Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dutanyanyuigblɔƒe Va Zu Mía De

Dutanyanyuigblɔƒe Va Zu Mía De

Agbemeŋutinya

Dutanyanyuigblɔƒe Va Zu Mía De

ABE ALESI DICK WALDRON GBLƆE ENE

Kwasiɖagbe ŋdɔ aɖe mee le September 1953 me. Míeva ɖo South-West Africa (si nye Namibia fifia) eteƒe medidi o. Míaƒe dukɔa me nɔnɔ mede kwasiɖa ɖeka o, eye eteƒe madidi o míawɔ dutoƒokpekpe le Windhoek, si nye fiadua me. Nukae kplɔ mí tso keke Australia ke va Afrika-dukɔ sia mee? Mía kple srɔ̃nye, hekpe ɖe ɖetugbi etɔ̃ ŋu, míenye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ƒe dutanyanyuigblɔla siwo va dukɔa me.—Mateo 24:14.

ANYIGBAA ƒe teƒe didi aɖe, le Australia, ye nye agbe dze egɔme le. Ƒe ɖedzesi ma, si nye ƒe 1914, mee wodzim. Nye sɔhɛmenɔɣi do go kple Ganyawo ƒe Sesẽ Gãa ƒe ɣeyiɣi la, eye ehiã be mawɔ tɔnye sinua akpe asi ɖe ƒomea ŋu le nuɖunyawo gome. Dɔwɔɖui aɖeke menɔ anyi o, gake metoa mɔ aɖe nu léa fɔmiziwo le gbe me, elabena wobɔ ɖe Australia ale gbegbe. Eyata nusi koŋ metsɔna kpea asi ɖe ƒomea ƒe nuɖunyawo ŋui enye fɔmizilã didi vɛ edziedzi.

Le xexemeʋa evelia dzɔɣi le ƒe 1939 me la, medze agbagba ke ɖe dɔ aɖe ŋu nɔ wɔwɔm le agbatsɔʋuwo kple bɔsuwo me le Melbourne-dugãa me. Ŋutsu siwo ade 700 ɖɔa li wo nɔewo le dɔwɔwɔ le bɔsuawo me, eye le dɔwɔla ƒe hatsotso ɖesiaɖe me la, medoa go ʋukula alo gaxɔla bubu. Mebiaa wo zi geɖe be, “Ha ka mee miele?” eye menaa woƒoa nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu nam. Amesi ko ƒe ŋuɖoɖo dze ŋunyee nye Yehowa Ðasefo aɖe. Eƒo nu tso Biblia me gbedasi si tso paradisonyigba ŋu, afisi Mawu-vɔ̃lawo anɔ tegbee la, ŋu nam.—Psalmo 37:29.

Ɣemaɣi la, danye hã do go Yehowa Ðasefowo. Zi geɖe ne megbɔ tso dɔme le fiẽ me la, nye nuɖuɖu nɔa lalanyem, eye magazine si nye Consolation (si nye Nyɔ! fifia) la kpena ɖe eŋu. Nusiwo mexlẽna la vivia nunye. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meƒo nya ta be subɔsubɔha vavãtɔae nye esia, eye meƒo ɖokuinye ɖe eme kple veviedodo geɖe hexɔ nyɔnyrɔ le May, 1940 me.

Le Melbourne la, aƒe aɖe li, si nye mɔɖelawo ƒe aƒeme, afisi Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla 25 nɔ. Meʋu yi ɖanɔ afima. Tso ŋkeke yi ŋkeke la, mesea woƒe gbeadzinuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo, eye didia ho ɖe menye be mazu wo dometɔ ɖeka. Mlɔeba mebia be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Woda asi ɖe edzi heyɔm be mava subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Australia lɔdzedɔwɔƒea. Ale wɔ meva zu Betel-ƒomea me tɔ.

