Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòsesẽ Ŋutɔ be Woaɖe Kuku?

Nukatae Wòsesẽ Ŋutɔ be Woaɖe Kuku?

Nukatae Wòsesẽ Ŋutɔ be Woaɖe Kuku?

LE July 2000 me la, California Dukɔ ƒe Sewɔha si le United States wɔ se aɖe be woatsɔ aɖe amewo tso nya me ne wofa na ame aɖe si nuvevi wɔ le afɔku aɖe si dzɔ ɖe woa kpli wo dzi me. Nukatae wowɔ sea ɖo? Wode dzesii be ne nuvevi wɔ amewo alo nane gblẽ le afɔku aɖe ta la, zi geɖe amewo melɔ̃na be yewoaɖe kuku o esi wosusu be ne nyaa va yi ʋɔnu la, kukuɖeɖea ava nye kpeɖodzi be yewolɔ̃ ɖe edzi be agɔdzedzea tso yewo gbɔ ta. Le go bubu me la, amesiwo se le wo ɖokui me be ele be woaɖe kuku na yewo enumake hafi la te ŋu doa dziku, eye afɔku maɖinuwo te ŋu hea nyaʋiʋli gãwo dea amewo dome.

Ele eme be mehiã be nàɖe kuku ɖe afɔku si ƒe dzɔdzɔ metso gbɔwò o ta o. Eye ɣeyiɣi aɖewo anɔ anyi si me nunyanu si nàwɔe nye be nàɖɔ ŋu ɖo le nya si nàgblɔ me. Blemalododo aɖe gblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.” (Lododowo 10:19; 27:12) Ke hã àte ŋu aɖe ameŋububu afia ahana kpekpeɖeŋu.

Gake ɖe menye nyateƒe be ame geɖe dzudzɔ kukuɖeɖe, ne nyaa menye ʋɔnunya o gɔ̃ hã oa? Srɔ̃nyɔnu te ŋu faa konyi le aƒeme be, ‘Srɔ̃nye meɖea kuku ɖe naneke ta gbeɖegbeɖe o.’ Le dɔwɔƒe la, dɔdzikpɔla te ŋu faa konyi be, ‘Nye dɔwɔviwo melɔ̃na ɖe woƒe vodadawo dzi o, eye ƒã hafi woagblɔ be yewotɔ medzɔ o.’ Le suku la, nufialawo te ŋu naa nutsotso be, ‘Womehe ɖeviwo be woagblɔ be meɖe kuku o.’

Susu ɖeka si ta ame aɖe malɔ̃ be yeaɖe kuku o ate ŋu anye vɔvɔ̃ be kukuɖeɖea aɖe bubu le ye ŋu. Eŋububu be womagade nu ye ŋu o ana be maɖe alesi wòsena le eɖokui me ŋutɔŋutɔ afia o. Le nyateƒe me la, amesi dzi wodze agɔa le la magadi be yeakpɔ agɔdzelaa kura o, si ana be wòasesẽ ŋutɔ be woagbugbɔ awɔ ɖeka.

Ame kemɛa ƒe seselelãmewo ŋu mabumabu ate ŋu anye susu bubu si ta ame aɖewo medina be yewoaɖe kuku o ɖo. Woƒe nukpɔsusu ate ŋu anye be, ‘Menye ɖe kukuɖeɖea aɖɔ nusi megblẽ xoxo la ɖo o.’ Ame aɖewo hã melɔ̃na be yewoaɖe kuku o le nusiwo ate ŋu ado tso eme ta. Wobua eŋu be, ‘Ðe womada agbaa ɖe dzinye ahabia tso asinye be maxe nusi gblẽ ŋu fe oa?’ Gake nu gãtɔ kekeake si xea mɔ na vodada xɔxɔ ade eme enye dada. Amesi kpɔa eɖokui ale gbegbe be mate ŋu agblɔ be “tɔnye medzɔ o” ƒe nukpɔsusu anye be ‘Nyemalɔ̃ ɖe edzi wòava ɖe bubu le ŋunye o. Ema aɖe dzinye akpɔtɔ.’

Susu ka ke tae o, kukuɖenyawo menya gblɔna na ame geɖe o. Gake ɖe wòhiã nyateƒe be woaɖe kukua? Viɖe kawoe dona tsoa kukuɖeɖe me?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Womehe ɖeviwo be woagblɔ be meɖe kuku o”

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Nye dɔwɔviwo melɔ̃na ɖe woƒe vodadawo dzi o”

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Srɔ̃nyeŋutsu meɖea kuku gbeɖegbeɖe o”