Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Miaƒe Anyinɔnɔ Le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie”

“Miaƒe Anyinɔnɔ Le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie”

“Miaƒe Anyinɔnɔ Le Trɔ̃subɔlawo Dome Nanɔ Nyuie”

“Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo.”—PETRO I, 2:17.

1, 2. (a) Nya kae nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu? (b) Nukatae Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoalé agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi?

ƑE GEÐEWOE nye si va yi la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si le Amarillo, Texas, U.S.A., ɖi tsa yi sɔlemeha vovovowo me le nutoa me heŋlɔ nu tso nusiwo wòkpɔ ŋu. Ekpɔe be ƒuƒoƒo ɖeka aɖe to vovo kura. Egblɔ be: “Mede Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe sia ƒe takpekpe gãwo le Amarillo Civic Center ƒe etɔ̃ sɔŋ. Le wo dome nɔnɔ me la, nyemekpɔ wo dometɔ aɖeke kpe sigaret, ʋu ganugoe me biya, alo gblɔ nya ƒaƒã aɖe zi ɖeka pɛ hã kpɔ o. Woawoe nye ameha dzadzɛtɔ kekeake, si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, doa awu ɖe nɔnɔme nyui me, nɔa anyi le ŋutifafa me kple wo nɔewo, si mekpɔ kpɔ.” Wotaa nya siawo tɔgbe tso Yehowa Ðasefowo ŋu ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me zi geɖe. Nukatae amesiwo si Ðasefowo ƒe dzixɔsewo mele o kafua wo zi geɖe?

2 Zi geɖe la, wokafua Mawu ƒe amewo le woƒe agbenyuinɔnɔ ta. Togbɔ be dzidzenuwo le to yim le teƒe geɖe hã la, Yehowa Ðasefowo ya bua agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo be wonye nusi dzi wòle be yewoazɔ ɖo, be enye yewoƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Wonya be yewoƒe nuwɔna ƒoa nu le Yehowa kple yewo nɔvi Kristotɔwo ŋu eye be yewoƒe agbenyuinɔnɔ kafua nyateƒe si yewoɖea gbeƒãe la na amewo. (Yohanes 15:8; Tito 2:7, 8) Ekema mina míakpɔ alesi míate ŋu alé míaƒe agbenyuinɔnɔ me ɖe asi ahana ŋkɔ nyui si le Yehowa kple eƒe Ðasefowo ŋu nakpɔtɔ anɔ anyi kple alesi esia wɔwɔ ɖea vi na mía ŋutɔwoe ɖa.

Kristotɔwo ƒe Ƒomea

3. Nuka mee wòhiã be woakpɔ Kristotɔwo ƒe ƒomewo ta le?

3 De ŋugble le míaƒe agbenɔnɔ le ƒomea me ŋu kpɔ. Agbalẽ si nye Die Neuen Inquisitoren: Religionsfreiheit und Glaubensneid (Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃la Yeyewo: Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Kple Mawusubɔsubɔ me Ŋuʋaʋã), si Gerhard Besier kple Erwin K. Scheuch, ŋlɔ gblɔ be: “Le [ Yehowa Ðasefowo] gome la, ƒomea nye nusi ta wòle be woakpɔ vevie.” Nya ma nye nyateƒe, eye egbea la, nu geɖewo li siwo me wòhiã be woakpɔ ƒomea ta le. Ðeviwo li, siwo ‘meɖoa to wo dzilawo o’ eye ame tsitsiwo li, siwo “melɔ̃a ame ƒe nya o” alo ‘womete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o.’ (Timoteo II, 3:2, 3) Ƒomewo mee srɔ̃tɔwo ƒe ŋutasesẽ le wo nɔewo ŋu, dzilawo ƒe ɖekematsɔmatsɔ le wo viwo me alo ŋutasesẽ le wo ŋu, ɖeviwo ƒe aglãdzedze, atikevɔ̃ɖizazã kple agbegbegblẽnɔnɔ, alo amewo ƒe sisi le aƒeme, yia edzi le. Esiawo katã nye ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽnu la me tsonuwo. (Efesotɔwo 2:1, 2) Ehiã be míakpɔ míaƒe ƒomewo ta tso gbɔgbɔ ma gbɔ. To mɔ ka nu? To wɔwɔ ɖe nuxlɔ̃ame kple mɔfiame si Yehowa naa ƒomewo dzi me.

