Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Léa Be Na Mi

Yehowa Léa Be Na Mi

Yehowa Léa Be Na Mi

“Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Mawu] dzi; elabena eyama léa be na mi.”—PETRO I, 5:7.

1. Go vevi ka mee Yehowa kple Satana to vovo na wo nɔewo kura le?

YEHOWA kple Satana nye amesiwo to vovo kura tso wo nɔewo gbɔ. Ðeko Abosam atsi tre ɖe amesiame si te ɖe Yehowa ŋu la ŋu godoo. Woƒo nu tso vovototo sia ŋu le numekugbalẽ aɖe me. Encyclopædia Britannica (ƒe 1970) gblɔ le Satana ƒe nuwɔna siwo woŋlɔ ɖe Biblia ƒe agbalẽ si nye Hiob me ŋu be: ‘Dɔ si wɔm Satana le enye be wòatsa le anyigba dzi anɔ nuwɔnawo alo amesiwo nu wòatso be wowɔ nuvɔ̃ la dim; eyata eƒe dɔwɔna to vovo kura tso “Aƒetɔ la ƒe ŋku” si tsana le anyigba dzi hedoa ŋusẽ ame nyuiwo katã la tɔ gbɔ. (Kron. II, xvi, 9) Satana meka ɖe amegbetɔwo ƒe nyuiwɔwɔ ɖokuitɔmadimaditɔe dzi o eye woɖe mɔ nɛ be wòadoe akpɔ le Mawu ƒe mɔɖeɖe kple dzikpɔkpɔ te kple le afisi Mawu ɖe mɔ nɛ va se ɖo me.’ Ẽ, vovototo gã kae nye si!—Hiob 1:6-12; 2:1-7.

2, 3. (a) Aleke nya “Abosam” ƒe gɔmeɖeɖe dze le nusi dzɔ ɖe Hiob dzi la me nyuie? (b) Aleke Biblia fia be Satana yi edzi le Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi la nu tsom?

2 Woɖe nya “Abosam” tso Helagbe me nya si gɔmee nye “amenutsola,” “amegɔmezɔla” me. Hiob ƒe agbalẽa ɖee fia be Satana tso Yehowa subɔla nuteƒewɔla Hiob nu be ɖokuitɔdidi ƒe viɖe tae wòle Esubɔm ɖo, hegblɔ be: “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?” (Hiob 1:9) Hiob ƒe agbalẽa me nuŋlɔɖia fia be togbɔ be Hiob to dodokpɔwo kple tetekpɔwo me hã la, eyi edzi te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. (Hiob 10:9, 12; 12:9, 10; 19:25; 27:5; 28:28) Le eƒe fukpekpeawo megbe la, egblɔ na Mawu be: “Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.”—Hiob 42:5.

3 Ðe Satana dzudzɔ Mawu subɔla wɔnuteƒewo nu tsotso tso Hiob ŋɔlia? Ao. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be le nuwuɣi sia me la, Satana yi edzi le Kristo nɔvi amesiaminawo nu tsom eye kakaɖedzi le eŋu be ele woƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo hã nu tsom. (Timoteo II, 3:12; Nyaɖeɖefia 12:10, 17) Le esia ta, nusi hiã vevie na mí Kristotɔ vavãwo katãe nye be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe mía Mawu, Yehowa, amesi léa be na mí la te ahasubɔe tso lɔlɔ̃ deto me atsɔ aɖee fia be Satana ƒe nutsotsoa nye aʋatso. Ne míewɔ esia la, míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Lododowo 27:11.

Yehowa Dina be Yeakpe Ðe Mía Ŋu

4, 5. (a) Nuka ŋue Yehowa léa ŋku ɖo le anyigba dzi si to vovo na Satana tɔ? (b) Ne Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, nukae wòle vevie be míawɔ?

