Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔɣeyiɣi aɖe Le Balkan-nutowo Me

Dzidzɔɣeyiɣi aɖe Le Balkan-nutowo Me

Dzidzɔɣeyiɣi aɖe Le Balkan-nutowo Me

Ƒe 1922 mee. Biblia Nusrɔ̃vi Veviedonulawo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, nɔ kpekpe aɖe wɔm le Innsbruck, Austria. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Franz Brand, si tso Apatin le Vojvodina, Serbia, nɔ nyaselawo dome. Esi nuƒolaa nya yɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ko la, nuvlowɔha aɖe te ɣlidodo, si wɔe be megate ŋu yi eƒe nuƒoa dzi o, eye kpekpea me gblẽ. Ke hã, nusi Franz se la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe, eye wòte gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Aleae gbɔgbɔmedzidziɖedzi dodzidzɔname si kpɔm wole le Balkan-nutowo dometɔ ɖeka me la dze egɔme sue enye si.

LE AME akpa gãtɔ siwo li egbea gome la, ŋkɔ Yugoslavia ɖoa ŋku aʋawɔwɔ kple ʋukɔkɔɖi dzi na wo. Amewo tsɔtsrɔ̃, sitsoƒedila siwo lé blanui, aƒe siwo gbã, kple tsyɔ̃evi siwo le nu xam ye wokpɔna le susu me ɖaa. Womate ŋu atsɔ nyagbewo aɖɔ vevesese helĩhelĩ kple nɔnɔme wɔnublanui si aʋa si gblẽ nu le Balkan-ƒukpoa ƒe afã ŋu tso ƒe 1991 vaseɖe 1995, eye wògblẽ dzidzedze kple dzidzeme ƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ siwo katã ƒe agbagba dzem amegbetɔwo nɔ dome la o. Aʋa wɔe be gakuxiwo kple hiãkame le fu wɔm amesiwo le Yugoslavia si nɔ anyi tsã la ale gbegbe. *

Le fukpekpe si le afima ta la, asesẽ be ame aɖe nabu be yeakpɔ dzidzɔme aɖewo le xexea ƒe akpa sia. Gake togbɔ be esia awɔ nuku hã la, amesiawo li. Le nyateƒe me la, wokpɔ dzidzɔ tɔxɛ aɖe le ƒe alafa 20 lia ƒe nuwuwu lɔƒo ƒe ŋkeke aɖe dzi. Akpa kae Franz Brand, si nye ɖekakpui si ŋkɔ míeyɔ le gɔmedzedzea me la, wɔ le esia katã me?

Gbɔgbɔmedzidziɖedzi le Balkan-nutowo Me

Franz Brand kpɔ dzidzɔ ɖe nyateƒe yeye siwo wòse ŋu eye wòtso nya me be ele be yeakaka nyanyuia. Eva nye takola le Maribor, si nye dugã aɖe le Slovenia si te ɖe Austria ƒe liƒo ŋu, eye wòte gbeƒãɖeɖe na eƒe asisiwo, amesiwo nɔa anyi kpoo nɔa to ɖom esime wòle taa kom na wo. Eƒe agbagbadzedzea wɔe be Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe va nɔ Maribor le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo. Woƒoa Biblia me nuƒowo le nuɖuɖudzraƒe aɖe, si wova na ŋkɔ emegbe wòsɔ be Novi svet (Xexeme Yeye) Atsiaƒu me Nuɖuɖuwo Dzraƒe.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyanyuia kaka ɖe dukɔ bliboa me. “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” (si me gaƒoƒo enyi ƒe sinima, fotoɖeɖefia, kple nuƒowo nɔ) si wozã la wɔ akpa vevi aɖe le dzidziɖedzi sia me. Emegbe esime woti Yehowa Ðasefowo yome vevie le Germany le ƒe 1930-awo me la, mɔɖela siwo nye Germanytɔwo siwo si le wo de la va do ŋusẽ Ðasefo siwo nɔ Yugoslavia Fiaɖuƒea me. Wotsɔ woa ŋutɔwo ƒe dzidzemekpɔkpɔ alo nusiwo ade wo dzi la sa vɔe heyi saɖaganuto siwo le todzi dukɔ sia me ɖaɖe gbeƒã. Le gɔmedzedzea me la, ewɔ abe amewo mele ɖeke tsɔm le woƒe gbedasia me tututu o ene. Le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze la, gbeƒãɖela 150 koe bu gbeadzisubɔsubɔkɔnta.