4. Agba kawoe le Kristotɔwo ƒe ƒomea me tɔwo dzi ku ɖe wo nɔewo ŋu?

4 Srɔ̃tɔ Kristotɔwo nya be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoakpɔ yewo nɔewo ƒe seselelãme, gbɔgbɔ me, kple ŋutilã me hiahiãwo gbɔ. (Korintotɔwo I, 7:3-5; Efesotɔwo 5:21-23; Petro I, 3:7) Agba kpekpewo le dzila Kristotɔwo dzi ku ɖe wo viwo ŋu. (Lododowo 22:6; Korintotɔwo II, 12:14; Efesotɔwo 6:4) Eye ne ɖevi siwo le Kristotɔwo ƒe aƒewo me le tsitsim la, wokpɔnɛ dzea sii be agba le yewo hã dzi. (Lododowo 1:8, 9; 23:22; Efesotɔwo 6:1; Timoteo I, 5:3, 4, 8) Ebia agbagbadzedze, ɖokuitsɔtsɔna, kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ be woate ŋu atsɔ ƒomegbanɔamedziwo. Ke hã, zi alesi ƒomea me tɔwo katã le agbanɔamedzi siwo Mawu de asi na wo tsɔm la, zi nenemae wonyea yayra na wo nɔewo kple na hameae. Vevietɔ wu la, wodea bubu ƒome Ðoanyila, Yehowa Mawu, ŋu.—Mose I, 1:27, 28; Efesotɔwo 3:15.

Kristotɔwo ƒe Nɔviwo ƒe Habɔbɔa

5. Yayra kawoe míekpɔna le hadede kple mía nɔvi Kristotɔwo me?

5 Agba bubu gale mí Kristotɔwo dzi ku ɖe haxɔsetɔwo ŋu le hamea me, eye ekeke ɖe nu lɔ ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa si le xexeame’ ɖe eme. (Petro I, 5:9) Míaƒe ƒomedodo kple hamea le vevie ŋutɔ na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ. Ne míewɔ ɖeka kple nɔvi Kristotɔwo la, míekpɔa gome le hadede tuameɖo kple gbɔgbɔmenuɖuɖu dami si tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la gbɔ me. (Mateo 24:45-47) Ne míedze ŋgɔ kuxiwo la, míate ŋu ate ɖe mía nɔviwo ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi. (Lododowo 17:17; Nyagblɔla 4:9; Yakobo 5:13-18) Ne míeɖo hiahiã me la, mía nɔviwo megblẽa mí ɖi o. Yayra ka gbegbee nye si wònye be míele Mawu ƒe habɔbɔa me!

6. Aleke Paulo ɖee fia be agba le mía dzi ku ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu?

6 Gake menye ɖeko míele hamea me be míanye nu xɔlawo ko o; míawo hã míele eme be míana nu. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Apostolo Paulo te gbe ɖe nunana faa ƒe gbɔgbɔ dzi, esime wògblɔ be: “Mina míalé mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bena magaʋã o; elabena amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla; eye míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.”—Hebritɔwo 10:23-25.

7, 8. Aleke míeɖea nunana ƒe nɔnɔme fiana le míaƒe hamea me kple ɖe Kristotɔ siwo le dukɔ bubuwo me ŋui?

7 Le hamea me la, ‘míeʋua míaƒe mɔkpɔkpɔ me’ ne míeɖo nya ŋu le kpekpewo me alo kpɔ gome le wɔnaa me le mɔ bubuwo nu. Le nyateƒe me la, akpa siwo míewɔna dea dzi ƒo na nɔviawo. Míetoa dze siwo míeɖona do ŋgɔ na kpekpeawo kple ne míekpã hã me dea dzi ƒo na wo. Ɣemaɣie míate ŋu ado ŋusẽ gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, afa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, ade dzi ƒo na dɔnɔwo. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Nyateƒe Kristotɔwo lɔ̃na faa kpɔa gome le nunana siawo tɔgbe me, si nye nusitae míaƒe lɔlɔ̃ na mía nɔewo wɔa dɔ ɖe amesiwo va míaƒe kpekpewo zi gbãtɔ la dometɔ geɖe dzi ɖo.—Psalmo 37:21; Yohanes 15:12; Korintotɔwo I, 14:25.

