Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nunana si Hea Dzidzɔ Vɛ

Nunana si Hea Dzidzɔ Vɛ

Nunana si Hea Dzidzɔ Vɛ

FETU sue si Genival, si le dzieheɣedzeƒe-du dahe aɖe me le Brazil, xɔna tso kɔdziŋudzɔdzɔdɔ si wòwɔna mee wòtsɔna kpɔa srɔ̃a kple viawo dzii. Togbɔ be nɔnɔmea sesẽ na Genival hã la, enaa nu ewolia moveviɖoɖotɔe. Elili asi ƒodo hegblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, dɔ wua nye ƒomea, gake medi be matsɔ nu nyuitɔwo kekeake ana Mawu, nuka kee wòahiã be matsɔ asa vɔe o.”

Dɔ va ge le Genival si, gake medzudzɔ nu ewolia nana o. Woƒe osɔfo gblɔ nɛ be wòadzi eƒe nudzɔdzɔ ɖe edzi atsɔ ado Mawu akpɔe. Osɔfoa ka ɖe edzi nɛ be yayra si wòaxɔ tso Mawu gbɔ la manɔ gbɔgblɔ me o. Eyata Genival tso nya me be yeadzra yeƒe aƒe atsɔ gaa ana sɔlemehaa.

Menye Genival ɖeɖekoe dzɔa nu kple moveviɖoɖo ma gbegbe o. Hiãtɔ kolikoli geɖe naa nu ewolia moveviɖoɖotɔe elabena wofia wo le sɔleme be nu ewolia nana nye Biblia ƒe nudidi. Nyateƒeea?

Nu Ewolia Nana Kpakple Sea

Se si Yehowa Mawu tsɔ na blema Israel-to 12 la, ƒe 3,500 kple edzivɔwoe nye si va yi la ƒe akpa aɖee nu ewolia nana ƒe sea nye. Sea bia be woatsɔ agblemenuwo kple atikutsetsewo ƒe akpa ewolia kpakple lãhawo ƒe dzidziɖedzi ƒe akpa ewolia ana Lewi-toa atsɔ ado alɔ woe le woƒe avɔgbadɔ me subɔsubɔdɔa me.—Mose III, 27:30, 32; Mose IV, 18:21, 24.

Yehowa na kakaɖedzi Israel-viawo be Sea ‘masesẽ na wo akpa o.’ (Mose V, 30:11) Zi alesi wowɔ ɖe Yehowa ƒe sewo, siwo dome nu ewolia nana ƒe sea hã le dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, woxaa nuku geɖe abe alesi wòdo ŋugbe na woe ene. Eye be nu nagahiã wo o la, wogadzɔa ƒe sia ƒe nu ewolia bubu, si wozãna zi geɖe le dukɔa ƒe subɔsubɔzãwo ɖuƒe. Wotoa esia wɔwɔ me kpɔa ‘amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo’ ƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Mose V, 14:28, 29; 28:1, 2, 11-14.

Nu ewolia manamana ŋuti tohehe mele Sea me o, gake Israel-vi ɖesiaɖe senɛ le eɖokui me vevie be enye yeƒe agbanɔamedzi be yeado alɔ tadedeagu vavãtɔa to mɔ sia nu. Le nyateƒe me la, Yehowa bu fɔ Israel-vi siwo gbe nu ewolia nana le Maleaxi ŋɔli la be ‘woda adzo nu ewolia kple vɔ siwo wòle be woasa na ye la.’ (Maleaxi 3:8, New International Version) Ðe woate ŋu atsɔ nya sia ke ɖe Kristotɔ si mena nu ewolia o la ŋua?

Mina míabu eŋu kpɔ. Zi geɖe la, dukɔa aɖe ƒe se meblaa dukɔ bubu o. Le kpɔɖeŋu me, ʋukuku to miakpa dzi ƒe se si bla ʋukulawo le Britain mebla ʋukulawo le France o. Nenema ke nu ewolia nana ƒe sea nye nubabla si nɔ Mawu kple Israel-dukɔa ɖeɖe dzaa dome la ƒe akpa aɖe. (Mose II, 19:3-8; Psalmo 147:19, 20) Israel-viwo dzaa koe se ma bla.

Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be enye nyateƒe be Mawu metrɔna gbeɖe o hã, eƒe nudidiwo trɔna ɣeaɖewoɣi. (Maleaxi 3:6) Biblia gblɔe kaŋ be Yesu ƒe vɔsaku le ƒe 33 M.Ŋ. me la ‘tutu’ alo ‘ɖe’ Sea kple ‘nu ewolia xɔxɔ ƒe se’ la ɖa.—Kolosetɔwo 2:13, 14; Efesotɔwo 2:13-15; Hebritɔwo 7:5, 18.

Alesi Kristotɔwo Dzɔa Nui

Ke hã, nudzɔdzɔwo be woatsɔ ado alɔ tadedeagu vavãtɔae kpɔtɔ hiã kokoko. Yesu de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woanye ɖaseɖilawo vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.’ (Dɔwɔwɔwo 1:8) Alesi xɔsetɔwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzii la, nenemae nufiala Kristotɔwo kple dzikpɔla siwo anɔ hamewo srãm kpɔ ahanɔ ŋusẽ dom wo la ƒe hiahiã hã nɔ dzidzim ɖe edzii. Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be woakpɔ ahosiwo, tsyɔ̃eviwo, kple ame dahe bubuwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ kpɔ ga tsɔ kpɔ nusiawo gbɔe?

Le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo la, wobia tso Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔ siwo le Europa kple Asia Sue si be woakpe ɖe Yudea-hame siwo hiã tu la ŋu. Apostolo Paulo ƒo nu tso alesi wowɔ ɖoɖo ɖe “nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo” ŋuti le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Korinto-hamea me. (Korintotɔwo I, 16:1) Ðewohĩ nusi Paulo ƒe nyawo ɖe fia ku ɖe Kristotɔwo ƒe nudzɔdzɔ ŋu awɔ nuku na wò.

Apostolo Paulo meble haxɔsetɔwo nu be woadzɔ nu o. Le nyateƒe me la, Makedonia Kristotɔ siwo nɔ ‘xaxa’ kple “ahedada, si nu sẽ” ‘me’ la nɔ ‘kuku ɖeɖe dzi nɛ be wòana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoakpɔ gome le nunana faa kple ame kɔkɔewo ƒe subɔsubɔdɔ la me.’—Korintotɔwo II, 8:1-4.

Ele eme be Paulo de dzi ƒo na Korintotɔ siwo dzi nu de la be woasrɔ̃ wo nɔvi Makedoniatɔwo ƒe dɔmenyonyoa ya. Ke hã, numekugbalẽ aɖe gblɔ be ‘mezi wo dzi o, ke boŋ edi be yeabia, yeado susua ɖa, yeade dzi ƒo, alo aɖe kuku na wo. Ne ɖe wòzi Korintotɔawo dzi la, anye ne womatsɔ dzotsɔtsɔ ɖe nu ŋu kple dzidzɔ ana nui o.’ Paulo nya be “amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na” ke menye amesi nanɛ kple “veve alo dzizizi o.”—Korintotɔwo II, 9:7.

Xɔse geɖe kple sidzedze kpakple lɔlɔ̃ vavã ƒe amesinɔnɔ na hati Kristotɔwoe ʋã Korintotɔawo wona nu kple dzi faa.—Korintotɔwo II, 8:7, 8.

‘Abe Alesi Wòɖo Ði le Eya Ŋutɔ ƒe Dzi me Ene’

Le esi teƒe be Paulo nayɔ ga home alo nuwo ƒe memama aɖe be woadzɔ la, susu koe wòdo ɖa be ‘le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, amesiame naɖe ga home aɖe ada ɖi, le ga si wòkpɔna nu.’ (Korintotɔwo I, 16:2) To ɖoɖowɔwɔ kple ga home aɖe dzadzraɖo edziedzi me la, mawɔ na Korintotɔawo be wozi yewo dzi be yewoatsɔ vevesese alo nutikɔname ana nui le Paulo ƒe vava me o. Le Kristotɔ ɖesiaɖe gome la, ga home si woana la nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso, esi ‘wòɖo ɖi le eya ŋutɔ ƒe dzi me.’—Korintotɔwo II, 9:5, 7.

