Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuisinusɔsrɔ̃ Si Dzraa Mí Ðo Be Míanye Nufiala Bibiwo

Ðokuisinusɔsrɔ̃ Si Dzraa Mí Ðo Be Míanye Nufiala Bibiwo

Ðokuisinusɔsrɔ̃ Si Dzraa Mí Ðo Be Míanye Nufiala Bibiwo

“De ŋugble le nusiawo ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le amewo katã ŋku me. Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi ɣesiaɣi.”—TIMOTEO I, 4:15, 16, NW.

1. Ƒomedodo kae le ɣeyiɣi kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ dome?

BIBLIA gblɔ le Nyagblɔla 3:1 be: “Ɣeyiɣi li na nusianu.” Alea tututue wòle le ɖokuisinusɔsrɔ̃ gome. Esesẽna na ame geɖewo be woade ŋugble le gbɔgbɔmenuwo ŋu ne ɣeyiɣia kple teƒea mesɔ o. Le kpɔɖeŋu me, le ŋkekea ƒe hloloetsotso kple fiẽnu nyui aɖe ɖuɖu megbe la, ɖe nàse le ɖokuiwò me be yeasrɔ̃ nu, vevietɔ ne ènɔ wò zikpui bɔbɔe si me nèlɔ̃a anyinɔnɔ ɖo hekpɔa television la mea? Edze abe manya wɔ o ene. Eyata nukae ana wòanya wɔ? Eme kɔ be ele be míatia ɣeyiɣi si me míasrɔ̃ nu kple afisi míasrɔ̃e le ale be míakpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso míaƒe agbagbadzedzewo me.

2. Ɣeyiɣi kae dea ame dzi wu zi geɖe na ɖokuisinusɔsrɔ̃?

2 Ame geɖe kpɔe be ɣeyiɣi si dea yewo dzi wu hena nusɔsrɔ̃ enye ŋdi kanya esime nu boo aɖeke mexɔ susume na yewo haɖe o. Ame aɖewo zãa ŋdɔme ɖiɖiɖemeɣi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nusɔsrɔ̃. De dzesi alesi woƒo nu tso ɣeyiɣi hena gbɔgbɔmedɔ veviwo wɔwɔ ŋu le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me. Blema Israel-fia Dawid ŋlɔ bena: “Na mase wò amenuveve le ŋdi, elabena ŋuwò mele ŋu ɖom ɖo; ɖe mɔ, si mato la fiam, elabena wòe mewu nye luʋɔ dzi na.” (Psalmo 143:8) Nyagblɔɖila Yesaya ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ma tɔgbe fia esime wògblɔ be: “Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene.” Nya lae nye be, ele be míasrɔ̃ nu ahaƒo nu kple Yehowa le ɣeyiɣi si me míaƒe susu le ŋute me, ɣeyiɣi ka ke mee wòanyo le ŋkekea me o.—Yesaya 50:4, 5; Psalmo 5:4; 88:14.

3. Nɔnɔme kawoe dea ame dzi hena nusɔsrɔ̃ si ɖea vi?

3 Nu bubu si hiã hena ɖokuisinusɔsrɔ̃ si ɖea vi enye be mele be míanɔ zikpui bɔbɔe me o. Menana wonɔa ŋute o. Ne míele nu srɔ̃m la, ele be míaƒe susu nanɔ ŋute, eye edze abe ne ŋutilãa nɔ teƒe si dzidzeme le akpa la, susua mete ŋu nɔa ŋute o ene. Nu bubu si hã dea ame dzi na nusɔsrɔ̃ kple ŋugbledede enye teƒe si ɖoɖoezizi le, si susuhenuwo mebɔ ɖo o. Agbagbadzedze be woasrɔ̃ nu esime ame ƒe susu le radio, television, alo ɖeviwo ŋu maɖe vi boo o. Esime Yesu di be yeade ŋugble la, eɖe eɖokui ɖe aga yi teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le. Azɔ hã eƒo nu tso alesi wòle vevie be woadi teƒe si ɖoɖoezizi le hena gbedodoɖa ŋu.—Mateo 6:6; 14:13; Marko 6:30-32.