8 Gake menye míaƒe hamea me tɔwo koe míelɔ̃na o. Míelɔ̃a mía nɔviwo ƒe xexeame katã ƒe habɔbɔa hã. Le kpɔɖeŋu me, ema tae nudzɔɖaka aɖe le Fiaɖuƒe Akpata ɖesiaɖe me hena Fiaɖuƒe Akpata Tuga ɖo. Ðewohĩ mía ŋutɔwo ƒe Fiaɖuƒe Akpata le nɔnɔme nyui me, gake míenya be teƒe nyui mele mía nɔvi Kristotɔ akpe geɖe siwo le dukɔ bubuwo me si wokpea ta le o. Ne míedzɔ nu de Fiaɖuƒe Akpata Tuga me la, míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ fiaa nɔvi mawo togbɔ be míenya wo tẽ o hã.

9. Susu vevi ka tae Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo nɔewo ɖo?

9 Nukatae Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo nɔewo ɖo? Yesue de se na wo be woawɔ nenema. (Yohanes 15:17) Eye lɔlɔ̃ si le wo me na wo nɔewo nye kpeɖodzi be Mawu ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm ɖe wo dzi abe ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒo ene. Lɔlɔ̃ nye ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo’ dometɔ ɖeka. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Esi Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia, dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo, hedoa gbe ɖa na Mawu ɣesiaɣi ta la, lɔlɔ̃ ɖeɖe fia megasesẽna na wo o, togbɔ be wole xexe si me ‘ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu tsi le’ me hã.—Mateo 24:12.

Nuwɔwɔ Kple Xexeame

10. Agba kae le mía dzi ɖe xexeame ŋu?

10 ‘Míaƒe mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu le gaglãgbe’ si ŋu Paulo ƒo nu tsoe he míaƒe susu va agbanɔamedzi bubu dzi. Mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu le gaglãgbe alea lɔ gbeƒãɖeɖe nyanyuia na amesiwo mekpɔ zu mía nɔvi Kristotɔwo haɖe o ɖe eme. (Mateo 24:14; 28:19, 20; Romatɔwo 10:9, 10, 13-15) Gbeƒãɖeɖe sia nye nunana ƒomevi bubu. Ebia ɣeyiɣi, ŋusẽ, dzadzraɖo, hehexɔxɔ, kple ame ŋutɔ ƒe nunɔamesiwo zazã be woakpɔ gome le eme. Gake Paulo ŋlɔ hã be: “Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã ƒe fenyila menye. Ale le gonyeme la melɔ̃ bena, magblɔ nyanyui la afia mi amesiwo le Roma hã.” (Romatɔwo 1:14, 15) Abe Paulo ene la, neva eme be míaganye nuvelawo le “fe” sia xexe me o.

11. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose eve kawoe kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomedodo kple xexeame dzi, gake nuka hãe le nyanya na mí?

11 Ðe agba bubuwo gale mía dzi ku ɖe amesiwo menye haxɔsetɔwo o ŋua? Ẽ. Le nyateƒe me la, míenya be “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Míenya be Yesu gblɔ le eƒe nusrɔ̃lawo ŋu be: ‘Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi ye hã yemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.’ Ke hã, míele xexeame, míewɔa dɔ le eme, eye wowɔa dɔ na mí le eme. (Yohanes 17:11, 15, 16) Eyata agbawo le mía dzi le xexeame. Agba kawoe? Apostolo Petro ɖo biabia ma ŋu. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃ la, eŋlɔ lɛta na Kristotɔwo le Asia Sue, eye lɛta ma me nya aɖe kpe ɖe mía ŋu míeda sɔ le mía kple xexeame ƒe ƒomedodo me.

12. Mɔ ka nue Kristotɔwo nye “amedzrowo kple mɔzɔlawo” le, eye le susu ma ta la, nukawo ŋue wòle be woaɖe wo ɖokui ɖa le?

