Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vihehe le Dutanyigba Dzi Eme Kuxiwo Kple Teƒeɖoɖowo

Vihehe le Dutanyigba Dzi Eme Kuxiwo Kple Teƒeɖoɖowo

Vihehe le Dutanyigba Dzi Eme Kuxiwo Kple Teƒeɖoɖowo

AME miliɔn geɖe ʋuna yia dukɔ bubuwo me be woaɖadze agbe gɔme yeyee le afima. Ame miliɔn 20 kple edzivɔwoe ʋu va le Europa fifia, United States zu aƒe na amedzro miliɔn 26 kple edzivɔwo, eye dukɔ bubuwo mee wodzi Australia-dukɔa me tɔwo katã ƒe xexlẽme ƒe alafa memama 21 le. Zi geɖe la, ele be ƒome siwo ʋu va la nadze agbagba asrɔ̃ gbe yeye eye woatrɔ ɖe dekɔnu yeyewo ŋu.

Zi geɖe la, ɖeviwo sea gbe siwo wodona le dukɔ yeyea me la kaba eye wotea nuwo ŋu bubu le gbegbɔgblɔ yeyea me. Le wo dzilawo gome la, ate ŋu adidi hafi woasee. Ne ɖeviwo le tsitsim le afisi nye dzronyigba na wo dzilawo dzi la, gbemasemase ate ŋu ahe dzeɖoɖo ƒe kuxi siwo gbɔ manya kpɔ bɔbɔe o la vɛ.

Menye ɖeko gbegbɔgblɔ yeyea kpɔa ŋusẽ ɖe ɖeviwo ƒe tamesusu dzi ko o ke dukɔ yeyea me dekɔnuwo hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe seselelãmewo dzi. Dzilawo magava nɔ wo viwo ƒe nuwɔnawo gɔme sem tututu o. Le esia ta dzila siwo ʋu yi dukɔ bubuwo me eye wole agbagba dzem be yewoanyi yewo viwo ‘le Yehowa ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me’ la dzea ŋgɔ kuxi tɔxɛwo.—Efesotɔwo 6:4.

Susu Kple Dzi la Siaa Gbɔ Ðoɖo ƒe Kuxi La

Enye dzila Kristotɔwo ƒe didi, kple agbanɔamedzi hã, be woafia Biblia me nyateƒea ƒe ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa’ wo viwo. (Zefanya 3:9, NW ) Gake ne ɖeviwo mese wo dzilawo degbe tututu o eye ne dzilawo mete ŋu doa gbe si wo viwo va se la nyuie o la, aleke dzilaawo awɔ aku Yehowa ƒe sewo ɖe wo viwo ƒe dzimee? (Mose V, 6:7) Ðeviawo ate ŋu ase nya siwo zãm wo dzilawo le la gɔme, gake ne nusi gblɔm wole mele dzia gbɔ ɖom o la, ɖeviawo ate ŋu ava zu amedzrowo le woa ŋutɔwo ƒe aƒeme.

Pedro kple Sandra ʋu tso Anyiehe Amerika yi Australia, eye wodze ŋgɔ kuxi sia esime wonɔ wo viŋutsu ƒewuivi eve nyim. * Pedro gblɔ be: “Ne èle nu ƒom tso gbɔgbɔmenuwo ŋu la, ele be wòatso dzi kple seselelãme deto me. Ehiã be nàgblɔ wò nukpɔsusu detowo eye gɔmesese geɖe wu nanɔ nyaawo ŋu, eyata ehiã be nyaawo nama nu na wò nyuie.” Sandra gblɔ kpee be: “Ne mía viwo mese mía degbea nyuie o la, ekema agblẽ nu le woƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ ŋu. Womagava kpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu o eye womase gɔmeɖose siwo le nusiwo srɔ̃m wole me la gɔme o. Agblẽ nu le woƒe gbɔgbɔmenugɔmesese ŋu, eye woa kple Yehowa dome ƒomedodo me ate ŋu agblẽ.”

Gnanapirakasam kple Helen ʋu tso Sri Lanka yi Germany eye vi eve le wo si fifia. Wolɔ̃ ɖe edzi be: “Míebui be ele vevie be mía viwo nasrɔ̃ mía degbe esime wole Germanygbea hã srɔ̃m. Ele vevie be woate ŋu aɖo dze kpli mí tso dzi me faa le woƒe seselelãmewo ŋu.”