Be Korintotɔawo naŋe nu kple dzidzɔ la, ele be woaƒã nu kple dzidzɔ. Womedoe ɖe wo gbɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be woadzɔ nu ʋuu wòazu tseɖuɖu na wo o. Paulo na kakaɖedzi wo be yemedi be ‘wòanye nusi ate ɖe wo dzi o.’ ‘Nusi le ame si nue woxɔa’ nudzɔdzɔwo ‘le, ke menye le nusi mele esi nu o.’ (Korintotɔwo II, 8:12, 13; 9:6) Le lɛta aɖe si apostoloa ŋlɔ emegbe me la, exlɔ̃ nu be: “Ne ame aɖe melé be na . . . ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Paulo mede dzi ƒo be woadzɔ nu le mɔ si anye dada le gɔmeɖose sia dzi nu o.

Ele be míade dzesii be ‘nu dzɔdzɔ na ame kɔkɔe’ siwo hiã tu dzie Paulo kpɔ. Míexlẽ le Ŋɔŋlɔawo me be Paulo alo apostolo bubuwo wɔ ɖoɖo amewo dzɔ nu na wo alo na nu ewolia wo wotsɔ do alɔ woa ŋutɔwo ƒe subɔsubɔdɔe o. (Dɔwɔwɔwo 3:6) Togbɔ be Paulo kpɔa ŋudzedze ɖe nunana siwo hamewo ɖona ɖee ŋu ɣesiaɣi hã la, edzea agbagba vevie ƒoa asa na ‘agbazuzu’ na nɔviawo.—Tesalonikatɔwo I, 2:9; Filipitɔwo 4:15-18.

Lɔlɔ̃nu Faa Nunana Egbea

Edze ƒã be le ƒe alafa gbãtɔ me la, lɔlɔ̃nu faa nu ye Kristo yomedzelawo nana, ke menye nu ewolia o. Ke hã, ɖewohĩ àbia be ɖe mɔnu sia ganyo woazã hena alɔdodo gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple Kristotɔ siwo hiã tu la ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ hã.

De ŋugble le nya siwo gbɔna ŋu kpɔ. Le ƒe 1879 me la, magazine sia ŋlɔlawo gblɔ kaŋ be “yewomabia ga alo aƒo koko na amewo be woado alɔ yewo gbeɖe o.” Ðe nyametsotso ma do kplamatse Yehowa Ðasefowo ƒe agbagbadzedze be yewoakaka Biblia ƒe nyateƒea?

Fifia la, Ðasefowo maa Biblia, Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, kple agbalẽ bubuwo le dukɔ 235 me. Gbetakpɔxɔ, si nye magazine si wozãna tsɔ srɔ̃a Bibliae, 6,000 ye womana ɣleti sia ɣleti le gɔmedzedzea me le gbegbɔgblɔ ɖeka me. Fifia la, wotaa magazine sia 24,000,000 kple edzivɔ ɣleti afã ɖesiaɖe ɖe gbegbɔgblɔ 146 me. Be Ðasefowo nawɔ ɖoɖo ɖe woƒe xexeame katã ƒe Biblia–fifiadɔa ŋu la, wotu dɔdzikpɔƒe alo alɔdzedɔwɔƒe ɖe dukɔ 110 me. Gakpe ɖe eŋu la, wotu kpekpewɔƒe akpe geɖe ɖe du siwo me wole me hekpe ɖe takpexɔ gãwo ŋu bena amesiwo di be yewoayi edzi anɔ Biblia me nufiame geɖewo xɔm la nakpɔ nɔƒe.

Togbɔ be amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔe Yehowa Ðasefowo ɖoa nɔƒe gbãtɔ hã la, womeŋea aɖaba ƒua haxɔsetɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo dzi o. Ne aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu, kuɖiɖi, kple tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le wo nɔviwo ŋu la, woɖoa atike, nuɖuɖu, nudodo, kple nuhiahiã bubuwo ɖe wo enumake. Nu siwo Kristotɔ ɖekaɖekawo kple hamewo dzɔ ye wotsɔna kpɔa esiawo gbɔe.

