Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Nya Sɔsrɔ̃ Le Ðokuiwò Si Nevivi Nuwò

Mawu Ƒe Nya Sɔsrɔ̃ Le Ðokuiwò Si Nevivi Nuwò

Mawu Ƒe Nya Sɔsrɔ̃ Le Ðokuiwò Si Nevivi Nuwò

“Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”—PSALMO 77:13.

1, 2. (a) Nukatae wòle be míaɖo ɣeyiɣi na ŋugbledede? (b) Nukae “ŋugbledede” kple “nuŋububu” fia?

ESI míenye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ta la, ele be míatsi dzi ɖe míaƒe ƒomedodo kple Mawu kpakple susu siwo ta míele Esubɔm ɖo ŋu vevie. Gake egbea la, vovo megava le ame akpa gãtɔ ŋu o ale gbegbe be womeɖoa ɣeyiɣi aɖeke ɖi na ŋugbledede o. Ŋutilãmenudidi vivivo, nuzazãwo ƒeƒle, kple modzakaɖeɖe yomenɔnɔ yakatsyɔ bla wo ale gbegbe be gbɔgblɔ mele eŋu o. Aleke míate ŋu aƒo asa na agbagbadzedze ƒuƒlu siawoe? Alesi ko míeɖoa ɣeyiɣi ɖi na nuwɔwɔ veviwo abe nuɖuɖu kple alɔ̃dɔdɔ ene gbesiagbe la, ele be míaɖo ɣeyiɣi ɖi na ŋugbledede le Yehowa ƒe nuwɔwɔ kple dɔwɔwɔwo ŋu nenema ke.—Mose V, 8:3; Mateo 4:4.

2 Ðe nèdia ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugbleea? Nukae ŋugbledede fia? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nyaa gɔme be, woana ame ƒe susu nanɔ nu ŋu, woabu tame alo woabu nu ŋu. Eye nya ‘nuŋububu’ fia be woabu tame le nane ŋu, ayi ŋugble me le eŋu, asusu eŋu, vevietɔ le ɖoɖoezizi gã me. Nuka fiamee nya sia le mí?

3. Nukae gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ do ƒome kple tẽ?

3 Nusiwo fiam wòle mí dometɔ ɖekae nye nya si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ehati subɔla Timoteo si dzi wòle be míaɖo ŋkui be: “Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava. . . . [De ŋugble le nusiawo ŋu, ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, NW], bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.” Ẽ, wokpɔ mɔ be míawɔ ŋgɔyiyi, eye Paulo ƒe nyawo ɖee fia be ƒomedodo le ŋugbledede le gbɔgbɔmenuwo ŋu kpakple ŋgɔyiyiwɔwɔ dome tẽ. Nenema kee wòle egbea hã. Ehiã kokoko be ‘míade ŋugble’ le nusiwo ku ɖe Mawu ƒe Nya ŋu la ŋu ‘ahaƒo mía ɖokui ɖe’ wo me hafi dzidzeme si gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ hena vɛ nasu mía si.—Timoteo I, 4:13-15.

4. Dɔwɔnu kawo ŋudɔe nàte ŋu awɔ be wòakpe ɖe ŋuwò nàde ŋugble le Yehowa ƒe Nyaa ŋu gbesiagbe?

4 Ɣeyiɣi nyuitɔ si nàtsɔ ade ŋugblee nɔ te ɖe mia kple wò ƒomea ƒe gbesiagbedɔwɔnawo dzi. Ame geɖe dea ŋugble le mawunyakpukpui aɖe ŋu ŋdi kanya to Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvia xexlẽ me. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade 20,000 siwo le Betel-ƒewo me le xexeame godoo la dzea woƒe ŋkekea gɔme kple miniti 15 tsɔtsɔ dzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia mee. Togbɔ be Betel-ƒomea me tɔ ʋɛ aɖewo koe naa mawunyakpukpuia ŋuti numeɖeɖe ŋdi sia ŋdi hã la, ame mamlɛawo dea ŋugble le nya si gblɔm wole kple nusi woxlẽ la ŋu. Ðasefo bubuwo dea ŋugble le Yehowa ƒe Nyaa ŋu ne wole mɔ dzi yina dɔme. Woƒoa Biblia kpakple Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ƒe kasɛt siwo le gbegbɔgblɔ aɖewo me la sena. Srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla geɖe wɔa esia ne wole aƒemedɔwo wɔm. Le nyateƒe me la, wole hakpala Asaf srɔ̃m, amesi ŋlɔ be: “Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.”—Psalmo 77:12, 13.

