Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui

Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui

Nusi Dzi Yosua Ðo Ŋkui

YEHOWA gblɔ be: “Nye dɔla Mose ku, eyata tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana [wo] la dzi.” (Yosua 1:2) Dɔdasi sesẽ ka gbegbee nye si dze ŋgɔ Yosua! Ƒe 40 kloe enye ma si wònye Mose ƒe subɔla. Azɔ la, wogblɔ nɛ be wòaxɔ ɖe eƒe aƒetɔ teƒe akplɔ Israel-vi siwo ƒe to sẽna zi geɖe la ayi Ŋugbedodonyigbaa dzii.

Ne Yosua de ŋugble le nusi nɔ eŋgɔ ŋu la, ɖewohĩ dodokpɔ siwo me wòto xoxo hedo le wo me la anɔ susume vam nɛ kabakaba. Ðikekemanɔmee la, nusiwo dzi Yosua ɖo ŋkui la nye kpekpeɖeŋu gã aɖe nɛ ɣemaɣi, eye ate ŋu anye kpekpeɖeŋu na Kristotɔwo hã egbea.

Kluvi si Va Zu Aʋafia

Nusiwo dzi Yosua ɖoa ŋkui dometɔ aɖee nye eƒe kluvinyenye ƒe geɖe. (Mose II, 1:13, 14; 2:23) Esi Biblia megblɔ nusiwo tututu me Yosua to ɣemaɣi o ta la, tame koe míasusu wo le. Yosua anya srɔ̃ alesi wowɔa ɖoɖoe ɖe nuwo ŋu nyuie esime wònɔ subɔsubɔm le Egipte, eye anya kpe asi ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe Hebri-viwo kple ‘amedzro gbogboawo’ ƒe dzodzo le anyigba ma dzi ŋu.—Mose II, 12:38.

Efrayim-toa ƒe ƒomea mee Yosua tso. Tɔgbuia Elisamae nye toa ƒe amegã, eye edze abe eyae nɔ ŋgɔ na Israel-viwo ƒe to etɔ̃awo dometɔ ɖeka ƒe aʋawɔla 108,100 ene. (Mose IV, 1:4, 10, 16; 2:18-24; Kronika I, 7:20, 26, 27) Gake esi Amalekitɔwo ho ɖe Israel-viwo ŋu le woƒe dzodzo le Egipte megbe kpuie la, Yosuae Mose gblɔ na be wòaƒo amewo nu ƒu woaʋli dukɔa ta. (Mose II, 17:8, 9a) Nukatae wònye Yosuae wotia ke menye ame abe tɔgbuia alo fofoa ene o? Susu ɖekae nye: “Esi [Yosua] nye Efrayim-to vevi la ƒe amegã, kple amesi wonya xoxo be enye ɖoɖowɔla nyui, eye wònye amesi dzi dukɔa ka ɖo vevie ta la, eyae nye kplɔla si dze wu, si ŋu Mose trɔ ɖo be wòatia aʋawɔlawo ahawɔ ɖoɖo na wo.”

Eɖanye susu ka ke tae o, esime wotia Yosua la, ewɔ nusi tututu ƒe se Mose de nɛ. Togbɔ be Israel-viwo mebi ɖe aʋawɔwɔ me kura o hã la, kakaɖedzi nɔ Yosua si be Mawu akpe ɖe yewo ŋu. Eyata esi Mose gblɔ nɛ be, ‘etsɔ yeayi aɖatsi tre ɖe togbɛ la tame alé Mawu ƒe atikplɔ ɖe asi la,’ ema ɖeɖe sɔ gbɔ nɛ. Yosua aɖo ŋku edzi kokoko be nyitsɔ laa koe Yehowa tsrɔ̃ aʋawɔdukɔ sesẽtɔ kekeake si nɔ anyi ɣemaɣi la. Esi ŋufɔke Mose kɔ eƒe asiwo dzi vaseɖe ɣeɖoto la, futɔ aɖeke mete ŋu nɔ te ɖe Israel-viwo nu o, ale wɔ woɖu Amalekitɔwo dzi gbidii. Eye Yehowa gblɔ na Mose be wòaŋlɔ nudzɔdzɔa ɖe agbalẽ me ‘eye wòaku Yeƒe sea ɖe Yosua ƒe to me’ be: ‘Yele Amalek ƒe ŋkɔ tsrɔ̃ ge ɖa le dziƒoa te gbidii.’ (Mose II, 17:9b-14) Ẽ, Yehowa ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ma vɛ godoo.

