Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mitsi Tre Ðe Abosam Ŋu”

“Mitsi Tre Ðe Abosam Ŋu”

“Mitsi Tre Ðe Abosam Ŋu”

“Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.”—YAKOBO 4:7.

1. Nya kae woate ŋu azã na xexe si li fifia, eye nukatae wòhiã be amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo nanɔ ŋudzɔ?

“MAWU megali o, gake Abosam ya kpɔtɔ li.” Woate ŋu azã Fransetɔ agbalẽŋlɔla André Malraux ƒe nya mawo na xexe si me míele la wòasɔ. Ðikekemanɔmee la, edze abe amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ɖea Abosam ƒe ayemɔwo fiana wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ene. Satana to “aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me le amesiwo le tsɔtsrɔ̃m la” kplɔm trae. (Tesalonikatɔwo II, 2:9, 10) Gake le “ŋkeke mamlɛ” siawo me la, Satana bla akpa ɖe Mawu subɔla ɖeadzɔgbewo ŋu hele aʋa wɔm kple Kristotɔ amesiamina ‘siwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la.’ (Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 12:9, 17) Ehiã be Ðasefo siawo kple woƒe zɔhɛ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nanɔ ŋudzɔ.

2. Aleke Satana ble Xawae, eye vɔvɔ̃ɖeamenu kae apostolo Paulo ɖe fia?

2 Satana nye ameblela le goawo katã me. Ezã da aɖe tsɔ ble Xawa wòbu be yeate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu ne yeɖe ye ɖokui ɖa tso Mawu ƒe dziɖuɖu te. (Mose I, 3:1-6) Ƒe akpe ene aɖewo megbe la, apostolo Paulo vɔ̃ ɖe Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Korinto nu be Satana ƒe ayedzedzea ate ŋu aɖu woawo hã dzi. Paulo ŋlɔ bena: “Mele vɔvɔ̃m bena, ame aɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe aɖaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ.” (Korintotɔwo II, 11:3) Satana gblẽa amewo ƒe susu hetɔtɔa woƒe tamebubu. Abe alesi wòble Xawa ene la, ate ŋu ana Kristotɔwo nabui vodadatɔe be yewoƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖe nane si medzɔa dzi na Yehowa kple Via o dzi.

3. Ametakpɔkpɔ kae Yehowa nana tso Abosam si me?

3 Woate ŋu atsɔ Satana asɔ kple xevimɔ̃trela si ɖoa mɔ̃wo tsɔ ɖea xewo le vo me. Be míaƒo asa na Satana ƒe mɔ̃wo la, ehiã be ‘míanɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe’ si nye kpɔɖeŋu ƒe takpɔkpɔ si Yehowa naa amesiwo lɔ̃na ɖe eƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye dzi le nusiwo wowɔna me. (Psalmo 91:1-3) Míehiã na ametakpɔkpɔ siwo katã Mawu nana to eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ, kple eƒe habɔbɔa dzi ‘bene míate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.’ (Efesotɔwo 6:11) Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si wozã na “aɖaŋu vɔ̃wo” gɔme be “ayemenuwɔnawo,” alo “ayemɔwo.” Ðikeke aɖeke mele eme o be Abosam zãa ayemɔ kple ayemenuwɔna geɖewo le eƒe agbagbadzedze be yeaɖe Yehowa subɔlawo me.

Mɔ̃ Siwo Satana Ðo na Kristotɔ Gbãtɔwo

4. Xexe ka ƒomevi mee Kristotɔ gbãtɔawo nɔ?

4 Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia M.Ŋ. me la nɔ ɣeyiɣi si me ŋusẽ nɔ Roma Fiaɖuƒea ŋu vevie me. Ŋutifafa sue si nɔ Roma Fiaɖuƒea me (Pax Romana) la wɔe be asitsatsa kpɔ dzidzedze. Nudzedziname sia na dziɖuɖumegãwo kpɔ ɖiɖiɖemeɣi geɖe, eye dziɖulawo kpɔ egbɔ be modzakaɖeɖe geɖe nɔ anyi na ame hahoawo ale be woagadze aglã o. Ɣeaɖewoɣi la, dzudzɔgbewo sɔa gbɔ wu dɔwɔgbewo. Dziɖulaawo zãa dziɖuɖu ƒe ga tsɔ naa nuɖuɖu kple modzakaɖeɖe wo, si naa woɖia ƒo eye woƒe susu trana kuraa.