4 Abosam le tsatsam le anyigba dzi hele mɔnuwo dim be yeatso ame aɖe nu ahavuvui ami. (Hiob 1:7, 9; Petro I, 5:8) Gake Yehowa ya dina be yeakpe ɖe amesiwo hiã yeƒe ŋusẽ la ŋu. Nyagblɔɖila Xanani gblɔ na Fia Asa bena: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Vovototo kae nye si le Satana ƒe ŋkutsatsa vɔ̃ɖia kple Yehowa ƒe belélename si me lɔlɔ̃ le dome!

5 Yehowa mele ŋku lém ɖe mía ŋu be yeakpɔ míaƒe vodada kple kpododonu ɖesiaɖe o. Hakpala la ŋlɔ bena: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Ŋuɖoɖoa anye: ame aɖeke o. (Nyagblɔla 7:20) Ne míete ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo la, eƒe ŋku anɔ mía ŋu, menye kple susu be yeabu fɔ mí o, ke boŋ be yeakpɔ míaƒe agbagbadzedzewo ahaɖo gbe siwo míedona ɖa biaa kpekpeɖeŋu kple tsɔtsɔke la ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.”—Petro I, 3:12.

6. Aleke Dawid ƒe nyaa nye akɔfafa kple nuxlɔ̃ame siaa na míi?

6 Dawid nye ame madeblibo eye wòwɔ nuvɔ̃ gã aɖe. (Samuel II, 12:7-9) Gake egblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa eye wòte ɖe eŋu le gbedodoɖa vevie me. (Psalmo 51:3-14) Togbɔ be Dawid kpɔ nuvɔ̃a me tsonu madodzidzɔnamewo hã la, Yehowa se eƒe gbedodoɖa hetsɔe kee. (Samuel II, 12:10-14) Ele be esia nanye akɔfafa kple nuxlɔ̃ame siaa na mí. Enye akɔfafa be míanya be Yehowa le klalo be yeatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí ne míetrɔ dzime nyateƒe, gake enye nusi naa wobua tame hã be míanya be nuvɔ̃ me tsonuwo mevivina o. (Galatiatɔwo 6:7-9) Ne míedi be míate ɖe Yehowa ŋu la, ele be míate ɖe aga sãa tso nusianu si medzɔa dzi nɛ o la gbɔ.—Psalmo 97:10.

Yehowa Hea Eƒe Amewo Ðe Eɖokui Ŋu

7. Amekawo ƒomevie Yehowa dina be yeakpɔ, eye aleke wòhea wo ɖe eɖokui ŋui?

7 Dawid ŋlɔ le eƒe hawo dometɔ ɖeka me be: “Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.” (Psalmo 138:6) Nenema ke psalmo bubu hã gblɔ be: “Amekae de Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me, amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu? Eya, amesi fɔ ame tsɛ la tso ʋuʋudedi me.” (Psalmo 113:5-7) Ẽ, xexeame katã Wɔla ŋusẽkatãtɔ la bɔbɔna ɖe anyi be yeakpɔ anyigba dzi, eye eƒe ŋkuwo kpɔa ‘ɖokuibɔbɔla,’ “ame tsɛ la,” ‘amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm la ŋuti.’ (Xezekiel 9:4) Etoa Via dzi hea amesiawo tɔgbe ɖe eɖokui ŋu. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o . . . Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye ɖe wonae tso Fofonye gbɔ o.”—Yohanes 6:44, 65.

8, 9. (a) Nukatae wòhiã be mí katã míava Yesu gbɔ? (b) Nukae ɖe dzesi ŋutɔ le tafevɔsaa ƒe ɖoɖoa ŋu?

8 Ele be amewo katã nava Yesu gbɔ ahaxɔ eƒe tafevɔsa dzi ase elabena nuvɔ̃me, siwo te ɖe aga tso Mawu gbɔ, ye wonye wodzi. (Yohanes 3:36) Ehiã be woalé avu le woa kple Mawu dome. (Korintotɔwo II, 5:20) Mawu melala be nuvɔ̃wɔlawo naɖe kuku nɛ be woawɔ ɖoɖo aɖe si dzi woato awɔ ŋutifafa kplii o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. . . . Elabena ne wolé avu le mía kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mí geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mí megbe la.”—Romatɔwo 5:8, 10.

