Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo Hiã Wo Nɔewo

Kristotɔwo Hiã Wo Nɔewo

Kristotɔwo Hiã Wo Nɔewo

“Ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.”—EFESOTƆWO 4:25.

1. Nya kae numekugbalẽ aɖe gblɔ tso ametia ŋu?

AMETIA nye nuwɔwɔ wɔnuku aɖe! The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Amewo yɔa ametia ɣeaɖewoɣi be mɔ̃ aɖe—mɔ̃ wɔnuku aɖe si wowɔ kpɔ. Gake ametia menye mɔ̃ o. Ke hã, woate ŋu atsɔe asɔ kplii le mɔ geɖe nu. Abe mɔ̃ ene la, ŋutinu vovovowo ƒo ƒu nye ametia. Ametia ƒe ŋutinu ɖesiaɖe wɔa dɔ tɔxɛwo abe alesi mɔ̃ aɖe ƒe akpa ɖesiaɖe wɔnɛ ene. Gake akpaawo katã wɔa dɔ aduadu si wɔnɛ be ametia alo mɔ̃ la wɔa dɔ nyuie.”

2. Mɔ ka nue ametia kple Kristo-hamea sɔ le?

2 Ẽ, akpa, alo ŋutinu geɖee le ametia ŋu, eye wo dometɔ ɖesiaɖe wɔa nane si hiã. Ʋuka, lãmeka, alo ŋutinu bubu aɖeke meli dzodzro o. Nenema ke Kristo-hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ nane atsɔ ado eƒe gbɔgbɔ me lãmesẽ kple nyonyo ɖe ŋgɔe. (Korintotɔwo I, 12:14-26) Togbɔ be mele be hamea me tɔ aɖe nado eɖokui ɖe dzi ɖe bubuawo ŋu o hã la, mele be ame aɖeke nase le eɖokui me be yemele vevie o.—Romatɔwo 12:3.

3. Aleke Efesotɔwo 4:25 ɖee fiae be Kristotɔwo hiã wo nɔewo?

3 Abe alesi ŋutinuwo hiã wo nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu ene la, Kristotɔwo hã hiã na wo nɔewo. Apostolo Paulo gblɔ na haxɔsetɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na be: “Miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo.” (Efesotɔwo 4:25) Esi ‘wonye wo nɔewo tɔ’ ta la, kadodomɔnu vavã kple nuwɔwɔ aduadu le gbɔgbɔ me Israel—si nye “Kristo ƒe ŋutilã”—me tɔwo dome. Ẽ, wo dometɔ ɖesiaɖe nye ŋutinu na nɔviawo katã. (Efesotɔwo 4:11-13) Amesiwo wɔ ɖeka kpli wo dzidzɔtɔe enye Kristotɔ anukwaretɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le siwo wɔa nu kpli wo ɖekae.

4. Mɔ kawo nue woate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu le?

4 Ƒe sia ƒe la, wonaa nyɔnyrɔ ame akpe geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi paradiso me. Hamea me tɔ bubuwo tsɔa dzidzɔ kpena ɖe wo ŋu be ‘woayi edzi aɖo tsitsi gbɔ.’ (Hebritɔwo 6:1-3) Kpekpeɖeŋu sia ate ŋu alɔ Ŋɔŋlɔawo me biabiawo ŋuɖoɖo alo kpekpeɖeŋu nyui nana le subɔsubɔdɔa me ɖe eme. Míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu to kpɔɖeŋu nyuiwo ɖoɖo to gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me edziedzi me me. Le xaxaɣiwo la, míate ŋu ade dzi ƒo alo afa akɔ na wo hã. (Tesalonikatɔwo I, 5:14, 15) Ele be míadi mɔ siwo nu míato akpe ɖe ame bubuwo ŋu be ‘woayi edzi azɔ le nyateƒea me.’ (Yohanes III, 4) Míeɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, fifiae míeɖadze zɔzɔ le nyateƒea me alo tsɔ ƒe geɖe le zɔzɔm le eme o, míate ŋu ado haxɔsetɔwo ƒe gbɔgbɔmenyonyo ɖe ŋgɔ—eye wohiã mí hã.