Nɔnɔme Nyui Hea Viɖewo Vɛ

5. Nukatae wòle be ɖokuisinusɔsrɔ̃ nanɔ vevie na mí?

5 Le television, video, kple kɔmpiuta ƒe ɣeyiɣi si me míele me la, ame geɖe megalɔ̃a nuxexlẽ kura o, eye wòle nu gblẽm le wo ŋu. Mele be wòanɔ nenema le Yehowa Ðasefowo gome kura o. Le nyateƒe me la, Biblia xexlẽ le abe agbeka si le mía kple Yehowa dome ene. Ƒe akpe geɖewoe nye si va yi la, Yosua va zu Israel-viwo kplɔla ɖe Mose teƒe. Be Yosua naxɔ Yehowa ƒe yayra la, ele nɛ be wòaxlẽ Mawu ƒe Nya la le eɖokui si. (Yosua 1:8; Psalmo 1:1, 2) Esia kpɔtɔ nye nudidi egbea hã. Gake le sukumademade yi ŋgɔe ta la, nuxexlẽ asesẽ na ame aɖewo, alo woakpɔe be etea ɖeɖi yewo ŋu. Eyata nukae akpe ɖe mía ŋu míadi be míaxlẽ Mawu ƒe Nyaa ahasrɔ̃e? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le Fia Salomo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Lododowo 2:1-6 la me. Taflatse, ʋu wò Biblia nàxlẽ kpukpui siawo. Emegbe míadzro wo me ɖekae.

6. Nɔnɔme kae wòle be míaɖe fia ɖe Mawu ŋuti sidzedze ŋu?

6 Míatsɔ nuxlɔ̃ame sia adze egɔmee be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, . . .” (Lododowo 2:1, 2) Nukae míesrɔ̃ le nya siawo me? Míesrɔ̃e be enye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la. De dzesi nusi dzi wònɔ te ɖo, si nye, “ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe.” “Ne” ma nye nya gã aɖe, elabena ame akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le Mawu ƒe Nya la me o. Be Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na mí la, ele be míalɔ̃ axɔ Yehowa ƒe nuƒoƒo awɔ mía tɔe, ahawɔ nu ɖe wo ŋu abe kesinɔnu si míeƒoa asii o ene. Mele be míaɖe mɔ míaƒe gbesiagbedɔwɔnawo nana míaxaxa alo wòahe míaƒe susu ɖa ale gbegbe be míava te ɖekematsɔmatsɔ le Mawu ƒe Nya la me, ava nɔ ɖi gɔ̃ hã kemee o.—Romatɔwo 3:3, 4.

7. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, nukatae wòle be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ahaɖo to nyuie?

7 Ðe ‘míeƒua to anyi’ ŋutɔŋutɔ heɖoa to nyuie ne wole Mawu ƒe Nyaa me ɖem le Kristotɔwo ƒe kpekpewo mea? (Efesotɔwo 4:20, 21) Ðe ‘míedzraa dzia’ ɖo bena wòase nu gɔmea? Ðewohĩ nuƒolaa manye amesi bi tututu o ya, gake esi wònye Mawu ƒe Nyaa ŋue wòle nu ƒom tsoe ko la, edze be míaɖo toe nyuie. Gake be míaƒu to anyi ɖe Yehowa ƒe nunya ŋu la, ele be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ɣesiaɣi si wòanya wɔ. (Lododowo 18:1) Kpɔ alesi wòate ɖe amesi ŋu kpekpe si wowɔ le dziƒoxɔa dzi le Yerusalem Pentekosteŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me to la dzii ɖa! Togbɔ be nu wɔnukuwo medzɔna le míaƒe kpekpewo me abe ema ene o hã la, míedzroa Biblia, si nye míaƒe agbalẽ vevitɔ kekeake, la me. Eyata kpekpe ɖesiaɖe ate ŋu aɖe vi na mí ne míeƒu to anyi hekpɔ míaƒe Biblia me ne wole exlẽm.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4; Hebritɔwo 10:24, 25.