9 Apostolo Yohanes ɖo kpe nyateƒenya matrɔmatrɔ si wònye be Mawu le amewo hem ɖe eɖokui ŋu la dzi esime wòŋlɔ bena: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me. Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.” (Yohanes I, 4:9, 10) Mawue wɔ afɔɖeɖea, menye amegbetɔ o. Ðe nèsena le ɖokuiwò me be yete ɖe Mawu si lɔ̃a “nuvɔ̃wɔlawo,” siwo nye “futɔwo” gɔ̃ hã, la ŋua?—Yohanes 3:16.

Ehiã be Míadi Yehowa

10, 11. (a) Nukae wòle be míawɔ ne míedi be míadi Yehowa? (b) Aleke wòle be míabu Satana ƒe nuɖoanyiae?

10 Le nyateƒe me la, Yehowa mezinɛ ɖe mía dzi be míava ye gbɔ o. Ele be míadii, ‘míatsa asi adii ahake ɖe eŋu, togbɔ be le nyateƒe me la, mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o.’ (Dɔwɔwɔwo 17:27) Ele be míakpɔ gome si le Yehowa si be wòabia be míabɔbɔ ɖe ye te la adze sii ahalɔ̃ ɖe edzi. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; ke mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!” (Yakobo 4:7, 8) Mele be míahe ɖe megbe le tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu ahate ɖe Yehowa ŋu me o.

11 Esia fia be míaɖe mía ɖokui ɖa tso Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ŋu. Yakobo gaŋlɔ bena: “Mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” (Yakobo 4:4) Nenema ke ne míedi be míanye Yehowa xɔlɔ̃wo la, ele be míakpɔ mɔ be Satana ƒe xexea alé fu mí.—Yohanes 15:19; Yohanes I, 3:13.

12. (a) Akɔfanamenya kawoe Dawid ŋlɔ? (b) Nuxlɔ̃ame kae Yehowa na to nyagblɔɖila Azarya dzi?

12 Ne Satana ƒe xexea tsi tre ɖe mía ŋu le mɔ aɖe nu la, ehiã vevie be míate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me ahabia eƒe kpekpeɖeŋu. Dawid, amesi kpɔe be Yehowa xɔ na ye zi geɖe la, ŋlɔ akɔfanamenya sia na mí be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo. Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta, ke etsrɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo katã.” (Psalmo 145:18-20) Psalmo sia ɖee fia be Yehowa ate ŋu aɖe mí ne wodo mí kpɔ ɖekaɖeka eye be aɖe eƒe amewo ƒe ƒuƒoƒowo hã le “xaxa gã la” me. (Nyaɖeɖefia 7:14) Yehowa anɔ mía ŋu ne míele eŋu. “Mawu ƒe gbɔgbɔ” ʋã nyagblɔɖila Azarya wògblɔ nya si ŋudɔ míate ŋu awɔ le nɔnɔme vovovowo me be: “Yehowa nɔ kpli mi, elabena mienɔ eŋu. Ne miedii la, ana be, miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.”—Kronika II, 15:1, 2.