Gaxɔmeyiyi Kple Mɔxeɖenu

Dɔ siwo mewɔ le Betel dometɔ ɖekae nye atidzedze. Le afima la, míelãa ati tsɔ mea aka wotsɔna wɔa mɔ̃memii. Ami siae alɔdzedɔwɔƒea ƒe ʋuwo zãna elabena mɔ̃memi nɔ vevem le aʋawɔɣia ŋutɔ. Mí ame 12 ye nɔ dɔ wɔm le atidzeƒea, eye wòlé mí katã sesẽe be míawɔ asrafodɔ. Eteƒe medidi o wotso afia na mí be míayi mɔ ɣleti ade esi míenɔ te ɖe Biblia dzi gbe be míawɔ asrafodɔ o ta. (Yesaya 2:4) Woɖo mí ɖe gamenɔlawo ƒe agble dzi be míaɖawɔ dɔ sesẽ. Dɔ kae wona mí be míawɔ? Nukutɔe la, atidzedzee wode asi na mí, dɔ sia tututu ƒe hehee wona mí míewɔna le Betel!

Míedzea atiaa wònya kpɔna na gaxɔdzikpɔlaa ale gbegbe be wòtsɔ Biblia kple míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo na mí, togbɔ be wode se sesĩe be womegatsɔ nusiawo na mí o hã. Ɣeyiɣi sia mee mesrɔ̃ nu vevi aɖe le anyinɔnɔ kple amewo le ŋutifafa me ŋu. Esime menɔ dɔ wɔm le Betel la, nɔviŋutsu aɖe nɔ anyi si ƒe nuwɔna medzea ŋunye gbeɖegbeɖe o. Mía kplii ƒe nɔnɔme mesɔ le mɔ aɖeke nu o. Amekae nèsusu be wode gaxɔ ɖeka me kplim? Nɔviŋutsu ma tututue. Fifia la, ɣeyiɣi su mía si míetsɔ nya mía nɔewoe nyuie, eye nusi do tso emee nye xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli si va ɖo mía kplii dome ɖaa.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le Australia. Woxɔ Habɔbɔa ƒe ga ɖesiaɖe, eye ga sue aɖe koe nɔ Betel–nɔviawo si. Gbeɖeka, wo dometɔ ɖeka va gbɔnye va gblɔ be: “Dick, medi be maɖaɖi ɖase le dua me, gake afɔkpa aɖeke mele asinye o, dɔwɔfɔkpa koe le asinye.” Enye dzidzɔ nam be makpe ɖe eŋu, ale metsɔ nye afɔkpa nɛ wòdo tsɔ yi dua mee.

Emegbe mese be wolée hedee gaxɔ me ɖe gbeƒãɖeɖe ta. Meŋlɔ lɛta kpuie aɖe ɖo ɖee enumake be: “Ete ɖe dzinye na wò. Gake dzi dzɔm be menye nyee do afɔkpaa o.” Gake eteƒe medidi o wolé nye hã hedem mɔ zi evelia ɖe akpaɖekedzimademade ta. Le asiɖeɖe le ŋunye megbe la, dɔ si wode asinyee nye agble si me Betel-ƒomea ƒe nuɖuɖu tsona la dzi kpɔkpɔ. Ɣemaɣi la, ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me wòde mía dzi, eye woɖe mɔxeɖenua ɖa le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi.