5, 6. (a) Nukatae mesɔ be Kristotɔwo nanɔ Romatɔwo ƒe fefewɔƒewo yim o? (b) Aye kae Satana zã, eye aleke Kristotɔwo ate ŋu aƒo asa nɛ?

5 Ðe nɔnɔme sia zu afɔku na Kristotɔ gbãtɔawoa? Ne míenɔ te ɖe nuxlɔ̃ame siwo nuŋlɔla siwo nɔ anyi le apostoloawo ƒe ku megbe teti, abe Tertullian ene, ŋlɔ dzi bu eŋu la, míekpɔnɛ be gbɔgbɔ kple ŋutilã me fɔku geɖe nɔ modzakaɖeɖe akpa gãtɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi me na Kristotɔ vavãwo. Nusita wòle aleae nye be, azãɖuɖu kple fefe akpa gãtɔ nye esiwo wowɔna tsɔ dea bubu trɔ̃wo ŋu. (Korintotɔwo II, 6:14-18) Fefe siwo wowɔna le fefewɔƒeawo dometɔ geɖe nye esiwo me agbegbegblẽnɔnɔ alo ʋukɔkɔɖi yɔ fũ. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, amewo ƒe vividodo ɖe fefe siawo ŋu dzi ɖe kpɔtɔ, eye fefe siwo me wowɔa ŋukpenanuwo le va xɔ ɖe eteƒe. Ŋutinyaŋlɔla Jérôme Carcopino gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Daily Life in Ancient Rome me be: “Woɖea mɔ be nyɔnufefewɔlawo naɖe ama wo ɖokui keŋkeŋ le fefe siawo wɔwɔ me . . . Wokɔa ʋu ɖi fũ. . . . [Ŋukpenafefewɔla la] doa vevie nu le nu tovo siawo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe duametɔ gbogbowo dzi la wɔwɔ me. Ŋukpenafefe siawo menyɔa ŋu na wo o elabena ŋutasẽnu kple ʋukɔkɔɖi siwo wokpɔ le fefewɔƒegãwo na woƒe seselelãmewo ku atri eye wògblẽ woƒe lãmenusenuwo hã.”—Mateo 5:27, 28.

6 Le fefewɔƒegãwo la, yivuwɔlawo wɔa avu kple wo nɔewo vaseɖe esime ɖeka ku, alo wɔa avu kple lã wɔadãwo ɖaseɖe esime woawu lãwo loo alo lãwo nawu wo. Wotsɔa nuvlowɔla siwo wotso kufia na, kple vevietɔ Kristotɔ geɖewo, naa lã wɔadawo. Le ɣeyiɣi gbãtɔ mawo gɔ̃ hã me la, aye si wɔm Satana nɔ enye be yeatsi alesi amewo nyɔa ŋu agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasesẽe nu hafi nusiawo va do agbogbo ɖe afisiafi eye ame hahoawo tsia dzi ɖe wo kpɔkpɔ ŋu vevie. Mɔ si ko dzi woate ŋu ato aƒo asa na mɔ̃ ma enye be woagbe fefewɔƒeawo yiyi.—Korintotɔwo I, 15:32, 33.

7, 8. (a) Nukatae nunya manɔ eme na Kristotɔ be wòayi tasiaɖamwo ƒe hoʋliƒe o? (b) Aleke Satana ate ŋu azã Romatɔwo ƒe tsileƒewo atsɔ aɖo mɔ̃e na Kristotɔwo?

7 Ðikeke mele eme o be tasiaɖamwo ƒe duƒuƒu ƒe ho siwo woʋlina le fefewɔƒea doa dzidzɔ na ame ŋutɔ, gake womenyo na Kristotɔwo o elabena eteƒekpɔlawo wɔa nu gbodogbodo edziedzi. Ƒe alafa etɔ̃lia me nuŋlɔla aɖe ka nya ta be nukpɔlawo dometɔ aɖewo daa kɔ kple wo nɔewo, eye Carcopino gblɔ be “ɣletivimefakalawo kple gbolowo ƒe dɔwɔƒewo nɔ anyi” le xɔ siwo le fefewɔƒea te me. Edze ƒã be tasiaɖamwo ƒe hoʋliƒe si le Roma la menye afisi Kristotɔ ayi o.—Korintotɔwo I, 6:9, 10.

