Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míelé Míaƒe Dɔdasi Me Ðe Asi

Míelé Míaƒe Dɔdasi Me Ðe Asi

Agbemeŋutinya

Míelé Míaƒe Dɔdasi Me Ðe Asi

ABE ALESI HERMANN BRUDER GBLƆE ENE

Tiatia si woɖo ŋkunyeme la nɔ tẽ: nɔ Franseawo ƒe Asrafoʋakɔ me le Duta ƒe atɔ̃ alo nayi mɔ le Morocco. Mina maɖe alesi wòdzɔe be meɖo xaxa sia me me na mi.

WODZIM le Oppenau, Germany, le ƒe 1911 me, ƒe etɔ̃ pɛ do ŋgɔ na Xexemeʋa I ƒe dzɔdzɔ. Vi ŋutsu kple nyɔnu 17 nɔ dzinyelawo, Joseph kple Frida Bruder, si. Nyee nye wo vi 13 lia.

Nudzɔdzɔ siwo dzi meɖoa ŋkui le nye ɖevimenɔɣi dometɔ aɖee nye asrafo ʋakɔ aɖe ƒe gbɔlɔlɔ to mía de mɔ gã dzi. Haƒoƒo si wotsɔ lɔ gbɔae vivi nunye ale gbegbe be mekplɔ haƒohaa ɖo yi ketekeɖoƒea kaba be makpɔ Papa kple ŋutsu bubu siwo do asrafowu henɔ ketekea ɖom la. Esi ketekea ho la, nyɔnu siwo nɔ ʋuɖoƒea la dometɔ aɖewo te avifafa blobloblo. Ema megbe kpuie la, míaƒe nunɔla gblɔ mawunya legbe aɖe le sɔleme eye wòyɔ ŋutsu ene siwo ku le denyigba la taʋiʋli me ƒe ŋkɔ. Eɖe nu me be: “Wole dziƒo fifia.” Nyɔnu aɖe si tɔ ɖe axanye la ku ƒenyi enumake.

Esime Papa nɔ aʋagbedzi le Russia la, asrã sesẽ aɖe dze edzi. Dɔa te eŋu vevie hafi wògbɔ va aƒe, eye woxɔe ɖe dɔyɔƒe si le dua me enumake. Nunɔlaa gblɔ nam be: “Yi gbedoxɔ si le ameɖibɔa xa nàɖado Aƒetɔ ƒe gbea ɖa zi 50 eye nàgblɔ Woakafu Maria zi 50. Ekema fofowò ahaya.” Mewɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, gake Papa ku le ŋufɔke. Aʋaa do ŋɔdzi na ɖevi suewo gɔ̃ hã.

Alesi Mewɔ Kpɔ Nyateƒea

Dɔ kpɔkpɔ awɔ menɔ bɔbɔe kura le Germany le aʋawɔɣia o. Gake esi medo le suku le ƒe 1928 me la, medze agbagba kpɔ seƒoƒobɔ me dzadzraɖodɔ aɖe le Basel, Switzerland.

Nye hã menye Katolikotɔ veviedonula abe Papa ene. Nye taɖodzinue nye be mava zu Capuchin saɖagaxɔmenɔla le India. Esi nɔvinyeŋutsu Richard, si nye Yehowa Ðasefo ɣemaɣi, se ɖoɖo siawo la, eɖoe koŋ va Switzerland be yeaxlɔ̃ num. Exlɔ̃ num tso afɔku si le ŋuɖoɖo ɖe amegbetɔwo, vevietɔ subɔsubɔhakplɔlawo, me ŋu, eye wòde dzi ƒo nam be maxlẽ Biblia ahaka ɖe eya ɖeɖeko dzi. Togbɔ be nye susu nɔ wɔwɔm eveve hã la, medi Nubabla Yeyea hete exexlẽ. Ʋɛʋɛʋɛ la, eme va kɔ nam be nye dzixɔsewo dometɔ geɖe mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o.