Miguel kple Carmen, amesiwo ʋu tso Uruguay yi Australia, gblɔ be: “Ele be dzila siwo le míaƒe nɔnɔmea me nadze agbagba vevie. Ele be woasrɔ̃ gbegbɔgblɔ yeyea nyuie ale gbegbe be woate ŋu ase gbɔgbɔmenuwo gɔme ahaɖe eme le gbea me loo alo be woafia wo degbea wo viwo nyuie.”

Ƒomea ƒe Nyametsotso

Nusi le vevie na ƒome ɖesiaɖe si ʋu yi dukɔ bubu me ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ enye gbe si me ‘Yehowa afia nu’ ƒomea le ŋuti nyametsotso wɔwɔ. (Yesaya 54:13) Ne hame aɖe si doa ƒomea degbe gbɔ medidi o la, ƒomea ate ŋu atiae be yewoanɔ hame sia me. Gake woate ŋu atiae hã be yewoanɔ gbegbɔgblɔ si wodona wu le dukɔ si me woʋu yi me ƒe hame me. Nukawoe akpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso sia dzi?

Demetrios kple Patroulla, siwo ʋu tso Cyprus yi England henyi vi atɔ̃ le afima, ɖe nusi kpɔ ŋusẽ ɖe nyametsotso si wowɔ dzi me be: “Gbã la, míaƒe ƒomea nɔ Helagbe hamea me. Togbɔ be esia de mí dzilawo dzi nyuie hã la, edo kplamatse mía viwo ƒe tsitsi le gbɔgbɔ me. Togbɔ be wose Helagbea hã la, womesea nya veviawo gɔme tututu o. Esia va dze le alesi womegava nɔ tsitsim kabakaba le gbɔgbɔ me o me. Abe ƒome ene la, míeʋu yi Eŋlisigbe hame me, eye eteƒe medidi hafi mía viwo te ŋgɔyiyi wɔwɔ o. Ŋusẽ ɖo wo ŋu le gbɔgbɔ me. Be míaʋu ayi hame bubu me ŋuti nyametsotsoa menɔ bɔbɔe o, gake enye nusi wɔwɔ me nunya nɔ le mía gome.”

Ƒomea gakpɔtɔ doa wo degbea eye wokpɔ teƒeɖoɖo geɖe. Wo viwo gblɔ be: “Gbe geɖe sese nye viɖenu. Togbɔ be Eŋlisigbee míedona wu hã la, míekpɔe be Helagbe si míese la wɔe be ƒomedodo si me sẽ hele kplikplikpli la le ƒomea me, vevietɔ le mía kple mía tɔgbuiwo kple mamawo dome. Ena be míesea veve hã ɖe amesiwo ʋu va la ti, eye wòna dzi ɖo mía ƒo be míagate ŋu asrɔ̃ gbe bubu. Eyata esime míetsi la, míaƒe ƒomea ʋu yi ɖana kpekpeɖeŋu le Albaniagbe hame aɖe me.”

Christopher kple Margarita hã ʋu tso Cyprus yi England, eye wonyi vi etɔ̃ le afima. Wotiae be yewoanɔ Helagbe hame me. Wo viŋutsu, Nikos, si nye hamemegã fifia le Helagbe hame aɖe me la, gblɔ be: “Wode dzi ƒo na mí be míanɔ Helagbe hame si woɖo yeyee la me. Míaƒe ƒomea bui be enye teokrasidɔdasi.”

Margarita gblɔ be: “Esime ŋutsuvi eveawo xɔ ƒe adre kple enyi la, woŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Abe dzilawo ene la, míetsi dzi le woƒe Helagbe masemase nyuie ta. Gake dɔdasi ɖesiaɖe si wowɔna nye ƒome bliboa ƒe dɔdasi, eye míezãa gaƒoƒo geɖe tsɔ kpena ɖe wo ŋu be woadzra woƒe dɔdasiwo ɖo.”

Wo vinyɔnu Joanna gblɔ be: “Meɖo ŋku alesi Papa ŋlɔa ŋɔŋlɔdzesiawo ɖe kpe dzi tsɔ fiaa Helagbea mí le aƒeme la dzi, eye ele be míasrɔ̃e nyuie. Ame geɖe zãa ƒe geɖe tsɔ srɔ̃a gbegbɔgblɔ aɖe, gake esi Dada kple Papa kpe ɖe mía ŋu la, míegblẽ ɣeyiɣi fũ aɖeke ɖe Helagbea sɔsrɔ̃ ŋu o.”