Wona Kpekpeɖeŋu si Hiã

5. Aleke Akwila kple Priskila kpe ɖe Paulo ŋui?

5 Srɔ̃tɔ Kristotɔwo le amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋunana haxɔsetɔwo ŋu la dome. Le kpɔɖeŋu me, Akwila kple srɔ̃a, Priskila (Priska), kpe ɖe Paulo ŋu. Woxɔe ɖe woƒe aƒe me, wɔ dɔ kpli abe avɔgbadɔwɔlawo ene, hekpe ɖe eŋu be wòatu hame yeyea ɖo le Korinto. (Dɔwɔwɔwo 18:1-4) Le mɔ aɖe si womegblɔ o nu la, wode woƒe agbe afɔku me ɖe Paulo ta. Wonɔ Roma esime Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo le afima be: “Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã; woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe.” (Romatɔwo 16:3, 4) Abe Akwila kple Priskila ene la, egbeŋkekea me Kristotɔ aɖewo tua hamewo ɖo hekpena ɖe haxɔsetɔwo ŋu le mɔ vovovowo nu, eye wodea woa ŋutɔwo ƒe agbe afɔku me ɣeaɖewoɣi be yewomade Mawu subɔla bubuwo asi na yometilawo be woasẽ ŋuta le wo ŋu alo awu wo o.

6. Kpekpeɖeŋu kae wona Apolo?

6 Akwila kple Priskila kpe ɖe Kristotɔ nuƒola bibi Apolo, amesi nɔ Yesu Kristo ŋutinya fiam Efesotɔwo, hã ŋu. Ɣemaɣi la, nyɔnyrɔ si Yohanes na amewo wònye dzimetɔtrɔ tso nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Se ƒe nubablaa ŋu ƒe dzesi la ko ŋue Apolo nya nu tsoe. Esi Akwila kple Priskila kpɔe be Apolo hiã na kpekpeɖeŋu aɖe la, ‘woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme nɛ nyuie.’ Anɔ eme be woɖe eme be Kristotɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ lɔ nyɔnyrɔɖetsime kple gbɔgbɔ kɔkɔe xɔxɔ ɖe eme. Apolo tsɔ nusi wòsrɔ̃ la wɔ dɔe. Esi wòyi Axaya emegbe la, “ekpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me; elabena etsɔ ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòfia to ŋɔŋlɔ la me le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la.” (Dɔwɔwɔwo 18:24-28) Nya siwo haxɔsetɔwo gblɔna ate ŋu ana míase Mawu ƒe Nyaa gɔme ɖe edzi zi geɖe wu. Le go sia hã me la, míehiã mía nɔewo.

Ŋutilãmekpekpeɖeŋu Nana

7. Aleke Filipitɔwo wɔ nui esime hati Kristotɔwo hiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu?

7 Kristo-hame si le Filipi la me tɔwo lɔ̃ Paulo ale gbegbe eye woɖo ŋutilãmenuhiahiãwo ɖee esime wònɔ Tesalonika. (Filipitɔwo 4:15, 16) Esime nɔvi siwo le Yerusalem hiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu la, Filipitɔwo ɖe woƒe didi vevie be yewoadzɔ nu la fia wòwu gbɔgblɔ gɔ̃ hã. Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe nɔvia ŋutsu kple nyɔnu siwo le Filipi ƒe nɔnɔme nyui la ŋu ale gbegbe be wòyɔ wo tsɔ wɔ kpɔɖeŋui na haxɔsetɔ bubuwo.—Korintotɔwo II, 8:1-6.