12 Petro dze eƒe lɛtaa gɔme ale: “Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miaɖe mia ɖokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ.” (Petro I, 2:11) Le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, Kristotɔ vavãwo nye “amedzrowo kple mɔzɔlawo” le susua nu be woƒe nu vevitɔ le agbeme enye agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ—amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na anɔe le dziƒo eye ‘alẽ bubuawo’ anɔe le anyigba dzi paradiso si gbɔna me. (Yohanes 10:16; Filipitɔwo 3:20, 21; Hebritɔwo 11:13; Nyaɖeɖefia 7:9, 14-17) Ke nukae nye ŋutilã ƒe nudzodzroawo? Esiawo dometɔ aɖewoe nye didi be woazu kesinɔtɔ, ŋkɔxɔxɔ didi, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nudzodzrowo, kple nudzodzro siwo woɖɔ be “ŋuʋaʋã” kple “ŋukeklẽ.”—Kolosetɔwo 3:5; Timoteo I, 6:4, 9; Yohanes I, 2:15, 16.

13. Aleke ŋutilãmenudzodzrowo ‘wɔa aʋa kple míaƒe luʋɔe’?

13 Nudzodzro siawo ‘wɔa aʋa kple míaƒe luʋɔ’ nyateƒe. Wogblẽa nu le mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu vivivi hetoa ema me dea míaƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa (si nye míaƒe “luʋɔ” alo agbe) afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, ne míetu dzodzro vɔ̃wo ɖo la, aleke míawɔ anye ‘vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si adze Mawu ŋui’? Ne ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ ɖe mí la, aleke míele ‘mawufiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye dim gbãgbiagbãe’? (Romatɔwo 12:1, 2; Mateo 6:33; Timoteo I, 6:17-19) Nu nyuitɔ si míawɔ enye be míasrɔ̃ Mose ƒe kpɔɖeŋu, atrɔ megbe ade xexeame ƒe ameblenuwo, ahatsɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. (Mateo 6:19, 20; Hebritɔwo 11:24-26) Emae nye nu vevitɔ si ana míada asɔ le mía kple xexeame ƒe ƒomedodo me.

‘Milé Agbenyuinɔnɔ me Ðe Asi’

14. Nukatae mí Kristotɔwo míeʋlina be míalé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi?

14 Míakpɔ mɔfiame vevi bubu le nya siwo Petro gagblɔ me be: “Miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” (Petro I, 2:12) Esi míenye Kristotɔwo ta la, míeʋlina vevie be míaɖo kpɔɖeŋu nyui. Ne míele suku la, míedoa vevie nusɔsrɔ̃. Le míaƒe dɔwɔƒewo la, míewɔa dɔ kple moveviɖoɖo henyea anukwareɖilawo—ne wòdze abe míaƒe dɔtɔ mesea nu gɔme na mí o ene hã. Le ƒome siwo me ma le subɔsubɔ gome me la, srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu dzixɔsetɔ dzea agbagba etɔxɛe be yeawɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi. Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi ya o, gake míenya be míaƒe agbenyuinɔnɔa dzea Yehowa ŋu eye wòkpɔa ŋusẽ nyui ɖe amesiwo menye Ðasefowo o dzi zi geɖe.—Petro I, 2:18-20; 3:1.

15. Aleke míewɔ nya be wodea dzesi agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ si le Yehowa Ðasefowo si le xexeame godoo?

