Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Akpatawo Le Ʋuʋu Ði na Amesiame

Fiaɖuƒe Akpatawo Le Ʋuʋu Ði na Amesiame

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Fiaɖuƒe Akpatawo Le Ʋuʋu Ði na Amesiame

ESIME Yesu Kristo nɔ hehe nam eƒe nusrɔ̃lawo hena dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ la, ede dzi ƒo na wo be ‘woaɖe gbeƒã le xɔwo tame.’ (Mateo 10:27) Ẽ, ele be woawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa gaglãa, amesiame nakpɔ. Le nuxlɔ̃ame sia dzi wɔwɔ ta la, Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe dɔwo gaglãa. Dɔwɔwɔ gaglãa alea kpe ɖe Ðasefowo ŋu woɖu tsitretsiɖeŋuwo dzi eye amewo ƒo nu nyui le wo ŋu.

Togbɔ be mɔɖeɖe li be amesiame ate ŋu ade Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo faa hã la, nazãbubu na wòsesẽna na ame aɖewo be woage ɖe Fiaɖuƒe Akpata me. Aleae wòle le Finland hã. Ðeko ame aɖewo ya vɔ̃na na teƒe yeyewo yiyi. Ne wotu Fiaɖuƒe Akpata yeye alo trɔ asi le xɔ xoxo aɖe ŋu tsɔ wɔe la, zi geɖe la, wowɔa ɖoɖo be woakpe amesiwo lɔ̃ be woava ɖi tsa le eme. Wodzea agbagba etɔxɛe kpea aƒelikawo be woaɖi tsa ava akpɔ Fiaɖuƒe Akpataa ahanya dɔ siwo Yehowa Ðasefowo wɔna.

Le nuto aɖe me la, Ðasefoawo wɔ ɖoɖo ɖe magazinedɔ ŋu le gbesigbe woʋu woƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea nu be amewo nava kpɔ eme. Ðasefo eve do go ŋutsu tsitsi aɖe si gblɔ be yekpɔa dzidzɔ ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo xexlẽ ŋu. Nɔviawo gblɔ xɔa ʋuʋu ɖi ŋu nya nɛ hegblɔ be yewodi be yewoakplɔe ayi Fiaɖuƒe Akpataa mee. Ŋutsua gblɔ be adzɔ dzi na ye ŋutɔ be yeawɔ ɖeka kpli wo. Ŋutsua srɔ̃, si hã nɔ dzeɖoɖoa sem la do ɣli be, “Nye hã medi be mayi!”

Esi wonya ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me la, ŋutsua lé ŋku ɖe eme godoo hegblɔ be: “Xɔa me mele yibɔɔ kura o ɖe. Kpɔ ɖa, eme kɔ henya kpɔ ŋutɔe. Wogblɔ nam be ɖe Fiaɖuƒe Akpata me le yibɔɔ tsiɖitsiɖi!” Ŋutsua kple srɔ̃a nɔ anyi sẽ hebia be yewoaxɔ agbalẽ siwo le agbalẽxɔƒea dometɔ aɖewo.

Hame aɖe di be yewoaɖe gbeƒã yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata nu ʋuʋu le xɔŋukɔgbea le wo gbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ me. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ me tolawo ƒe amegã xɔ nyatakakaa la, eɖo aɖaŋu be woaŋlɔ nyati aɖe tso wɔnaa ŋu. Nɔviawo lɔ̃, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nyati nyui aɖe si xɔ axa afã dze le nyadzɔdzɔgbalẽa me, si ƒo nu tso wɔnaa kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le afima ƒe dɔwɔnawo ŋu.

Le nyatia tata ɖe nyadzɔdzɔgbalẽa me megbe la, Ðasefo tsitsi aɖe do go eƒe aƒelika si gblɔ nɛ be: “Nyati nyui aɖe si ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu dze le nyadzɔdzɔgbalẽ me egbea!” Nɔvinyɔnua ɖi ɖase nɛ eye emegbe wòna agbalẽ gbadza si nye Jehovah’s Witnesses in the Twentieth Century lae.

Tsɔ kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋuti nukpɔsusu totro aɖewo ɖɔɖɔɖo ŋu la, Fiaɖuƒe Akpata yeyewo nu ʋuʋu kple wo ŋukɔkɔ wɔna ƒe ɖoɖo siawo dea dzo gbeƒãɖelawo me hedea dzi ƒo na wo be woakpe ame geɖewo va kpekpeawo mee. Ẽ, le dukɔ geɖe me, hekpe ɖe Finland ŋu la, amewo va nyae be Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo le ʋuʋu ɖi na amesiame.