Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mido Ŋusẽ Miaƒe Asiwo

Mido Ŋusẽ Miaƒe Asiwo

Mido Ŋusẽ Miaƒe Asiwo

LE BIBLIA me la, woƒo nu tso asi ŋu zi 1,800 kple edzivɔ sɔŋ. Wozã abebubu siwo me asi dze le le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, asi si me dza tsia tre ɖi na fɔmaɖimaɖi. (Samuel II, 22:21; Psalmo 24:3, 4) Asimeʋuʋu fia dɔmenyonyo na amewo. (Mose V, 15:11; Psalmo 145:16) Wogblɔna le amesi de eƒe agbe afɔku me ŋu be eɖo eƒe agbe asiƒome. (Samuel I, 19:5) Be ame ƒe asi nado agblɔ fia be dzi ɖe le eƒo. (Kronika II, 15:7) Eye be woado ŋusẽ ame ƒe asi fia be dzi naɖo amea ƒo eye ŋusẽ naɖo eŋu ɖe dɔ ŋu.—Samuel I, 23:16.

Egbea la, ehiã kpata be míado ŋusẽ míaƒe asiwo. Míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1) Ne dzi ɖe le mía ƒo la, enye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmenuwɔna be míana ta, be míana míaƒe asiwo nado agblɔ. Zi geɖe míekpɔa sɔhɛwo wodzudzɔa sukudede, srɔ̃ŋutsuwo gblẽa woƒe ƒomewo ɖi, eye vidadawo gblẽa wo viwo ɖi. Esi míenye Kristotɔwo ta la, ehiã be míado ŋusẽ míaƒe alɔwo bena míanɔ te ɖe tetekpɔ siwo míedzea ŋgɔe le Mawu subɔsubɔ me la nu. (Mateo 24:13) Ne míewɔe alea la, míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Lododowo 27:11.

Alesi Wodoa Ŋusẽ Asii

Ehiã be Yudatɔ siwo nɔ anyi le Ezra ŋɔli nado ŋusẽ woƒe asiwo bena woawu Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem gbugbɔgatu nu. Aleke wodo ŋusẽ woƒe asii? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Woɖu abolo maʋãmaʋã ŋkekenyui la ŋkeke adre kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo, eye wòtrɔ Asur-fia ƒe dzi ɖe wo ŋu be, wòdo ŋusẽ woƒe alɔwo ɖe Israel ƒe Mawu ƒe xɔ la ŋu dɔwɔwɔ ŋuti.” (Ezra 6:22) Edze ƒã be Yehowa ƒe dɔwɔŋusẽa dzie wòto ʋã “Asur-fia” la be wòɖe mɔ na Mawu ƒe amewo be woatrɔ adzo, eye Wòde dzo ameawo me be wowɔ dɔ si gɔme wodze la hewu enu.

Emegbe esi wòhiã be woadzra Yerusalem-gliawo ɖo la, Nexemya do ŋusẽ nɔviawo ƒe asi na dɔa wɔwɔ. Míexlẽ be: “Megblɔ nye Mawu ƒe asi nyui, si le dzinye la na wo, eye meto fia ƒe nya, siwo wògblɔ nam la hã na wo. Tete wogblɔ bena: Míatso, eye míaɖo wo! Ale wodo ŋusẽ woƒe asiwo ɖe dɔ nyui la wɔwɔ ŋu.” Nukutɔe la, Nexemya kple ehati Yudatɔwo gbugbɔ ɖo Yerusalem-gliawo le ŋkeke 52 me, le ŋusẽ si wodo woƒe asiwo ta!—Nexemya 2:18; 6:9, 15.

Nenema kee Yehowa doa ŋusẽ míaƒe asiwo bena míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋutinya nyuia. (Mateo 24:14) Ewɔa esia to ‘mía dzadzraɖo bliboe le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu’ me. (Hebritɔwo 13:21) Etsɔ dɔwɔnu nyuitɔwo kekeake de mía si. Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, magazinewo, agbalẽ gbadzawo, traktwo, kple kasɛtwo kpakple videowo le mía si míazã hena amewo gbɔ ɖoɖo le xexeame godoo. Le nyateƒe me la, míaƒe agbalẽwo le gbegbɔgblɔ 380 kple edzivɔwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa toa hamea ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo dzi naa teokrasi nufiafia kple hehe mí tso alesi míazã dɔwɔnu nyui siawo atsɔ awɔ míaƒe subɔsubɔdɔae ŋu.

Togbɔ be Yehowa doa ŋusẽ míaƒe asi le mɔ geɖewo nu hã la, ekpɔa mɔ hã be míado vevie nu awɔ geɖe. Ðo ŋku nya si nyagblɔɖila Elisa gblɔ na Fia Yoas, amesi va Elisa gbɔ be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu Aram-ʋakɔ siwo va dze wo dzi la dzi. Elisa gblɔ nɛ be wòatsɔ aŋutrɔ aɖewo aƒo anyigbae. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Eƒoe] zi etɔ̃ ko tasi. Tete Mawu ƒe ame do dɔmedzoe ɖe eŋu gblɔ bena: Ðe wònye zi atɔ̃ alo zi ade nèƒoe la, eya ko hafi nasi Aramtɔwo, vaseɖe esime woatsrɔ̃; ke azɔ la zi etɔ̃ ko nasi Aramtɔwo.” (Fiawo II, 13:18, 19) Esi Yoas do kpo eɖokui ʋaʋã veviedodotɔe ta la, mate ŋu aɖu Aramtɔwo dzi gbidii o.

Gɔmeɖose sia lɔ míawo hã ɖe eme ne míedi be míawɔ dɔ si Yehowa de mía si awu enu. Le esi teƒe be míatsi dzi ɖe kplamatsedonu siwo le mɔ me na mí alo ɖe alesi dɔdasia asẽe ŋu la, ele be míawɔe kple dzi blibo kple veviedodo. Ehiã be míado ŋusẽ míaƒe alɔwo ahakpɔ Yehowa sinu be wòakpe ɖe mía ŋu.—Yesaya 35:3, 4.

Yehowa Ado Ŋusẽ Míaƒe Asi

Yehowa mado kpo kpekpeɖeŋunana kple ŋusẽdodo míaƒe asi hena eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o. Gake Mawu mawɔ nusianu na mí nukutɔe o. Ekpɔa mɔ be míawɔ mía tɔ gome—si nye Biblia xexlẽ gbesiagbe, dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu kple wo dede edziedzi, gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi alesi míate ŋui, kple gbedodo ɖa nɛ edziedzi. Ne míetsɔ veviedodo wɔ mía tɔ gome nuteƒewɔwɔtɔe esime mɔnukpɔkpɔa le mía si la, Yehowa ado ŋusẽ mí míawɔ nusi wòdi tso mía si.—Filipitɔwo 4:13.

Bu Kristotɔ aɖe si srɔ̃anyɔnu kple dada siaa ku le ƒe ɖeka me ƒe nya ŋu kpɔ ko. Eƒe vevesesea nu mefa hafi toayɔvi hã gblẽ viaŋutsu ɖi heɖe asi le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔmɔa ŋu o. Nɔviŋutsu sia gblɔ be: “Mesrɔ̃e be míate ŋu atia dodokpɔ siwo ava mía dzi, ɣeyiɣi si woava kple dometsotso si anɔ wo me hã o.” Aleke wòwɔ kpɔ ŋusẽ tsɔ nɔ te ɖe enui? “Gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃e lém ɖe te. Eye kpekpeɖeŋu si nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu gbɔgbɔmetɔwo na la fa akɔ nam geɖe. Ƒo wo katã ta la, meva kpɔe be ele vevie ŋutɔ be ƒomedodo nyui nanɔ ame kple Yehowa dome hafi nɔnɔme sesẽwo nado mo ɖa.”

Nɔnɔme ka ke mee nèle le agbe me o, ɖoe kplikpaa be yeaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ahawɔ ɖoɖo siwo katã wòwɔ hena ŋusẽdodo wò asi la ŋudɔ nyuie. Ekema àte ŋu atsɔ subɔsubɔ nyuitɔ kekeake ana Yehowa ahahe kafukafu kple bubu vɛ na eƒe ŋkɔ xɔasi la.—Hebritɔwo 13:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Esi Yoas do kpo eɖokui ʋaʋã veviedodotɔe la, mete ŋu ɖu Aramtɔwo dzi gbidii o