Esime Wònye Mose ƒe Subɔla

Woa kple Amalekitɔwo dome nudzɔdzɔa anya na ƒomedodo si le kplikplikpli wu gɔ̃ hã ɖo Yosua kple Mose dome. Enye bubu na Yosua be wòanye Mose ƒe subɔla alo “dɔla,” “tso ɖekakpuime ke” vaseɖe Mose ƒe kuɣi, si ade ƒe 40.—Mose IV, 11:28.

Nɔƒe ma nɔnɔ nye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kpakple agbanɔamedzi. Le kpɔɖeŋu me, esime Mose, Aron, Aron viŋutsuwo, kple Israel me tsitsiwo dometɔ 70 lia Sinai-toa hekpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutega la, Yosua anya nɔ wo dome. Le ɖoƒe si le esi abe Mose ŋu nɔla ene ta la, ekplɔe ɖo de toa dzi eye edze abe etɔ ɖe adzɔge esime Mose ge ɖe alilikpo si nye Yehowa ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi la me ene. Nukutɔe la, edze abe Yosua nɔ toa dzi ŋkeke 40, zã 40 ene. Elala eƒe aƒetɔa nuteƒewɔwɔtɔe, elabena esime Mose trɔ gbɔna kple Ðaseɖikpeawo la, Yosua nɔ afima hedo goe.—Mose II, 24:1, 2, 9-18; 32:15-17.

Le Israel-viwo ƒe sikanyivi subɔsubɔ ƒe nudzɔdzɔa megbe la, Yosua yi edzi nɔ Mose ŋu le takpegbadɔa me le asaɖaa godo. Le afima la, Yehowa ƒo nu kple Mose ŋkume kple ŋkume. Gake ne Mose trɔ yi asaɖaa me la, Yosua “medzona le agbadɔ la me o.” Ðewohĩ ehiã be wòanɔ afima axe mɔ na Israel-viawo be womage ɖe agbadɔa me le woƒe makɔmakɔnyenye me o. Aleke gbegbee Yosua lé fɔ ɖe dɔ ma ŋui enye si!—Mose II, 33:7, 11.

Yosua ƒe zɔzɔ kple Mose, amesi, le ŋutinyaŋlɔla Josephus ƒe nya nu la, tsi wui ƒe 35 la anye ŋusẽdodo geɖe nɛ godoo. Woyɔ woƒe ƒomedodoa be “ame tsitsi kple ɖekakpui, aƒetɔ kple nusrɔ̃vi, ƒe zɔzɔ,” si na Yosua zu “ŋutsu like si dzi woka ɖo.” Nyagblɔɖilawo abe Mose ene mele mía dome egbea o, gake ame tsitsiwo le Yehowa ƒe amewo ƒe hamewo me, amesiwo nye ŋusẽdodo kple dzideƒoname tsoƒe ŋutɔŋutɔ, le woƒe nuteƒekpɔkpɔ kple gbɔgbɔmemenyenye ta. Èdea asixɔxɔ wo ŋua? Eye ɖe hadede kpli wo le vi ɖem na wòa?

Esime Wòɖatsa Ŋku le Kanaan

Nu vevi aɖe dzɔ le Yosua ƒe agbe me esime Israel-viwo xɔ Sea megbe kpuie. Wotiae be wòanɔ eƒe toa teƒe woaɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Míenya ŋutinyaa nyuie. Ŋkutsala 12 la katã lɔ̃ ɖe edzi be abe alesi Yehowa do ŋugbee ene la, “notsi kple anyitsi bɔ” ɖe anyigbaa dzi vavã. Gake xɔsemanɔamesi wɔe be wo dometɔ ewo vɔ̃ be Israel-viwo mate ŋu anya anyigbaa dzi nɔlawo ɖa o. Yosua kple Kaleb koe xlɔ̃ nu dukɔa be vɔvɔ̃ megana woadze aglã o, elabena Yehowa anɔ kple yewo godoo. Nya sia na ha blibo la tsi tre ɖe wo ŋu hegblɔ be yewoaƒu kpe wo ame eve la. Ne ɖee Yehowa mede nu nyaa me to eƒe ŋutikɔkɔe ɖeɖe fia me o la, ɖewohĩ ne woaƒu kpea wo nyateƒe. Le woƒe xɔsemanɔamesia ta la, Mawu gblɔ be Israel-vi siwo woxlẽ, siwo xɔ tso ƒe 20 dzi yi la, manɔ agbe aɖo afɔ Kanaan o. Yosua, Kaleb, kple Lewi-viwo koe tsi agbe le amesiawo dome.—Mose IV, 13:1-16, 25-29; 14:6-10, 26-30.