Le Kwasiɖa aɖe gbe le ƒe 1933 me esime menɔ Richard ƒe aƒeme le Germany la, eɖem fia srɔ̃tɔ aɖewo siwo nye Yehowa Ðasefowo. Esi wose be mexlẽa Biblia la, wotsɔ agbalẽvi si nye The Crisis * nam. Zã tsi ɖem hafi meda agbalẽa ɖi. Kakaɖedzi su asinye be meke ɖe nyateƒea ŋu!

Yehowa Ðasefo siwo nɔ Basel la tsɔ agbalẽ si nye Studies in the Scriptures * ƒe babla eve nam hekpe ɖe magazine kple agbalẽ bubuwo ŋu. Nusiwo xlẽm menɔ wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be meyi nunɔla si le mía gbɔ la gbɔ be wòate fli ɖe nye ŋkɔ me le xɔsehaa ƒe agbalẽwo me. Dzi ku nunɔlaa vevie wògblɔ nam be nu le gbegblẽ ge le nye xɔse ŋu. Le nyateƒe me la, meka ɖe edzi be naneke megblẽ le nye xɔse ŋu o. Zi gbãtɔe nye sia le nye agbe me si mete xɔse vavãtɔ tutuɖo.

Nɔvi siwo nɔ Basel la nɔ ɖoɖo wɔm be yewoayi aɖaɖe gbeƒã le Franse de dzi le kwasiɖa ma ƒe nuwuwu. Nɔviawo dometɔ ɖeka ɖe nu me nam tufafatɔe be womekpem o elabena ɖeko mete hadede kple hamea teti koe nye ma. Esia mena dzi ɖe le ƒonye kura o, meɖee gblɔ be medi vevie be madze gbeƒãɖeɖe gɔme. Le nuƒoƒo kple hamemegã bubu megbe la, ena anyigbamamam ɖe Switzerland. Kwasiɖagbe ŋdi kanya la, medo nye gasɔ yi kɔƒe aɖe si te ɖe Basel ŋu me, agbalẽ 4, magazine 28, kple agbalẽ gbadza 20 nɔ nye gbedzidekplo me. Kɔƒea me tɔ akpa gãtɔ nɔ sɔleme hafi mede. Ke hã, kaka ga 11 naƒo la, agbalẽawo vɔ le nye gbedzidekploa me.

Esi megblɔ na nɔviawo be medi be maxɔ nyɔnyrɔ la, wowɔ numedzodzro deto aɖe kplim hebia nya vevi aɖewom ku ɖe nyateƒea ŋu. Woƒe dzonɔameme kple nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Esi wònye vuvɔŋɔlie ta la, nɔviŋutsu aɖe na nyɔnyrɔm ɖe tsilezɔ aɖe me le hamemegã aɖe ƒeme. Meɖo ŋku edzi be mese dzidzɔ manyagblɔ kple ŋusẽdodo gã aɖe le ɖokuinye me. Ƒe 1934 mee ema dzɔ.

Dɔwɔwɔ le Habɔbɔa ƒe Agble Dzi

Le ƒe 1936 me la, mese be Yehowa Ðasefowo ƒle anyigba aɖe ɖe Switzerland. Mena wonya be medi be manye abɔmedzraɖola. Dzi dzɔm ŋutɔ esi wokpem be mava wɔ dɔ le Habɔbɔa ƒe agble dzi le Steffisburg, afisi didi kilometa 30 aɖewo tso Bern gbɔ. Ɣesiaɣi si mekpɔ asinu la, mekpena ɖe ame bubuwo hã ŋu le woƒe dɔwo wɔwɔ me le agblea dzi. Mesrɔ̃ alesi ɖekawɔwɔ ƒe gbɔgbɔ hiã vevie la le Betel.