Le ƒe 1941 me la, yometiti sesẽ aɖe do mo ɖa si nɔ anyi vaseɖe ƒe 1952 me. Dzidzɔ kae nye si wònye esime wova de Yehowa Ðasefowo agbalẽ me le se nu mlɔeba le September 9, 1953 dzi, le Aʋafiagã Tito ƒe Kɔmiunist dziɖuɖua te! Le ƒe ma me la, nyanyui gbeƒãɖela 914 ye nɔ afima, eye woƒe xexlẽmea nɔ dzidzim ɖe edzi. Le ƒe 1991 me la, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi va ɖo 7,420, eye ame 16,072 ye de Ŋkuɖodzia le ƒe ma me.

Tso August 16 va ɖo 18, 1991 dzi la, wowɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe gbãtɔ le dukɔ sia me, le Zagreb, Croatia. Ame 14,684 ye tso dukɔa kple duta siaa va. Takpekpe gã sia si womaŋlɔ be akpɔ o la dzra Yehowa ƒe amewo ɖo ɖe dodokpɔ siwo le ŋgɔ ŋu. Bɔs siwo tsɔ amesiwo tso Serbia va yina wo dee la nɔ ʋu mamlɛ siwo to de siwo nɔ Croatia kple Serbia dome la me. Esi ʋu mamlɛa nya tso dea ko la, wotu dea eye aʋa dze egɔme.

Susuwo Li Siwo Ta Wòle Be Dzi Nadzɔ Yehowa ƒe Amewo

Aʋawɔwɔ ƒe ɣeyiɣia nye dodokpɔɣi sesẽ aɖe na Yehowa Ðasefo siwo nɔ Balkan-nutoawo me. Ke hã, susuwo li siwo ta wòle be dzi nadzɔ wo elabena Yehowa na eƒe ame siwo le afima le dzidzim ɖe edzi nyuie. Tso ƒe 1991 me la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo le nuto si nye Yugoslavia si nɔ anyi tsã me la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi alafa memama 80 kple edzivɔ sɔŋ. Wokpɔ gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme gbogbotɔ si nye 13,472 le ƒe 2001 ƒe subɔsubɔƒea me.

Alɔdzedɔwɔƒe siwo le Zagreb kple Belgrade (Serbia) ye kpɔa Yehowa Ðasefo siwo le Yugoslavia si nɔ anyi tsã ƒe dɔ bliboa dzi. Dzidziɖedzia kple dunyahehe ƒe tɔtrɔwo na wòva hiã be woaɖo alɔdzedɔwɔƒe yeyewo le Ljubljana (Slovenia), kple Skopje (Macedonia), tsɔ kpe ɖe alɔdzedɔwɔƒe yeyewo ɖoɖo akpe esiwo le Belgrade kple Zagreb ŋu. Amesiwo anɔ 140 ye le subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒe siawo. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye ɖekakpui kple ɖetugbiwo eye dzo kple lɔlɔ̃ na Yehowa le wo me fũ. Wo dometɔ geɖe ɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Croatia, Macedonia, Serbia, kple Slovenia gbewo me. Dzidzɔ kae nye si wònye be wotaa Yehowa Ðasefowo ƒe magazine kple agbalẽ siawo siwo wotana ɖe gbe siawo me la kple woƒe Eŋlisigbe me tɔwo katã dona le ɣeyiɣi ɖeka me! Agbalẽ siawo kpena ɖe ame geɖe ŋu be akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ sua wo si.

Nusi hã tae wòle be dzi nadzɔ wo ɖoe nye kpekpeɖeŋu si ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla geɖe siwo tso dukɔ bubuwo me nana ɖokuitɔmadimaditɔe la. Wotu Fiaɖuƒe Akpata dzeani gbogbo aɖewo le ƒe siawo me, si na dzi dzɔ hameawo ɖe edzi. Ke hã, dzidzɔ geɖe gale ŋgɔ gbɔna. Aleke esia anya wɔe?

