Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ Akpaɖekedzimadelawo Le Ŋkeke Mamlɛawo Me

Kristotɔ Akpaɖekedzimadelawo Le Ŋkeke Mamlɛawo Me

Kristotɔ Akpaɖekedzimadelawo Le Ŋkeke Mamlɛawo Me

“Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.”—YOHANES 17:16, NW.

1, 2. Nya kae Yesu gblɔ tso eyomedzelawo ƒe ƒomedodo kple xexeame ŋu, eye biabia kawoe eƒe nyaawo fɔ ɖe te?

LE ZÃ mamlɛa le Yesu ƒe agbenɔnɔ abe amegbetɔ deblibo ene me la, edo gbe legbee aɖe ɖa eƒe nusrɔ̃lawo se. Esi wònɔ gbea dom ɖa la, egblɔ nya aɖe si ɖɔ Kristotɔ vavãwo katã ƒe agbenɔnɔ. Esi wònɔ nu ƒom tso eyomedzelawo ŋu la, egblɔ be: “Metsɔ wò nya la na wo gake xexeame lé fu wo elabena womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene. Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.”—Yohanes 17:14-16, NW.

2 Yesu gblɔ zi eve sɔŋ be ye yomedzelawo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o. Gawu la, vovototo ma ahe nyaƒoɖeamenuwo vɛ—xexeame alé fu wo. Ke hã, mele be dzidzi naƒo Kristotɔwo o; Yehowa akpɔ wo ta. (Lododowo 18:10; Mateo 24:9, 13) Le Yesu ƒe nyaawo ta la, anyo be míabia be: ‘Nukatae Kristotɔ vavãwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke ɖo o? Nukae xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye fia? Ne xexeame lé fu Kristotɔwo la, aleke wobua xexeamee? Vevietɔ la, aleke wobua xexeame ƒe dziɖuɖuwoe?’ Alesi Ŋɔŋlɔawo ɖo biabia siawo ŋui le vevie elabena eka mí katã.

“Mawu me Míetso”

3. (a) Nukae ɖea mí ɖe vovo tso xexeame ŋu? (b) Kpeɖodzi kae li si fia be ‘vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ tee’ xexeame le?

3 Susu ɖeka si ta míenye xexeame ƒe akpa aɖeke o enye ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa dome. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Nya siwo Yohanes gblɔ tso xexeame ŋu la nye nyateƒe matrɔmatrɔ. Aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ, ameteteɖeanyi, anukwaremaɖimaɖi, kple agbegbegblẽnɔnɔ si do agbogbo egbea nye Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ƒe kpeɖodzi, ke menye Mawu tɔ o. (Yohanes 12:31; Korintotɔwo II, 4:4; Efesotɔwo 6:12) Ne ame aɖe va zu Yehowa Ðasefo la, makpɔ gome le nuwɔna gbegblẽ mawo me alo ada asi ɖe wo dzi o, eye ema ana manye xexeame ƒe akpa aɖeke o.—Romatɔwo 12:2; 13:12-14; Korintotɔwo I, 6:9-11; Yohanes I, 3:10-12.

4. Mɔ kawo nue míeɖenɛ fiana le be míenye Yehowa tɔ?

4 Yohanes gblɔ be to vovo na xexeame la, Kristotɔwo ya ‘tso Mawu me.’ Amesiame si tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa la nye etɔ. Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Ne míele agbe la, míele agbe na Yehowa, eye ne míeku la, míeku na Yehowa. Eyata ne míele agbe alo míeku o, Yehowa tɔ míenye.’ (Romatɔwo 14:8; Psalmo 116:15) Esi míenye Yehowa tɔ ta la, eya ɖeka koe míesubɔna. (Mose II, 20:4-6) Esia ta Kristotɔ vavã metsɔa eɖokui kea xexeme taɖodzinu aɖeke o. Eye togbɔ be edea bubu dukɔteƒenɔnuwo ŋu hã la, metoa nuwɔna me dea ta agu na wo loo alo dea ta agu na wo le dzime o. Le nyateƒe me la, medea ta agu na kamedefefewɔla xɔŋkɔwo alo egbeŋkekea me legba bubuwo o. Ke hã, edea bubu gome si le ame bubuwo si be woawɔ nusi dze wo ŋu la ŋu, gake Wɔla la koe wòdea ta agu na. (Mateo 4:10; Nyaɖeɖefia 19:10) Esia hã na wòɖe vovo tso xexeame ŋu.