Ƒome aɖewo anɔ hame si me wodoa wo degbe le me elabena dzilaawo bui be bene ‘woatu gbɔgbɔmegɔmesese ɖo’ ahawɔ ŋgɔyiyi la, ahiã be woafia nu yewo le yewo degbe me. (Kolosetɔwo 1:9, 10; Timoteo I, 4:13, 15) Alo ƒomea abu alesi wobi ɖe gbea sese mee abe nu xɔasi aɖe si woatsɔ akpe ɖe amesiwo ʋu va ŋu be woasrɔ̃ nyateƒea ene.

Le go bubu me la, ƒome aɖe abui be ade yewo dzi ŋutɔ ne yewole gbe si wodona wu le dukɔ si me yewoʋu va me ƒe hame me. (Filipitɔwo 2:4; Timoteo I, 3:5) Le nɔnɔmea me dzodzro le ƒomea me vɔ megbe la, enye ƒomea ƒe ta ƒe agbanɔamedzi be wòawɔ nyametsotsoa gbedodoɖatɔe. (Romatɔwo 14:4; Korintotɔwo I, 11:3; Filipitɔwo 4:6, 7) Aɖaŋuɖoɖo kawoe ate ŋu akpe ɖe ƒome siawo ŋu?

Aɖaŋuɖoɖo Nyui Aɖewo

Pedro kple Sandra, siwo ŋkɔ míeyɔ do ŋgɔ, gblɔ be: “Míeɖoe koŋ be Spaingbe koe míado le aƒeme si awɔe be míaŋlɔ mía degbea be o. Enye se aɖe si dzi wɔwɔ sesẽ, elabena mía vi ŋutsuawo nyae be míese Eŋlisigbe. Gake ne ɖe míewɔ ɖe se sia dzi o la, anye ne eteƒe madidi hafi woaŋlɔ Spaingbea be o.”

Miguel kple Carmen, siwo hã ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ, doe ɖa be: “Ne dzilawo ate ŋu awɔ ƒomenusɔsrɔ̃ ahadzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me gbesiagbe le wo degbe me la, ekema ɖeviawo asrɔ̃ nu geɖe wu gbea sese ko—woasrɔ̃ gbɔgbɔmenyawo gbɔgblɔ le gbe ma me.”

Miguel gagblɔ be: “Wɔ ɖaseɖiɖidɔa le mɔ si ado dzidzɔ na wò nu. Dugã aɖe ƒe akpa gã aɖe le míaƒe anyigbamama me, eye míezɔa mɔ ɣeyiɣi geɖe kple ʋu ɖadia amesiwo doa mía degbea. Míezã ɣeyiɣia tsɔ srɔ̃a nu tso Bibliamemewo ŋu wònyea modzakaɖeɖe eye míeɖoa dze tso nya veviwo ŋu. Medzea agbagba wɔa ɖoɖo ɖe ɖaseɖiɖi mɔzɔzɔa ŋu ale be míate ŋu awɔ tɔtrɔyi nyui geɖewo. Ekema, kaka ŋkekea nawu enu la, ɖeviawo kpɔa gome le dzeɖoɖo vevi ɖeka ya teti me.”

Akɔ Kpekpe Kple Dekɔnuwo ƒe Vovototo

Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na sɔhɛwo be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 1:8) Gake kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa ne vifofo ƒe dzidzenuwo kple vidada ƒe “sewo” si wotsɔ naa hehee la va to vovo kura tso dekɔnu si me ɖeviawo le la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔ.

Le nyateƒe me la, enye ƒome ɖesiaɖe ƒe ta ƒe agbanɔamedzi be wòanya alesi wòakpɔ eƒe aƒe dzii, eye mele be ƒome bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi madzemadzee o. (Galatiatɔwo 6:4, 5) Ke hã, kadodo nyui si anɔ dzilawo kple ɖeviwo dome aʋu mɔ be woalɔ̃ ɖe dekɔnu yeyewo dzi.

Gake dekɔnu kple nuwɔna geɖe siwo bɔ ɖe dukɔ deŋgɔwo me la nye afɔku na Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ. Wotoa haƒoƒo kple modzakaɖeɖe siwo xɔ aƒe ɖi dzi doa gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, ŋukeklẽ, kple aglãdzedze ɖe ŋgɔ zi geɖe. (Romatɔwo 1:26-32) Mele be dzila Kristotɔwo naɖe ta le agba si le wo dzi be woafia mɔ wo viwo le haƒoƒo kple modzakaɖeɖe siwo woatia me la te, le esi dzilawo mese gbea o ta o. Ele be woana mɔfiame like wo. Gake esia ahe kuxi vɛ.