Ðe dukɔ bliboa mekpɔ Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo teƒe le Egipte oa? Ekema nukae kpe ɖe Yosua ŋu wòxɔ edzi se be Mawu akpe ɖe yewo ŋu evɔ ame akpa gãtɔ ke ɖi? Yosua anya ɖo ŋku Yehowa ƒe ŋugbedodo kple nuwɔwɔwo katã dzi nyuie, eye wòde ŋugble le wo ŋu. Le ƒe geɖe megbe la, ete ŋu gblɔ be, ‘nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, gblɔ na Israel-viwo la me o. Wo katã va me pɛpɛpɛ.’ (Yosua 23:14) Eyata xɔse nɔ Yosua si be ŋugbe siwo katã Yehowa do ku ɖe etsɔme ŋu hã mado kpo emevava o. (Hebritɔwo 11:6) Ele be esia naʋã ame wòabia be: ‘Ke nye ya ɖe? Ðe agbagba siwo medzena le nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu kple ŋugbledede le wo ŋu na mexɔe se be woava eme godooa? Ðe mexɔe se be Mawu ate ŋu akpɔ mía kple eƒe amewo ta le xaxa gã si gbɔna mea?’

Menye ɖeko Yosua ɖe xɔse fia o, ke dzi nɔ eƒo ɖe agbenyuinɔnɔ hã ŋu. Woa kple Kaleb koe nɔ tsitre sesĩe, eye ha blibo la katã gblɔ be yewoaƒu kpe wo. Ne wòe ɖe, aleke nàse le ɖokuiwò me? Àvɔ̃a? Yosua mevɔ̃ o. Woa kple Kaleb tɔ afɔ anyi gblɔ nusi dzi woxɔ se. Nuteƒewɔwɔ na Yehowa abia be míawo hã míawɔ nenema gbeɖeka.

Ŋkutsalaawo ƒe nyaa na míenya hã be ɖe wotrɔ Yosua ƒe ŋkɔ. Mose tsɔ ŋɔŋlɔdzesi si tsi tre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔ kpe ɖe ŋkɔ si nɔ esi gbã, si nye Hosea, si gɔmee nye “Xɔname” la ŋu, heyɔe be Yosua—si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.” Woŋlɔ ŋkɔa le Septuagint Biblia me be “Yesu.” (Mose IV, 13:8, 16) Yosua wɔ nu ɖe ŋkɔ gã ma nu heɖee fia be Yehowa nye xɔname nyateƒe. Manye ɖee wotrɔ Yosua ƒe ŋkɔa yakatsyɔ o. Eɖe asixɔxɔ si Mose de Yosua ƒe nɔnɔme ŋu la fia eye wòsɔ ɖe ɖoƒe tɔxɛ si Yosua anɔ le dzidzime yeye aɖe kpɔkplɔ yi Ŋugbedodonyigbaa dzi la nu.

Israel-viawo tsa tsaglãla le gbeadzi ƒe 40 nutikɔnametɔe eye wo fofowo ku vɔ keŋkeŋ. Míenya naneke tso alesi Yosua nɔ agbee le ɣeyiɣi mawo me ŋu o. Ke hã, asrɔ̃ nu geɖe le wo me godoo. Anya kpɔ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si va aglãdzela siwo nye Korax, Datan, kple Abiram kple wo yomedzelawo kpakple amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe Baal-Peor subɔsubɔ nyɔŋua me dzi la teƒe. Ðikekemanɔmee la, Yosua xa nu geɖe esime wòse be le esi Mose do kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa le Meriba-tsia ŋu ta la, Mose hã maɖo anyigba si ŋugbe wodo dzi o.—Mose IV, 16:1-50; 20:9-13; 25:1-9.

Esime Woɖoe Mose Teƒenɔlae

Esi Mose ƒe kuɣi nɔ aƒe tum la, ebia Mawu be wòaɖo amesi wòdi be wòaxɔ ɖe ye teƒe ale be Israel-viwo maganɔ “abe alẽ, siwo nu kplɔla mele o la, ene o.” Aleke Yehowa ɖo eŋui? Egblɔ nɛ be wòaɖo Yosua, ‘ŋutsu, si me gbɔgbɔ le’ la le ha blibo la ŋkume. Ele be woaɖo toe. Kafukafu ka gbegbee nye si! Yehowa kpɔ Yosua ƒe xɔse kple ŋutete. Ame bubu aɖeke medze si woade Israel-viwo kpɔkplɔ asi na wu eyama o. (Mose IV, 27:15-20) Ke hã, Mose nya be Yosua adze ŋgɔ kuxi sesẽwo. Eyata Mose de dzi ƒo na eteƒenɔlaa be ‘wòalé dzi ɖe ƒo ahasẽ ŋu,’ elabena Yehowa anɔ kplii.—Mose V, 31:7, 8.