“Nye Fiaɖuƒe Metso Xexe sia me O”

5, 6. Aleke Mawu ƒe fiaɖuƒea teviwo nyenye ɖe mí ɖe vovo tso xexeame ŋui?

5 Kristotɔwo nye Kristo Yesu yomedzelawo kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe teviwo, si hã na womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o. Esi Yesu nɔ Pontio Pilato ŋkume wònɔ ʋɔnu drɔ̃mee la, egblɔ be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” (Yohanes 18:36) Fiaɖuƒea dzie woato akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, aʋli eƒe dziɖulanyenye ta, eye woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wòle le dziƒo ene. (Mateo 6:9, 10) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa katã me la, eɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ŋuti nya nyui eye wògblɔ be ye yomedzelawo aɖe gbeƒãe vaseɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ke. (Mateo 4:23; 24:14) Le ƒe 1914 me la, Nyaɖeɖefia 11:15 me nyagblɔɖinyawo va eme be: “Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” Eteƒe madidi o la, Dziƒofiaɖuƒe ma koe aɖu fia ɖe ameƒomea dzi. (Daniel 2:44) Ɣeyiɣi aɖe ava, esime woazi xexeame ƒe dziɖulawo gɔ̃ hã dzi be woana ta eƒe ŋusẽ.—Psalmo 2:6-12.

6 Esiawo katã ɖoa ŋku edzi na mí egbea be Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwoe Kristotɔ vavãwo nye, eye wowɔna ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be ‘woadi mawufiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã’ la dzi. (Mateo 6:33) Ema menaa wogbea anukwareɖiɖi na dukɔ si me wole la o, gake eɖea wo ɖe vovo tso xexeame ŋu le gbɔgbɔ me. Kristotɔwo ƒe dɔ vevitɔ egbea, abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene, enye be ‘woaɖi ɖase le Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti tsitotsito.’ (Dɔwɔwɔwo 28:23) Ŋusẽ mele amegbetɔ dziɖuɖu aɖeke si be wòado kplamatse dɔ ma si Mawu de wo si la o.

7. Nukatae Kristotɔ vavãwo medea akpa aɖeke dzi o, eye aleke woɖe esia fiae?

7 Le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa tɔ nyenye, kple Yesu yomedzelawo nyenye kpakple Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo nyenye la, Yehowa Ðasefowo mede nu ƒe alafa 20 kple alafa 21 lia me dukɔmevi kple dukɔwo dome ʋawo me o. Womede akpa aɖeke dzi, tsɔ tu ɖe ame aɖeke ŋu, hekaka xexeme nukpɔsusu aɖeke o. Le xɔse ɖeɖe fia nukutɔe le tsitretsiɖeŋu siwo dze abe ɖe womate ŋu anɔ te ɖe wo nu o ene me la, wowɔ ɖe gɔmeɖose si woɖe fia Nazi dziɖulawo le Germany le ƒe 1934 me dzi, be: “Míedea nu dunyahenya aɖeke me o, gake míetsɔ mía ɖokui katã ɖe adzɔgbee na Mawu ƒe fiaɖuƒe si le Kristo eƒe Fia te la. Míawɔ nu vevi alo agblẽ nu le ame aɖeke ŋu o. Míadi be míanɔ ŋutifafa me ahawɔ nyui na amewo katã ne mɔnukpɔkpɔa su mía si.”

