Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Le Ʋumefia la ƒe Kplɔ̃ Ŋu

Le Ʋumefia la ƒe Kplɔ̃ Ŋu

Le Ʋumefia la ƒe Kplɔ̃ Ŋu

VIVIDOÐEAMEŊULAWO, nuɖuɖu vivi, kple dzeɖoɖo dodzidzɔname naa nuɖuɖu le ʋumefia ƒe kplɔ̃ ŋu le meli me nyea dzidzɔ ŋutɔ. Gake dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le adzɔha si nye White Star Line ƒe ʋumefia Robert G. Smith ƒe nuɖukplɔ̃ ŋu la ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu dami aɖe ɖe go.—Yesaya 25:6.

Le ƒe 1894 me esime Robert xɔ ƒe 24 la, enye amegã le meli si ŋkɔe nye Kinclune of Dundee me wozɔ mɔ ƒo xlã xexeame godoo zi gbãtɔ. Emegbe enye ʋumefia nɔ White Star dzɔhaa ƒe meliwo abe Cedric, Cevic, kple Runic * ene me. Le Atlantik-ƒua tsotso tso New York ayi Liverpool, England me la, Robert kpe Charles Taze Russell wòɖu nu kplii le ʋumefia ƒe nuɖukplɔ̃ ŋu le meli siawo dometɔ ɖeka me. Dze si Russell ɖo kple Robert nyɔ eƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia ƒe gbedasia ŋu, eye wòtsɔ dzidzɔ xɔ agbalẽ si nye Studies in the Scriptures tso Russell gbɔ be wòakpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ nu geɖe.

Russell to lɛtaŋɔŋlɔ dzi kadodo kpɔtɔ nɔ wo dome, eye esia na Robert ƒe ɖetsɔtsɔ le Biblia ƒe gbedasia me dzi ɖe edzi. Robert ƒo nu tso sidzedze yeye si wòkpɔ la ŋu na srɔ̃a. Eteƒe medidi o woa kple evea siaa va zu Biblia Nusrɔ̃vi, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣii, eye wonye veviedonulawo. Emegbe mɔnukpɔkpɔ su Robert si wòƒo Biblia me nuƒowo. Le kpɔɖeŋu me, le Brisbane, Australia la, eƒo nu tso nyati si nye “Atike si Tso Gilead” ŋu, heɖee fia be gbedasiwo le Mawu ƒe Nya la me siwo nye “anyigba dzi vevesesewo katã nu tsinu.” Esi wotrɔ va England la, srɔ̃a kple via suewo kpe asi ɖe “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la ɖeɖe fia ŋu, heƒoa Russell ƒe nuƒo siwo wolé ɖe agba dzi esime fotoɖeɖefia la le edzi yim.

Robert na Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe domenyinu si wòxɔ la ka viawo si. Egbea, le dzidzime atɔ̃ megbe la, ƒometɔ 18 le nyanyuia gblɔm na ame bubuwo kutrikukutɔe, heɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe nusi wotsɔ ɖo kplɔ̃e ɖe ʋumefia ƒe kplɔ̃a dzi la ŋu.

Yehowa Ðasefowo to woƒe agbalẽwo kple Biblia-fiafiadɔ dzi le kpekpem ɖe amewo ŋu le xexeame godoo be woasrɔ̃ Biblia ƒe gbedasi si do dzidzɔ na Ʋumefia Smith vevie la. Wò hã àte ŋu aku nu me akpɔ nusi he dzidzɔ gã aɖe va ʋumefiaa ƒe nuɖukplɔ̃a ŋui la.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ʋumefia E. J. Smith (medo ƒome kple gbãtɔa o) nye ʋumefia nɔ adzɔhaa ƒe meli bubu si ŋkɔe nye Titanic me esime wònyrɔ ŋɔdzitɔe le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Robert G. Smith

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Charles T. Russell