Ele Be Míakpɔe be Yehowa Li Ŋutɔŋutɔ

13. Aleke míate ŋu aɖee fia be Yehowa nye amesi li ŋutɔŋutɔ na mí?

13 Apostolo Paulo ŋlɔ le Mose ŋu be “edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:27) Le nyateƒe me la, Mose mekpɔ Yehowa ŋutɔ kpɔ gbeɖe o. (Mose II, 33:20) Gake Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ nɛ ale gbegbe be ɖeko wònɔ abe ɖe wòkpɔ Eyama ene. Nenema ke le Hiob ƒe tetekpɔwo megbe la, eƒe xɔseŋkuwo kpɔ Yehowa nyuie, be enye Mawu si ɖea mɔ esubɔla wɔnuteƒewo toa tetekpɔwo me ke hã megblẽa wo ɖi gbeɖe o. (Hiob 42:5) Wogblɔ le Henox kple Noa ŋu be ‘wozɔ kple Mawu.’ Wowɔ esia to didi be yewoawɔ nusi dzea Mawu ŋu kple toɖoɖo eyama me. (Mose I, 5:22-24; 6:9, 22; Hebritɔwo 11:5, 7) Ne Yehowa nye amesi li ŋutɔŋutɔ na mí abe alesi wònyee na Henox, Noa, Hiob, kple Mose ene la, ‘míalé ŋku ɖe eŋu’ le míaƒe mɔwo katã dzi, eye ‘wòata mɔ na mí.’—Lododowo 3:5, 6.

14. Be ‘woaku ɖe’ Yehowa ‘ŋu’ gɔme ɖe?

14 Esi wòkpɔtɔ vie Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Mose xlɔ̃ nu wo be: “Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye mivɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.” (Mose V, 13:5) Ele be woadze Yehowa yome, avɔ̃e, aɖo toe, ahaku ɖe eŋu. Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ le nya si gɔme woɖe le afisia be ‘ku ɖe eŋu’ ŋu be “efia ƒomedodo si me le kplikplikpli ŋutɔ.” Hakpala la gblɔ be: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la.” (Psalmo 25:14) Ƒomedodo kplikplikpli xɔasi sia anɔ mía kple Yehowa dome ne enye ame ŋutɔŋutɔ na mí eye míelɔ̃e ale gbegbe be míevɔ̃na be míagado dziku nɛ le mɔ aɖeke nu o.—Psalmo 19:10-15.

Ènya be Yehowa Léa Be Na Mía?

15, 16. (a) Aleke Psalmo 34 ɖee fia be Yehowa léa be na míi? (b) Nukae wòle be míawɔ ne esesẽ na mí be míaɖo ŋku dɔmenyo siwo Yehowa wɔ na mí la dzi?

15 Satana ƒe ayemɔawo dometɔ ɖekae nye be yeadze agbagba ana míaŋlɔ nyateƒe si wònye be mía Mawu, Yehowa, le be lém na esubɔla wɔnuteƒewo ɣesiaɣi la be. Israel Fia Dawid kpɔe be Yehowa nɔ ye ta kpɔm esime wòdze ŋgɔ ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã. Esi wòva hiã be wòado tsu eɖokui le Gat-fia Axis ŋkume la, ekpa ha aɖe, si nye ha vivi aɖe si me xɔse ƒe nya siawo le be: “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi! Medi Yehowa, etɔ nam, eye wòɖem tso nye ŋɔdziwo katã me. Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe. Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso. Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi. Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.”—Psalmo 34:4, 5, 8, 9, 19, 20; Samuel I, 21:11-16.

16 Èxɔ Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzi sea? Ènya be eƒe dɔlawo kpɔa mía taa? Ðe wò ŋutɔ nèɖɔe kpɔ hekpɔ be Yehowa ƒe dɔme nyoa? Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nède dzesii be Yehowa nyo dɔme na wò? Dze agbagba nàɖo ŋku edzi. Aƒe mamlɛtɔ si me nèyi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me esime nèse le ɖokuiwò me be yemate ŋu ayi edzi o laea? Ðewohĩ ɣemaɣie nèɖo dze kple aƒemenɔla wòwɔ dɔ ɖe edzi vevie. Ðe nèɖo ŋku edzi da akpe na Yehowa be ena ŋusẽ si nèhiã la wò heyra wòa? (Korintotɔwo II, 4:7) Le go bubu me la, ɖewohĩ asesẽ na wò be nàɖo ŋku nu nyui aɖewo siwo Yehowa wɔ na wò dzi. Ahiã be nàbu tame ayi megbe kwasiɖa ɖeka, ɣleti ɖeka, ƒe ɖeka, alo wu nenema. Ne aleae wòle le gowòme la, nukatae màdze agbagba vevie be yeate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ahadze agbagba be yeakpɔ alesi wòfiaa mɔ hekplɔa wòe o? Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te . . . Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:6, 7) Le nyateƒe me la, ne èkpɔ alesi gbegbe wòléa be na wòe dze sii la, wò nu aku!—Psalmo 73:28.