Ðokuisinusɔsrɔ̃ si Dzraa Mí Ðo Hena Nyaŋuɖoɖo

4, 5. Mɔ kawo nue Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa kpena ɖe ame ŋu ŋutɔŋutɔ le?

4 Ðokuisinusɔsrɔ̃ ɖea vi ne míezã Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovowo be míate ŋu aku nyatia me wòade to, vevietɔ kple susu be míaɖo nya siwo ame aɖe bia kple susu nyui la ŋu. (Timoteo I, 1:4; Timoteo II, 2:23) Ame yeye geɖe tsɔ agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si?, * si le gbegbɔgblɔ 261 me la, le nusɔsrɔ̃ gɔme dzemee. Enye agbalẽ bɔbɔe ŋutɔ aɖe, gake eyi nyati siwo ŋu wòƒo nu tsoe, siwo dometɔ ɖesiaɖe wotu ɖe Biblia dzi la gbɔ tẽ. Ekpena ɖe exlẽlawo ŋu be woase nusi Mawu di tso nyateƒe tadeagulawo si la gɔme kaba. Ke hã, esi wònye agbalẽ gbadza ko wònye ta la, mate ŋu adzro nyati ɖesiaɖe me tsitotsito o. Ne wò Biblia-nusrɔ̃vi bia nya sesẽ aɖewo tso Biblia me nyati si me dzrom miele ŋu la, aleke nàwɔ ake ɖe Biblia me nyatakaka bubu siwo aɖo eƒe biabia mawo ŋu la ŋuti?

5 Le amesiwo si Watchtower Library si le CD-ROM dzi le le wo degbe me gome la, ele bɔbɔe be woadi nyatakakawo le agbalẽ vovovowo me le kɔmpiuta dzi. Ke amesiwo si mɔ̃ sia mele o ya ɖe? Mina míadzro nyati eve siwo me wodzro le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me la me, be míakpɔ alesi míate ŋu adzi míaƒe nugɔmesese ɖe edzi ahate ŋu aɖo nya ŋu wòade toe—vevietɔ ne ame aɖe bia nya abe, amekae nye Mawu, kple ameka ƒomevi tututue Yesu nye? ene la me.—Mose II, 5:2; Luka 9:18-20; Petro I, 3:15.

Amekae Nye Mawu?

6, 7. (a) Biabia kae fɔ ɖe te ku ɖe Mawu ŋu? (b) Nya vevi kae osɔfo aɖe bu le nuƒo aɖe me?

6 Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe Nusɔsrɔ̃ 2 lia ɖo nyabiabia vevi si nye Amekae Nye Mawu? ŋu. Nya sia le vevie ŋutɔ le nusɔsrɔ̃ me elabena ne ame menya Mawu vavã la o alo ɖewohĩ wòkea ɖi Eƒe anyinɔnɔ la, mate ŋu asubɔe o. (Romatɔwo 1:19, 20; Hebritɔwo 11:6) Gake nukpɔsusu gbogbo aɖewoe le amewo si le xexeame godoo tso amesi Mawu nye ŋu. (Korintotɔwo I, 8:4-6) Subɔsubɔha ɖesiaɖe kple alesi wòɖoa amesi Mawu nye ƒe biabia la ŋui. Le Kristodukɔa me la, subɔsubɔha akpa gãtɔ bu be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye. United States subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ aɖe ƒo nuƒo aɖe si woɖo tanya na be “Ènya Mawua?” gake meyɔ Mawu ƒe ŋkɔ zi ɖeka pɛ hã le eƒe nuƒoa me o, togbɔ be eyɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi geɖe hã. Ele eme be Biblia gɔmeɖeɖe si zã “Aƒetɔ” si gɔme woate ŋu ase le mɔ vovovowo nu eye metɔ asi ame aɖeke ƒe ŋkɔ dzi tẽ abe Yehowa alo Yahweh ene o mee wòxlẽ nyawo tsoe ya.