8, 9. (a) Nukae ɖokuisinusɔsrɔ̃ bia tso mía si? (b) Vovototo kae nàde asixɔxɔ si le sika kpakple Mawu ŋuti sidzedze gɔme sese ŋu dome?

8 Fia nyanua gblɔ yi edzi be: “Ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, . . .” (Lododowo 2:3) Nɔnɔme alo didi kae nya siawo ɖe fia mí? Didi vevie be míase Yehowa ƒe Nya gɔmee wòanye godoo! Wofia didi be míasrɔ̃ nu kple susu be gɔmesese nasu mía si míanya nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Gake esia bia agbagbadzedze, eye ema kplɔ mí va Salomo ƒe nya kple kpɔɖeŋu bubu dzi.—Efesotɔwo 5:15-17.

9 Eyi edzi be: “Ne [èyi edzi di gɔmesese] abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, . . .” (Lododowo 2:4) Esia he míaƒe susu yi nusi tomenukula siwo di nusiwo wobe tomenu xɔasiwoe wonye le ƒe alafaawo me, abe klosalo kple sika ene, kpɔ la dzi. Ame aɖewo wu ame ɖe sika ta. Ame aɖewo hã tsɔ woƒe agbenɔƒewo katã dii. Gake asixɔxɔ vavã kae le sika ŋu? Ne edzɔ be nèbu ɖe dzogbe aɖe dzi eye tsikɔ le wuwòm kutɔkutɔe la, nukae nàdi be woana ye: sika kpo ɖeka loo alo tsi kplu ɖeka? Ke hã, kpɔ alesi gbegbe amewo kua kutri ɖe sika, si ƒe asi yia dzi egbea eye etsɔ wògaɖiɖina la didi ŋui ɖa! * Aleke gbegbee wòle be míaku kutri ɖe nunya, nugɔmesese, kpakple Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu gɔmesese didi ŋu wui enye si! Gake viɖe kawoe nudidi sia tɔgbe hena vɛ?—Psalmo 19:8-11; Lododowo 3:13-18.

10. Nuka dzie míaƒe asi asu ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa?

10 Salomo ƒe numeɖeɖea yi edzi be: “Ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.” (Lododowo 2:5) Nya wɔnuku kae nye si—be ‘Yehowa Mawu,’ si nye Xexeame Katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã, la ‘ŋuti sidzedze’ nate ŋu asu mí ame madeblibowo si! (Psalmo 73:28; Dɔwɔwɔwo 4:24) Xexeame ƒe agbalẽnyala gãwo kple amesiwo be nunyalawoe yewonye la dze agbagba ƒe alafa geɖe be yewoase agbe kple xexeame ŋu nya goglowo gɔme. Gake wodo kpo keke ɖe ‘Mawu ŋuti sidzedze’ ŋu. Nukatae? Togbɔ be ele Mawu ƒe Nya, Biblia, me ƒe akpe geɖewoe nye sia hã la, nu tsɛ aɖe koe wònye le wo gbɔ, si na be wodo kpo exɔxɔ ahayi egɔme se ge.—Korintotɔwo I, 1:18-21.

11. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe viɖe aɖewoe nye ka?