Meɖe Nyanyuigblɔla Dovevienu Aɖe

Esime menɔ agblea dzi la, mete srɔ̃ɖeɖe ŋu bubu vevie, eye mɔɖela ɖetugbi aɖe, si ŋkɔe nye Coralie Clogan ƒe nu va lé dzi nam. Coralie mamae nye ame gbãtɔ le woƒe ƒomea me si va tsɔ ɖe le Biblia ƒe gbedasia me. Esi wònɔ kuba dzi la, egblɔ na Coralie dada, Vera bena: “He viwòwo be woalɔ̃ Mawu ahasubɔe bena míado go gbeɖeka le Paradisonyigbaa dzi.” Emegbe esi mɔɖela aɖe va Vera ƒe ʋɔtru nu hetsɔ agbalẽvi si nye Millions Now Living Will Never Die (Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O) nɛ la, nya siwo dadaa gblɔ nɛ la me te kɔkɔ nɛ. Agbalẽvia na Vera se egɔme be enye Mawu ƒe tameɖoɖo be ameƒomea nanɔ agbe le paradisonyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 21:4) Exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1930-awo me, eye abe alesi dadaa de dzi ƒo nɛ ene la, ekpe ɖe vianyɔnuvi etɔ̃awo—Lucy, Jean, kple Coralie—ŋu wotu lɔlɔ̃ ɖo na Mawu. Gake Coralie fofo tsi tre ɖe eƒe ƒomea ƒe mawusubɔsubɔ ŋu vevie, abe alesi Yesu xlɔ̃ nui be ate ŋu adzɔ le ƒomewo mee ene.—Mateo 10:34-36.

Haƒolawoe Clogan ƒe ƒomea me tɔwo nye; ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe ƒoa haƒomɔ̃ aɖe. Coralie ƒoa violin, eye le ƒe 1939 me esime wòxɔ ƒe 15 la, exɔ ɖaseɖigbalẽ si fia be enye haƒola bibi. Xexemeʋa II ƒe dzɔdzɔ na Coralie bu eƒe etsɔme ŋu vevie. Ɣeyiɣia de be wòawɔ nusi wòdi be yeatsɔ yeƒe agbe awɔe ŋuti nyametsotso. Nyametsotso evee dze ŋgɔe, ɖekae nye mɔnukpɔkpɔ si li be wòatsɔ haƒoƒo awɔ eƒe agbemedɔe. Wokpee va yi gɔ̃ hã xoxo be wòanɔ Melbourne Haƒoha me. Eveliae nye be, mɔnukpɔkpɔ li be wòazã eƒe ɣeyiɣi ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋu. Le ŋugbledede le nyaa ŋu vevie megbe la, Coralie kple nɔvianyɔnu eveawo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1940 me hewɔ dzadzraɖo be yewoage ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa me.

Esi Coralie ɖoe be yeage ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me megbe kpuie la, nɔviŋutsu tsitsi aɖe si dzi agbanɔamedzi kpekpewo le le Australia-lɔdzedɔwɔƒea, si ŋkɔe nye Lloyd Barry, si va nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhaa me tɔ emegbe la, te ɖe eŋu. Eva ƒo nuƒo aɖe le Melbourne, eye wògblɔ na Coralie be: “Metrɔ yina Betel. Nukatae màɖo ketekea kplim ava wɔ dɔ kple Betel-ƒomea o?” Elɔ̃ faa xɔ amekpekpea.

Coralie kple nɔvinyɔnu bubu siwo nɔ Betel-ƒomea me wɔ akpa vevi aɖe le Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖoɖo ɖe nɔviawo le Australia le aʋawɔɣi si woxe mɔ ɖe dɔa nu la me. Woawo koŋue ta agbalẽawo ƒe akpa gãtɔ le Nɔviŋutsu Malcolm Vale ƒe dzikpɔkpɔ te. Ɣemaɣi la, wotaa agbalẽ siwo nye The New World kpakple Children heblaa wo, eye le ƒe eve kple edzivɔ siwo me mɔxeɖenua nɔ anyi me la, Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖeka pɛ hã meto wo ŋu matamatae o.

Ehiã be woaɖe agbalẽtaƒea ayi teƒe vovovo 15 lɔƒo, be kpovitɔwo nagade dzesii o. Le nudzɔdzɔ aɖe me la, wonɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam le xɔtexɔ aɖe si me wotaa agbalẽ bubuwo le wònyea ŋkumeɖonu la me. Nɔvinyɔnu aɖe le amedzroxɔƒea si ƒoa ga aɖe si ɖina le xɔtexɔa me ne afɔku aɖe gbɔna, ale be nɔvinyɔnu siwo le afima la nate ŋu adzra míaƒe agbalẽwo ɖo hafi numekalawo naɖo afima.

Le numekaka siawo dometɔ ɖeka me la, dzidzi ƒo nɔvinyɔnu aɖewo ale gbegbe esime woƒe ŋku kli Gbetakpɔxɔ ɖeka wònɔ dzedzem gaglã le kplɔ̃a dzi. Kpovitɔa ge ɖe xɔa me hetsɔ eƒe akplo da ɖe Gbetakpɔxɔ la dzi hete nuawo me kaka. Esi mekpɔ naneke o la, etsɔ eƒe akploa hedo go!

Esi woɖe mɔxeɖenua ɖa heɖe asi le alɔdzedɔwɔƒea ŋu na nɔviawo la, wona mɔnukpɔkpɔ wo dometɔ geɖe be woayi gbeadzi anye mɔɖela veviwo. Ɣemaɣie Coralie ŋutɔ bia be yeayi Glen Innes. Mewɔ ɖeka kplii le afima esime míeɖe mía nɔewo le January 1, 1948 dzi. Kaka míadzo le afima la, woɖo hame ɖe afima eye wònɔ dzidzedze kpɔm.

Teƒe bubu si woɖo mí ɖoe nye Rockhampton, gake míekpɔ xɔ le afima o. Eyata míetu avɔgbadɔ ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ƒe agble dzi. Avɔgbadɔ mae va nye míaƒe aƒeme ɣleti asieke sɔŋ. Anye ne míanɔ eme wòadidi wu ema hafi, gake esi tsidzaŋɔli ɖo la, ahom sesẽ aɖe vuvu avɔgbadɔa, eye tsi gã aɖe dza hekplɔe dzoe. *

Míaƒe Ʋuʋu Ayi Afisi Woɖo Mí Ðo le Duta

Esime míele Rockhampton la, wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 19 lia, hena dutanyanyuigblɔdɔ ƒe hehexɔxɔ. Eye nenemae wòdzɔe be le sukua nuwuwu megbe le ƒe 1952 me la, woɖo mí ɖe afisi woyɔna ɣemaɣi be South-West Africa.

Kristodukɔa ƒe osɔfowo mehe ɖe megbe kura hafi ɖe alesi wose le wo ɖokui me tso míaƒe dutanyanyuigblɔdɔa ŋu la fia o. Wonɔ nuxɔxlɔ̃ woƒe hameviwo dzi le kplɔ̃a ta tso mía ŋu le Kwasiɖagbewo enuenu kwasiɖa ade sɔŋ. Wogblɔ na ameawo be woagaʋu woƒe ʋɔwo na mí o, eye woagaɖe mɔ be míaxlẽ Biblia na wo o, elabena atɔtɔ wo. Le nuto aɖe me la, míena agbalẽ gbogbo aɖewo, gake nunɔla la nɔ mía yome tso aƒeme yi aƒeme xɔ agbalẽawo le ameawo si. Gbeɖeka míenɔ nunɔlaa ƒe nusrɔ̃xɔ me wɔ numedzodzro aɖe, eye míekpɔ bena exɔ míaƒe agbalẽ gbogbo aɖewo kɔ ɖe afima.

Eteƒe medidi o dumegãwo hã te woƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖeɖe fia ɖe míaƒe dɔwɔnawo ŋu. Ðikeke mele eŋu o be le subɔsubɔhakplɔlaawo ƒe nyaƒoƒo ɖe wo nu ta la, wosusu be kadodo le mía kple Kɔmiunisttɔwo dome. Eyata woɖe míaƒe asibidenudzesiwo ɖi, eye wobia gbe amesiwo gbɔ míedena la dometɔ aɖewo. Togbɔ be wotsi tre ɖe mía ŋu alea hã la, amesiwo vaa míaƒe kpekpewo nɔ dzidzim ɖe edzi.

