si Mawu na wo kpakple woƒe kɔnyinyiwo ta kpɔmee. Le woƒe agbagbadzedze be yewoakpɔ Sea ta me la, wowɔ se kple mɔxeɖenu gbogbo aɖewo si va zu agba na ameawo. (Mateo 23:4) Esi womete ŋu kpɔe dze sii be Mawu tsɔ nusi ŋutɔŋutɔ Mose ƒe Sea nye vɔvɔ̃li na la va ɖɔ lii o alo lɔ̃ ɖe edzi o ta la, woƒe ŋuʋaʋã ƒoe ɖe wo nu le mɔ gbegblẽ nu be woaɖe dziku si nu womate ŋu alé o ɖe Yesu Kristo yomedzelawo dzi. Apostolo Paulo, amesi ŋutɔ hã ʋã ŋu ɖe Sea ŋu vevie le mɔ gbegblẽ nu, gblɔ be amesiwo nɔ Sea ta ʋlim la ‘nɔ ŋu ʋãm ɖe Mawu ŋu, gake menye kple sidzedze vavã o.’—Romatɔwo 10:2; Galatiatɔwo 1:14.

Esesẽ ŋutɔ hafi Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo la dometɔ geɖe gɔ̃ hã ɖe asi le ŋuʋaʋã ɖe Sea ŋu le mɔ gbegblẽ nu alea ŋuti. Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia megbe la, etsɔ nyatakaka yi na ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea ƒe dziɖuha la ku ɖe trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo ƒe dzimetɔtrɔ ŋu. Ɣemaɣi la, Yudatɔ zu Kristotɔ akpe geɖewo ‘ʋãa ŋu ɖe Sea ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 21:20) Esia dzɔ ƒe aɖewo le nyametsotso si dziɖuha la wɔ be mahiã be Trɔ̃subɔla zu Kristotɔ natso aʋa o megbe. Sea me léle ɖe asi ƒe nyawo nɔ dzre dem hamea me. (Dɔwɔwɔwo 15:1, 2, 28, 29; Galatiatɔwo 4:9, 10; 5:7-12) Esi Yudatɔ zu Kristotɔ aɖewo mese alesi Yehowa nɔ nu wɔm kple eƒe amewo fifia gɔme o ta la, wote tɔ ɖe woa ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo dzi henɔ fɔ bum ame bubuwo.—Kolosetɔwo 2:17; Hebritɔwo 10:1.

Ekema ele be míaƒo asa na agbagbadzedze be míakpɔ mía ŋutɔwo ƒe nukpɔsusu veviwo alo mɔnu siwo menɔ te ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi kaŋ o ta ŋuʋaʋãtɔe ƒe mɔ̃ la. Anyo be míaxɔ kekeli yeye si klẽna ɖe Mawu ƒe Nya dzi toa afisi Yehowa tsɔnɛ tonae egbea.

Ʋã Ŋu ɖe Yehowa Nu

Gake mawumeŋuʋaʋã dea tadedeagu vavã dzi le mɔ aɖe nu. Ne edzɔ be míetsi dzi ɖe mía ŋutɔwo ƒe ŋkɔxɔxɔ alo gomenɔamesiwo ŋu la, mawumeŋuʋaʋã hea míaƒe susu ɖe Yehowa ŋu. Eʋãa mí be míadi mɔnu vovovowo atsɔ aɖe gbeƒã eŋuti nyateƒeae ahaʋli eƒe mɔwo kple eƒe amewo ta.

Aƒemenɔla aɖe si si Mawu ƒe se ku ɖe ʋu ŋu la ŋuti nukpɔsusu masɔmasɔwo le he nya ɖe Akiko, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, ŋu. Akiko ʋli Mawu ƒe Nya la ta ŋuɖɔɖotɔe heyɔ dɔdada me kuxi siwo ʋudodo hena vɛ gɔ̃ hã ƒu edzi. Esi wòdi vevie be yeaƒo nu tso Yehowa ŋu ta la, etrɔ dzeɖoɖoa ɖe nusi wòbu be eyae nye nusi koŋ tae nyɔnua medi be yease nyaa o—si nye Wɔla si dzi mexɔ se o—la ŋu. Akiko de ŋugble kple aƒemenɔlaa le alesi nuwɔwɔ ɖo kpe Wɔla aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi ŋu. Menye nazãbubu koe eƒe nyataʋiʋli dzinɔameƒotɔe la ɖe ɖa o, ke ena wòdze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ hã gɔme kple nyɔnua. Egbea, aƒemenɔla dzikudola ma nye Yehowa kafula.