Ɣeyiɣi si me mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nye Betel nɔƒewo me enye esime Nɔviŋutsu Rutherford ɖi tsa va agblea dzi le ƒe 1936 me. Esi wòkpɔ alesi míaƒe tomatoseawo loloe kple alesi nukuawo nɔ nyonyomee la, eko alɔgbɔnu eye wòɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ. Nɔviŋutsu lɔ̃ame ka gbegbee nye si wònye!

Le dɔwɔwɔ le agblea dzi ƒe etɔ̃ kple nu vi aɖe ko megbe la, woxlẽ lɛta aɖe si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le United States na mí le ŋdinuɖuƒe. Lɛtaa te gbe ɖe alesi gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpatae la dzi hekpe amesiame si alɔ̃ be yeawɔ mɔɖeɖedɔa le duta la be wòana ŋkɔ. Enumake metsɔ ɖokuinye na. Mexɔ nye dɔdasilɛta le May 1939 me—Brazil!

Ɣemaɣi la, medea nusrɔ̃ƒe le Thun-hame, si te ɖe Habɔbɔa ƒe agblea ŋu, la me. Le Kwasiɖagbewo la, mía dometɔ aɖewo ƒoa ƒu yia Alps-towo dzi, si nye gaƒoƒo eve ƒe gasɔdodo tso Thun, ɖaɖea gbeƒã. Margaritha Steiner hã nɔ ƒuƒoƒoa me. Susu aɖe va nye ta me kpata: Ðe Yesu meɖo eƒe nusrɔ̃lawo ɖa eveve oa? Esi megblɔ na Margaritha fefetɔe be woɖom ɖe Brazil la, egblɔ be ye hã yedi be yeasubɔ le afisi hiahiã lolo wu le. Míeɖe srɔ̃ le July 31, 1939 dzi.

Tɔtɔ Ðe Teƒe si Míebu O

Míaƒe melia ho le Le Havre, France, le August 1939 ƒe nuwuwu, heyina Santos, Brazil. Ame eve xɔdɔmewo katã yɔ eyata teƒe vovovoe míenɔ. Esi míenɔ mɔa dzi la, nyatakaka va be Great Britain kple France ho aʋa ɖe Germany ŋu. Mɔzɔla 30 siwo nye Germanytɔwo te Germany-duha dzidzi enumake. Nusia ve dɔme na ʋumemegãa ale gbegbe be wòtrɔ ʋua ɖadze ɖe Safi, Morocco. Wona miniti atɔ̃ mɔzɔla siwo si Germanytɔwo ƒe mɔzɔgbalẽ le be woaɖi le ʋua me. Ema lɔ míawo hã ɖe eme.

Wosika mí ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe ŋkeke ɖeka eye emegbe wotigi mí ɖe bɔs xoxo gbagbã aɖe me ku yi ɖe gaxɔme le Marrakech, si didi kilometa 140 lɔƒo tso afima. Ŋkeke sesẽwo kplɔe ɖo. Gaxɔ siwo me míenɔ la yɔ tititi hedo viviti. Hahonugododeƒe si míezãna—si nye do si woɖe ɖe anyigba—la yɔna gbagbana ɣesiaɣi. Wona kotoku ƒoɖi aɖe mía dometɔ ɖesiaɖe si dzi míemlɔna, eye le zã me la, afiwo va nɔa afɔkpodzi ɖum na mí. Wodea nuɖuɖu ganugoe léɣebiawo me mana na mí zi eve gbeɖeka.

Asrafomegã aɖe ɖe nu me nam be ne melɔ̃ be manɔ Franseawo ƒe Asrafoʋakɔ me le Duta ƒe atɔ̃ la, woaɖe asi le ŋunye. Esi nyemelɔ̃ o ta la, wokplɔm ɖade teƒe aɖe si mayɔ be do yibɔ, la me gaƒoƒo 24. Metsɔ ɣeyiɣi sia ƒe akpa gãtɔ do gbe ɖae.