Kristo ƒe Amedɔdɔwo Kple Dɔtsɔlawo

8, 9. Mɔ ka nue Yehowa Ðasefowo nye amedɔdɔwo kple dɔtsɔlawo le egbea, eye aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ƒomedodo kple dukɔwo dzii?

8 Paulo yɔ eɖokui kple ehati Kristotɔ amesiaminawo be ‘amedɔdɔwo le Kristo teƒe, abe ɖe Mawu le nu xlɔ̃m to yewo dzi ene.’ (Korintotɔwo II, 5:20; Efesotɔwo 6:20) Tso keke ƒe 1914 me ke la, woate ŋu ayɔ Kristotɔ amesiaminawo wòasɔ be Mawu-fiaɖuƒea, si ƒe “viwo” wonye la, ƒe amedɔdɔwo. (Mateo 13:38; Filipitɔwo 3:20; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa ɖe “alẽ bubuwo” ƒe ‘ameha gã aɖe,’ siwo nye Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la tso dukɔwo me, be woado alɔ amesiaminawo le dɔ si gbe wodɔ wo ɖo la wɔwɔ me. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Woate ŋu ayɔ ‘alẽ bubu’ siawo be Mawu-fiaɖuƒea ƒe “dɔtsɔlawo.”

9 Amedɔdɔ kple eƒe dɔwɔhatiwo medea nu dukɔ si me wole subɔsubɔm le ƒe nyawo me o. Nenema ke Kristotɔwo medea nu xexeame dukɔwo ƒe dunyahenyawo me o. Womedea dukɔ, ameƒomevi, habɔbɔ, alo asitsahabɔbɔ aɖeke dzi alo tsia tre ɖe eŋu o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ke boŋ wowɔa “nu nyui na amesiame.” (Galatiatɔwo 6:10) Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade fia be ame aɖeke mate ŋu agbe woƒe gbedasia ahagblɔ be wole ameƒomevi, dukɔ, alo to aɖe me tɔwo ƒe futɔwo dzi tae yegbe ɖo wòasɔ o.

Lɔlɔ̃ Dea Dzesi Wo

10. Aleke gbegbee lɔlɔ̃ nye nu vevi na Kristotɔe?

10 Tsɔ kpe ɖe nya siwo míegblɔ va yi ŋu la, Kristotɔwo medea nu xexeame ƒe nyawo me o le woa kple wo nɔvi Kristotɔwo bubuwo dome ƒomedodo ta. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Kristotɔnyenye ƒe akpa vevi aɖee nɔvilɔlɔ̃ nye. (Yohanes I, 3:14) Esi wòlɔ ƒomedodo si le Kristotɔ kpakple Yehowa kple Yesu dome ɖe eme ta la, woa kple Kristotɔ bubuwo dome ƒomedodo le kplikplikpli. Menye hame si me wòle me tɔwo koe wòlɔ̃na o. Elɔ̃a ‘nɔviawo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa.’—Petro I, 5:9.

11. Aleke lɔlɔ̃ si le Yehowa Ðasefowo me na wo nɔewo kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii?

11 Egbea la, Yehowa Ðasefowo ɖea woƒe nɔvilɔlɔ̃ fiana to Yesaya 2:4 me nyawo dziwɔwɔ me: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” Esi wònye Yehowae fiaa nu Kristotɔ vavãwo ta la, wole ŋutifafa me kple Mawu kpakple wo nɔewo. (Yesaya 54:13) Esi wolɔ̃ Mawu kple wo nɔviwo ta la, nunya manɔ eme be woatsɔ tu ɖe wo hati Kristotɔwo—alo ame bubu aɖeke—ŋu le dukɔ bubuwo me o. Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le wo dome nye woƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe, si ɖenɛ fiana be Mawu ƒe gbɔgbɔ le wo dzi nyateƒe. (Psalmo 133:1; Mixa 2:12; Mateo 22:37-39; Kolosetɔwo 3:14) ‘Wodia ŋutifafa eye wotiaa eyome’ esi wonyae be “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu” ta.—Psalmo 34:15, 16.

