Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Dzɔdzɔ Ʋuu Wòazu Tseɖuɖu

Nu Dzɔdzɔ Ʋuu Wòazu Tseɖuɖu

Nu Dzɔdzɔ Ʋuu Wòazu Tseɖuɖu

“MIATE ŋu ayɔm be nubiala faa; ema meɖe fu nam kura o. Yesue mele nua biam na.” Nya mawo si Protestant-sɔfo aɖe gblɔ la ɖe nyaʋiʋli si le edzi yim tso alesi subɔsubɔhawo wɔna kpɔa ga na woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔe ŋu la fia. Edze abe ga geɖe dzɔdzɔ dzie subɔsubɔha siwo woɖo ƒe kelili nɔ te ɖo ene. Ehiã be woaxe fe na amewo, woatu gbedoxɔwo ahalé be na wo, ehiã be woazã ga ɖe mawunyagbɔgblɔdɔwo ŋu. Aleke woawɔ akpɔ ga si wohiã la?

Le sɔlemeha geɖe gome la, ŋuɖoɖoae nye nu ewolia nana. * Mawunyagblɔla Norman Robertson gblɔ be: “Nu ewolia xɔxɔ dzie Mawu tona kpɔa ga tsɔ kpɔa Eƒe fiaɖuƒea ƒe dɔwo gbɔe le anyigba dzi. Enye mɔnu si dzi Wòtona kpɔa ga na gbeƒãɖeɖe Nyanyuia.” Esi ŋkuɖoɖo agbanɔamedzi si le eyomedzelawo dzi be woadzɔ nu mekpe ŋu nɛ o ta la, egblɔ gbeteteɖedzitɔe be: ‘Nu ewolia menye nu miana le esi wòle mia si ta o. Enye toɖoɖo ƒe nuwɔna. Nu ewolia manamana nye Mawu ƒe se dzi dada tẽ. Enye fififi.’—Tithing—God’s Financial Plan.

Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi godoo be ele be nudzɔdzɔ nanye Kristotɔwo ƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Ke hã ɖe biabia atraɖii be woadzɔ ga ɖiaa nuwò, alo ɖewohĩ doa dziku na wò gɔ̃ hãa? Mawunyaŋununyala Inácio Strieder, si nye Braziltɔ la bu fɔ sɔlemehawo ɖe nu ewolia zazã “atsɔ kpɔ woƒe subɔsubɔhawo ƒe kuxiwo gbɔe” ta eye wòyɔ nuwɔna mawo be “nu manɔsenu, nusi gblẽa nu le amewo ŋu, kple mawusubɔsubɔ me nutovowɔwɔ.” Egblɔ be nusiwo dona tsoa eme enye: “dɔwɔɖuimanɔsitɔwo, ahosiwo, nuto dahe me nɔlawo, eye amesiwo mebua tame yia ŋgɔ o la ƒoa nya ta be Mawu gblẽ yewo ɖi eye be wozia yewo dzi be yewoadzɔ nu gbogbowo na ‘mawunyagblɔla’ ale be yewo ŋutɔwo ƒe ƒomewo tsia dɔ.”

Ðewohĩ àbia be: ‘Ðe sɔlemeha siwo xɔa nu ewolia le Ŋɔŋlɔa me nyawo zãm nyuia? Alo ɖe subɔsubɔha aɖewo anɔ vɔvɔ̃ na to si Mawu ahe na amewo la zãm atsɔ anɔ fu nyɔmee le alẽha la ŋua? Le nyateƒe me la, ɖe Mawu kpɔa mɔ be míadzɔ nu ʋuu wòazu tseɖuɖu, abe alesi ame aɖewo agblɔe enea?’

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Woɖe nu ewolia gɔme be ga siwo katã ame aɖe kpɔna ƒe akpa 10 lia le alafa me.