Le ŋkeke enyi megbe la, gaxɔdzikpɔlawo ɖe mɔ nam megakpɔ Margaritha ake. Eɖi ku ŋutɔ, eye avi dzi ko wònɔ madzudzɔmadzudzɔe. Medze agbagba ɖesiaɖe de dzi ƒo nɛ. Wobia gbe mí hekplɔ mí de keteke yi Casablanca, afisi woɖe asi le Margaritha ŋu le. Wokplɔm yi asaɖa aɖe me le Port Lyautey (si woyɔna fifia be Kenitra), si gbɔ didi kilometa 180 aɖewo tso afima. Switzerland dziɖuɖuteƒenɔla ɖo aɖaŋu na Margaritha be wòatrɔ ayi Switzerland, gake egbe nuteƒewɔwɔtɔe be yemadzo agblẽm ɖi o. Le ɣleti eve siwo me menɔ Port Lyautey la, ezɔa mɔ tso Casablanca va srãam kpɔna gbesiagbe hetsɔa nuɖuɖu vɛ nam.

Ƒe ɖeka do ŋgɔ la, Yehowa Ðasefowo ɖe agbalẽ aɖe ɖe go si ƒe tanyae nye Kreuzzug gegen das Christentum (Aʋahoho Ðe Kristotɔnyenye Ŋu) be woatsɔ ahe amewo ƒe susu ava Ðasefowo ƒe Nazi dziɖuɖua ƒe akpa dzi manɔmanɔ dzi. Esime menɔ gaxɔa me la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Bern ŋlɔ agbalẽ na Franse dziɖuɖumegãwo hetsɔ agbalẽa ɖeka de eme kple susu be woatsɔ aɖo kpe edzi be míenye Nazitɔwo o. Margaritha hã dzea agbagba yia dziɖuɖumegãwo gbɔ ɖaɖea nu me na wo be míedze agɔ aɖeke o. Mlɔeba, le ƒe 1939 ƒe nuwuwu la, woɖe mɔ na mí be míadzo le Morocco.

Ðe míegaɖo meli ɖo ta Brazil ake hafi se be Germanytɔwo ƒe ƒugɔmeʋawɔʋuwo nɔ tɔdziʋuwo dzi dzem le Atlantik-ƒua dzi eye be meli si me míele koŋ dimee wonɔ. Togbɔ be asitsalawo ƒe melie míaƒe ʋu, si woyɔna be Jamaique, nye hã la, tuwo nɔ eƒe ŋgɔ kple megbe fũ. Le ŋkeke me la, ʋumemegãa mekua ʋua toa mɔ tẽ o eye wònɔ tu dam ɖe ŋgɔ edziedzi. Le zã me la, míetsia akaɖiwo katã be Germanytɔwo nagakpɔ mí o. Aleke míaƒe dzi dze eme mlɔeba enye si be, le ɣleti atɔ̃ kple edzivɔ siwo míedzo le Europa megbe la, míeɖadze ɖe Santos, Brazil ƒe melidzeƒe, le February 6, 1940 dzi!

Megayi Mɔ Ake

Du gbãtɔ si wotsɔ na mí be míaɖe gbeƒã le enye Montenegro, si le Braziltɔwo ƒe anyiehenuto si nye Rio Grande do Sul me. Edze ƒã be wona subɔsubɔhakplɔlawo nya nu tso míaƒe vava ŋu. Le gbeƒãɖeɖe gaƒoƒo eve pɛ ko megbe la, kpovitɔwo lé mí hexɔ míaƒe agba siwo dzi wolé Biblia me nuƒowo ɖo, míaƒe agbalẽwo katã, kple míaƒe gbedzidekplo si wowɔ kple kposɔgbalẽ, si míeƒle le Morocco gɔ̃ hã, le mía si. Nunɔla aɖe kple dudɔnunɔla aɖe si nye Germanytɔ nɔ mía lalam le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea. Wonɔ to dzi se Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoawo dometɔ ɖeka le míaƒe agbaƒomɔ̃ si hã woxɔ le mía si la dzi. Le nyateƒe me la, ɖeko Nɔviŋutsu Rutherford yi nyawo gbɔ tẽ! Esi wòɖo akpa si ƒo nu tso Vatikan ŋu la, nunɔlaa ƒe ŋkuwo biã eye wòdo dziku vevie.

