Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiwo Kpe Asi Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu—Ɣemaɣi Kple Fifia

Amesiwo Kpe Asi Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu—Ɣemaɣi Kple Fifia

Amesiwo Kpe Asi Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu—Ɣemaɣi Kple Fifia

ÈÐO ŋku ŋutsu aɖe si fa avi ɖe blemadu si nye Yerusalem ta la ƒe ŋkɔ dzia? Ðewohĩ àgblɔ be ‘Yesue’—ẽ, Yesu fa avi ɖe eta nyateƒe. (Luka 19:28, 41) Gake ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, Mawu subɔla wɔnuteƒe bubu hã fa avi ɖe Yerusalem ta nenema ke. Eŋkɔe nye Nexemya.—Nexemya 1:3, 4.

Nukae na Nexemya lé blanui nenema gbegbe be wòfa avi ɖe Yerusalem ta? Nukae wòwɔ le dua kple emenɔlawo ƒe viɖe ta? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me? Be míaɖo wo ŋu la, mina míadzro eŋɔlime nudzɔdzɔ aɖewo me.

Enye Ŋutsu si Sea Veve Ðe Ame Nu eye Wòtsona Ðe Dɔ Ŋu Kpla

Wotia Nexemya wònye Yerusalem mɔmefia, gake do ŋgɔ na etiatia la, enye dɔnunɔlagã aɖe le Persia-fiaɖuƒea ƒe fiasã me le Susa-dua me. Ke hã teƒe si wònɔ kple dzidzemegbenɔnɔ

mena wògbe ɖetsɔtsɔ le nɔvia Yudatɔ siwo nɔ adzɔge ʋĩ le Yerusalem la ƒe nyonyo me o. Le nyateƒe me la, nu gbãtɔ si wòwɔ esime Yudatɔwo ƒe amedɔdɔ aɖewo tso Yerusalem va Susa la enye ‘Yudatɔ siwo nye ame mamlɛ, siwo susɔ tso aboyo me kple Yerusalem’ ta biabia. (Nexemya 1:2) Esi amedɔdɔawo ɖo eŋu be Yerusalemtɔwo ‘le dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me,’ eye be ‘wogbã’ dua ƒe gliwo la, Nexemya ‘bɔbɔ nɔ anyi hefa avi, eye wòxa nu ŋkeke geɖe.’ Ema megbe la, eɖe eƒe nuxaxa gblɔ na Yehowa le gbe aɖe si wòdo ɖa tso dzi blibo me la me. (Nexemya 1:3-11) Nukatae Nexemya lé blanui nenema gbegbe ɖo? Elabena Yerusalem ye nye Yehowa ƒe tadedeagunɔƒe le anyigba dzi, eye eyae nye ma wogblẽ ɖi. (Fiawo I, 11:36) Gawu la, dua ƒe gbagbã ɖe gbɔgbɔmenɔnɔme manyomanyo si me emenɔlawo nɔ la fia.—Nexemya 1:6, 7.

Nexemya ƒe ɖetsɔtsɔ le Yerusalem me kpakple eƒe vevesese ɖe Yudatɔ siwo nɔ afima nu ʋãe wòtsɔ eɖokui na. Esime Persia-fia nya ɖe mɔ na Nexemya ko la, ete ɖoɖowɔwɔ ɖe mɔ legbea zɔzɔ ayi Yerusalem ŋu. (Nexemya 2:5, 6) Edi be yeazã yeƒe ŋusẽ, ɣeyiɣi, kple aɖaŋu atsɔ akpe asi ɖe gli gbugbɔɖodɔ si hiã la ŋu. Ŋkeke ʋɛ aɖewo ko le eƒe ɖoɖo megbe la, ewɔ ɖoɖo ɖe Yerusalem gli bliboa gbugbɔɖodɔa ŋu.—Nexemya 2:11-18.