11 Viɖenu bubu aɖee nye si, si Salomo ɖe gblɔ: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.” (Lododowo 2:6) Yehowa naa nunya, sidzedze, kple gɔmesese amesiame si lɔ̃ be yeadii la faa. Ðikekemanɔmee la, susu geɖe le mía si si ta wòle be míade asixɔxɔ Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si ŋu, ne ebia agbagbadzedze, ameɖokuimamla, kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ gɔ̃ hã. Biblia siwo wota xoxo ya teti le mía si eye mehiã be mía ŋutɔ míatsɔ míaƒe asi agbugbɔ wo aŋlɔ abe alesi ame aɖewo wɔ le blema ene o!—Mose V, 17:18, 19.

Be Míazɔ Alesi Dze Yehowa

12. Susu kae wòle be wòanɔ mía si le Mawu ŋuti sidzedze didi ŋu?

12 Susu kae wòle be míatsɔ anɔ ɖokuisinua srɔ̃mee? Be míadze amesiwo nyo wu ame bubuwoa? Be míaɖe nunya kɔkɔ afiaa? Be míazu Biblia-nyala gãwoa? Ao. Míaƒe taɖodzinue nye be míaƒe zɔzɔ, nuƒoƒo, kple nuwɔna naɖi Kristotɔwo, amesiwo le klalo ɣesiaɣi be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu le mɔ si ana woƒe dzi nadze eme nu, abe alesi Kristo wɔe ene. (Mateo 11:28-30) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.” (Korintotɔwo I, 8:1) Eyata ele be ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme si Mose ɖe fia nanɔ mía si, amesi gblɔ na Yehowa be: “Na manya wò mɔwo, eye madze si wò be, ève nunye.” (Mose II, 33:13) Ẽ, ele be míadi be sidzedze nasu mía si be míaƒe nuwɔna nadze Mawu ŋu, ke menye be miade ŋgɔ le amewo ŋkume o. Míedi be míanye Mawu subɔla ɖokuibɔbɔla siwo dzee. Aleke míawɔ aɖo taɖodzinu ma gbɔ?

13. Nukae hiã be ame nanye subɔla si dze Mawu?

13 Paulo xlɔ̃ nu Timoteo tso alesi wòawɔ adze Mawu ŋu ŋuti be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi [wɔa nyateƒenya la ŋudɔ, NW] pɛpɛpɛ ene.” (Timoteo II, 2:15) Woɖe nyagbe ‘nu ŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ’ tso Helagbe me dɔwɔnya siwo ƒe gɔmesese gbãtɔ fia be “woalã nu wòadzɔ,” alo ‘wòalã nu wòato mɔ ɖeka tẽ.’ (Kingdom Interlinear) Ame aɖewo gblɔ be esia le abe alesi awutɔla natso avɔ ɖe ɖoɖo aɖe nu, agbledela naŋlɔ nu ɖe fli dzi, kple bubuawo ene. Aleke ke wòfia o, ele be nua ƒe nuwuwu nasɔ, alo wòadzɔ. Nya lae nye be be Timoteo nanye subɔla si dze Mawu la, ele be ‘wòado vevie nu’ akpɔ egbɔ be yeƒe nufiafia kple nuwɔna wɔ ɖeka kple nyateƒenya la.—Timoteo I, 4:16.

14. Aleke wòle be míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna kple nuƒoƒo dzii?

14 Paulo ɖe susu ma ke fia esime wòxlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo le Kolose be ‘woazɔ alesi dze Yehowa bena woadze eŋu bliboe’ to ‘kutsetse le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, kpakple ŋgɔyiyi le Mawu ŋuti sidzedze xɔxɔ me.’ (Kolosetɔwo 1:10) Le afisia la, Paulo tsɔ zɔzɔ alesi dze Yehowa sɔ kple ‘kutsetse le dɔ nyuiwo wɔwɔ me’ kpakple ‘ŋgɔyiyi le Mawu ŋuti sidzedze xɔxɔ me.’ Ne míagblɔe bubui la, menye alesi gbegbe míedea asixɔxɔ sidzedze ŋu ɖeɖekoe le vevie na Yehowa o, ke boŋ alesi gbegbe míaƒe nuwɔna kple nuƒoƒo sɔna ɖe Mawu ƒe Nyaa nu pɛpɛpɛ hãe. (Romatɔwo 2:21, 22) Esia fia be, ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míaƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu kple agbenɔnɔ dzi.