8 Ke Romatɔwo ƒe tsileƒe xɔŋkɔawo ya ɖe? Le nyateƒe me la, naneke megblẽ le tsilele be woanɔ kɔkɔe ŋu o. Gake tsileƒe siwo le Roma la dometɔ geɖe nye xɔ gã siwo me lãmeheƒewo, kamedeƒewo, tsatsadaƒewo, kpakple nuɖuɖu kple nunono dzraƒewo nɔna. Togbɔ be woɖo ɣeyiɣi si me ŋutsuwo ɖeɖe alo nyɔnuwo ɖeɖe azã tsileƒea ɖi hã la, woɖea mɔ be ŋutsuwo kple nyɔnuwo natsaka ale tsia zi geɖe. Clement si tso Alexandria ŋlɔ bena: “Woʋua tsileƒeawo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa; eye woɖea ama wo ɖokui le afima hena agbe ɖesiaɖe ƒomevi nɔnɔ.” Eyata Satana ate ŋu azã nuɖoanyi si dzi woda asi ɖo le se nu si amehawo zãna atsɔ aɖo mɔ̃e na Kristotɔwo. Nunyalawo tsri teƒe siawo yiyi.

9. Mɔ̃ kawoe wòle be Kristotɔ gbãtɔwo naƒo asa na?

9 Tsatsadada nye amewo ƒe modzakaɖenu vevi aɖe esime Roma Fiaɖuƒea ŋkɔ nɔ ɖiɖim. Kristotɔ gbãtɔwo ate ŋu aƒo asa na gbetsotso si yia edzi le tasiaɖamwo ƒe hoʋliƒewo to asaƒoƒo na hoʋliƒeawo yiyi ko me. Wodaa tsatsa viviviwo hã le adzame le amedzrodzeƒexɔwo kple ahanoƒewo ƒe xɔviwo me. Edalawo tsoa gbe ɖe aɖidakpewo ƒe xexlẽdzesiwo alo lãƒu siwo fefewɔla evelia lé ɖe asi la dzi. Amewo kpɔa dzidzɔ ɖe tsatsadada ŋu elabena enaa mɔkpɔkpɔ wo be woate ŋu akpɔ ga bɔbɔe. (Efesotɔwo 5:5) Gakpe ɖe eŋu la, zi geɖe kplɔ̃ŋutisubɔla siwo nɔa ahadzraƒe siawo la nyea gbolowo, si wɔe be gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe afɔkua nu gasẽ ɖe edzi. Esiawoe nye mɔ̃ siwo Satana ɖo na Kristotɔ siwo nɔ anyi le Roma Fiaɖuƒea ƒe dugãwo me la dometɔ aɖewo. Ðe nuwo to vovo egbea?

Satana ƒe Mɔ̃wo Egbea

10. Aleke nɔnɔme siwo li egbea ɖi nɔnɔme siwo nɔ anyi le Roma Fiaɖuƒea mee?

10 Ne míagblɔe koŋ la, Satana ƒe ayemɔwo metrɔ le ƒe alafa siwo va yi la me o. Be “Satana nagaba” Kristotɔ siwo nɔ Korinto ƒe dugã gbegblẽawo me o la, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu sẽŋu aɖe na wo. Egblɔ be: ‘Satana ƒe tameɖoɖowo mele ɣaɣla ɖe mí o.’ (Korintotɔwo II, 2:11) Le dukɔ deŋgɔ geɖewo me la, nɔnɔmea de sɔsɔ ge kple esi nɔ Roma Fiaɖuƒea me le eƒe ŋkɔxɔɣi. Ðiɖiɖemeɣiwo le ame geɖe si fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Lotodaƒe siwo dziɖuɖua ɖo nana mɔkpɔkpɔ aɖe ƒomevi nɔa ame dahewo gɔ̃ hã si. Modzakaɖeɖe gbogbo aɖewo siwo ŋu womegblẽa ga ɖo fũ o la xɔ amewo ƒe susu. Amewo yɔa kamedefefewɔƒewo, amewo le tsatsa dam, amehawo wɔa gbodogbodo ɣeaɖewoɣi, eye kamedelawo wɔa ʋunyaʋunya zi geɖe. Haƒoƒo gbegblẽwo xɔ amewo ƒe to me eye fefe ɖigbɔwo yɔ fefewɔƒewo kpakple sinimawo kple television dzi. Le dukɔ aɖewo me la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe tsakatsaka ɖe lãmesẽtsileƒewo nye nusi bɔ eye amamaɖeɖe le ƒuta aɖewo hã kpe ɖe eŋu. Abe alesi wònɔ le Kristotɔnyenye ƒe ƒe alafa gbãtɔwo me ene la, Satana dzea agbagba be yeable Mawu subɔlawo nu to xexeame ƒe modzakaɖenuwɔnawo dzi.