7 Aleke gbegbee osɔfo ma bu nya vevi aɖee nye si, esime wòxlẽ Yeremya 31:33, 34 be: “Ame aɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: “Dze si Aƒetɔ la” [Hebri Ŋɔŋlɔa, “Dze si Yehowa”] o, elabena wo katã woadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Aƒetɔ lae [Hebri Ŋɔŋlɔa, Yehowa] gblɔe.” Mawu ƒe ŋkɔ tɔxɛ, Yehowa, medze le Biblia gɔmeɖeɖe si wòzã la me o.—Psalmo 103:1, 2.

8. Nukae ɖe Mawu ƒe ŋkɔ zazã ƒe vevienyenye fia?

8 Psalmo 8:10 ɖe nusita Yehowa ƒe ŋkɔ zazã le vevie ŋutɔ la fia ale: “Yehowa, mía Aƒetɔ, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!” Tsɔ gɔmeɖeɖe ma sɔ kple esia: “Oo AƑETƆ, míaƒe Aƒetɔ, aleke gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo dzii enye si!” (King James Version; kpɔ The New American Bible, The Holy Bible—New International Version, Tanakh—The Holy Scriptures hã) Gake, abe alesi míegblɔe le nyati si do ŋgɔ mee ene la, míaƒe asi ate ŋu atu ‘Mawu ŋuti sidzedze’ ne míeɖe mɔ eƒe Nya kɔ nu me na mí. Gake Biblia-srɔ̃gbalẽ kae ate ŋu aɖo biabia siwo le mía si tso Mawu ƒe ŋkɔ ƒe vevienyenye ŋu la ŋu na mí tẽ?—Lododowo 2:1-6.

9. (a) Agbalẽ kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe Mawu ƒe ŋkɔa zazã ƒe vevienyenye gɔme? (b) Aleke gbegɔmeɖela geɖe do kpo bubudede Mawu ƒe ŋkɔ ŋui?

9 Míate ŋu atrɔ ɖe agbalẽ gbadza si nye The Divine Name That Will Endure Forever, si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ 69 me la ŋu. * Akpa si ƒe tanya nye “God’s Name—Its Meaning and Pronunciation” (Mawu ƒe Ŋkɔ—Egɔmesese Kple Eyɔyɔ) (axa 6-11) ɖee fia kɔte be Hebrigbe me Ŋɔŋlɔdzesi Ene Siwo Wotsɔ Ŋlɔa Mawu ƒe Ŋkɔe (“ŋɔŋlɔdzesi ene” le Helagbe ƒe gɔmesese nu) la dze zi gbɔ zi 7,000 kloe le Hebrigbe me ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me. Gake subɔsubɔhakplɔlawo kple Yuda-subɔsubɔ kpakple Kristodukɔa ƒe gbegɔmeɖelawo ɖoe koŋ ɖee le woƒe Biblia gɔmeɖeɖe akpa gãtɔ me. * Ðe woate ŋu agblɔ be yewonya Mawu eye ƒomedodo nyui le yewo kplii dome ne wogbe eƒe ŋkɔ tsɔtsɔ ayɔea? Eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ʋua mɔ hena eƒe tameɖoɖowo kple amesi wònye la gɔmesese. Gakpe ɖe eŋu la, asixɔxɔ vavã kae anɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu gbedodoɖa si nye “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” la ŋu ne womezãa Mawu ƒe ŋkɔa gɔ̃ hã o?—Mateo 6:9; Yohanes 5:43; 17:6.

Amekae Nye Yesu Kristo?

10. Mɔ ka nue míato akpɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔ ŋuti nuŋlɔɖi deto?

10 Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe Nusɔsrɔ̃ 3 lia ƒe tanya enye “Amekae Nye Yesu Kristo?” Eƒo nu tso Yesu, afisi wòtso, kple tameɖoɖo si ta wòva anyigba dzi ɖo la ŋu kpokploe le memama ade pɛ ko me. Gake ne èdi eƒe agbenɔnɔ ŋutinya deto la, nuŋlɔɖi bubu aɖeke megali—le Nyanyuigbalẽawo ŋutɔ megbe—si nyo wu Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa si le gbegbɔgblɔ 111 me o.* Kristo ƒe agbenɔnɔ kple nufiafia ŋuti nuŋlɔɖi deto si wotu ɖe Nyanyuigbalẽ eneawo dzi, si woɖo ɖe ɖoɖo si nu nuawo dzɔ le nu, la le agbalẽ sia me. Eƒe ta 133-awo ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu. Ne èdi eƒe agbenɔnɔ ŋuti numedzodzromɔnu bubu la, àte ŋu akpɔ Insight, Babla 2 lia, le tanya si nye “Jesus Christ” te.