15. Aleke míate ŋu akpɔ míaƒe susu kple tamesusuwo ta ahaɖu wo dzii?

15 Egbea la, Satana ƒe ŋku biã vevie be yeagblẽ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye dome to tamesusu ƒe avuwɔwɔ aɖe dzi. (Romatɔwo 7:14-25) Eyata ele be míakpɔ míaƒe susu kple tamesusuwo ta ahaɖu wo dzi bena míazɔ alesi dze mía Mawu, Yehowa. Aʋawɔnu si le mía si enye ‘Mawu ŋuti sidzedze’ si te ŋu ‘ɖea aboyo tamesusuwo katã bena woaɖo to Kristo.’ Susu sia koŋ tae wòle be míalé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu gbesiagbe ɖo, ne míedi be míaɖe ɖokuitɔdidi ƒe ŋutilã me tamesusuwo ɖa le míaƒe susu me.—Korintotɔwo II, 10:5.

Kpekpeɖeŋu Hena Nugɔmesese

16. Aleke míawɔ akpɔ viɖe ne Yehowa le nu fiam mí?

16 Yehowa ƒe nufiafia hea gbɔgbɔ kple ŋutilã me viɖewo vɛ. Menye nufiafia si le yɔɔ, si ŋu viɖe mele ye o. Elabena míexlẽ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” (Yesaya 48:17) Mɔ ka nue Yehowa tona be míazɔ le eƒe mɔ nyuiwo dzi? Gbã la, eƒe Nya, Biblia Kɔkɔea, si tso gbɔgbɔ me le mía si. Eyae nye míaƒe agbalẽ vevitɔ si gbɔ míeɖoa tae ɣesiaɣi. Esia tae wònyo be ne wole Biblia xlẽm le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la, míaʋui akpɔ edzi. Míate ŋu akpɔ ewɔwɔ nenema me tsonu nyuiwo le Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ŋuti nudzɔdzɔ, si woŋlɔ ɖe Dɔwɔwɔwo ta 8 lia me la, me.

17. Nukae dzɔ le Etiopiatɔ aƒedzikpɔlaa gome, eye nukae esia ɖe fia?

17 Amesi va xɔ Yuda-subɔsubɔ ye Etiopiatɔ aƒedzikpɔlaa nye. Le nyateƒe me la, exɔ Mawu dzi se, eye esrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo. Esime wònɔ eƒe tasiaɖam me nɔ mɔ zɔm la, enɔ Yesaya ƒe agbalẽa ƒe kpukpui aɖe xlẽm esime Filipo ƒu du yi egbɔ hebiae bena: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” Aleke aƒedzikpɔlaa ɖo eŋui? “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa? Eye wòɖe kuku na Filipo bena, neɖo tasiaɖam la, eye wòbɔbɔ nɔ egbɔ.” Eye gbɔgbɔa fia mɔ Filipo wòkpe ɖe aƒedzikpɔlaa ŋu wòse Yesaya ƒe nyagblɔɖia gɔme. (Dɔwɔwɔwo 8:27-35) Nukae nudzɔdzɔ sia ɖe fia? Eɖee fia be Biblia xexlẽ le mía ɖokui si ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ dzi zãa dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela habɔbɔa be wòakpe ɖe mía ŋu míase eƒe Nyaa gɔme le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Aleke wòwɔa esiae?—Mateo 24:45-47; Luka 12:42.