11. Mɔ̃ kawoe didi be woaɖi ɖe eme ate ŋu aɖo na ame?

11 Le xexe si me nuteɖeamedziwo bɔ ɖo me la, enye nusi le dzɔdzɔmenu be woase le ame ɖokui me be woaɖi ɖe eme. Gake abe alesi ko nusiwo ate ŋu ado afɔku Kristotɔ gbãtɔwo nɔ Roma tsileƒewo ene la, mɔkekeɖuƒe kple modzakaɖeƒe aɖewo zu mɔ̃ si Satana zã tsɔ kplɔ egbeŋkekeawo me Kristotɔ aɖewo de agbegbegblẽnɔnɔ kple ahamumu me. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo. Mizu mo xexee tɔwo vavã, eye migawɔ nuvɔ̃ o! Elabena simadzemadze Mawu le ame aɖewo me.”—Korintotɔwo I, 15:33, 34.

12. Ayemɔ kawoe Satana zãna tsɔ ɖea Yehowa subɔlawo egbeae?

12 Le Xawa gome la, míekpɔ alesi Satana zã aɖaŋu vɔ̃ tsɔ gblẽ eƒe tamebubue. (Korintotɔwo II, 11:3) Egbea, Abosam ƒe mɔ̃awo dometɔ ɖekae nye be yeana Kristotɔwo nabui be ne yewowɔ nusianu si yewoate ŋui tsɔ ɖee fia be ɖeko Yehowa Ðasefowo le abe amesiame ko ene la, yewoate ŋu ahe ame aɖewo ɖe Kristotɔwo ƒe nyateƒea ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔnɛ wògbɔa eme, eye wòtrɔna dzea woa ŋutɔwo dzi. (Xagai 2:12-14) Satana ƒe aye bubue nye be yeana Kristotɔ ɖeadzɔgbewo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, nasẽ mo anɔ agbe eve ‘ahawɔ nusi ave Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la.’ (Efesotɔwo 4:30) Ame aɖewo dze mɔ̃ sia me to Internet zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu me.

13. Mɔ̃ si dzi wotsyɔ nui kae nye Abosam ƒe ayemɔwo dometɔ ɖeka, eye aɖaŋuɖoɖo kae le Lododowo si sɔ le afisia?

13 Satana ƒe mɔ̃ bubue nye vivimenuwɔwɔ le manyamanya me. Kristotɔ vavã aɖeke maɖoe koŋ aƒo eɖokui ɖe Satanasubɔsubɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ me o. Ke hã ame aɖewo ɖea ŋu ɖi le manyamanya me ne wole sinima, television, video dzi fefewo, kple ɖeviwo ƒe agbalẽwo kpakple nukokoedonamefefe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo alo zãa ŋusẽ tɔxɛwo le la kpɔm alo le wo xlẽm. Ehiã be woaɖe nusianu si de ƒome do ge kple vivimenuwɔwɔ la ɖa keŋkeŋ. Lododo si me nunya le gblɔ be: “Ŋu kple adoboliwo le mɔ dzi na alakpatɔ; amesi kpɔa eƒe agbe ta la, ƒoa asa na wo.” (Lododowo 22:5) Esi Satanae nye “xexe sia me mawu” ta la, nusianu si xɔ ŋkɔ ate ŋu atsyɔ eƒe mɔ̃wo dometɔ ɖeka dzi bɔbɔe.—Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 2:15, 16.