15 Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le dzidzenu nyuiwo me léle ɖe asi me dze le nya siwo wogblɔ tso wo ŋu le ƒeawo me le nyadzɔdzɔgbalẽwo me la me. Le kpɔɖeŋu me, Italytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Il Tempo ka nya ta be: “Amesiwo ƒe dɔwɔhatiwo nye Yehowa Ðasefowo la ɖɔa wo be wonye dɔwɔla ɖianukwarewo, amesiwo ka ɖe woƒe dzixɔsewo dzi ale gbegbe be wòte ŋu dzena abe ɖe dzixɔseawo ɖo wo abe axɔ̃ ene; ke hã edze be woade bubu wo ŋu ɖe woƒe agbenyuinɔnɔ ta.” Buenos Aires, Argentina, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Herald gblɔ be: “Le ƒeawo me la, Yehowa Ðasefowo ɖee fia be yewonye dɔwɔla dovevienuwo, ame ɖɔŋuɖowo, amesiwo nya gazazã, kple dukɔmevi Mawu-vɔ̃lawo.” Russiatɔ agbalẽnyalagã Sergei Ivanenko gblɔ be: “Wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame katã be wonye sedziwɔla maɖifɔwo eye vevietɔ be wonye amesiwo léa fɔ ɖe adzɔxexe ŋu.” Teƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna hena woƒe takpekpe gãwo wɔwɔ le Zimbabwe dzikpɔla gblɔ be: “Mekpɔa Ðasefo aɖewo nɔa pepa kakɛwo fɔm le anyigba eye woklɔa afɔdziwo me. Teƒea nɔa dzadzɛ wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Miaƒe ƒewuiviwo wɔa se dzi. Ame aɖe kpɔ be Yehowa Ðasefowo sɔŋ ye le xexeame.”

Kristotɔwo ƒe Ðokuibɔbɔ

16. Ƒomedodo kae le mía kple dziɖuɖuwo dome, eye nukatae?

16 Petro ƒo nu tso míaƒe ƒomedodo kple dziɖuɖuwo hã ŋu. Egblɔ be: “Eyaŋuti mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amewo ƒe nuɖoanyi katã te le Aƒetɔ la ŋuti, eɖanye ɖe fia, si si ŋusẽ le la te o, eɖanye ɖe dziɖula, siwo wodɔ ɖe dɔgbe le hlɔ̃biabia vɔ̃wɔlawo kple nyuiwɔlawo kafukafu ta la te o. Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu.” (Petro I, 2:13-15) Míekpɔa ŋudzedze ɖe viɖe siwo míekpɔna tsoa dziɖuɖu nyuiwo gbɔ la ŋu, eye le Petro ƒe nyawo nu la, míewɔna ɖe woƒe sewo dzi hexea míaƒe adzɔwo pɛpɛpɛ. Togbɔ be míenya be Mawu na ŋusẽ dziɖuɖuwo be woahe to na sedzidalawo hã la, susu vevi si koŋ ta míebɔbɔa mía ɖokui na dziɖuɖuwo enye “le Aƒetɔ la ŋuti.” Mawu ƒe lɔlɔ̃nue. Gawu la, míedi be míawɔ nu gbegblẽ aɖeke woahe to na mí si ahe vlodoame ava Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o.—Romatɔwo 13:1, 4-7; Tito 3:1; Petro I, 3:17.

17. Ne ‘amemasenugɔmewo’ tsi tre ɖe mía ŋu la, nuka dzie míate ŋu aka ɖo?

17 Nublanuitɔe la, ‘amemasenugɔme’ aɖewo siwo le ŋusẽnɔƒewo tia mía yome alo tsia tre ɖe mía ŋu le mɔ bubuwo nu—siwo ƒe ɖee nye alakpanyawo gbɔgblɔ le mía ŋu. Ke hã, le Yehowa ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, woƒe alakpanyawo va dzea go godoo, eye woƒe ‘nya kpeɖodzi manɔŋuawo’ nu tsina gbidii. Míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ si wonya la ƒoa nu ɖe eɖokui nu. Ema tae dziɖuɖumegã ɖianukwarewo kafua mí ɣesiaɣi be míenye nunyuiwɔlawo ɖo.—Romatɔwo 13:3; Tito 2:7, 8.

Mawu ƒe Dɔlawo

18. Mɔ kawo nue mí Kristotɔwo míate ŋu aƒo asa na míaƒe ablɔɖe ŋudɔwɔwɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu le?