Le bisiɔp si le Santa Maria ƒe biabia nu la, kpovitɔawo ɖe mí yi Pôrto Alegre, si nye fiadua me. Eteƒe medidi o woɖe asi le Margaritha ŋu eye wòte ɖe Switzerland dziɖuɖuteƒenɔla ŋu hebia kpekpeɖeŋu. Dziɖuɖuteƒenɔlaa ɖo aɖaŋu nɛ be wòatrɔ ayi Switzerland. Egagbe ake be yemadzo agblẽm ɖi o. Margaritha nye zɔhɛ nuteƒewɔla ɣesiaɣi. Le ŋkeke blaetɔ̃ megbe la, wobia gbem heɖe asi le ŋunye. Kpovitɔawo tsɔ tiatia aɖe ɖo mía ŋkume: midzo le dukɔa me hafi ŋkeke ewo nava yi, alo “miakpɔ emetsonu.” Le dɔwɔƒegã ƒe mɔfiame te la, míedzo yi Rio de Janeiro.

“Taflatse Xlẽ Agbalẽvi Sia”

Togbɔ be nu ɖedzileameƒo sia dzɔ le Brazil-dukɔa me ɖoɖo teti ko hã la, dzi dzɔ mí ale gbegbe! Ne èbu eŋu kpɔ la, míele agbe, agbalẽwo gayɔ míaƒe akplowo me ake, eye Rio de Janeiro bliboa katã le mía si me míaɖe gbeƒã le. Gake aleke míele gbeƒãa ɖe gee esime míese Portugalgbea nyuie o? To ɖaseɖigbalẽ aɖe dzi. Portugalgbe me nyagbɔgblɔ gbãtɔ si míesrɔ̃ hezãna le gbeƒãɖeɖedɔa me enye “Por favor, leia este cartão” (“Taflatse Xlẽ Agbalẽvi Sia”). Eye aleke gbegbe agbalẽvi sia ɖe vii enye si! Le dzinu ɖeka ko me la, míema agbalẽ 1,000 kple edzivɔwo. Amesiwo xɔ míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽawo dometɔ geɖe va xɔ nyateƒea emegbe. Le nyateƒe me la, míaƒe agbalẽwo ɖi ɖase nyuie wu alesi mía ŋutɔwo míaɖii gɔ̃ hã. Esia na mekpɔ vevienyenye si le míaƒe agbalẽwo tsɔtsɔ na ɖetsɔlemetɔwo ŋu la dze sii.

Rio de Janeiro ye nye Brazil ƒe fiadu ɣemaɣi, eye woxɔa míaƒe gbedasia nyuie vevietɔ le dziɖuɖudɔwɔƒewo. Mɔnukpɔkpɔ su asinye meɖi ɖase na dudɔnunɔla si kpɔa ganyawo dzi kple esi kpɔa asrafowo dzi. Le ɣeyiɣi siawo me la, mekpɔe dzesii kɔte be Yehowa ƒe gbɔgbɔe kpe ɖe ŋunye.