18. Aleke dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe haa kpena ɖe mía ŋui?

18 Togbɔ be Yesu ɖɔ dɔla ƒe haa be “nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” hã la, megblɔ be nuvɔ̃ mele eŋu o. Kristotɔ madeblibowo koe nɔvi amesiamina nuteƒewɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sia nye. Togbɔ be taɖodzinu nyuiwo anɔ wo si hã la, woate ŋu awɔ vodada, abe alesi wònɔ le ŋutsu siawo gome le ƒe alafa gbãtɔ me ene. (Dɔwɔwɔwo 10:9-15; Galatiatɔwo 2:8, 11-14) Ke hã, woƒe taɖodzinuwo dza, eye Yehowa le wo zãm wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam na mí be míatsɔ atu xɔse ɖo ɖe Mawu ƒe Nyaa kple ŋugbedodowo me. Dɔwɔnu vevitɔ si dɔla la tsɔ na mí hena ɖokuisinusɔsrɔ̃ enye New World Translation of the Holy Scriptures. Fifia la, Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le gbegbɔgblɔ 42 me, eye wota ɖekaɖeka miliɔn 114 le ɣeyiɣi vovovowo me. Aleke míate ŋu azãe wòaɖe vi ne míele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm?—Timoteo II, 3:14-17.

19. Akpa vovovo siwo le New World Translation—With References me, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me dometɔ aɖewo ɖe?

19 Mítsɔ New World Translation of the Holy Scriptures—With References si nye tata vovovoawo dometɔ ɖeka wɔ ezãza ƒe kpɔɖeŋui. Ŋɔŋlɔ bubuwo diƒe, etenuŋɔŋlɔwo, Biblia me nyawo diƒe kpokploe aɖe si woyɔ be “Bible Words Indexed” kple etenuŋɔŋlɔwo diƒe si woyɔ be “Footnote Words Indexed,” kpakple Megbenyawo, si ƒo nu tso nyati 43 ŋu tsitotsito, hekpe ɖe anyigbatatawo kple nyaɖoɖowo ŋu le eme. “Introduction” (Ŋgɔdonya) si me numeɖeɖewo le ku ɖe teƒe geɖe siwo wokpɔ nyatakakawo tsoe hezã le Biblia gɔmeɖeɖe tɔxɛ sia me la ŋu hã le eme. Ne ele gbegbɔgblɔ si gɔme nàte ŋu ase me la, dze agbagba ɖesiaɖe nànya nu tso eƒe akpa vovovo siawo ŋu eye nàzã wo. Aleke kee wòɖale o, Bibliae nye agbalẽ vevitɔ si wòle be míazã le míaƒe nusɔsrɔ̃ɖoɖowo me, eye New World Translation la nye gɔmeɖeɖe si ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖe go hete gbe ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua dzi.—Psalmo 149:1-9; Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10.

20. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ŋu biabia kawoe hiã na ŋuɖoɖo fifia?

20 Fifia, míabia be: ‘Kpekpeɖeŋu bubu kae míegahiã hena Biblia gɔme sese? Aleke míawɔ akpɔ ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃? Aleke míawɔ míaƒe nusɔsrɔ̃ naɖe vi wu? Ŋusẽ kae wòle be míaƒe nusɔsrɔ̃ nakpɔ ɖe ame bubuwo dzi?’ Nyati si kplɔe ɖo adzro míaƒe Kristotɔwo ƒe ŋgɔgbedede ƒe akpa vevi siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Tso keke ƒe 1979 me la, sika kpekpeme gram 31 ƒe asi yi dzi tso dɔlar 850.00 dzi le ƒe 1980 me gaɖiɖi va dɔlar 252.80 le ƒe 1999 me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae “ŋugbledede” kple “nuŋububu” fia?

• Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ŋu?

• Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ mía si ne míele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm?

• Nukawoe le mía si, siwo akpe ɖe mía ŋu míase Biblia gɔme?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Betel-ƒomea me tɔwo kpɔe be mawunyakpukpui aɖe me dzodzro gbesiagbe doa ŋusẽ ame le gbɔgbɔ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Míate ŋu azã ɣeyiɣia wòaɖe vi ne míeƒoa Biblia kasɛtwo sena ne míele mɔ zɔm

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Amewo wɔ dɔ sesĩe ɣeyiɣi didi le sika ta. Aleke gbegbee nèdzea agbagba ɖe Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ŋui?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of California State Parks, 2002

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Biblia nye kesinɔnu aɖe si ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee