Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe gbetsotso ɖe ga home suewo dzi hã gblẽa?

Mawu ƒe Nya meƒo nu tso tsatsadada ŋu tsitotsito o, gake egblɔ nya geɖe siwo ɖee fia be tsatsadada ƒomeviwo katã mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o. * Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be tsatsadada nyɔa ŋubiabiã ɖe ame me. Nya sia ɖeɖe nye nya vevi aɖe si ŋu Kristotɔwo dea ŋugble le, esi wònye Biblia gblɔ be “ŋubiãlawo” manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o, eye woyɔ ŋukeklẽ kpe ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu ta.—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Kolosetɔwo 3:5.

Tsatsadada nyɔa ɖokuiŋudzedze kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ manyomanyo si naa ame dina vevie be yeaɖu dzi godoo hã ɖe ame me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu tsi tre ɖe nu mawo ŋu esime wòŋlɔ bena: “Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabiã le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mía nɔewo ŋu, eye míaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.” (Galatiatɔwo 5:26) Gakpe ɖe eŋu la, tsatsadada hea ame aɖewo dea alakpadzixɔsewo me wova nɔa ŋu ɖom ɖe aklama ŋu. Alakpadzixɔse ƒomevi vovovowo va sua tsatsadalawo si, wosusuna be yewoate ŋu able aklama nu wòaɖi na yewo. Wona míeɖo ŋku Israel-vi mawɔnuteƒe siwo nɔ ‘kplɔ̃ ɖom na aklama, eye wonɔ aha tre banaa kum na dzɔgbe’ la dzi.—Yesaya 65:11.

Ame aɖewo asusu be afɔku aɖeke mele gbetsotso ɖe ga home suewo dzi ne yewo le aɖidagbalẽ alo aɖidakpe dam kple ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ kplikplikpliwo tsɔ le modzaka ɖemee o. Ele eme be amesi tsoa gbe ɖe ga home suewo dzi mabu be yenye ŋuklẽla, ɖokuiŋudzela, hoʋlila, alo be alakpadzixɔse le ye me o ya. Gake ŋusẽ kae eƒe tsatsadadaa ate ŋu akpɔ ɖe amesi wòle edam kplii la dzi? Gbe suesuewo tsotso ‘hena modzakaɖeɖe ko’ dzie amesiwo tsatsadada va zu numame na dometɔ geɖe dze egɔme tsoe. (Luka 16:10) Modzakaɖeɖe si dze abe nusi me afɔku aɖeke mele o ye va kplɔ wo de numame vɔ̃ɖi me.

Nenemae wòva zuna vevietɔ ne ɖeviwoe le ewɔm. Ga home sue si ɖevi geɖe ɖu tso gbetsotso me la vivi wo nu ale gbegbe be wogadina be yewoatsoe ɖe ga home gãwo dzi. (Timoteo I, 6:10) Numekuku aɖe si wowɔ ɣeyiɣi didi, si Amesiwo Tsatsadada Zu Numame na Ŋuti Numekuha si le Arizona ta le United States la, ɖo kpe edzi be amesiwo tsatsadada zu numame na dometɔ geɖe dze egɔme tso ɖevime “to gbetsotso ɖe ga home suewo dzi le kamedefefewo wɔɣi alo aɖidagbalẽ dada kple xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo me.” Nyatakaka bubu gblɔ be “zi geɖe la, ɖeviwo dzea tsatsadada gɔme le aƒeme tso aɖidagbalẽ dada kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo dzi.” Nyatakakaa gblɔ kpee be “ɖevi siwo daa tsatsa la dometɔ blaetɔ̃ le alafa me dze edada gɔme hafi va xɔ ƒe wuiɖekɛ.” Agbalẽ si nye Why Do People Gamble Too Much—Pathological and Problem Gambling gblɔ be ƒewuivi siwo daa tsatsa la dometɔ geɖe toa nuvlowɔwɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ me kpɔa ga tsɔ daa tsatsa si zu numame na wo lae. Nu wɔnublanui ka gbegbee nye si dona tso nane si adze le gɔmedzedzea me abe ɖe afɔku aɖeke mele eŋu o ene la me!

Esi wònye xexe aɖe si me tetekpɔ kple mɔ̃ geɖe le xoxo mee míele ta la, nukatae míagaʋu mɔ le mía ɖokui ŋu na tetekpɔ bubuwo yakatsyɔ? (Lododowo 27:12) Tsatsadada—ɖeviwo ɖale teƒea alo womelee, ga home sue alo home gãe o—dea ame gbɔgbɔmefɔku me eye ele be míaƒo asa nɛ. Nunya le eme be Kristotɔ siwo daa aɖi alo agbalẽ tsɔ ɖea modzakae la natsɔ nuŋlɔti aŋlɔ dziɖuɖukpɔkpɔwo ko alo woada aɖia wòanye fefe ko naneke maŋlɔmaŋlɔ ɖii. Kristotɔ nyanu siwo tsɔa ɖe le woa ŋutɔwo kple wo xɔlɔ̃wo kpakple ƒometɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye me ƒoa asa na tsatsadada—eɖanye ɖe ga home sue aɖe gɔ̃ hã ta o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 World Book Encyclopedia ɖe tsatsadada gɔme be “gbetsotso ɖe kamedefefe alo wɔna aɖe me tsonu dzi, alo mɔkpɔkpɔ be aklama naɖi na ame.” Egblɔ yi edzi be “zi geɖe la, tsatsadalawo alo kamedefefewɔlawo tsoa gbe ɖe ga homewo dzi . . . le fefe siwo ŋu woyɔa aklama ɖo, abe lotodada, aɖidagbalẽviwo dada, kple aɖidakpewo dada ene me.”