Gbeɖeka esi menɔ gbeƒã ɖem le dugbadzaƒe aɖe le Rio titina la, mege ɖe Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔkpɔƒe le manyamanya me. Kasia manya la, menɔ ŋutsu aɖewo siwo do awu yibɔ abe kunu wɔmee wonɔ ene la dome. Mete ɖe ŋutsu bubume aɖe ŋu hetsɔ ɖaseɖigbalẽa de esi. Menye kuteƒee wonɔ o. Le nyateƒe me la, nyadɔdrɔ̃ mee mege ɖo, eye ʋɔnudrɔ̃lae menɔ nua ƒom na. Eko nu hewɔ dzesi na dzɔlawo be womegawɔ nanekem o. Exɔ agbalẽ si nye Children * la ƒe tata ɖeka kple dzidzɔ hewɔ nudzɔdzɔ. Esi metrɔ dzo yina la, dzɔlaawo dometɔ ɖeka fia asi nuŋɔŋlɔ gã aɖe si le ʋɔtrua ŋu nam: Proibida a entrada de pessoas estranhas (Mɔɖeɖe Meli Be Amedzro Aɖeke Nava Afisia O).

Anyigbamama tseku bubu enye melidzeƒea. Gbeɖeka la, medo go ƒudzidela aɖe si xɔ agbalẽawo hafi trɔ yi ƒu dzi. Emegbe míedo goe le takpekpe aɖe me. Eƒe ƒomea me tɔwo katã va xɔ nyateƒea, eye eya ŋutɔ nɔ ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm. Ema na dzi dzɔ mí ale gbegbe.

Gake menye nusianue zɔ tẽ o. Ɣleti ade ƒe dukɔmenɔgbalẽ si wona mí be míanɔ dukɔa me la ku, eye nusi ko nɔ míalalam enye mía nyanya. Esi míeŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dɔwɔƒegã la ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu la, míexɔ lɛta fadziname aɖe tso Nɔviŋutsu Rutherford gbɔ, si me wòde dzi ƒo na mí le be míayi edzi abia be woakekee ɖe nu na mí eye wòfia alesi míaɖe afɔe la mí. Enye míaƒe didi be míanɔ Brazil, eye to senyala aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me la, dukɔa me nɔnɔ ɖaa ƒe mɔɖegbalẽ su mía si mlɔeba le ƒe 1945 me.

Ɣeyiɣi Didi ƒe Dɔdasi

Gake do ŋgɔ na ema la, míedzi mía viŋutsu Jonathan le ƒe 1941 me, Ruth le ƒe 1943 me, eye Esther le ƒe 1945 me. Be mate ŋu akpɔ míaƒe ƒomea si le dzidzim ɖe edzi ƒe hiahiãwo gbɔ la, ehiã be madi ŋutilãmedɔ awɔ. Margaritha yi ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi vaseɖe esime míedzi mía vi etɔ̃lia.

Míaƒe ƒome bliboa wɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖekae tso gɔmedzedzea me le dugbadzaƒewo, ketekeɖoƒewo, mɔdodowo dzi, kple asitsaƒewo. Míemaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le Memleɖa fiẽsiwo ɖekae, eye ŋkeke siawo nye dzidzɔɣi veviwo na mí.

Le aƒeme la, dɔ nɔ ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe si wowɔna gbesiagbe. Jonathan ƒe dɔe nye be wòakplɔ dzodoƒea ahatutu stov la ŋu. Nyɔnuviawo tutua nufamɔ̃a ŋu, kplɔa aƒea me, hetutua míaƒe afɔkpawo ŋu. Esia kpe ɖe wo ŋu wosrɔ̃ alesi woaɖo nuwo ɖe ɖoɖonu ahanya alesi woakpɔ nuwo gbɔ le wo ɖokui sii. Egbea la, mía viawo nye dɔwɔla moveviɖola siwo léa be na woƒe aƒe kple nunɔamesiwo, si nye dzidzɔ na mía kple Margaritha.

Míekpɔ egbɔ hã be ɖeviawo nɔa anyi kpoo le kpekpewo me. Hafi wɔnawo nadze egɔme la, míenaa wonoa tsi kplu ɖeka heɖɔna aɖuɖɔ. Le kpekpea me la, Jonathan nɔa nye miame, Ruth nɔa nye ɖusime, Margaritha kplɔnɛ ɖo, eye Esther nɔa eƒe ɖusime. Esia kpe ɖe wo ŋu be, tso keke woƒe ɖevi me la, wodzea akɔ anyi ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu.

Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Mía viwo katã yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe hele gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me kple dzidzɔ. Jonathan nye hamemegã fifia le Novo Méier Hamea me le Rio de Janeiro.

Kaka ƒe 1970 naɖo la, mía viwo katã ɖe srɔ̃ hedzo le mía gbɔ, eyata mía kple Margaritha míetso nya me be míaʋu aɖasubɔ le afisi hiahiã lolo wu le. Poços de Caldas, si le Minas Gerais Nuto me ye míeyi gbã, eye ɣemaɣi la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si me ame 19 nɔ koe nɔ anyi. Melé blanui ŋutɔ esi mekpɔ woƒe takpeƒe zi gbãtɔ—enye xɔtexɔ aɖe si ŋu fesre aɖeke menɔ o, si hiã dzadzraɖo geɖe. Enumake míete Fiaɖuƒe Akpata si anyo wu didi eye medidi hafi míeke ɖe xɔ dzeani aɖe si le teƒe nyui aɖe ŋu o. Tɔtrɔ kae nye si ema he vɛ! Ƒe ene kple afã megbe la, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ɖo 155. Le ƒe 1989 me la, míeʋu yi Araruama, le Rio de Janeiro, eye míesubɔ le afima ƒe asieke. Le afisia la, woɖo hame eve le míaƒe afima nɔɣi.

Woɖo Míaƒe Dɔdasi me Léle Ðe Asi Teƒe na Mí

Le ƒe 1998 me la, lãmesẽnyawo kple didi be míate ɖe mía viwo ŋu na míeʋu yi São Gonçalo, Rio de Janeiro. Mekpɔtɔ nye hamemegã le afima. Míewɔa míaƒe ŋutete be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me edziedzi. Margaritha doa vivi ɖe gbeƒãɖeɖe na amewo le asigã aɖe si te ɖe mía ŋu me, eye hamea nyo dɔme na mí na anyigbamama mí ɖe afisi te ɖe míaƒe aƒeme ŋu, si na wònɔa bɔbɔe na mí be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa alesi míaƒe lãmesẽ aɖe mɔe.

Ƒe 60 kple edzivɔwoe nye sia mía kple Margaritha míenye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo. Mía ŋutɔwo míekpɔe be ‘dziɖulawo alo nusiwo li fifi alo nusiwo le vava ge alo kɔkɔƒe alo gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖeke mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.’ (Romatɔwo 8:38, 39) Eye dzidzɔ kae nye si wònye be míekpɔ “alẽ bubuwo,” siwo si mɔkpɔkpɔ wɔnuku le be yewoanɔ agbe mavɔ le anyigba deblibo, si Mawu ƒe nuwɔwɔ dzeaniwo ƒo xlã dzi la nuƒoƒoƒu teƒe! (Yohanes 10:16) Hame ɖeka pɛ, si me gbeƒãɖela 28 nɔ ye nɔ Rio de Janeiro esime míeva le ƒe 1940 me. Egbea hame siwo ade 250 ye li, eye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo wu 20,000.

Nuwo dzɔ siwo ate ŋu ana míatrɔ ayi míaƒe ƒometɔwo gbɔ le Europa hafi. Gake teƒe si Yehowa de dɔ mía si le enye Brazil. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míelé eme ɖe asi!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe ta wo, gake womegale wo tam o.

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe ta wo, gake womegale wo tam o.

^ mm. 33 Yehowa Ðasefowoe tae, womegale etam o.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Le Habɔbɔa ƒe agble me le Steffisburg, Switzerland, le ƒe 1930-awo ƒe nuwuwu (nyee ma le miame ɖaa)

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Do ŋgɔ ʋɛ na míaƒe srɔ̃kpekpe, le ƒe 1939 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Casablanca, le ƒe 1940 ƒeawo me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ƒome bliboa nɔ gbeƒã ɖem

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me edziedzi egbea