Hekpe ɖe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ƒe nyonyo ŋu la, eɖea agba le wɔnamanɔŋutɔwo, abe Genival, si ƒe nya míegblɔ va yi ene, dzi. Dzidzɔtɔe la, hafi Genival nadzra eƒe aƒea la, Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si ŋkɔe nye Maria va srãe kpɔ. Genival gblɔ be: “Dzeɖoɖo ma ɖe nye ƒomea tso fu geɖe kpekpe yakatsyɔ me.”

Genival va kpɔe be menye nu ewolia nana dzie Aƒetɔ ƒe dɔa nɔ te ɖo o. Le nyateƒe me la, nu ewolia nana meganye Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi o. Esrɔ̃e be Kristotɔwo xɔa yayra ne wona nu tso dzi me faa, gake womezi wo dzi be woana nusi mele wo si o.

Lɔlɔ̃nu faa nunana he dzidzɔ vavãtɔ vɛ na Genival. Eɖee gblɔ ale: “Ðewohĩ mana nu wòaɖo mama ewolia alo maɖo o, gake nusi menana la dzɔa dzi nam, eye meka ɖe edzi be edzɔa dzi na Yehowa hã.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Ðe Blema Sɔlemeha Fofowo Fia Nu Ewolia Nanaa?

“Kesinɔtɔ siwo le mía dome la kpe ɖe hiãtɔwo ŋu . . . Wo dometɔ siwo nu dze edzi na, eye wolɔ̃ faa la na nusi wosusu be esɔ.”—The First Apology, Justin Martyr, ƒe 150 M.Ŋ. lɔƒo.

“Le nyateƒe me la, Yudatɔwo tsɔ woƒe nunɔamesiwo ƒe ewolia ɖe adzɔgbee Nɛ, gake amesiwo vo tso se ma me la tsɔ woƒe nunɔamesiwo katã ɖo anyi ɖe Aƒetɔ la ƒe tameɖoɖowo ta, . . . abe alesi ahosi dahe ma, si tsɔ nusiwo katã le esi, si ŋu wòanɔ agbe ɖo la de Mawu ƒe nudzɔɖaka me la wɔ ene.”—Against Heresies, Irenaeus, ƒe 180 M.Ŋ. lɔƒo.

“Togbɔ be nudzɔɖaka le mía si hã la, menye agbexɔxɔ ƒeƒle tae woli ɖo, abe alesi wòle le subɔsubɔha si kaa ga na amewo gome ene o. Dzinu sia dzinu la, ne enye woƒe lɔlɔ̃nu la, amesiame tsɔa nudzɔdzɔ sue aɖe dena eme; gake ne edzɔ dzi nɛ eye ŋutete le eŋu ko hafi: elabena dzizizi aɖeke mele eŋu o; lɔlɔ̃nu faa ƒe nue wo katã nye.”—Apology, Tertullian, ƒe 197 M.Ŋ. lɔƒo.

“Esi Sɔlemeha la va nɔ ta kekem eye dɔdzikpɔƒe vovovowo va do la, eva hiã be woawɔ se siwo akpɔ egbɔ be wodo alɔ hakplɔlawo nyuie ɣesiaɣi. Woɖe nu ewolia xexe tso Blema Sea me . . . Edze abe se gbãtɔ si koŋ wowɔ ɖe nya sia ŋu la dze le bisiɔp siwo kpe ta le Tours le ƒe 567 mía ŋɔli me la ƒe lɛta kple Macon ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe ƒe [sewo] me le ƒe 585 mía ŋɔli me ene.”—The Catholic Encyclopedia.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Coin, top left: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Lɔlɔ̃nu faa nunana hea dzidzɔ vɛ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Lɔlɔ̃nu faa nunanae wotsɔ kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa, kpekpeɖeŋunadɔwo, kple takpeƒewo tutu gbɔe