Esi míeɖo dukɔa me teti ko la, enye míaƒe didi vevie be míakaka Biblia ƒe gbedasia wòaɖo dumevidzidziawo ƒe nuto siwo nye Ovambo, Herero, kple Nama la me. Gake esia menɔ bɔbɔe o. Ɣemaɣi la, South-West Africa nɔ South Africa vovototodedeameme dziɖuɖua ƒe ŋusẽ te. Esi míenye yevuwo ta la, womeɖe mɔ be míaɖi ɖase le ameyibɔwo ƒe nutowo me mɔɖegbalẽ maxɔmaxɔ tso dziɖuɖua gbɔe o. Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, míebiaa mɔ gake ɖeko ŋusẽtɔawo gbena.

Le dutadɔdasia wɔwɔ ƒe eve megbe la, nane si míenɔ mɔ kpɔm na o la va tu mí. Coralie fɔ fu. Le October ƒe 1955 me la, míedzi mía vinyɔnu Charlotte. Togbɔ be míegate ŋu yi dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi o hã la, mekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ aɖe eye mewɔ mɔɖeɖedɔa hena ɣeyiɣi aɖe.

Míaƒe Gbedodoɖa ƒe Ŋuɖoɖo

Míedze ŋgɔ kuxi bubu le ƒe 1960 me. Coralie xɔ lɛta be dadaa dze dɔ vevie ale be ne Coralie meva aƒe o la, ɖewohĩ magakpɔ dadaa akpɔ o. Eyata míewɔ ɖoɖo be míaʋu le South-West Africa agbugbɔ ayi Australia. Kasia, nane dzɔ—le kwasiɖa si me wòle be míadzo me la, mexɔ mɔɖegbalẽ tso nutoa me dziɖuɖua gbɔ be míate ŋu age ɖe ameyibɔwo ƒe nuto, si nye Katutura, me. Nukae míawɔ fifia? Míagbugbɔ mɔɖegbalẽa ayi na wo le edidi ƒe adre megbea? Ele bɔbɔe be míasusu be ame bubuwo ate ŋu ayi dɔ si gɔme míedze la dzi. Gake ɖe esia menye yayra tso Yehowa gbɔ oa, ɖe menye míaƒe gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo oa?

Enumake mewɔ nyametsotso. Nyemadzo le dukɔa me o, elabena ame aɖe menya nu o ne mí katã míedzo yi Australia la, míaƒe agbagbadzedze be míaxɔ dukɔmenɔnɔ ɖaa ƒe mɔɖegbalẽ ava zu dzodzro. Le ŋufɔke la, meyi ɖate fli ɖe nye ŋkɔ me le meliɖoƒea, heɖo Coralie kple Charlotte ɖe Australia be woaɖaɖu mɔkeke didi aɖe.

Esi wodzo la, mete ɖaseɖiɖi le nuto si me ameyibɔwo le me. Ðetsɔleme si woɖe fia mele gbɔgblɔ me o. Esi Coralie kple Charlotte trɔ gbɔ la, ameyibɔnutoa me tɔ geɖe nɔ míaƒe kpekpewo dem.

Ɣemaɣi la, ʋu xoxo aɖe nɔ asinye si metsɔ nɔ ɖetsɔlemetɔwo kɔm va kpekpeawoe. Medena zi ene alo zi atɔ̃ hekɔa ame adre, enyi, alo asieke zi ɖeka vaa kpekpea. Ne ame kpɔtɔea ɖi le ʋua me vɔ la, Coralie gblɔna fefetɔe be: “Ame nenie gakpɔtɔ le zikpuiawo te?”