Nexemya ma gli gbugbɔɖodɔ nyadri ma ɖe ƒome geɖewo dome, amesiwo wɔ dɔa aduadu. * Wotsɔ ‘glia ƒe akpa ɖekaɖeka’ de asi na ƒuƒoƒo vovovo 40 kple edzivɔ be woaɖo. Nukae do tso eme? Esi dɔa wɔlawo sɔ gbɔ—amesiwo dome dzilawo kpakple wo viwo nɔ—eye wotsɔ woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ na ta la, wokpɔ ta na dɔ si dze abe ɖe manya wɔ o ene la. (Nexemya 3:11, 12, 19, 20) Le dɔwɔwɔ moveviɖoɖotɔe ɣleti eve la, woɖo gli bliboa katã! Nexemya ŋlɔ bena amesiwo tsi tre ɖe glia ɖoɖo ŋu gɔ̃ hã va lɔ̃ ɖe edzi be “mía Mawu gbɔ dɔ sia tso wowɔ.”—Nexemya 6:15, 16.

Kpɔɖeŋu si Dzi Wòle Be Woaɖo Ŋkui

Menye ɣeyiɣi si Nexemya zã kple ɖoɖo si wòwɔ ɖe dɔa ŋu koe nye nusi wòwɔ tsɔ kpe asi ɖe dɔa ŋui o. Ezã eƒe ŋutilãmenuwo hã tsɔ do alɔ tadedeagu vavãtɔae. Ezã eya ŋutɔ ƒe ga tsɔ ƒle nɔvia Yudatɔwo tso kluvinyenye me. Edo ga na amewo deme maxɔmaxɔe. Abe mɔmefia ene la, mebia tso Yudatɔwo si be woaxe fe na ye, tsɔ do ‘agbae’ na wo gbeɖe o, evɔ enye eƒe gome hafi. Ðe ema teƒe la, eƒe aƒe nɔ ʋuʋu ɖi ɣesiaɣi, afisi ‘ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃, kpakple amesiwo tso dukɔ, siwo ƒo xlã wo godoo me va la’ ɖua nu le. Gbesiagbe la, eléa “nyitsu ɖeka, alẽ tiatia ade kple xewo” ɖana na eƒe amedzrowo. Gakpe ɖe eŋu la, le ŋkeke ewo ɖesiaɖe me la, edzea ‘wein ƒomevi vovovowo na wo fũ’—ewɔa esiawo katã kple eya ŋutɔ ƒe kotokumega.—Nexemya 5:8, 10, 14-18.

Dɔmenyowɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi ka gbegbee nye si Nexemya ɖo na Mawu subɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi kple fifia! Mawu subɔla dzinɔameƒotɔ sia zã eƒe ŋutilãmenuwo faa tsɔ do alɔ dɔa wɔlawo wònye tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ. Esɔ be wòbia Yehowa be: “Nye Mawu, ɖo ŋku nusiwo katã mewɔ na dukɔ la dzi nam hena nye nyui.” (Nexemya 5:19) Yehowa aɖo ŋku edzi godoo.—Hebritɔwo 6:10.

Wosrɔ̃a Nexemya ƒe Kpɔɖeŋua Egbea

Enye dzidzɔ ŋutɔ be míakpɔ be egbea hã Yehowa ƒe amewo ɖea lɔlɔ̃, nuwɔwɔ kple dzi faa, kpakple ɖokuitsɔtsɔna ƒe nɔnɔme fiana ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu nenema ke. Ne míese be haxɔsetɔwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, míetsia dzi ɖe woƒe dedienɔnɔ ŋu vevie. (Romatɔwo 12:15) Abe Nexemya ene la, míetrɔna ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me tsɔ ɖenɛ fiana be míewɔ ɖeka kpli wo le xɔse me, hebianɛ be: “[Taflatse], ke wò to ɖe wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple wò dɔla, siwo wò ŋkɔ vɔvɔ̃ dzrona la ƒe gbedodoɖa ŋu.”—Nexemya 1:11; Kolosetɔwo 4:2.

Ke hã menye ɖeko míebua mía nɔvi Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔ kple ŋutilã me dedienɔnɔ kpakple tadedeagu vavãtɔ ƒe ŋgɔyiyi ŋu ko o. Eʋãa mí míewɔa eme dɔ hã. Lɔlɔ̃ ʋãa amesiwo woƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na la be woadzo le wo de, afisi dzidzeme aɖe ya teti le, eye abe Nexemya ene, ahayi teƒe bubuwo aɖana kpekpeɖeŋu amesiwo le hiahiã me. Togbɔ be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo toa nɔnɔme madeamedziwo me le xexeame ƒe akpa aɖewo hã la, dzi meɖena le wo ƒo o, wokpea asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le teƒe mawo, hewɔa dɔ aduadu kple wo nɔvi Kristotɔwo. Le nyateƒe me la, ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ si woɖena fiana la dze na kafukafu ale gbegbe.