Yesu Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu

14. Aleke Yesu tsi Satana ƒe tetekpɔ gbãtɔ nui?

14 Yesu ɖo tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu kple nana be wòasi le mía gbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe kple ŋkeke 40 ƒe nutsitsidɔ megbe la, Satana tee kpɔ. (Mateo 4:1-11) Ezã dzɔdzɔmedɔ si wu Yesu le nutsitsidɔa megbe tsɔ tee kpɔ gbã. Satana bia tso esi be wòawɔ eƒe nukunu gbãtɔ atsɔ aɖi kɔe na ŋutilãme nuhiahiãe. Yesu yɔ Mose V, 8:3 me nyawo tsɔ gbe be yemawɔ yeƒe ŋusẽa ŋudɔ ɖokuitɔdiditɔe o eye wòtsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖo ŋgɔ na ŋutilãmenuɖuɖu.

15. (a) Dzɔdzɔmedzodzro kae Satana zã be yeatsɔ ate Yesu kpɔe? (b) Abosam ƒe ayemɔawo dometɔ ka koŋ zãmee wòle na Mawu subɔlawo egbea, gake aleke míate ŋu atsi tre ɖe eŋui?

15 Nusi wɔ nuku le tetekpɔ sia mee nye be menye agbegbegblẽe Abosam di be yeana Yesu nanɔ o. Edze abe dɔwuame si naa ame dina vevie le dzɔdzɔme nu be yeaɖu nu lae nye ŋutilãmenudzodzro sesẽtɔ si wòazã le Yesu tetekpɔ me le go sia me. Tetekpɔ kawoe Abosam zãna tsɔ ɖea Mawu ƒe amewo egbea? Wosɔ gbɔ hele vovovo, gake ele gbɔdɔdɔ ƒe tetekpɔwo zãm abe ayemenuwɔna vevitɔwo dometɔ ɖeka ene le eƒe agbagbadzedze be yeagblẽ Yehowa ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ me. Ne míesrɔ̃ Yesu la, míate ŋu atsi tre ɖe Abosam kple eƒe tetekpɔwo ŋu. Abe alesi ko Yesu ɖu Satana ƒe nyaƒoɖeamenuwo dzi to ŋkuɖoɖo ŋɔŋlɔ siwo sɔ dzi ene la, míate ŋu aɖo ŋku mawunyakpukpuiwo abe Mose I, 39:9 kple Korintotɔwo I, 6:18 ene dzi ne míedo go tetekpɔ.

16. (a) Aleke Satana te Yesu kpɔ zi eveliae? (b) Mɔ kawo nue Satana ate ŋu adze agbagba be yeate mí akpɔ be míado Yehowa kpɔ le?

16 Emegbe Abosam tɔ gbe Yesu be wòadzo tso gbedoxɔa tame atsɔ ado ŋutete si le Mawu si be wòato Eƒe dɔlawo dzi akpɔ eta la akpɔ. Yesu yɔ nya tso Mose V, 6:16 tsɔ gbe be yemate ye Fofo akpɔ o. Satana mate mí akpɔ be míadzo tso gbedoxɔ aɖe ƒe tsutsuẽƒe ya o, gake ate ŋu ate mí akpɔ be míado Yehowa akpɔ. Ðe wòdzroa mí be míasrɔ̃ xexeame ƒe atsyãwo le míaƒe awudodo kple dzadzraɖo me gake woagaɖo aɖaŋu na mí oa? Ðe wòdzroa mí be míaƒo mía ɖokui ɖe modzakaɖeɖe siwo ŋu nya ku ɖo mea? Ekema míanɔ Yehowa dom kpɔ. Ne esiawo dzroa mí la, le esi teƒe be Satana nasi le mía gbɔ la, anɔ ha dem kpli mí eye wòanɔ agbagba dzem madzudzɔmadzudzɔe be yeable mía nu ne míade ye dzi.

17. (a) Aleke Abosam te Yesu kpɔ zi etɔ̃liae? (b) Aleke Yakobo 4:7 ate ŋu ava eme na míi?