Be míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa wòaɖe vi wu la, míehiã agbalẽwo le dumeviawo degbe me. Eyata mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ ɖoɖo ɖe trakt si nye Life in a New World gɔmeɖeɖe ɖe nutoa me gbegbɔgblɔ ene, siwo nye: Herero, Nama, Ndonga, kple Kwanyama me. Gbegɔmeɖelaawo nye míaƒe Biblia-nusrɔ̃vi siwo nya agbalẽ, gake ɖe menɔa wo gbɔ hekpɔa egbɔ be woɖe nyagbe ɖesiaɖe gɔme nyuie. Nya kpɔkpɔ na nusianu le gbegbɔgblɔ si nye Nama me mele bɔbɔe kura o. Le kpɔɖeŋu me, menɔ agbagba dzem be maɖe nyagbe si nye, “Le gɔmedzedzea me la, Adam nye ame deblibo” me na gbegɔmeɖela la. Eku tame hegblɔ be yemeɖo ŋku nya si wozãna na “deblibo” le Namagbe me dzi o. Mlɔeba egblɔ be: “Meɖo ŋku edzi.” Eyae nye: “Le gɔmedzedzea me la, Adam le abe atɔ́ ɖiɖi ene.”

Dzi Dzɔ Mí le Dukɔ si Me Woɖo Mí Ðo Me

Ƒe 49 aɖewo va yi esime míeva ɖo dukɔ sia, si nye Namibia fifia la me. Megahiã be míaxɔ mɔɖegbalẽ hafi ayi ameyibɔwo ƒe nuto me azɔ o. Dziɖuɖu yeye, si ƒe dukplɔse medea vovo ameƒomeviwo dome o ye le Namibia dzi ɖum. Egbea le Windhoek la, hame gã ene ye li, siwo kpea ta le Fiaɖuƒe Akpata nyuiwo me.

Míebua nya siwo wogblɔ na mí le Gilead la ŋu zi geɖe, be: “Mina du si me woɖo mi ɖo nanye mia de.” Ne míekpɔ alesi Yehowa na nuwo va yii la, míeka ɖe edzi kɔte be enye eƒe lɔlɔ̃nu be dutadukɔ sia nazu mía de. Míeva lɔ̃ nɔviawo kpakple woƒe dekɔnu dodzidzɔname vovovoawo ale gbegbe. Woƒe dzidzɔ nyea míaƒe dzidzɔ, eye woƒe konyifafa nyea míaƒe konyifafa. Ame yeye siwo míenɔ tigitigim ɖe míaƒe ʋu me tsɔ nɔ kpekpeawo yimee dometɔ aɖewoe nye sɔtiwo le woƒe hamewo me fifia. Esi míeva ɖo dukɔ gã sia me le ƒe 1953 me la, gbeƒãɖela siwo nye nutoa me tɔ siwo nɔ gbeƒã ɖem nyanyuia mede ewo o. Tso gɔmedzedze nyaŋui ma dzi la, míedzi ɖe edzi ɖo ame 1,200 kple edzivɔwo. Abe alesi Yehowa do ŋugbee ene la, ena nuku si mía kple ame bubuwo ‘míeƒã hede tsii’ la tsi.—Korintotɔwo I, 3:6.

Dzidzeme gã ŋutɔe wònyena na mía kple Coralie ne míetrɔ kpɔ ƒe geɖe ƒe subɔsubɔdɔ si míewɔ, gbã le Australia eye fifia le Namibia la. Míele mɔ kpɔm hele gbe dom ɖa be Yehowa nayi edzi ado ŋusẽ mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu fifia halase mavɔmavɔ me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 22 Alesi Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Waldron do dzi le teƒe sesẽ siae ŋuti nuŋlɔɖi si me womeyɔ woƒe ŋkɔ le o dze le December 1, 1952 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 707-8 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26, 27]

Ʋuʋu yi Rockhampton, Australia, si woɖo mí ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Míele meli me yina ɖe Gilead Sukua

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ðaseɖiɖi le Namibia he dzidzɔ geɖe vɛ na mí