Mía Tɔ Gome Wɔwɔ Le Míaƒe Nutowo Me

Eme kɔ be mía dometɔ akpa gãtɔ mate ŋu aʋu ayi teƒe bubu o. Míekpea asi ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu le míaƒe nutowo me. Esia hã ƒe kpɔɖeŋu dze le Nexemya ƒe agbalẽa me. Kpɔ alesi Nexemya ƒo nu tso ƒome wɔnuteƒe siwo kpɔ gome le gli gbugbɔɖodɔa me dometɔ aɖewo ŋu tsitotsitoe ɖa. Eŋlɔ bena: ‘Yedeya, Xarumaf vi, kpe ɖe wo ŋu le glia ɖoɖo me tso eƒe aƒe kasa. Benyamin kple Xasub woɖɔe ɖo le woƒe aƒe kasa; eyome Ananya vi Maaseya ƒe vi Azarya ɖɔe ɖo le eƒe aƒe ŋu.’ (Nexemya 3:10, 23, 28-30) Ŋutsu siawo kple woƒe ƒomewo kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu geɖe to gomekpɔkpɔ le gli gbugbɔɖodɔa me le teƒe si te ɖe wo nɔƒewo ŋu me.

Egbea la, mía dometɔ geɖe kpea asi ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu le mía ŋutɔwo ƒe nutowo me le mɔ vovovowo nu. Míekpɔa gome le Fiaɖuƒe Akpatatudɔwo, kpekpeɖeŋunana amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo, eye vevietɔ wu la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mía ŋutɔwo míeɖakpɔ gome le xɔtutu kple kpekpeɖeŋunadɔwo me loo alo míekpɔ gome le wo me o, enye mí katã míaƒe dzimedidi be míatsɔ míaƒe ŋutilãmenuwo ado alɔ tadedeagu vavãtɔe, abe alesi Nexemya na nu faa le eŋɔli mee ene.—Kpɔ aɖaka si nye “Lɔlɔ̃nu Faa Nunana ƒe Mɔnuwo.”

Ɣeaɖewoɣi la, ga si gbegbe hiã míatsɔ akpɔ míaƒe agbalẽtadɔ si le dzidzim ɖe edzi, kpekpeɖeŋunadɔwo, kpakple dɔ bubu geɖe siwo míewɔna le xexeame godoo gbɔ kpɔkpɔ ate ŋu atso dzika ƒo na ame. Gake ɖo ŋku edzi be Yerusalem-gli nyadri la ɖoɖo hã tso dzika ƒo. (Nexemya 4:4) Ke hã esi womã dɔa ɖe ƒome geɖe siwo lɔ̃ faa dome la, wowɔ dɔa wu enu. Nenema ke egbea la, míate ŋu akpɔ nu geɖe siwo hiã hena míaƒe xexeame katã ƒe dɔa wɔwɔ gbɔ ne mía dometɔ ɖesiaɖe yi edzi wɔ etɔ gome le dɔa ŋu.

Aɖaka si nye “Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu” ɖe mɔ vovovo siwo dzi míate ŋu ato atsɔ ga akpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu fia. Le ƒe si va yi me la, Mawu ƒe amewo dometɔ geɖe na kpekpeɖeŋu sia, eye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la le mɔnukpɔkpɔ sia zãm tsɔ le akpe geɖe dam na amesiwo ƒe dzi ʋã wo wokpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa nunana sia me. Ƒo wo katã ta la, míeda akpe na Yehowa le yayra gbogbo siwo wòdudu ɖe agbagba siwo eƒe amewo dze tso dzi blibo me dzi le tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ le xexeame godoo me la ta. Ẽ, ne míede ŋugble le alesi Yehowa kplɔ mí le ƒeawo mee ŋu la, eʋãa mí be míagblɔ Nexemya ƒe nyawo, amesi gblɔ akpedadatɔe be: ‘Nye Mawu ƒe asi nyo le dzinye loo.’—Nexemya 2:18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Nexemya 3:5 gblɔ be Yudatɔ ame ŋkuta, ‘bubume’ aɖewo gbe be yewomade asi dɔa me o, gake ame mawo koe. Ame ƒomevi vovovowo—nunɔlawo, sikanutulawo, ami ʋeʋẽe ɖalawo, amegãwo, asitsalawo—amesiawo katã kpe asi ɖe dɔa ŋu.—Kpukpui 1, 8, 9, 32.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 28, 29]