Alesi Kristotɔwo Bua Xexeamee

12. Nɔnɔme kae Yehowa ɖe fia xexeame si Yehowa Ðasefowo srɔ̃na, eye le mɔ ka nu?

12 Yehowa drɔ̃ fɔbuʋɔnu xexe sia xoxo, gake mekpɔ drɔ̃ ʋɔnu ame ɖekaɖekawo le eme haɖe o. Ato Yesu dzi awɔ ema le Eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi. (Psalmo 67:4, 5; Mateo 25:31-46; Petro II, 3:10) Ke hã, eɖe lɔlɔ̃ gã aɖe fia ameƒomea. Etsɔ eƒe Tenuvi gɔ̃ hã na bena mɔnukpɔkpɔ nasu amesiame si be wòakpɔ agbe mavɔ. (Yohanes 3:16) Esi míenye Kristotɔwo ta la, míesrɔ̃a Mawu ƒe lɔlɔ̃ la to mɔnuɖoɖo siwo Mawu wɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ la gbɔgblɔ na amewo me, ne wogbea míaƒe nyawo zi geɖe hã.

13. Aleke wòle be míabu xexeame dziɖulawoe?

13 Aleke wòle be míabu xexeame dziɖulawoe? Paulo ɖo nyabiase ma ŋu esime wòŋlɔ bena: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.” (Romatɔwo 13:1, 2) Amegbetɔwo le ŋusẽnɔƒe (siwo lolo alo le sue ne wotsɔe sɔ kple wo nɔewo, gake mede Yehowa tɔ nu gbeɖegbeɖe o) si “seɖoƒe li na” esi Ŋusẽkatãtɔ la ɖe mɔ na wo ta. Kristotɔ bɔbɔa eɖokui na dziɖuɖu elabena ema nye eƒe toɖoɖo Yehowa ƒe akpa aɖe. Ke ne amegbetɔdziɖuɖu ƒe nudidiwo tsi tre ɖe Mawu tɔ ŋu ya ɖe?

Mawu ƒe Se Kple Kaisaro Tɔ

14, 15. (a) Aleke Daniel wɔ ƒo asa na gege ɖe nya me le toɖoɖo ƒe nyaa mee? (b) Tiatia kae Hebri-vi etɔ̃awo wɔ esi womate ŋu aƒo asa na nya me ɖoɖo le toɖoɖo ƒe nyaa me o?

14 Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃awo ɖo alesi woada asɔ le amegbetɔdziɖuɖuwo ƒe se kple Mawu tɔ dziwɔwɔ me ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Esi Hebri-ɖekakpuivi eneawo nɔ aboyo me le Babilon la, wowɔ dukɔ ma ƒe sewo dzi si na wotia wo enumake hena hehe tɔxɛ aɖewo xɔxɔ. Esi Daniel kpɔe dze sii be hehexɔxɔa ate ŋu akplɔ yewo ade Yehowa ƒe Se dzi dada me la, elé nya la kpɔ kple ɖoɖoa nu nɔla. Esia na wowɔ ɖoɖo tɔxɛwo le bubudede Hebri-vi eneawo ƒe dzitsinya ŋu ta. (Daniel 1:8-17) Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Daniel ƒe kpɔɖeŋu ne wotsɔ aɖaŋudzedze ɖe woƒe nukpɔsusuwo me na dɔnunɔlawo bena woaƒo asa na gege ɖe kuxiwo me madzemadzee.