Carmen gblɔ be: “Zi geɖe la, míesea ha siwo mía viwo sena la me nyawo gɔme o. Haa ƒe ɖiɖi anya se, gake ne gɔmesese vovovo le emenyawo ŋu alo nya gbegblẽ aɖewo le eme la, míanya o.” Aleke wowɔ kpe akɔ kple nɔnɔme siae? Miguel gblɔ be: “Míezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ fiaa afɔku siwo le ha gbegblẽwo ŋu la mía viwo, eye míedzea agbagba be míakpe ɖe wo ŋu woatia ha si ŋu Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖo.” Ẽ, ŋudzɔnɔnɔ kple nugɔmesese hiã hena akɔ kpekpe kple dekɔnuwo ƒe vovototo.—Mose V, 11:18, 19; Filipitɔwo 4:5.

Teƒeɖoɖowo Kpɔkpɔ

Vinyinyi le dzronyigba dzi bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe. Ðikeke aɖeke mele esia ŋu o. Gake dzilawo kple ɖeviwo siaa ate ŋu akpɔ woƒe agbagbadzedze ƒe teƒeɖoɖo geɖe.

Azzam kple srɔ̃a, Sara, ʋu tso Turkey yi Germany afisi wonyi vi etɔ̃ le. Wo viŋutsu tsitsitɔ le dɔ wɔm fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Selters, Germany. Azzam gblɔ be: “Viɖe gã si wònye na ɖeviawo enye be woate ŋu atu nɔnɔme aɖewo siwo aɖe vi le dekɔnu eveawo me la ɖo.”

Antonio kple Lutonadio ʋu tso Angola yi Germany eye wole vi asieke nyim le afima. Ƒomea doa Lingala, Franse, kple Germany gbewo. Antonio gblɔ be: “Gbe vovovo siwo míaƒe ƒomea te ŋu dona la kpena ɖe mía ŋu be míaɖi ɖase na amewo tso dukɔ geɖe me. Esia hea dzidzɔ geɖe vɛ na mí nyateƒe.”

Srɔ̃tɔ Japantɔ aɖewo siwo ʋu yi England la ƒe vi evewo se le wo ɖokui me be Japangbe kple Eŋlisigbe siwo yewose la de yewo dzi ŋutɔ. Ðeviawo gblɔ be: “Gbe eve sese kpe ɖe mía ŋu míekpɔ dɔ. Míekpɔ viɖe tso Eŋlisigbedolawo ƒe takpekpe gãwo me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míasubɔ le Japangbe hamea me, afisi hiahiã gã aɖe le.”

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Vinyinyi le amesiwo ƒe dekɔnuwo mewɔ ɖeka kple ame tɔ o dome nye kuxi si Mawu subɔlawo dze ŋgɔe tso Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke. Togbɔ be wonyi Mose le Egipte hã la, edzilawo kpɔ dzidzedze. (Mose II, 2:9, 10) Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la dometɔ geɖe nyi vi siwo lɔ̃ faa be yewoatrɔ ayi Yerusalem aɖagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi.—Ezra 2:1, 2, 64-70.

Nenema ke dzila Kristotɔwo ate ŋu akpɔ dzidzedze egbeae. Woate ŋu akpɔ teƒeɖoɖo si nye be woase wo viwo nagblɔ nya si srɔ̃tɔ aɖewo se le wo viwo nu be: “Le esi Papa kple Dada ɖoa dze viviwo kpli mí ɣesiaɣi eye woɖea ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le fiaa mí ta la, míaƒe ƒomea va le kplikplikpli. Edzɔ dzi na mí be míenye ƒome siwo le Yehowa subɔm le anyigba katã dzi la ƒe akpa aɖe.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mia degbe ko dodo le aƒeme naa ɖeviawo sea gbea nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Gbeɖekadodo naa kadodo si le tɔgbui kple mamawo kpakple woƒe tɔgbui kple mama yɔviwo dome la nɔa anyi

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Biblia sɔsrɔ̃ kple mia viwo tua woƒe “gbɔgbɔmenugɔmesese” ɖo