Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tadeaguƒewo—Ðe Míehiã Woa?

Tadeaguƒewo—Ðe Míehiã Woa?

Tadeaguƒewo—Ðe Míehiã Woa?

‘Kɔkɔeƒedela akpe gbogbo siwo do awu siwo nya kpɔ tso dukɔa ƒe akpa vovovowo, Indiatɔwo ƒe ƒuƒoƒowo le ɣe siwo woɖuna le wo de hafi Spaintɔwo va dze wo dzi la ɖum ɖe ʋuƒoƒowo dzi, eye tadeagula veviedonula siwo le agbagba dzem be yewoata ato amehawo dome ayi ɖe vɔsaxɔ me la yɔ gbedoxɔa ŋgɔ kple ablɔ siwo ƒo xlã gbedoxɔa dzi.’

ALEAE nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Economista ɖɔ ameha gã aɖee le December 2001 me. Ɣemaɣi la, ame miliɔn etɔ̃ lɔƒo ɖi tsa yi gbedoxɔ si le Mexico City me ɖaɖe xɔse si le wo si ɖe Ðetugbi Nɔaƒe Guadalupe me fia. Amedzro geɖe srãa gbedoxɔ bubuwo, abe Ame Kɔkɔe Peter ƒe Gbedoxɔ si le Rome ene, hã kpɔna.

Gbedoxɔwo xɔa nɔƒe vevi aɖe le ame geɖe siwo dina be yewoasubɔ Mawu la ƒe dzime. Maria si tso Brazil gblɔ be: “Nye la, gbedoxɔa nye afisi mate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli le. Enye teƒe kɔkɔe. Mexɔe se be gbedoxɔ me yiyi klɔa luʋɔ la ŋu eye be Misa mayimayi kple nuvɔ̃ me maʋumaʋu Kwasiɖa ɖesiaɖe nye nuvɔ̃.” Consuelo si tso Mexico gblɔ be: “Gbedoxɔa nyɔa seselelãme deto aɖe ɖe menye; medea asixɔxɔ eŋu vevie. Ne mele afima la, ewɔna nam abe dziƒoe mele ene.”

Togbɔ be ame aɖewo dea asixɔxɔ tadeaguƒewo ŋu hã la, ame bubuwo ya kea ɖi be womehiã o. Esi Peter Sibert, si nye Katoliko-nunɔla aɖe si le England nɔ nu ƒom tso nusitae ame ʋɛ aɖewo koe dea sɔleme ŋu la, egblɔ be: “[Amewo] tiaa subɔsubɔ ƒe akpa si dzɔa dzi na wo. Ame tsitsi gbogbo aɖewo nye Katolikotɔwo eye wonɔa agbe ɖe enu—gake sɔhɛwo metsɔ ɖeke kura le eme o.” London ƒe Daily Telegraph, November 20, 1998 tɔ, gblɔ be: “Tso ƒe 1979 me ke la, wodzudzɔ gbedoxɔ 1,500 lɔƒo zazã le England ne wotsɔe sɔ kple gbedoxɔ 495 siwo zãm wole kple 150 siwo wogbugbɔ tu la.”

Le ƒe 1997 me la, Munich, Germany, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: “Gbedoxɔwo trɔ zu sinimaxɔwo kple xɔdɔmewo: Xɔsetɔwo megale sɔleme dem o, wole tadeaguƒewo trɔm zu nu bubuwo wɔƒee. . . . Nusi le dzɔdzɔm le Netherlands alo le England la kee le dzɔdzɔm le Germany.” Egblɔ kpee be: “Woate ŋu akpɔ gbedoxɔ siwo ade 30 alo 40 siwo wodzra le ƒe ʋɛ siwo va yi me la le Germany.”

Ðe gbedoxɔwo hiã kokoko le tadedeagu na Mawu mea? Ðe gbedoxɔ kple sɔlemexɔ gã nyadriwo ƒe kpɔɖeŋu aɖe le Ŋɔŋlɔawo mea? Xɔ kawo ƒomevie wonya be woawo mee wodea ta agu na nyateƒe Mawu gbagbe la le? Nukae míate ŋu asrɔ̃ le wo ŋu tso nusitae tadeaguƒewo hiã kple nusi wòle be woawɔ le afima ŋu?