15 Gake ɣebubuɣi la, womegate ŋu ƒo asa na ɖokuibɔbɔ ŋuti nyaƒoɖeamenu o. Babilon-fia wɔ legba kɔkɔ aɖe ɖe Dura-bali me hede se na amegãwo kple nutome dzikpɔlawo be woaƒo ƒu hena eŋukɔkɔ. Ɣemaɣi la, woɖo Daniel xɔlɔ̃ etɔ̃awo Babilon nutome dzikpɔlawoe, eyata sededea lɔ woawo hã ɖe eme. Esi wɔnaa ɖo akpa aɖe la, ehiã be takpelaawo katã nabɔbɔ ade ta agu na legba la. Gake Hebri-viawo nyae be nusia tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu. (Mose V, 5:8-10) Eyata esi amesiame bɔbɔ de ta agu la, woawo ya kpɔtɔ nɔ tsitre. Esi wogbe toɖoɖo fia ƒe sededea ta la, wodze ŋgɔ ku dziŋɔ aɖe, eye nukumɔ aɖe ko dzie woato aɖe woƒe agbe; gake wotiae be yewoaku tsɔ wu be yewoagbe toɖoɖo Yehowa.—Daniel 2:49–3:29.

16, 17. Nya kae apostoloawo gblɔ esi wode se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe, eye nukatae?

16 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wokplɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo va Yuda-nunɔlawo ŋkume le Yerusalem hede se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe le Yesu ƒe ŋkɔa dzi. Aleke wowɔ nui? Yesu de dɔ asi na wo be woawɔ dukɔwo katã, si me Yudea hã le, me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo hã be woanye yeƒe ɖaseɖilawo le Yerusalem kple xexeame ƒe akpa kpɔtɔeawo. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Apostoloawo nya be nusi Mawu di be yewoawɔ ŋuti see Yesu de na yewo. (Yohanes 5:30; 8:28) Eyata wogblɔ be: “Ele be, [míabu] Mawu awu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 4:19, 20; 5:29.

17 Menye aglãe apostoloawo dze o. (Lododowo 24:21) Gake esi dziɖula siwo nye amegbetɔwo de se na wo be woagawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la, nya si wogblɔ koe nye be ‘Ele be yewoaɖo to Mawu, menye amegbetɔ o.’ Yesu gblɔ be ele be míatsɔ nusi nye ‘Kaisaro tɔ na Kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ na Mawu.’ (Marko 12:17) Ne míegbe wɔwɔ ɖe Mawu ƒe se dzi le amegbetɔ aɖe ƒe gbeɖeɖe ta la, ke míele nusi nye Mawu tɔ la tsɔm na amegbetɔ. Ðe ema teƒe la, míexea nusianu si ƒe fe si míenyi le Kaisaro ŋu la nɛ, gake míedea dzesii be Yehowa ƒe ŋusẽe ƒo ɖesiaɖe ta. Eyae nye Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã, Wɔla la, si nye ŋusẽwo katã Tsoƒe.—Nyaɖeɖefia 4:11.

Míanɔ Te Sesĩe

18, 19. Tsitrenɔnɔ sesĩe ƒe kpɔɖeŋu nyui kae mía nɔvi geɖe ɖo, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋuae?

18 Le ɣeyiɣi siawo me la, xexeame dziɖuɖu akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademadea dzi, eye míekpɔa ŋudzedze ɖe esia ŋu. Gake le dukɔ aɖewo me la, Ðasefowo dzea ŋgɔ tsitretsiɖeŋu sesẽwo. Le ƒe alafa 20 lia katã me va ɖo fifia la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo ʋli kalẽtɔe, hele “xɔse ƒe ʋiʋli nyui la” ʋlim le gbɔgbɔmegɔmesese nu.—Timoteo I, 6:12.

