Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Míana Viɖe Nanɔ Míaƒe Agbemeŋkekewo Ŋu le Yehowa Ŋkumee?

Aleke Míana Viɖe Nanɔ Míaƒe Agbemeŋkekewo Ŋu le Yehowa Ŋkumee?

Aleke Míana Viɖe Nanɔ Míaƒe Agbemeŋkekewo Ŋu le Yehowa Ŋkumee?

“Gaƒoƒo xɔasi eve, siwo dometɔ ɖesiaɖe me miniti vevi blaade nɔ, bu le etsɔ si va yi ƒe agudzedze kple ɣeɖoto dome. Wo teƒeɖoɖo aɖeke meli o, elabena wonu yi keŋkeŋ!”—Lydia H. Sigourney Amerikatɔ agbalẽŋlɔla (1791-1865).

EDZENA abe míaƒe agbenɔŋkekewo le ʋɛ eye wonu yina kabakaba ene. Hakpala Dawid de ŋugble le alesi agbe le kpuie ŋu eye wòʋãe wòŋlɔ bena: “Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi! Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o.” Dawid tsi dzi ɖe alesi wòanɔ agbee wòadze Mawu ŋu, le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo siaa me ŋu. Egblɔ alesi wòle ŋu ɖomee ɖe Mawu ŋu be: “Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na.” (Psalmo 39:5, 6, 8) Yehowa ɖo toe. Eda Dawid ƒe nuwɔnawo kpɔ hã nyateƒe eye wòɖo eteƒe nɛ alesi dze.

Ele bɔbɔe be vovo manɔ ame ŋu le aɖabaƒoƒo aɖeke me le ŋkekea me o eye agbe si me hloloetsotso kple dɔwɔna yɔ fũ la nana woade gbɔdzɔe kpɔ ge ado kpoe. Esia ate ŋu ana míatsi dzi le mía ɖokui me, vevietɔ ɖe nu gbogbo siwo wòle be míawɔ kple esiwo me míato kpakple ɣeyiɣi kpui si me wòle be míawɔ wo le la ŋu. Ðe nusi le vevie na mí la sɔ kple Dawid tɔ—be míanɔ agbe ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋua? Enye nyateƒe be Yehowa kpɔa mí heléa ŋku ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu nyuie. Mawuvɔ̃la, Hiob, gblɔ anye ƒe 3,600 enye si va yi be Yehowa kpɔ yeƒe mɔwo hexlẽ yeƒe afɔɖeɖewo katã. Hiob bia eɖokui be: “Ne edzro eme kpɔ la, aleke maɖo eŋu nɛ?” (Hiob 31:4-6, 14) Anya wɔ be míana míaƒe ŋkekewo naxɔ asi le Mawu ŋkume to gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo, eƒe sewo dzi wɔwɔ, kple míaƒe ɣeyiɣiwo zazã nunyatɔe me. Mina míadzro nya siawo me nyuie vie.

Mina Gbɔgbɔmenuwo Nanye Nu Vevitɔwo na Mí

Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la bia tso mía si wòsɔ be míaɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo esime wogblɔ be: ‘Miaka ɖe nusiwo le vevie wu la dzi.’ Nukawoe nye nu vevi siawo? Ŋuɖoɖoa lɔ ‘sidzedze kple nugɔmesese vavãtɔ’ ɖe eme. (Filipitɔwo 1:9, 10) Ebia be míazã míaƒe ɣeyiɣi nunyatɔe hafi Yehowa ƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze nasu mía si. Gake nana be gbɔgbɔmenuwo nanye nu vevitɔwo na mí ana kakaɖedzi mí be míanɔ agbe si me viɖe kple dzidzeme le.

Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí be “míayi edzi anɔ nusiwo nyoa Aƒetɔ la ŋu dom kpɔ.” Be míado wo akpɔ la lɔ ŋkuléle ɖe mía ŋutɔwo míaƒe tamesusuwo kple nusiwo dzroa míaƒe dzi ŋu ɖe eme. Apostoloa yi edzi be: “Miyi edzi míanɔ si dzem nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.” (Efesotɔwo 5:10, 17, NW) Ekema nukawoe nyoa Yehowa ŋu? Biblia me lododo aɖe ɖo eŋu be: “Nunya ƒe gɔmetoto enye be, woaƒle nunya, eye natsɔ wò kesinɔnuwo katã aƒle gɔmesesee. Kɔe ɖe dzi, ne wòakɔ wò ɖe dzi.” (Lododowo 4:7, 8) Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe amesi ƒlea nunya hetsɔa mawumenunya wɔa dɔe la ŋu. (Lododowo 23:15) Nusi nyo le nunya ma ŋu enye be womate ŋu axɔe le ame si alo agblẽe o. Le nyateƒe me la, eva zua dzɔla kple takpɔnu ‘tso mɔ vɔ̃wo kple amesiwo gblɔa godzenyawo si me.’—Lododowo 2:10-15.

Ekema nunyanu kae nye si wònye be míatsi tre ɖe nusianu si ana míava tsɔ gbɔgbɔmenuwo nu tsɛ la ŋui! Ehiã be míatu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nyawo ŋu kple eyama vɔvɔ̃ ƒe nɔnɔme si sɔ ɖo. (Lododowo 23:17, 18) Togbɔ be tamesusu ƒe nɔnɔme sia ate ŋu asu ame si le agbe ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me hã la, anyo wu be míana nɔnɔme nyui sia nasu mía si ahana Biblia ƒe gɔmeɖosewo naƒo ke ɖe míaƒe amenyenye me le sɔhɛ me. Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”—Nyagblɔla 12:1.

Mɔ si le tẽ wu si dzi ame ate ŋu ato atu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu ɖo enye gbedodoɖa nɛ gbesiagbe. Dawid nya vevienyenye si le ame ƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa ŋu, elabena egblɔ kukuɖeɖetɔe be: “Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o.” (Psalmo 39:13) Ðe alesi míaƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Mawu de toe la wɔa dɔ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi ɣeaɖewoɣi be aɖatsi gena le mo na mía? Le nyateƒe me la, zi alesi míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Yehowa hedea ŋugble le eƒe Nyaa ŋu la, zi nenemae míetena ɖe eŋu kplikplikplii.—Yakobo 4:8.

Srɔ̃ Toɖoɖo

Mose nye xɔsetɔ bubu aɖe si kpɔe be ele be yeaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Abe Dawid ene la, Mose te ŋu kpɔe be kuxiwo yɔ agbe me fũ. Eyata eɖe kuku na Mawu be wòafia ‘alesi yeaxlẽ yeƒe ŋkekewoe la ye, ne dzi nyanu naɖo ye si.’ (Psalmo 90:10-12) Dzi nyanu asu ame si to Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe wo nu ko me. Mose nya esia eye wòdze agbagba be yeaƒã nyateƒe vevi sia ɖe Israel-dukɔa me to ŋkuɖoɖo Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi na wo ake me hafi woaxɔ Ŋugbedodonyigbaa wòazu wo tɔ. Wobia tso ame ɖesiaɖe si Yehowa ava tia aɖo fiae ɖe Israel nu si be wòagbugbɔ Sea aŋlɔ na eɖokui ahaxlẽe le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Nukatae? Be wòate ŋu asrɔ̃ mawuvɔvɔ̃. Esia woatsɔ ado fia ƒe toɖoɖo akpɔe. Akpɔ eta be wòagado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu o eye wòana hã be wòanɔ agbe eteƒe nadidi le eƒe fiaɖuƒea me. (Mose V, 17:18-20) Wogbugbɔ gbe te ɖe ŋugbedodo sia dzi esime Yehowa gblɔ na Dawid vi Salomo be: “Ne èzɔ nye mɔwo dzi helé nye ɖoɖowo kple sewo me ɖe asi, abe alesi fofowò Dawid zɔe ene la, ekema mana wò agbeŋkekewo nadidi.”—Fiawo I, 3:10-14.

Toɖoɖo nye ŋkubiãnya le Mawu gbɔ. Nenye be míatsɔ Yehowa ƒe nudidiwo kple sedede aɖewo nu tsɛ abe ɖee womele vevie o ene la, akpɔ nɔnɔme ma adze sii godoo. (Lododowo 15:3) Ele be esia nyanya naʋã mí be míade bubu deto Yehowa ƒe mɔfiamewo ŋu vevie, togbɔ be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe ɣesiaɣi o hã. Satana wɔa nusianu si wòate ŋui be yeatsɔ ‘axe mɔ na mí’ esi míele kutri kum be míawɔ ɖe Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.—Tesalonikatɔwo I, 2:18.

Ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe Ŋɔŋlɔa ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be míakpe ta ɖekae na tadedeagu kple hadede la dzi. (Mose V, 31:12, 13; Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata anyo be míabia mía ɖokui ase be: ‘Ðe meɖoe kplikpaa be mawɔ nusi ŋu viɖe le ŋutɔŋutɔ ɣesiaɣia?’ Be míagblẽ hadede kple nufiame xɔxɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ɖi ɖe agbagbadzedze be míakpɔ ga ta agbɔdzɔ míaƒe ƒomedodo kple Yehowa me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena [Yehowa] ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’” (Hebritɔwo 13:5) Toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo tso lɔlɔ̃nu faa me ɖenɛ fiana be míeka ɖe edzi vevie be alé be na mí.

Yesu srɔ̃ toɖoɖo hekpɔ eme viɖewo. Nenema kee wòate ŋu aɖe vi na míawo hã. (Hebritɔwo 5:8) Zi alesi míele toɖoɖo tum ɖo la, zi nenemae wòabɔbɔ na mí be míaɖo to, le nu suewo gɔ̃ hã mee. Enye nyateƒe be, le míaƒe nuteƒewɔwɔ ta la, ahiã be míanɔ te ɖe ame bubuwo ƒe nuwɔna madodzidzɔnamewo kple ŋlɔmiwɔwɔ gɔ̃ hã nu. Esia ate ŋu adzɔ le dɔwɔƒe, le suku, alo le aƒekɔ si me ma le subɔsubɔ ta me koŋ. Ke hã, míekpɔa akɔfafa le nya si wogblɔ na Israel-viwo me be ne ‘wolɔ̃ Yehowa heɖo to eƒe gbe, eye woku ɖe eŋu la, anye woƒe agbe, bena woanɔ agbe didie le anyigba dzi.’ (Mose V, 30:20) Wogale ŋugbe sia tututu dom na mí.

Zã Ɣeyiɣi Nunyatɔe

Míaƒe ɣeyiɣiwo zazã nunyatɔe hã akpe ɖe mía ŋu míaƒe ŋkekewo naxɔ asi le Yehowa ŋkume. Ɣeyiɣi mele abe ga ene be woadzra ɖo o, ele be woazãe ne menye nenema o la, abu. Gaƒoƒo ɖesiaɖe si va yina la buna tegbee. Esi wònye be nusiwo wòle be míawɔ la sɔa gbɔ ɣesiaɣi wu mí ta la, ɖe míele míaƒe ɣeyiɣi zãm wòle sɔsɔm ɖe míaƒe taɖodzinuwo nua? Nusi wòle be wòanye Kristotɔwo katã ƒe taɖodzinu vevitɔ enye gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Nenye be míenya asixɔxɔ si le ɣeyiɣi ŋu ko hafi míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi la nunyatɔe. Esɔ ŋutɔ be Efesotɔwo 5:16 xlɔ̃ nu mí be ‘míaƒle ɣeyiɣi si ade mía dzi la na mía ɖokui,’ eye esia bia be míaɖe asi le nusiwo mele vevie tututu o la ŋu. Efia be miaɖe ɣeyiɣi gblẽnuwo dzi akpɔtɔ. Television kpɔkpɔ alo Internet me tsatsa fũ akpa, agbalẽ siwo ŋu viɖe mele o xexlẽ, alo kamedede kple modzakaɖeɖe yomenɔnɔ vivivo ate ŋu ana ɖeɖi nate mía ŋu. Gakpe ɖe eŋu hã, kɔlili ŋutilãmenunɔamesiwo wòagbɔ eme ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si hiã be woatsɔ atu dzi nyanu ɖoe la le ame si.