8. Nɔnɔme kae Epafrodito ɖe fia?

8 Esime Paulo nɔ gaxɔ me la, menye ŋutilãmenunanawo koe Filipitɔwo ɖo ɖee o ke boŋ woɖo woƒe amedɔdɔ, Epafrodito, hã ɖa. Paulo gblɔ be: “Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti [Epafrodito de] kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.” (Filipitɔwo 2:25-30; 4:18) Womena míenya ne hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla ye Epafrodito nye o. Ke hã, enye Kristotɔ si tsɔa eɖokui nana henaa kpekpeɖeŋu, eye Paulo hiãe vevie. Ðe ame aɖe le abe Epafrodito ene le miaƒe hamea mea?

Wonye ‘Akɔfalawo’

9. Kpɔɖeŋu kae Aristarxo nye na mí?

9 Wodea asixɔxɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔ̃amewo, abe Akwila, Priskila, kple Epafrodito ene, ŋu vevie le hame ɖesiaɖe me. Mía hati tadeagula aɖewo ate ŋu anɔ abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ, Aristarxo, ene. Eya kple ame bubuwo nye ‘akɔfalawo’ eye woanya faa akɔ alo naa kpekpeɖeŋu le nya vevi siwo ŋu viɖe le me. (Kolosetɔwo 4:10, 11) Le Aristarxo ƒe kpekpeɖeŋunana Paulo me la, eɖee fia be yenye xɔlɔ̃ vavã le hiãɣiwo me. Enye amesi ƒomevi ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 17:17 be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Ðe mele be mí katã míadze agbagba be míanye ‘akɔfalawo’ na hati Kristotɔwo oa? Vevietɔ la, ele be míakpe ɖe amesiwo le xaxawo me tom ŋu vevie.

10. Kpɔɖeŋu kae Petro ɖo na Kristotɔ hamemegãwo?

10 Kristotɔ hamemegãwo koŋue le be woanye akɔfalawo na woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo. Kristo gblɔ na apostolo Petro bena: ‘Do ŋusẽ nɔviwòwo.’ (Luka 22:32) Petro te ŋu wɔ ema elabena eɖe agakpe sesẽ ƒe nɔnɔme fia, vevietɔ le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe. Hamemegãwo, midze agbagba ɖesiaɖe be miawɔ nenema ke tso dzi kple dɔmekɔkɔ me faa, elabena mia hati xɔsetɔwo hiã mi.—Dɔwɔwɔwo 20:28-30; Petro I, 5:2, 3.

11. Aleke Timoteo ƒe nɔnɔmea sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi na míi?

11 Paulo ƒe mɔzɔhati Timoteo nye hamemegã si tsɔ ɖe le Kristotɔ bubuwo me vevie. Togbɔ be lãmesẽkuxi aɖewo nɔ eŋu hã la, Timoteo ɖe xɔse fia tso dzi blibo me ‘hesubɔ kple Paulo le nyanyuia dodo ɖe ŋgɔ me.’ Eyata apostoloa te ŋu gblɔ na Filipitɔwo be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o.” (Filipitɔwo 2:20, 22; Timoteo I, 5:23; Timoteo II, 1:5) Míate ŋu anye yayra na hati Yehowa subɔlawo to nɔnɔme si le abe Timoteo tɔ ene la ɖeɖe fia me. Ẽ, ele be míate kame kple mía ŋutɔwo ƒe ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔ kple tetekpɔ vovovowo, gake míawo hã míate ŋu aɖe xɔse sẽŋu kple ɖetsɔtsɔ le míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo me lɔlɔ̃tɔe afia eye ele be míawɔe hã. Ele be míaɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be wohiã mí.

Nyɔnu Siwo Tsɔ Ðe Le Ame Bubuwo Me

12. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Tabita ƒe kpɔɖeŋua me?

12 Nyɔnu mawuvɔ̃la siwo tsɔ ɖe le ame bubuwo me la dometɔ ɖekae nye Tabita. Esi wòku la, nusrɔ̃lawo dɔ woɖayɔ Petro vɛ hekplɔe yi dziƒoxɔ si me wodae ɖo la me. Le afima la, “ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo [Tabita] tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.” Wogbɔ agbe Tabita eye ɖikeke mele eme o be eyi edzi ‘wɔ dɔ nyui kple dɔmenyonu geɖe.’ Le Kristo-hame si li egbea me la, nyɔnuwo li le abe Tabita ene siwo tɔa awuwo alo wɔa nu bubuwo lɔlɔ̃tɔe na amesiwo le hiahiã me. Le nyateƒe me la, dɔ nyui siwo wowɔna la kuna ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ kple gomekpɔkpɔ le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me ŋu koŋ.—Dɔwɔwɔwo 9:36-42; Mateo 6:33; 28:19, 20.

13. Aleke Lidia ɖe ɖetsɔleme fia hati Kristotɔwoe?

13 Nyɔnu mawuvɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Lidia tsɔ ɖe le ame bubuwo me. Togbɔ be enye Tiatiratɔ hã la, enɔ Filipi esime Paulo ɖe gbeƒã le afima le ƒe 50 M.Ŋ. me lɔƒo. Anye be Lidia nye trɔ̃subɔla zu Yudatɔ, gake ɖewohĩ Yudatɔ ʋɛ aɖewo koe anya nɔ Filipi eye ƒuƒoƒe aɖeke menɔ anyi o. Eya kple nyɔnu veviedonula bubuwo kpe ta ɖe tɔsisi aɖe to hena tadedeagu esime apostoloa ɖe gbe ƒã nyanyuia na wo. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Yehowa ʋu Lidia ƒe dzi bena, wòlé to ɖe nya siwo gblɔm Paulo le la ŋu. Eye esi wona nyɔnyrɔ eya kple eƒemetɔwo katã la, egblɔ kukuɖeɖetɔe bena: “Ne miebum bena, menye nuteƒewɔla na Yehowa la, miva aƒenye me ne mianɔ afima.” Eye wòzi mía dzi míeyi.’ (Dɔwɔwɔwo 16:12-15) Esi Lidia di be yeawɔ nyui na ame bubuwo ta la, ezi Paulo kple eƒe zɔhɛwo dzi be woadze ye gbɔ. Aleke wòdzea mía ŋu enye si ne Kristotɔ dɔmenyotɔ lɔ̃amewo wɔ amedzro sia tɔgbe na míi!—Romatɔwo 12:13; Petro I, 4:9.

Míehiã Mi Ðeviwo Hã

14. Aleke Yesu wɔ nu ɖe ɖeviwo ŋui?

14 Yesu Kristo, Mawu Vi dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla lae dze Kristo-hamea gɔme. Amewo te ɖe eŋu le dziɖeɖi me elabena elɔ̃a ame hekpɔa nublanui na ame. Esi ame aɖewo te wo viwo tsɔtsɔ va Yesu gbɔe ɣeaɖeɣi la, eƒe nusrɔ̃lawo te kpɔ be yewoatrɔ wo adzoe. Gake Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o; elabena nenem mewo tɔ enye mawufiaɖuƒe la. Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke mexɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi ene o la, mele eme yi ge o.” (Marko 10:13-15) Be míate ŋu axɔ Fiaɖuƒea ƒe yayrawo la, ele be míanye amesiwo bɔbɔa wo ɖokui wofiaa nu wo abe ɖevi suewo ene. Yesu ɖe eƒe lɔlɔ̃ na ɖevi suewo fia esime wòkɔ wo ɖe akɔ heyra wo. (Marko 10:16) Ke mi ɖevi siwo li egbea hã ɖe? Kakaɖedzi nesu mia si be míelɔ̃ mi hehiã mi le hamea me.

15. Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti nyateƒenya kawoe woŋlɔ ɖe Luka 2:40-52, eye kpɔɖeŋu kae wòɖo ɖi na ɖeviwo?

15 Esi Yesu gakpɔtɔ nye ɖevi la, elɔ̃ Mawu kpakple Ŋɔŋlɔawo. Esi wòxɔ ƒe 12 la, woa kple edzilawo, Yosef kple Maria, zɔ mɔ tso wo de Nazaret yi Yerusalem ɖaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. Esi wotrɔ gbɔna aƒe la, Yesu dzilawo kpɔe be Yesu menɔ ameha siwo nɔ mɔa zɔm la dome o. Wova kpɔe mlɔeba le gbedoxɔa ƒe akpatawo dometɔ ɖeka me wòbɔbɔ nɔ anyi le to ɖom Yudatɔ nufialawo henɔ nya biam wo. Esi wòwɔ nuku na Yesu be Yosef kple Maria menya afisi woakpɔ ye le o la, ebia be: “Ðe mienya bena, ele nam be, manɔ nusiwo nye fofonye tɔ me o mahã?” Ekplɔ dzilaawo ɖo gbɔ va aƒe, yi edzi bɔbɔ eɖokui na wo, eye eƒe nunya gade to eye wòyi edzi tsi ɖe edzi. (Luka 2:40-52) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Yesu ɖo na ɖevi siwo le mía dome enye si! Ele be woaɖo to wo dzilawo godoo ahatsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃ tso gbɔgbɔmenuwo ŋu me.—Mose V, 5:16; Efesotɔwo 6:1-3.

16. (a) Nukae ɖevi aɖewo do ɣli gblɔ esime Yesu nɔ ɖase ɖim le gbedoxɔa me? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae li na ɖevi Kristotɔwo egbea?

16 Abe ɖevi ene la, ɖewohĩ eɖia ɖase tso Yehowa ŋu le suku kple tso aƒeme yi aƒeme kple dziwòlawo. (Yesaya 43:10-12; Dɔwɔwɔwo 20:20, 21) Esi Yesu nɔ ɖase ɖim henɔ gbe dam na amewo le gbedoxɔa me do ŋgɔ na eƒe ku la, ɖevi aɖewo nɔ ɣli dom be: “Hosana na Dawid vi la!” Esi esia do dziku na nunɔlagãa kple agbalẽfialawo ta la, wotso ɖe eŋu be: “Èse nusi amesiawo le gbɔgblɔm mahã?” Yesu ɖo eŋu be: “Ẽ. . . . Alo miexlẽe kpɔ bena: ‘Ðeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo’ o mahã?” (Mateo 21:15-17) Abe ɖevi mawo ke ene la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖe le mi ɖevi siwo le hamea me si be miakafu Mawu kple Via. Míedi mi eye míehiã mi be mianɔ mía ŋu abe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ene.

Ne Afɔku Dzɔ

17, 18. (a) Nukatae Paulo wɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ na Kristotɔ siwo le Yudea ŋu? (b) Ŋusẽ kae Yudea xɔsetɔwo ƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔa kpɔ ɖe Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔwo dzi?

17 Nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, lɔlɔ̃ ʋãa mí be míakpe ɖe hati Kristotɔ siwo hiã tu la ŋu. (Yohanes 13:34, 35; Yakobo 2:14-17) Lɔlɔ̃ si nɔ Paulo si na nɔviaŋutsu kple nɔvianyɔnu siwo le Yudea ye ʋãe be wòawɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ le hame siwo le Axaya, Galatia, Makedonia, kple Asia nutowo me ŋu aɖo ɖe wo. Yometiti, dukɔa me ʋunyaʋunya, kple dɔwuame si va nusrɔ̃la siwo le Yerusalem dzie anya na Paulo yɔ “fukpekpewo,” “xaxawo,” kple “[woƒe] ŋutinuwo haha” ŋkɔ. (Hebritɔwo 10:32-34; Dɔwɔwɔwo 11:27–12:1) Eyata ekpɔ nudzɔdzɔ na Kristotɔ dahe siwo nɔ Yudea ƒe ɖoɖoa dzi.—Korintotɔwo I, 16:1-3; Korintotɔwo II, 8:1-4, 13-15; 9:1, 2, 7.

18 Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo na ame kɔkɔe siwo le Yudea ɖo kpe edzi be nɔviwo ƒe kadodo kplikplikpli aɖe nɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo subɔa Yehowa dome. Gadzɔdzɔa hã na mɔkpɔkpɔ Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔwo be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia wo hati tadeagula Yudatɔwo ɖe gbɔgbɔmenu gbogbo siwo woxɔna tsoa wo gbɔ la ta. Esia wɔe be woma nuwo le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. (Romatɔwo 15:26, 27) Nu siwo wodzɔna egbea na haxɔsetɔ siwo hiã tu la hã nye lɔlɔ̃nu faa tɔ eye lɔlɔ̃e ʋãa ame be wòadzɔe. (Marko 12:28-31) Míehiã mía nɔewo le go sia hã me ale be míada asɔ ‘eye amesi si nu ʋɛ le la tɔ naganɔ ʋɛ akpa o.’—Korintotɔwo II, 8:15.

19, 20. Wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ fia alesi Yehowa ƒe amewo naa kpekpeɖeŋu ne afɔkuwo dzɔ.

19 Esi Kristotɔwo nya be yewo hiã yewo nɔewo ta la, míewɔna kaba kpena ɖe mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu haxɔsetɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu nusi dzɔ esime anyigbaʋuʋu gblẽnuwo dzɔ le El Salvador le ƒe 2001 ƒe gɔmedzedze ŋu kpɔ ko. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Nɔvi siwo le El Salvador ƒe akpawo katãe wɔ kpekpeɖeŋunanadɔwo. Nɔviwo ƒe ƒuƒoƒowo tso Guatemala, United States, kple Canada va na kpekpeɖeŋu. . . . Wotu aƒe 500 kple edzivɔwo kpakple Fiaɖuƒe Akpata dzeani 3 le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Dɔ sesẽ si nɔvi siawo siwo tsɔ wo ɖokui na va wɔ aduadui la nye ɖaseɖiɖi gã aɖe.”

20 Nyatakaka aɖe si tso South Africa gblɔ be: “Tsiɖɔɖɔ dziŋɔ siwo gblẽ nu le Mozambique ƒe akpa gã aɖe ŋu la gblẽ nu le mía nɔvi Kristotɔwo hã ŋu. Alɔdzedɔwɔƒe si le Mozambique la wɔ ɖoɖo ɖe woƒe nuhiahiã akpa gãtɔ gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Gake wobia be míaɖo awu xoxo siwo le nɔnɔme nyui me ɖe nɔvi siwo hiã tu. Míeƒo awu gbogbo aɖewo nu ƒu de gago gã si ƒe didime nye meta 12 me ɖo ɖe mía nɔviwo le Mozambique.” Ẽ, le mɔ siawo hã nu la, míehiã mía nɔewo.

21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, ametia ƒe akpawo katã le vevie. Ema nye nyateƒe vavã le Kristo-hamea hã ŋu. Emenɔlawo katã hiã wo nɔewo. Ele hã be woayi edzi anɔ subɔsubɔm ɖekae. Nyati si kplɔe ɖo adzro nusiwo naa esia nya wɔna dometɔ aɖewo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Mɔ ka nue ametia kple Kristo-hamea ɖi wo nɔewo le?

• Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nui esime hati Kristotɔwo hiã kpekpeɖeŋu?

• Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Kristotɔwo hiã wo nɔewo hekpena ɖe wo nɔewo ŋu dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Akwila kple Priskila tsɔ ɖe le ame bubuwo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Yehowa ƒe amewo kpena ɖe wo nɔewo kple ame bubuwo ŋu ne afɔku dzɔ