11. (a) Nukae na Yehowa Ðasefowo to vovo le woƒe dzixɔse tso Yesu ŋu me? (b) Mawunyakpukpui siwo ɖee fia wòdze ƒã be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia nye aʋatso la dometɔ aɖewo ɖe, eye agbalẽ kae akpe ɖe mía ŋu le nya sia me kuku me?

11 Nyaʋiʋliwo yia edzi le Kristodukɔa me tso Yesu ŋu, be eyae nye “Mawu ƒe Vi la” heganye “Mawu, Vi la” hã—ne míagblɔe bubui la, nyaʋiʋlia ku ɖe nusi Catechism of the Catholic Church yɔ be “Kristotɔwo ƒe xɔse ƒe nyateƒenya ɣaɣla vevi la,” si nye Mawuɖekaetɔ̃ la ŋu. To vovo na Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo la, Yehowa Ðasefowo xɔe se be Mawue wɔ Yesu, ke Yesu menye Mawu o. Agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ 95 me la, dzro nyati sia me nyuie. * Mawunyakpukpui gbogbo siwo wòzã tsɔ ɖee fia be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia nye aʋatso la dometɔ aɖewoe nye Marko 13:32 kple Korintotɔwo I, 15:24, 28.

12. Nyabiase bubu ka mee wòle be míadzro?

12 Numedzodzro si míewɔ fifia tso Mawu kple Yesu Kristo ŋu la ɖe alesi míate ŋu awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple susu be míakpe ɖe amesiwo menya nu tso Biblia ƒe nyateƒea ŋu o la ŋu be sidzedze vavãtɔ nasu wo si la fia. (Yohanes 17:3) Ke amesiwo le ha dem kple Kristo-hamea ƒe geɖe ya ɖe? Esi Biblia me sidzedze geɖe su wo si ta la, ɖe wògahiã kokoko be woado vevie Yehowa ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ le wo ɖokui sia?

Nukatae ‘Wòle Be Míakpɔ Mía Ðokui Dzi Ɣesiaɣi’?

13. Nukpɔsusu masɔmasɔ kae ate ŋu anɔ ame aɖewo si ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu?

13 Ame aɖewo siwo le hamea me ƒe geɖe la ate ŋu ava nɔ ŋu ɖom ɖe Biblia me sidzedze si su wo si esime wova zu Yehowa Ðasefowo teti la ko ŋu. Ele bɔbɔe be woasusu be: “Mehiã be mado vevie nusɔsrɔ̃ abe ame yeyewo ene o. Mexlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ʋuu le ƒeawo me ɖe.” Esia asɔ kple gbɔgblɔ be: “Mehiã be malé fɔ ɖe nuɖuɖu ŋu boo fifia o, meɖu nu gbogbo aɖewo va yi ɖe.” Míenya be ŋutilãa hiã nunyiame tso nuɖuɖu nyui si woɖa nyuie la me edziedzi, be wòanɔ lãmesẽ kple ŋusẽ me. Aleke gbegbe wòhiã wui be míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ kple ŋusẽ mee nye si!—Hebritɔwo 5:12-14.