Ɣeyiɣi zazã nyuie ƒe boblodolawo gblɔ be: “Màte ŋu azã wò ɣeyiɣi nyuie ne taɖodzinu nyuiwo mele asiwò o.” Wotɔ asi taɖodzinu ɖoɖo ŋuti dzidzenu atɔ̃ dzi: esiwo ku ɖe nane ŋu tẽ, esiwo woate ŋu adzidze, esiwo gbɔ woate ŋu aɖo, esiwo ɖɔ ʋu, kple esiwo ŋu woɖo ɣeyiɣi ɖo.

Taɖodzinu ɖɔʋu ɖekae nye be míana míaƒe Biblia xexlẽ nanyo ɖe edzi. Afɔ gbãtɔae nye be míawɔ míaƒe taɖodzinua wòaku ɖe nane ŋu tẽ—be míaxlẽ Biblia bliboa. Eveliae nye míana míaƒe taɖodzinua nanye esi woate ŋu adzidze. Ne míewɔ esia la, míate ŋu anya alesi míele ŋgɔ yimee. Ele be taɖodzinuwo nana míado vevie nu ahatsi. Ele be woanye esiwo gbɔ míate ŋu aɖo hã. Ele be míabu ame ŋutɔ ƒe ŋutetewo, aɖaŋuwo, kple ɣeyiɣi si le esi hã ŋu. Le ame aɖewo gome la, abia ɣeyiɣi geɖe hafi woate ŋu aɖo taɖodzinua gbɔ. Mlɔeba, ehiã be míaɖo ɣeyiɣi ɖe míaƒe taɖodzinua ŋu. Ɣeyiɣi ɖoɖo na nane nu wuwu ate ŋu adzi didi be woawɔe awu enu la ɖe edzi.

Toɖodzinu si ku ɖe nane ŋu tẽ le xexeame katã ƒe Betel-ƒomea me tɔ, siwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã alo eƒe alɔdzeawo, si be woaxlẽ Biblia bliboa le woƒe Betel nɔnɔ ƒe ƒe gbãtɔ me. Wokpɔe be Biblia xexlẽ si ŋu viɖe lee na wotsi le gbɔgbɔ me hena wodo ƒome kplikplikpli kple Yehowa, amesi le nusi nyo na wo la fiam wo. (Yesaya 48:17) Ðe míate ŋu ana Biblia xexlẽ edziedzi nanye míawo hã ƒe taɖodzinua?

Viɖe Siwo Le Nana be Viɖe Nanɔ Míaƒe Ŋkekewo Ŋu Me

Gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ahe yayra geɖewo vɛ. Nusita wòle aleae nye be, enana míesena le mía ɖokui me be míekpɔ dzidzedze eye tameɖoɖo le agbe ŋu. Dzeɖoɖo kple Yehowa edziedzi le gbedodoɖa si tso dzime me tea mí ɖe eŋu kplikplikpli. Gbea dodoɖa ŋutɔ hã ɖenɛ fiana be míeka ɖe eyama dzi. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la” nana xexlẽ gbesiagbe ɖena alesi míelɔ̃ faa be míaɖo to Mawu ne ele nu ƒom na mí la fiana. (Mateo 24:45-47) Esia kpena ɖe mía ŋu be dzi nyanu nasu mía si ale be míate ŋu awɔ nyametsotso kple tiatia nyuitɔwo le agbe me.—Psalmo 1:1-3.

Edzɔa dzi na mí be míaɖo to Yehowa ƒe sededewo, elabena esia menye agba o. (Yohanes I, 5:3) Ne míele asixɔxɔ dem ŋkeke ɖesiaɖe ŋu le Yehowa ŋkume la, míenaa ŋusẽ ɖoa mía kpli dome ƒomedodoa ŋu. Míeva zua amesiwo naa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu vavã hati Kristotɔwo hã. Nuwɔna siawo doa dzidzɔ na Yehowa Mawu ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Eye teƒeɖoɖo aɖeke mede ŋudzedze si Yehowa akpɔ ɖe mía ŋu fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me la nu o!

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Kristotɔwo tsɔa gbɔgbɔmenuwo vevie

[Nɔnɔmetata siwo le axa 22]

Ðe nèle wò ɣeyiɣi zãm nunyatɔea?

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Míedoa ŋusẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodo ne míena viɖe le ŋkeke ɖesiaɖe ŋu le eŋkume