Yi Edzi Nàdi Yehowa

17. Nukae hiã be míawɔ ne míedi be míayi edzi anɔ Yehowa dim?

17 Ele be míaƒe ƒomedodo me nɔnɔ kple Yehowa nanye nusi ayi edzi anɔ tsitsim. Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Ke esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Yehowa kple Via ŋuti sidzedze xɔxɔ bia be míanɔ agbagba dzem edziedzi. Míehiã na gbedodoɖa kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu ase “Mawu ƒe nu gogloawo me.” (Korintotɔwo I, 2:10; Luka 11:13) Míehiã “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe mɔfiafia hã be míatsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wònana “le ɣeyiɣi nyui dzi” la anyi míaƒe susui. (Mateo 24:45) Yehowa to mɔnu sia dzi ɖoa aɖaŋu na mí be míaxlẽ yeƒe Nya gbesiagbe, míade míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi, ahakpɔ gome le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la me bliboe. (Mateo 24:14) Ne míewɔ esia la, míayi edzi anɔ mía Mawu, Yehowa, si léa be na mí la dim.

18, 19. (a) Nukae wòle be míaɖoe kplikpaa awɔ? (b) Ne míetsi tre ɖe Abosam ŋu vevie heyi edzi di Yehowa ɣesiaɣi la, yayra kae míakpɔ?

18 Satana le nusianu si wòate ŋui la wɔm be yeahe yometiti, tsitretsiɖeŋu, kple nyaƒoɖeamenuwo tso afisiafi ava Yehowa ƒe amewo dzii. Edzea agbagba be yeagblẽ míaƒe ŋutifafa me ahagblẽ mía kple míaƒe Mawu dome ƒomedodo nyui la me. Medi be míayi dzianukwaretɔwo didi kple kpekpe ɖe wo ŋu be woava Yehowa ƒe akpa dzi le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te ƒe dɔ si wɔm míele la dzi o. Gake ele be míaɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe na Yehowa ahaka ɖe eyama dzi be aɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Ne míena Mawu ƒe Nya fiaa mɔ mí eye míeyi edzi le vevie dom nu le eƒe habɔbɔ si wokpɔna me la, míate ŋu aka ɖe edzi be ado alɔ mí ɣesiaɣi.—Yesaya 41:8-13.

19 Eyata mina mí katã míatsi tre ɖe Abosam kple eƒe ayemɔwo ŋu vevie eye míanɔ míaƒe Mawu lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, amesi ‘ali ke mí, ado ŋusẽ mí’ godoo la dim ɣesiaɣi. (Petro I, 5:8-11) Ne míewɔe alea la, ‘míadzra mía ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me, anɔ lalam na mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ la hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.’—Yuda 21.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nya “Abosam” gɔme ɖe, eye aleke Abosam wɔa nu wòsɔna ɖe ŋkɔ ma nui?

• Aleke Yehowa to vovo tso Abosam gbɔ le alesi Wòléa ŋku ɖe anyigba dzi nɔlawo ŋu gomee?

• Nukatae wòle be woaxɔ tafevɔsa la dzi ase le tete ɖe Yehowa ŋu me?

• Be ‘woaku ɖe’ Yehowa ‘ŋu’ gɔme ɖe, eye aleke míate ŋu ayi edzi anɔ edimee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Togbɔ be Hiob to tetekpɔwo me hã la, eva kpɔe be Yehowa lé be na ye

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Biblia xexlẽ gbesiagbe, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi, kple gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me veviedodotɔe ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa léa be na mí