14. Nukatae wòhiã be míakpɔ mía ɖokui dzi ɣesiaɣi ɖo?

14 Eyata míeɖanye Biblia-nusrɔ̃viwo ɣeyiɣi didi alo míeɖanyee o, ehiã be mí katã míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo, si nye dzikpɔla tsitsi si dzi wokana ɖo xoxo la, dzi be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.” (Timoteo I, 4:15, 16) Nukatae wòle be míatsɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nya vevii? Ðo ŋku edzi be Paulo ɖee fia hã be míele kame tem kple “Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo” kpakple “vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me.” Eye apostolo Petro xlɔ̃ nu be Abosam le “ame dim, be yeavuvu ami,” eye “ame” ma ate ŋu anye mía dometɔ ɖesiaɖe. Míaƒe fɔmalémalé ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu kple mía ɖokui bubu be míenya nu geɖe xoxo ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ si tututu dim wòle atsɔ alé míi.—Efesotɔwo 6:11, 12; Petro I, 5:8.

15. Gbɔgbɔmetakpɔnu kae le mía si, eye aleke míate ŋu alé be nɛ?

15 Ke ametakpɔnu kawoe le mía si? Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene miate ŋu anɔ te le ŋkeke vɔ̃ la dzi, eye ne miewu wo katã nu vɔ la, miakpɔ tsitrenɔnɔ.” (Efesotɔwo 6:13) Menye alesi gbɔgbɔmeʋawɔnu ma nyo le gɔmedzedzea me ko dzie eƒe ametakpɔkpɔ anɔ te ɖo ɣesiaɣi o, ke boŋ anɔ te ɖe beléle nɛ edziedzi hã dzi. Eyata ele be Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu nakpe ɖe aʋawɔnu blibo ma si tso Mawu gbɔ la ŋu. Esia ɖe alesi wòle vevie be míanɔ ŋgɔ yim le nyateƒe, si Yehowa ɖena fiana to eƒe Nya kpakple dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe habɔbɔa dzi, la gɔmesese me la fia. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si edziedzi le vevie hena beléle na míaƒe gbɔgbɔmeʋawɔnua.—Mateo 24:45-47; Efesotɔwo 6:14, 15.

16. Nukae míate ŋu awɔ akpɔ egbɔ be míaƒe “xɔse ƒe akpoxɔnu” la le nɔnɔme nyui me?

16 Paulo ƒo nu tso míaƒe ametakpɔnua ƒe akpa vevi aɖe, si nye “xɔse ƒe akpoxɔnu,” si míate ŋu atsɔ atsi Satana ƒe aʋatsonutsotsowo kple xɔsegbegbenufiafiawo ƒe aŋutrɔ bibiawo nui la ŋu. (Efesotɔwo 6:16) Eyata ele vevie be míanɔ ŋku lém ɖe míaƒe xɔse ƒe akpoxɔnua ŋu akpɔ be ŋusẽ le eŋu ahakpɔ be afɔ kae míaɖe atrɔ asi le eŋu be ŋusẽ nanɔ eŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia be: ‘Dzadzraɖo kae mewɔna ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia sɔsrɔ̃ to Gbetakpɔxɔ zazã dzi la ŋu? Ðe mesrɔ̃ nua memie bena mate ŋu ato nyaŋuɖoɖo siwo ŋu mebu nyuie me ‘ade dzi ƒo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me’ le kpekpea mea? Ðe meʋua Biblia hexlẽa mawunyakpukpui siwo me nya womeŋlɔ ɖi o la? Ðe medea dzi ƒo na ame bubuwo to gomekpɔkpɔ le kpekpeawo me dzonɔamemetɔe mea?’ Gbɔgbɔmenu siwo míeɖuna la sesẽ, eye ehiã be míaɖui memie be wòaɖe vi na mí bliboe.—Hebritɔwo 5:14; 10:24.

17. (a) Aɖi ka zãmee Satana le le agbagbadzedze me be yeagblẽ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye dome? (b) Nukae nye Satana ƒe aɖi vɔ̃a nu tsinu?

17 Satana nya amegbetɔ madeblibowo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye ayemee wòwɔa eƒe nuwo le. Mɔ siwo dzi wòtona kakana eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖiawo dometɔ ɖekae nye amamaɖeɖenuwɔna siwo wòna wobɔ ɖe television, Internet, video, kple agbalẽwo me. Kristotɔ aɖewo ɖe mɔ aɖi sia ge ɖe woƒe ametakpɔnu si gbɔdzɔ me, eye wòna subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ge le wo si le hamea me alo he nya sesẽwo gɔ̃ hã va wo dzii. (Efesotɔwo 4:17-19) Nukae nye Satana ƒe gbɔgbɔmeɖi vɔ̃ɖia nu tsinu? Mele be míaɖe asi le Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi le mía ɖokui si, míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede, kple aʋawɔnu blibo si Mawu na mí la ŋu o. Nusiawo katã doa ŋusẽ mí be míate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome ahalé fu nusi Mawu lé fui.—Psalmo 97:10; Romatɔwo 12:9.