19 Aleke míate ŋu anɔ te sesĩe abe woamawo ene? Gbã la, míeɖoa ŋku edzi be ele be míakpɔ mɔ na tsitretsiɖeŋu. Mele be míaɖi vo alo wòawɔ nuku na mí ne wotsi tre ɖe mía ŋu o. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12; Petro I, 4:12) Le xexe si me Satana kpɔ ŋusẽ ɖe nuwo dzi le me la, nukatae míado go tsitretsiɖeŋu o? (Nyaɖeɖefia 12:17) Zi alesi míeyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, ame aɖewo anɔ anyi godoo siwo ‘míaƒe nu awɔ nuku na eye woayi edzi anɔ busunyawo gblɔm ɖe mía ŋu.’—Petro I, 4:4.

20. Nyateƒenya doŋusẽame kawo dzie woɖo ŋkui na mí?

20 Evelia, míeka ɖe edzi be Yehowa kple eƒe dɔlawo akpe ɖe mía ŋu. Abe alesi Elisa si nɔ anyi le blema gblɔ ene la, “amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.” (Fiawo II, 6:16; Psalmo 34:8) Anye be Yehowa ŋutɔ ƒe tameɖoɖo nyui aɖe tae wòɖe mɔ be tsitretsiɖeŋulawo ƒe nyaƒoɖeamenu nayi edzi hena ɣeyiɣi aɖe ɖo. Ke hã ana ŋusẽ si míehiã atsɔ anɔ te ɖe wo nui la mí ɣesiaɣi. (Yesaya 41:9, 10) Wowu ame aɖewo, gake ema medoa vɔvɔ̃ na mí o. Yesu gblɔ be: “Migavɔ̃ amesiwo wua ŋutilã gake womete ŋu wua luʋɔ la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le [Gehenna, NW ].” (Mateo 10:16-23, 28) “Amedzrowo kple mɔzɔlawo” koe míenye le nuɖoanyi sia me. Míezãa míaƒe ɣeyiɣi le afisia ɖe nusi míawɔ míaƒe “asi nasu agbe vavã la,” si nye agbe mavɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me dzi ŋu. (Petro I, 2:11; Timoteo I, 6:19) Zi alesi míeyi edzi le nuteƒe wɔm na Mawu la, amegbetɔ aɖeke mate ŋu axɔ teƒeɖoɖo ma le mía si o.

21. Nukae wòle be míalé ɖe susu me ɣesiaɣi?

21 Eyata mina míaɖo ŋku ƒomedodo xɔasi si le mía kple Yehowa Mawu dome dzi. Mina míakpɔ ŋudzedze ɖe yayra si wònye be míenye Kristo yomedzela kple Fiaɖuƒea teviwo la ŋu ɣesiaɣi. Mina míalɔ̃ mía nɔviwo tso dzi blibo me, eye mina dzi nadzɔ mí le lɔlɔ̃ si woɖena fiaa mí ɣesiaɣi la ta. Ƒo wo katã ta la, mina míawɔ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa!” (Psalmo 27:14; Yesaya 54:17) Ekema míanɔ te sesĩe akpɔtɔ alé míaƒe mɔkpɔkpɔa me ɖe asi, abe Kristotɔ gbogbo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na mí ene—anye Kristotɔ nuteƒewɔla akpaɖekedzimadela siwo menye xexeame ƒe akpa aɖeke o.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke míaƒe ƒomedodo kple Yehowa ɖe mí ɖe vovo tso xexe sia me ŋui?

• Esi míenye Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo ta la, aleke míedea akpa aɖeke dzi le xexe sia mee o?

• Mɔ kawo nue lɔlɔ̃ na mía nɔviwo naa míedea akpa aɖeke dzi o, eye wòɖea mí ɖe vovo tso xexeame ŋui le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Aleke mía ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea te kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomedodo kple xexeame dzii?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Hutu kple Tutsi tɔ tsɔ dzidzɔ le dɔ wɔm ɖekae

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Nɔvi Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo kple Arabtɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Serbia, Bosnia, kple Croatia Kristotɔwo dea ha kple wo nɔewo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nukae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ ne dziɖulawo de se na mí be míada Mawu ƒe se dzi?