Ŋuʋaʋã nyui, alo dzitsitsi, ɖe tadedeagu vavã ŋu ƒonɛ ɖe mía nu be míanɔ ŋudzɔ eye be míawɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ atsɔ aƒo nu ahaʋli míaƒe xɔse tae le dɔme, le suku, le fiasewo me, kple le mɔzɔzɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Midori ɖoe kplikpaa be yeaƒo nu tso yeƒe xɔse ŋu na yeƒe dɔwɔhatiwo. Dɔwɔhatiawo dometɔ ɖeka si le eƒe ƒe 40-awo me gblɔ nɛ be yemedi be yeaɖo dze aɖeke kple Yehowa Ðasefowo o. Le dzeɖoɖo aɖe me ɣebubuɣi la, nyɔnua xa nu be ye vinyɔnu te nɔnɔme gbegblẽwo ɖeɖe fia. Midori tsɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work * fiae, hebia be yeawɔ ɖoɖo asrɔ̃ agbalẽa kple vianyɔnua hã. Wodze nua sɔsrɔ̃ gɔme, gake dadaa menɔa dzeɖoɖoa me o. Medori ɖoe be yeaɖe video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name* afia nyɔnua. Esia ɖe nukpɔsusu gbegblẽ siwo nɔ esi la geɖe ɖa. Nusiwo wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wògblɔ be: “Medi be manɔ abe Yehowa Ðasefowo ene.” Eva wɔ ɖeka kple vianyɔnua le Biblia sɔsrɔ̃ me.

Ŋuʋaʋã nyui dea Kristo-hamea hã dzi. Etua lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme ƒe gbɔgbɔ si me dzidzɔ le ɖo heʋãa mí be míatsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo, abe ameŋunya gbegblẽ gbɔgblɔ kple xɔsegbelawo ƒe susu ene, siwo ado afɔku míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo la ŋu. Mawumeŋuʋaʋã ʋãa mí be míakpe asi ɖe hamemegãwo, amesiwo kpɔnɛ be ehiã be woaka mo na nugbegblẽwɔlawo ɣeaɖewoɣi la, ƒe nyametsotsowo ŋu. (Korintotɔwo I, 5:11-13; Timoteo I, 5:20) Esi Paulo nɔ nu ŋlɔm ku ɖe alesi wòʋãa ŋui ɖe haxɔsetɔ siwo nɔ Korinto-hamea me nu la, egblɔ be: “Metsɔ Mawu ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, bena matsɔ ɖetugbi dzadzɛ atu tsitre na Kristo.” (Korintotɔwo II, 11:2) Nenema ke míaƒe ŋuʋaʋã ʋãa mí be míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ akpɔ hamea me tɔwo katã ƒe nufiafia, gbɔgbɔ, kple agbenɔnɔ ƒe kɔkɔenyenye tae.

Ẽ, ŋuʋaʋã si ŋu susu nyui kpe ɖo—si nye mawumeŋuʋaʋã—kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame bubuwo dzi. Ehea Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ eye ele be wòanye nɔnɔme siwo Kristotɔwo natu ɖo egbea la dometɔ ɖeka.—Yohanes 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Mawumeŋuʋaʋã nue Pinehas wɔ nu ɖo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Ƒo asa na ŋuʋaʋã gbegblẽ ƒe mɔ̃ la

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Mawumeŋuʋaʋã ʋãa mí be míaƒo nu tso míaƒe xɔse ŋu ahalɔ̃ mía nɔviwo ƒe habɔbɔ la