18. Aleke ‘gbɔgbɔ ƒe yi la’ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la mee?

18 Ne míelé Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi ƒe ɖoɖo me ɖe asi la, menye ametakpɔnu sesẽ koe Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze vavãtɔ si le mía si la anye na mí o, ke boŋ míanya alesi míazã ‘gbɔgbɔ ƒe yi, si nye Mawu ƒe nya la’ atsɔ aʋli mía ɖokui tae nyuie hã. Mawu ƒe Nya la “[ɖana] wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Efesotɔwo 6:17; Hebritɔwo 4:12) Ne míebi ɖe “yi” ma zazã me nyuie eye míedze ŋgɔ dodokpɔwo la, míate ŋu akpɔ nusiwo adze abe ɖe afɔku mele wo ŋu o ene, siwo adzro mí gɔ̃ hã la, adze sii ahanya be vɔ̃ɖitɔ la ƒe mɔ̃ vɔ̃ɖi wuamewoe wonye. Biblia me sidzedze kple gɔmesese si su mía si la akpe ɖe mía ŋu míatsri vɔ̃ ahawɔ nusi nyo. Eyata ehiã be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe nye yia ɖa loo alo etsi kpoa? Ðe wòsesẽna nam be maɖo ŋku mawunyakpukpui siwo mazã atsɔ atsi tetekpɔwo nui la dzia?’ Mina míalé mía ɖokui si Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui me ɖe asi bena míate ŋu atsi tre ɖe Abosam ŋu.—Efesotɔwo 4:22-24.

19. Viɖe kawoe míate ŋu akpɔ ne míelé fɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ ŋu?

19 Paulo ŋlɔ bena: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe [gbɔgbɔ] me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” Ne míewɔ ɖe nya siwo Paulo gblɔ na Timoteo dzi la, míate ŋu ado ŋusẽ mía ŋutɔwo míaƒe gbɔgbɔmemenyenye eye míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa wòaɖe vi wu. Hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla siwo nye gbɔgbɔmemewo ate ŋu aɖe vi na hamea geɖe wu, eye mí katã míate ŋu ali ke sesĩe ɖe xɔse la me.—Timoteo II, 3:16, 17; Mateo 7:24-27.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Zi geɖe la, Biblia-nusrɔ̃vi yeye si le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa srɔ̃m la ayi nusɔsrɔ̃a dzi le Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me, Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ evea siaa. Aɖaŋu siwo woɖo le agbalẽ sia me akpe ɖe ame ŋu wòaɖu gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ ŋuti mɔxenuwo dzi.

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae. Amesiwo si Insight on the Scriptures le le wo degbe me ate ŋu akpɔ Babla 2 lia, le tanya si nye “Jehovah” te.

^ mm. 9 Spain kple Catalonia Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ɖe dzesi ŋutɔ le alesi woɖe Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la gɔmee, woɖe egɔme be “Yavé,” “Yahveh,” “Jahvè,” kple “Jehová.”

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nɔnɔme kawoe nana ɖokuisinusɔsrɔ̃ ɖea vi?

• Vodada kae Biblia gɔmeɖela geɖe wɔ ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu?

• Mawunyakpukpui kawoe nàzã atsɔ aɖee fia be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia menye nyateƒe o?

• Míeɖanye nyateƒe Kristotɔwo ƒe geɖe o, nukae wòle be míawɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo mee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Be ɖokuisinusɔsrɔ̃ naɖe vi la, ele be nànɔ teƒe si sɔ, si susuhenuwo mebɔ ɖo o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Ðe wò ‘yia’ ɖa alo tsi kpoa?