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu

NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Treasurer’s Office, Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔ me. Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu si aɖe nu me be ɖe yewotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ nu le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu be ne ga la hiã amea la, woagatrɔe nɛ. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo li woato edzi akpe asi ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexewo: Woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo axe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne woxɔ dzudzɔ le dɔme alo woana Habɔbɔa naxɔ wo ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana wotsɔ kee keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ alo woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na nunala la be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be woana alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.

Nunanaɖoɖo si me Woɖea Nane le na Nunalaa Ƒe sia Ƒe: Nunanaɖoɖo si me woɖea nane le na nunalaa ƒe sia ƒe nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa. Woxea ga home aɖe koŋ naa nunalaa, alo amesi dzi nunalaa tɔ asii ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eteƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba le nunalaa dzi le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nusiwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe ta o.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo le nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ aɖo biabia geɖe siwo wobiana ku ɖe nunanawo, domenyinumagbalẽwo, kple nunɔamesi siwo woanɔ zazãm gbɔ ŋu la ŋuti. Nyatakaka nyui bubuwo gale eme ku ɖe aƒe alo anyigba, ga, kple adzɔxexe ŋuti ɖoɖowɔwɔ ŋu. Numeɖeɖewo le eme tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo ana habɔbɔa naxɔ domenyinu aɖe le ame ƒe ku megbe ŋu. Woate ŋu axɔ agbalẽ gbadza sia tẽ tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ.

Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea la, ame geɖe te ŋu kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le xexeame godoo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, egaɖe vi geɖe le adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Ele be woana Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea nanya eye woaɖo ɖoɖo sia ŋuti nuŋlɔɖiwo ƒe ɖe ɖee. Ne èdi be yeawɔ nunana siawo siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo dometɔ aɖe la, ke zã adrɛs si le ete nàŋlɔ agbalẽ na Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, alo nàƒo ka na wo alo na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707

[Aɖaka si le axa 30]

Lɔlɔ̃nu Faa Nunana ƒe Mɔnuwo

Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, eƒo nu tso lɔlɔ̃nu faa nunana ƒe mɔnu ɖedzesi etɔ̃ ŋu. (1) Esi Paulo nɔ nu ŋlɔm tso gadzɔdzɔ ŋu la, egblɔ be: “Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dometɔ amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ.” (Korintotɔwo I, 16:2a) Eyata ehiã be woawɔ ɖoɖo ɖe nunana ŋu do ŋgɔ, eye ehiã be woawɔe edziedzi. (2) Paulo ŋlɔ hã be amesiame nana nu “le eƒe viɖekpɔkpɔ nu.” (Korintotɔwo I, 16:2b) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, amesi di be yeakpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa nunana me ate ŋu awɔe le nusi le esi nu. Nenye be ga si Kristotɔ aɖe kpɔna le sue hã la, sue si wòate ŋu adzɔ le eme la dzea Yehowa ŋu vevie. (Luka 21:1-4) (3) Paulo ŋlɔ yi edzi be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Nyateƒe Kristotɔwo naa nu tso dzime—kple dzidzɔ.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Nexemya nye ŋutsu si sea veve ɖe ame nu kple amesi tsona ɖe dɔ ŋu kpla

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wotsɔ doa agbalẽtata, kpekpeɖeŋunana amesiwo dzi afɔku dzɔ ɖo, Fiaɖuƒe Akpata tutu, kple dɔ ɖevi bubu siwo míewɔna le xexeame godoo la ɖe ŋgɔ