Dɔ Tɔxɛ Aɖe

Gbeƒãɖela geɖe biana zi geɖe be, ‘Ðe New World Translation la ava nɔ mía degbe me gbaɖegbea?’ Ƒe sia ƒe la, wokpɔa mɔ vevie be yewoase esia ƒe gbeƒãɖeɖe le nutome gã takpekpe me. Gake aleke dɔ gã sia anya wɔ esi wònye be ƒe ʋɛ aɖewo koe nye sia si woɖo gbe siawo gɔmeɖelawo eye be gbegɔmeɖelaawo mesɔ gbɔ o?

Le nyawo me kuku megbe la, Dziɖuha la da asi ɖe edzi be Croatia, Macedonia, kple Serbia gbegɔmeɖelawo nawɔ dɔ aduadu be woate ŋu ado ta ɖe wo nɔewo gbɔ axɔ kpekpeɖeŋu tso wo nɔewo gbɔ. Croatia gbegɔmeɖelawoe wotsɔ dze egɔmee.

Aseyetsoŋkeke Aɖe

Yehowa Ðasefo siwo le Balkan-nutowo me maŋlɔ July 23, 1999, be akpɔ gbeɖe o. Woɖoe be woawɔ “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpewo le ɣeyiɣi ɖeka me le Belgrade, Sarajevo (Bosnia-Herzegovina), Skopje, kple Zagreb. Ɣeyiɣi aɖewo enye ma si womeka ɖe edzi be woate ŋu awɔ takpekpe le Belgrade o elabena womeɖe mɔ be woawɔ dutoƒo kpekpewo esime NATO-tɔwo le bɔmbwo dam o. Aleke dzi dzɔ nɔviawo enye esi be yewoate ŋu ade ha kple yewo nɔewo le ɣleti geɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔwo megbe! Gake esia ƒe nuvãnyenye la gbɔ nusi wonɔ mɔ kpɔm na ŋu.

Le Fiɖagbe ŋdɔ la, wowɔ gbeƒãɖeɖe tɔxɛ aɖe le takpedu eneawo katã me. Vavala 13,497 nɔ to dzi le ɖoɖoezizi me na nusi ŋu wòku ɖo. Mlɔeba esi nuƒolaa ɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures ɖe go le Croatia kple Serbia gbewo me hegblɔ na nyaselawo be wole Macedoniagbe me tɔa dzi la, vavalawo megate ŋu lé wo ɖokui o. Akpesisi si nu sẽ ŋutɔ la meɖe mɔ na nuƒola la be wòawu eƒe gbeƒãɖeɖea nu o. Le Sarajevo takpekpea me la, nyaselawo, siwo gbeƒãɖeɖea ɖi ɖe la, ƒe nu ku ale gbegbe. Emegbe woƒo asikpe ɣeɣiɣi didi aɖe. Ame geɖe fa dzidzɔvi le Belgrade, eye wonɔ akpe sisi dzi esime nuƒola mekpɔ wu gbeƒãɖeɖea nu haɖe o. Aleke amewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔe nye si!

Nusi gana asixɔxɔ geɖe nɔ nunana sia ŋue nye nyateƒe si wònye be woɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woata Croatia kple Serbia gbe me Biblia gɔmeɖeɖeawo. Esia wɔe be wova ta New World Translation of the Christian Greek Scriptures la tsɔ kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo si gɔme woɖe ɖe gbe siawo me ŋu wozu babla ɖeka. Gakpe ɖe eŋu la, wota Serbia Biblia ɖe Roma kple Cyril nuŋɔŋlɔ me.

Le akpedada ɖe yayra kple mɔfiame siwo katã Yehowa ƒe ame siwo le Balkan-nutowo me xɔ ta la, wolɔ̃ ɖe Dawid ƒe nya siawo dzi be: “Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena [wò Yehowae] le gbɔnye.” Togbɔ be wokpɔtɔ le nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, woɖoe kplikpaa be ‘dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nanye yewoƒe mɔ̃ sesẽ.’—Psalmo 23:4; Nexemya 8:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Dukɔ nɔɖokuisi adee nɔ Yugoslavia si nɔ anyi tsã la me—Bosnia-Herzegovina, Croatia, Macedonia, Montenegro, Serbia, kple Slovenia.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo gbãtɔ siwo tso Maribor, Slovenia, le gbeƒã ɖem le saɖaganutowo me