Mawu ŋutɔ gagblɔ dzideƒonamenya mawo ke na Yosua, hegblɔ kpee be: “Lé se, siwo katã nye dɔla Mose de na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, megadze ɖe ɖusi alo mia me o, ne wòadze dzi na wò le afisiafi, si nayi. Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi; elabena eya ko hafi dzɔgbenyui anɔ mɔ dzi na wò, eye nusianu adze edzi na wò. Menye ɖe mede se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.”—Yosua 1:7-9.

Le Yehowa ƒe nya siwo nɔ susume na Yosua, hekpe ɖe nuteƒekpɔkpɔ siwo katã su esi ŋu ta la, aleke wòake ɖii? Woka ɖe edzi nɛ be woaɖu anyigbaa dzi. Gake kuxiwo ado mo ɖa godoo, siwo dometɔ gbãtɔ si sẽ enye Yordan-tɔsisia, si ɖɔ ɣemaɣi la tsotso. Ke hã, Yehowa ŋutɔ gblɔ nɛ be: ‘Tsi tre, nàtso Yordan sia.’ Eyata kuxi ka dzie magate ŋu aɖu o?—Yosua 1:2.

Yosua ƒe agbe me nudzɔdzɔ bubu siwo kplɔ esiawo ɖo—Yerixo dzi ɖuɖu, woƒe futɔwo dzi ɖuɖu si tsiã ɖe enu, kpakple anyigbaa mama—ɖee fia be meŋlɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo be gbeɖe o. Esi Yosua gogo eƒe agbenɔƒewo ƒe nuwuwu, le ɣeyiɣi si me Yehowa na gbɔdzɔe Israel-viwo tso woƒe futɔwo si me la, eƒo dukɔ la nu ƒu hedzro Mawu ƒe nuwɔwɔ kpli wo me kpli wo hexlɔ̃ nu wo be woasubɔ Eyama kple dzi blibo. Esia na be Israel-viwo gbugbɔ ɖo kpe nu si wobla kple Yehowa la dzi, eye ɖikeke mele eme o be wo kplɔlaa ƒe kpɔɖeŋu do ŋusẽ ‘Israel-viawo woyi edzi subɔ Yehowa le Yosua ƒe agbenɔɣi katã.’—Yosua 24:16, 31.

Yosua ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Dodokpɔ gbogbo aɖewo dze ŋgɔ Kristotɔ siwo li egbea. Tenɔnɔ ɖe wo nu dzidzedzetɔe le vevie hena Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu kple eƒe ŋugbedodowo xɔxɔ mlɔeba. Xɔse sẽŋu si nɔ Yosua si dzie eƒe dzidzedzekpɔkpɔa nɔ te ɖo. Ele eme be míekpɔ Mawu ƒe ŋusẽdɔwo teƒe abe Yosua ene o, gake ne ame aɖe ake ɖi la, nuteƒekpɔlawo ƒe ɖaseɖiɖi le Biblia-gbalẽ si ŋu Yosua ƒe ŋkɔ le me si ɖo kpe Yehowa ƒe nya ƒe nyateƒenyenye dzi. Abe Yosua ene la, wona kakaɖedzi mí be ne míexlẽ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe hewɔ eŋudɔ la, nunya asu mía si eye míakpɔ dzidzedze.

Ðe hati Kristotɔwo ƒe nuwɔna ɖea fu na wò ɣeaɖewoɣia? Bu Yosua ƒe dzidodo le ƒe 40 siwo me wòhiã be wòatsa tsaglãla le gbeadzi kple zɔhɛ xɔsemanɔsitɔwo, togbɔ be mewɔ vodada aɖeke hafi o, la ŋu. Ðe wòsesẽna na wò be nàʋli nusi dzi nèxɔ se la taa? Ðo ŋku nusi Yosua kple Kaleb wɔ dzi. Le woƒe xɔse kple toɖoɖo ta la, woxɔ teƒeɖoɖo nyui aɖe. Ẽ, le nyateƒe me la, Yosua xɔ edzi se bena Yehowa awɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi. Nenɔ alea le míawo hã gome.—Yosua 23:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Hadede kple Mose do ŋusẽ Yosua ƒe xɔse

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yosua kple Kaleb ka ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yosua ƒe amekpɔkplɔ do ŋusẽ dukɔa wòku ɖe Yehowa ŋu