18 Azɔ Petro xlɔ̃ nu be: “[Minɔ] abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔ̃ɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.” (Petro I, 2:16; Galatiatɔwo 5:13) Egbea la, Biblia ƒe nyateƒea si míenya na míevo tso subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo me. (Yohanes 8:32) Gawu la, tiatiawɔblɔɖe le mía si, eye míate ŋu awɔ tiatiawo. Ke hã, míewɔa míaƒe ablɔɖea ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu o. Ne míele zɔhɛ siwo míatia, awudodo, dzadzraɖo, modzakaɖeɖe—nuɖuɖu kple nunono gɔ̃ hã—ŋuti tiatia wɔm la, míeɖoa ŋui be Mawu ƒe dɔlawoe Kristotɔ vavãwo nye, womewɔa nusi dzea woa ŋutɔwo ŋu o. Míetiae be míasubɔ Yehowa tsɔ wu be míanye kluviwo na mía ŋutɔwo ƒe ŋutilãmenudzodzrowo alo na xexeame ƒe atsyãwo kple nuwɔnawo.—Galatiatɔwo 5:24; Timoteo II, 2:22; Tito 2:11, 12.

19-21. (a) Aleke míebua xexeame ƒe dziɖulawoe? (b) Aleke ame aɖewo ɖe ‘lɔlɔ̃ fia nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katãe’? (d) Míaƒe agbanɔamedzi vevitɔ kekeake enye ka?

19 Petro yi edzi gblɔ be: “Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, mivɔ̃ Mawu, mibu fia la.” (Petro I, 2:17) Esi wònye Yehowa Mawu ɖe mɔ be amegbetɔwo nanɔ ŋusẽnɔƒe vovovowo ta la, míedea bubu si sɔ ame siawo ŋu. Míedoa gbe ɖa ɖe wo ta gɔ̃ hã, be ne wòanyo la, woaɖe mɔ na mí míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa le ŋutifafa kple mawusosroɖa me. (Timoteo I, 2:1-4) Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, ‘míelɔ̃a nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã.’ Míewɔa nusiwo aɖe vi na mía nɔvi Kristotɔwo ɣesiaɣi, ke menye nusiwo agblẽ nu le wo ŋu o.

20 Le kpɔɖeŋu me, esime gbevovovodolawo dome ʋunyaʋunyawɔwɔ gblẽ nu le Afrika-dukɔ aɖe ŋu vevie la, Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ɖe dzesi ƒã. Switzerlandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Reformierte Presse ka nya ta be: “Le ƒe 1995 me la, Afrikatɔwo ƒe Gomenɔamesi Habɔbɔ . . . te ŋu ɖo kpe edzi be xɔsehawo katã kpɔ gome [le aʋawɔwɔa me] negbe Yehowa Ðasefowo ko.” Esi nudzɔdzɔ wɔnublanuia ŋuti nyadzɔdzɔwo ɖo dukɔwo me la, Yehowa Ðasefo siwo le Europa ɖo nuɖuɖu kple atike ɖe wo nɔviwo kple ame bubu siwo le dukɔ ma si ŋu nu gblẽ le vevie me enumake. (Galatiatɔwo 6:10) Wowɔ ɖe Lododowo 3:27 me nyawo dzi be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.”

21 Gake agbanɔamedzi bubu aɖe li si le vevie wu bubu si wòle be míatsɔ na dziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe kple lɔlɔ̃ si wòle be míaɖe afia mía nɔviwo gɔ̃ hã. Agbanɔamedzi kae nye ma? Petro gblɔ be: “Mivɔ̃ Mawu.” Agba si le mía dzi ku ɖe Yehowa ŋu lolo sasasã wu esi le mía dzi ɖe amegbetɔ ɖesiaɖe ŋu. Nukatae wòle nenema? Eye aleke míate ŋu ada asɔ le nusiwo wòle be míawɔ na Mawu kple esiwo wòle be míawɔ na dziɖuɖuwo mee? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Agba kawoe le Kristotɔwo dzi le ƒomea me?

• Aleke míate ŋu aɖe nunana ƒe nɔnɔme afia le hamea mee?

• Agba kawoe le mía dzi ku ɖe xexeame ŋu?

• Viɖe siwo do tso míaƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ me léle ɖe asi me dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Aleke Kristotɔwo ƒe ƒomea awɔ anye dzidzɔtsoƒe gã aɖee?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Nukatae Yehowa Ðasefowo lɔ̃a wo nɔewo?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ðe míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔviwo ne mía ŋutɔwo míenya wo tẽ o gɔ̃ hã?