17 Esime Satana tsɔ xexeame katã ƒe fiaɖuƒewo ɖo Yesu ŋkume be wòade subɔsubɔ ƒe ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko axɔe la, Yesu gayɔ Ŋɔŋlɔawo ake tsɔ tsi tre ɖe eŋu heɖoe kplikpaa be ye Fofo ɖeɖe dzaa koe yeade ta agu na. (Mose V, 5:9; 6:13; 10:20) Ðewohĩ Satana matsɔ xexeame ƒe fiaɖuƒewo aɖo mía ŋkume o, gake etsɔa ŋutilãmenu xɔasiwo kple ame ŋutɔ ƒe yeaɖi fiaɖuƒe sue aɖe me nɔnɔ tea mí kpɔnae edziedzi. Ðe míewɔa nu ɖe enu abe alesi Yesu wɔe ene, be míatsɔ míaƒe subɔsubɔ ana Yehowa ɖeɖekoa? Ne nenemae la, nusi do tso eme na Yesu la kee ado tso eme na míawo hã. Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete Abosam gblẽe ɖi.” (Mateo 4:11) Satana agblẽ míawo hã ɖi ne míetsi tre ɖe eŋu vevie to ŋkuɖoɖo Biblia me gɔmeɖose siwo sɔ dzi kple wo ŋudɔ wɔwɔ me. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” (Yakobo 4:7) Kristotɔ aɖe ŋlɔ ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le France be: “Satana dze aye nyateƒe. Togbɔ be meʋlina sesĩe hã la, esesẽ nam be maɖu nye seselelãmewo kple nye dzodzrowo dzi. Gake le dzideƒo, dzigbɔɖi, eye ƒo wo katã ta la, Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu to eme eye melé nyateƒea me ɖe asi sesĩe.”

Wobla Akpa na Mí be Míatsi Tre Ðe Abosam Ŋu

18. Gbɔgbɔmeʋawɔnu kawoe wotsɔ bla akpa na mí be míatsi tre ɖe Abosam ŋu?

18 Yehowa na gbɔgbɔmeʋawɔnu blibo aɖe mí si akpe ɖe mía ŋu “miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.” (Efesotɔwo 6:11-18) Lɔlɔ̃ si le mía si na nyateƒea abla míaƒe aliwo dzi, alo adzra mí ɖo, ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ŋu. Míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi anɔ abe akɔtakpoxɔnu ene si akpɔ míaƒe dzi ta. Ne míetsɔ nyanyuia bla míaƒe afɔ gɔme la, míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi, eye esia ado ŋusẽ mí ahakpɔ mía ta le gbɔgbɔ me. Míaƒe xɔse sẽŋu la anɔ abe akpoxɔnu gã aɖe ene, si anɔ “vɔ̃ɖitɔ la ƒe atsurɔ bibiawo,” si nye eƒe ayeme amedzidzedzewo kple tetekpɔwo la, nu tsim na mí. Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo míanɔ mɔ kpɔm na kple kakaɖedzi la anɔ abe gakuku aɖe si akpɔ míaƒe tamebubu ŋutetewo ta ene ahana míaƒe susu me nafa. (Filipitɔwo 4:7) Ne míeva bi ɖe Mawu ƒe Nya la zazã me la, anɔ abe yi aɖe si míate ŋu azã atsɔ aɖe amewo tso gbɔgbɔmekluvinyenye na Satana me ene. Míate ŋu azãe hã le mía ɖokui ta ʋiʋli me, abe alesi Yesu wɔe esime wotee kpɔ ene.

19. Tsɔ kpe ɖe ‘tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu’ la, nuka hãe gahiã?

19 Ne míeyi edzi do “Mawu ƒe aʋawɔnu blibo” sia heyi edzi do gbe ɖa edziedzi la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ mía ta ne Satana dze mía dzi. (Yohanes 17:15; Korintotɔwo I, 10:13) Gake Yakobo ɖee fia be ‘tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu’ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ƒo wo katã ta la, ele hã be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu te,’ elabena etsɔa ɖe le eme na mí. (Yakobo 4:7, 8) Míadzro alesi míate ŋu awɔ esiae me le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Satana ƒe mɔ̃ kawoe wòle be Kristotɔ gbãtɔwo naƒo asa na?

• Ayemenu kawoe Satana zãna egbea be yeadze agbagba atsɔ aɖe Yehowa subɔlawoe?

• Aleke Yesu tsi tre ɖe Abosam ƒe tetekpɔwo ŋui?

• Gbɔgbɔmeʋawɔnu kawoe kpena ɖe mía ŋu be míatsi tre ɖe Abosam ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Yesu tsi tre ɖe Abosam ŋu tamanamanae

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ tsri modzakaɖeɖe siwo me ŋutasesẽ kple agbegbegblẽnɔnɔ nɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck