Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Miyi Edzi Miatsɔ Nusɔsɔ Asubɔe

Miyi Edzi Miatsɔ Nusɔsɔ Asubɔe

Miyi Edzi Miatsɔ Nusɔsɔ Asubɔe

“Mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.”—ZEFANYA 3:9, NW.

1. Nukae le dzɔdzɔm le Zefanya 3:9 ƒe emevava nu?

GBEGBƆGBLƆ 6,000 lɔƒoe wodona le anyigbaa dzi godoo egbea. Tsɔ kpe ɖe esiawo ŋu la, degbe, alo gbe vovovowo li wodona le nuto aɖewo koŋ me. Amewo ɖadoa gbe vovovowo tso Arabgbe dzi vaseɖe Zulugbe dzi o, Mawu wɔ nu ɖedzesi aɖe. Ena amewo le afisiafi te ŋu srɔ̃ gbegbɔgblɔ dzadzɛ ɖeka pɛ hedonɛ hã. Esia le dzɔdzɔm wònye ŋugbe si wodo to nyagblɔɖila Zefanya dzi ƒe me vava be: “Nye [Yehowa Mawu] mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ [si nye “nuyi kɔkɔe” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu] dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔ asubɔe.”—Zefanya 3:9, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

2. Nukae nye “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la, eye nukae wòna wote ŋu wɔ?

2 “Gbegbɔgblɔ dzadzɛ” lae nye Mawu ƒe nyateƒea si le eƒe Nya, Biblia, me. Vevietɔ enye nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, aʋli eƒe dziɖulanyenye ta, ahahe yayrawo vɛ na ameƒomea ŋu. (Mateo 6:9, 10) Esi gbegbɔgblɔ dzadzɛ la koe nye gbegbɔgblɔ si ŋu kɔ le gbɔgbɔ me gome ta la, dukɔwo katã me tɔwo kple ameƒomeviwo katãe donɛ. Enaa wote ŋu tsɔa “nusɔsɔ” subɔa Yehowae. Eyata wosubɔnɛ le ɖekawɔwɔ me, alo “kple tameɖoɖo ɖeka.”—The New English Bible.

Mɔ Meli na Ameŋkumekpɔkpɔ O

3. Nukae kpena ɖe mía ŋu be míasubɔ Yehowa le ɖekawɔwɔ me?

3 Abe Kristotɔwo ene la, míedaa akpe ɖe gbevovovodola siwo míenye hafi le nu wɔm aduadu la ta. Togbɔ be míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinyanyuia le amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔ geɖe me hã la, míele Mawu subɔm ɖekae. (Psalmo 133:1) Esia le bɔbɔe elabena, afika kee míeɖale le anyigba dzi o, míedoa gbegbɔgblɔ dzadzɛ ɖeka la wònye kafukafu na Yehowa.

4. Nukatae mele be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke nanɔ Mawu ƒe amewo dome o?

4 Mele be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke nanɔ Mawu ƒe amewo dome o. Apostolo Petro na ema me kɔ esime wòɖe gbeƒã le Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋafia Kornelio ƒe aƒeme le ƒe 36 M.Ŋ. me eye esia ʋãe wògblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Esi ema nye nyateƒe ta la, ameŋkumekpɔkpɔ, mamadedeameme, alo amedzidede aɖeke mele Kristo-hamea me o.

5. Nukatae wònye nu gbegblẽ be míana mama naɖo hamea me?

5 Esi kɔledzivi aɖe de Fiaɖuƒe Akpata me la, egblɔ be: “Zi geɖe la, sɔlemehawo hea gbe aɖe dolawo alo gbeɖekadolawo ɖe wo ɖokui ŋu. . . . Yehowa Ðasefowo nɔ anyi ɖekae eye womema ɖe ƒuƒoƒo vovovowo me o.” Gake blema Korinto-hamea me tɔ aɖewo nɔ mama dem amewo me. Le mama dede amewo me ta la, wonɔ tsitre tsim ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ ŋu, elabena etua ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ɖo. (Galatiatɔwo 5:22) Nenye be míanɔ mamadedeamame dom ɖe ŋgɔ le hamea me la, míanɔ nu wɔm tsi tre ɖe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia ŋu. Eyata mina apostolo Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Korintotɔwo nanɔ susume na mí bena: “Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamã aɖeke naganɔ mia dome o; ke miazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.” (Korintotɔwo I, 1:10) Paulo te gbe ɖe ɖekawɔwɔ dzi le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Efesotɔwo hã me.—Efesotɔwo 4:1-6, 16.

6, 7. Aɖaŋu kae Yakobo ɖo ku ɖe ameŋkumekpɔkpɔ ŋu, eye aleke nya mawo sɔ na míe?

6 Wobia ameŋkumemakpɔmakpɔ tso Kristotɔwo si tso gbaɖegbe ke. (Romatɔwo 2:11) Esi ƒe alafa gbãtɔ me hamea me tɔ aɖewo nɔ kesinɔtɔwo dzi dem ta la, nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Nɔvinyewo, migatsɔ ame ŋkumekpɔkpɔ lé Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, si nye ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la, ƒe dzixɔse me ɖe asi o. Elabena ne ŋutsu aɖe de sikasigɛ asi, eye wòdo awu nyui heva yi ɖe miaƒe ƒuƒoƒe, eye ame dahe aɖe hã do awu ƒoɖi va me, eye mielé ŋku ɖe amesi do awu nyui la ŋu, eye miegblɔ bena: Wò la, bɔbɔ nɔ teƒe nyui sia, eye miegblɔ na ame dahe la bena: Wò la tsi tre ɖe afima alo bɔbɔ nɔ afii le nye afɔɖodzinu te la, ɖe miede vovo amewo dome le mia ɖokui me, eye miezu tamesusu vɔ̃wo ʋɔnudrɔ̃lawo o mahã?”—Yakobo 2:1-4.

7 Ne dzimaxɔsetɔ kesinɔtɔ siwo do sikasigɛwo kple awu nyuiwo kple dzimaxɔsetɔ dahe siwo do awu ƒoɖiwo va Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe la, wowɔa nu ɖe kesinɔtɔawo ŋu etɔxɛe. Wonaa zikpui wo ɖe “teƒe nyui,” esime wogblɔna na ame daheawo be woatsi tre alo anɔ anyi ɖe anyigba le ame aɖe ƒe afɔ nu. Gake Mawu na Yesu ƒe tafevɔsa la ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe, ɖe kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa ta. (Hiob 34:19; Korintotɔwo II, 5:14) Eyata ne míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye míasubɔe kple nusɔsɔ la, mele be míakpɔ ame ŋku me alo ‘ado vivi ɖe ame aɖewo ŋu le mía ŋutɔwo ƒe viɖe ta o.’—Yuda 4, 16.

Miɖe Mia Ðokui Ða tso Liʋiliʋilili Ŋu

8. Nukae dzɔ le esi Israel-viwo li liʋiliʋi ta?

8 Be míate ŋu alé míaƒe ɖekawɔwɔ me ɖe asi eye Mawu nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Miwɔ nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee.” (Filipitɔwo 2:14, 15) Israel-vi xɔsemanɔsitɔ siwo woɖe tso Egiptetɔwo ƒe kluvinyenye me la li Mose kple Aron ŋu si fia be woli Yehowa Mawu gɔ̃ hã ŋu. Le esia ta, ŋutsu siwo katã xɔ tso ƒe 20 heyi la dometɔ aɖeke meɖo afɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi o ke boŋ woku le ƒe 40 gbedzimɔzɔzɔa me, negbe nuteƒewɔla Yosua kple Kaleb kpakple Lewi-viwo ko. (Mose IV, 14:2, 3, 26-30; Korintotɔwo I, 10:10) Liʋiliʋilili me tsonu vɔ̃ɖi kae nye si!

9. Nukae dzɔ ɖe Miryam dzi le eƒe liʋiliʋililia ta?

9 Esia fia nusi ate ŋu adzɔ ɖe dukɔ blibo si lia liʋiliʋi la dzi. Ke liʋiliʋilila ɖekaɖekawo ya ɖe? Mose daa, Miryam, kpakple nɔviaŋutsu Aron, li liʋiliʋi be: “Mose ɖeɖe koe Yehowa ƒo nu kplia? Ðe meƒo nu kple míawo hã oa?” Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be “Yehowa see.” (Mose IV, 12:1, 2) Nukae do tso eme? Mawu bɔbɔ Miryam, amesi edze ƒã be eyae xɔ ŋgɔ le nyatoƒoetoto sia me la, ɖe anyi. Le mɔ ka nu? To nana be anyi naƒo ɖe eŋu kple enyanya yi ɖe asaɖaa godo hena ŋkeke adre vaseɖe esime eŋu kɔ me.—Mose IV, 12:9-15.

10, 11. Nukae ate ŋu ado tso liʋiliʋilili si ŋu womelé ŋku ɖo o me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Liʋiliʋilili menye nuƒoƒo tso nugbegblẽwɔwɔ aɖe ŋu ko o. Amesiwo lia liʋiliʋi edziedzi tsia dzi ɖe woƒe seselelãmewo alo ɖoƒe ŋu fũ akpa, hehea susu va wo ɖokui dzi tsɔ wu Mawu dzi. Ne womelé ŋku ɖe esia ŋu o la, edea mama gbɔgbɔmenɔviwo dome hedoa kplamatse woƒe agbagbadzedze be yewoasubɔ Yehowa aduadu la. Esia le alea elabena liʋiliʋililawo toa nyatoƒoe henɔa mɔ kpɔm ɖikekemanɔmee be ame bubuwo nade yewo dzi.

11 Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe aƒo nu atsi tre ɖe alesi hamemegã aɖe wɔa eƒe dɔdasi le hamea me alo kpɔa eƒe agbanɔamedziwo gbɔe ŋu. Ne míeɖo to se nyatoƒoetolaa ƒe nyawo la, míate ŋu ava nɔ nuwo bum abe alesi wòbua wo ŋui ene. Esime ŋudzedzemakpɔmakpɔ ƒe kua mekpɔ ɖo mía me haɖe o la, míekpɔa gbegblẽƒe aɖeke le hamemegãa ƒe dɔwɔnawo ŋu o, ke fifia ya míekpɔnɛ. Mlɔeba, hamemegãa ƒe nuwɔna aɖeke madzɔ le mía ŋkume o, eye míawo hã míava te nyatoƒoetoto le eŋu. Nɔnɔme sia mesɔ le Yehowa ƒe amewo ƒe hamea me o.

12. Nukae liʋiliʋilili ate ŋu agblẽ le míaƒe ƒomedodo kple Mawu ŋu?

12 Ŋutsu siwo ƒe dɔe nye Mawu ƒe alẽhaa kpɔkplɔ ŋu lili ate ŋu akplɔ ame ade vlododo ame me. Wo ŋu lili alo wo ŋu gbegblẽ vɔ̃ɖi sia ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu vevie. (Mose II, 22:28) Vlodoamela matrɔdzimewo manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o. (Korintotɔwo I, 5:11; 6:10) Nusrɔ̃la Yuda ŋlɔ nu tso liʋiliʋilila siwo “doa vlo aƒetɔnyenyewo, eye wogblɔa busunyawo ɖe ŋutikɔewo,” alo ŋutsu siwo xɔa ŋgɔ le hamea me la “ŋuti.” (Yuda 8) Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe liʋiliʋilila mawo ŋu o, eye nunya le eme be míaƒo asa na woƒe mɔ vɔ̃a.

13. Nukatae menye nyatoƒoetotowo katãe gblẽ o?

13 Gake menye nyatoƒoetotowo katãe medzea Mawu ŋu o. Meŋe aɖaba ƒu ‘nyatoƒoe si woto’ le Sodom kple Gomora ŋu dzi o ke boŋ etsrɔ̃ du vɔ̃ɖi eve mawo. (Mose I, 18:20, 21; 19:24, 25) Le Yerusalem, le 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea megbe kpuie la, “liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome ɖe Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me.” Le esia ta, “ame wuieveawo” ɖɔ nɔnɔmea ɖo to ‘ŋutsu adre siwo ŋu ɖaseɖiɖi nyui le’ la ɖoɖo nuɖuɖu mama ‘dɔ vevi’ la nu me. (Dɔwɔwɔwo 6:1-6) Hamemegã siwo li egbea ‘maku to ɖe’ nyatoƒoe siwo sɔ ‘me’ o. (Lododowo 21:13) Eye le esi teƒe be hamemegãwo nanɔ nu ƒom tsi tre ɖe hati tadeagulawo ŋu la, ele be woƒe nyagbɔgblɔ nade dzi ƒo ahatu ame ɖo boŋ.—Korintotɔwo I, 8:1.

14. Be míate ŋu aɖe mía ɖokui ɖa tso liʋiliʋilili ŋu la, nɔnɔme kae hiã vevie?

14 Ehiã be mí katã míate mía ɖokui ɖa tso liʋiliʋilili gbɔ, elabena nyatoƒoetoto ƒe gbɔgbɔ gblẽa nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me. Nɔnɔme sia agblẽ míaƒe ɖekawɔwɔ dome. Ðe eteƒe la, mina míaɖe mɔ na gbɔgbɔ kɔkɔea be wòatu lɔlɔ̃ ɖo ɖe mía me. (Galatiatɔwo 5:22) Nuwɔwɔ ɖe ‘lɔlɔ̃ ƒe fiasedede’ la nu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ Yehowa subɔm aduadu.—Yakobo 2:8; Korintotɔwo I, 13:4-8; Petro I, 4:8.

Nɔ Ŋudzɔ Ðe Ameŋugbegblẽ Ŋu

15. Aleke nàde vovototo amenyagbɔgblɔ kple ameŋugbegblẽ domee?

15 Esi wònye be liʋiliʋilili ate ŋu akplɔ ame ade amenyagbɔgblɔ si gblẽa nu me ta la, ele be míakpɔ nyuie le nya si míegblɔna ŋu. Amenyagbɔgblɔe nye amewo kple woƒe nuwɔnawo ŋu nya gbɔgblɔ. Gake ameŋugbegblẽ enye alakpanya si wogblɔna be woatsɔ agblẽ ame bubu ŋui. Nya siawo ƒomevi vɔ̃ɖi eye mesɔ be Mawu subɔlawo nagblɔ wo o. Eyata Mawu gblɔ na Israel-viwo be: “Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o.”—Mose III, 19:16.

16. Nya kae Paulo gblɔ tso amenyagblɔla aɖewo ŋu, eye aleke wòle be eƒe aɖaŋuɖoɖoa nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

16 Esi wònye amenyagbɔgblɔ ate ŋu ava zu ameŋugbegblẽ ta la, Paulo ƒo nu tsi tre ɖe amenyagblɔla aɖewo ŋu. Le nuƒoƒo tso ahosi siwo ŋu wòdze be hamea nakpe ɖo ŋu megbe la, eyɔ ahosi siwo “[srɔ̃] kuviawɔwɔ hã henɔa tsatsam tso aƒeme yi aƒeme; eye menye kuvia ɖeɖeko wowɔna o, ke boŋ wonye nu kpoloe ƒolawo kple yakanuwɔlawo hã henɔa nya madzetowo gblɔm.” (Timoteo I, 5:11-15) Ne Kristotɔ nyɔnu aɖe kpɔe be nukpoloeƒoƒo si ate ŋu ava zu ameŋugbegblẽ nye gbɔdzɔgbɔdzɔ na ye la, anyo be wòawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be, ‘wòalé eɖokui nyuie, wòaganye ameŋugblẽla o.’ (Timoteo I, 3:11) Ẽ, ele be Kristotɔ ŋutsuwo hã nanɔ ŋudzɔ ɖe ameŋugbegblẽ ŋu.—Lododowo 10:19.

Midzudzɔ Ʋɔnudɔdrɔ̃!

17, 18. (a) Nukae Yesu gblɔ ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ mía nɔviwo ŋu? (b) Aleke míate ŋu awɔ Yesu ƒe nya siwo ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu la ŋudɔe?

17 Ne míegblẽ ame aɖeke ŋu o hã la, ɖewohĩ ahiã be míadze agbagba vevie be míaƒo asa na ʋɔnudɔdrɔ̃ amewo. Yesu ƒo nu tsi tre ɖe nɔnɔme ma ŋu esime wògblɔ be: “Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatsɔ adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã. Ke nuka wɔ nèkpɔa ati fefe, si ɖo nɔviwò ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la, mèdzea si eya o mahã? Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ati fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nàkpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.”—Mateo 7:1-5.

18 Mele be míate kpɔ be míaɖe “ati fefe” le mía nɔvi ƒe ŋku dzi esime kpɔɖeŋu ƒe “atikpo” aɖe le kplamatse dom ŋutete si le mía ŋutɔwo si be míadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe la o. Le nyateƒe me la, ne míese alesi gbegbe Mawu nye nublanuikpɔlae me la, madzro mí be míadrɔ̃ ʋɔnu míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo o. Aleke míate ŋu ase nu gɔme na wo abe alesi míaƒe Dziƒofofoa wɔnɛ ene? Mewɔ nuku o be Yesu xlɔ̃ nu mí be ‘míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mí o’! Ele be mía ŋutɔwo ƒe blibomademade dadakpɔ anukwareɖiɖitɔe naxe mɔ na mí be míagadrɔ̃ ʋɔnu siwo Mawu abu be mele dzɔdzɔe o.

Wo Gbɔdzɔ Gake Wodze na Bubu

19. Aleke wòle be míabu haxɔsetɔwoe?

19 Ne míeɖoe kplikpaa be míasubɔ Mawu aduadu kple haxɔsetɔwo la, menye ʋɔnudɔdrɔ̃ wo koe míaƒo asa na o. Míatre wo bubu. (Romatɔwo 12:10) Le nyateƒe me la, míadi nusiwo aɖe vi na wo, menye mía ŋutɔwo tɔ o, eye míatsɔ dzidzɔ awɔ dɔ suesuewo ɖe wo nu. (Yohanes 13:12-17; Korintotɔwo I, 10:24) Aleke míate ŋu alé nɔnɔme nyui sia me ɖe asii? To ŋkuɖoɖo edzi ɣesiaɣi be xɔsetɔ ɖesiaɖe xɔ asi le Yehowa ŋkume eye be míehiã mía nɔewo, abe alesi ko ŋutinuawo dometɔ ɖesiaɖe ku ɖe bubuawo ŋui ene me.—Korintotɔwo I, 12:14-27.

20, 21. Gɔmesese kae le Timoteo II, 2:20, 21 me nyawo ŋu na mí?

20 Enye nyateƒe be Kristotɔwo nye anyigoe beli siwo wode subɔsubɔdɔ xɔasia asi na. (Korintotɔwo II, 4:7) Nenye be míawɔ dɔ kɔkɔe sia wòanye kafukafu na Yehowa la, ele be tenɔnɔ si ŋu bubu le nanɔ mía si le eyama kple Via ŋkume. Ne míele dzadzɛ le ŋutilã kple gbɔgbɔ me koe bubu akpɔtɔ anɔ mía ŋu Mawu nazã. Paulo ŋlɔ le esia ŋu be: “Le aƒe gã me la menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖekoe nɔnɛ o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔnɛ, ɖewo li bubu le wo ŋu, ɖewo li bubu mele wo ŋu o. Eyata ne ame aɖe klɔ eɖokui keŋ tso nu mawo me la, anye goe, si ŋu bubu le, si ŋuti kɔ, si nyo na aƒeatɔ ƒe ŋudɔwɔwɔ, si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 2:20, 21.

21 Amesiwo menɔa agbe ɖe Mawu ƒe didiwo nu o la enye ‘goe siwo ŋu bubu mele o.’ Gake ne míenɔ agbe abe mawusubɔlawo ene la, ‘míanye goe, siwo ŋu bubu le, siwo ŋuti kɔ, alo ɖe vovo hena Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ, kple esiwo wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ Eyata anyo be míabia mía ɖokui be: ‘“Goe, si ŋu bubu le” ye menyea? Ðe mekpɔa ŋusẽ nyui ɖe haxɔsetɔwo dzia? Ðe menye hamea me tɔ si wɔa dɔ aduadu kple haxɔsetɔwoa?’

Miyi Edzi Miatsɔ Nusɔsɔ Asubɔe

22. Nukae woate ŋu atsɔ Kristo-hamea asɔ kplii?

22 Kristo-hamea le abe ƒome ƒe ɖoɖoa ene. Lɔlɔ̃, kpekpeɖeŋu, kple dzidzɔ ƒe nɔnɔme nɔa ƒome aɖe me ne emetɔwo katã subɔa Yehowa. Ame vovovo siwo si amenyenye vovovowo le ate ŋu anɔ ƒome ɖeka me, gake ɖoƒe si ŋu bubu le le wo dometɔ ɖesiaɖe si. Alea tututue nɔnɔmea le le hamea me. Togbɔ be mí katã míele vovovo—eye míede blibo o—hã la, Mawu he mí ɖe eɖokui ŋu to Kristo dzi. (Yohanes 6:44; 14:6) Yehowa kple Yesu lɔ̃ mí, eye abe ƒome wɔɖeka ene la, ele kokoko be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo.—Yohanes I, 4:7-11.

23. Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ahaɖo kplikpaa be míawɔ?

23 Kristo-hamea si le abe ƒome ene la hã nye afisi wòsɔ be míakpɔ mɔ be míakpɔ nuteƒewɔwɔ le. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mele didim bena, ŋutsu nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikeke aɖeke manɔmee.” (Timoteo I, 2:8) Eyata Paulo yɔ nuteƒewɔwɔ tɔ ɖe dutoƒo gbedodoɖa “le afisiafi” si Kristotɔwo kpe ta ɖekae le ŋu. Ŋutsu nuteƒewɔlawo koe wòle be woanɔ hamea teƒe ado gbe ɖa le dutoƒo. Le nyateƒe me la, Mawu kpɔa mɔ be mí katã míawɔ nuteƒe na ye kple na mía nɔewo. (Nyagblɔla 12:13, 14) Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míawɔ dɔ aduadu ɖekae, abe ŋutinuwo ene. Mina míasubɔ ɖekae abe Yehowa ƒe tadeagulawo ƒe ƒomea ƒe akpa aɖe ene. Ƒo wo katã ta la, mina míaɖo ŋku edzi be míehiã mía nɔewo eye Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahayra mí ne míeyi edzi tsɔ nusɔsɔ subɔ Yehowae.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae kpena ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu be wotsɔa nusɔsɔ subɔnɛ?

• Nukatae Kristotɔwo ƒoa asa na ameŋkumekpɔkpɔ?

• Nukae nàgblɔ be egblẽ le liʋiliʋilili ŋu?

• Nukatae wòle be míade bubu haxɔsetɔwo ŋu tsɔ wu be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m wo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Petro de dzesii be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o”

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Enya nusitae Mawu bɔbɔ Miryam ɖe anyia?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Kristotɔ nuteƒewɔlawo tsɔa nusɔsɔ subɔa Yehowa kple dzidzɔ