Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe míaƒo nya ta le Nyaɖeɖefia 20:8 me nyawo nu be Satana akplɔ ameha gbogbo ŋutɔ aɖe atrae le dodokpɔ mamlɛa mea?

Nyaɖeɖefia 20:8 ɖɔ alesi amedzidzedze mamlɛ si Satana ahe va amesiwo anɔ agbe le anyigba dzi le Mesia Fiaɖuƒea ƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua ƒe nuwuwu dzi la anɔ. Esi kpukpuia nɔ nu ƒom tso Satana ŋu la, egblɔ be: “[Ado] go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ.”

Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le mɔ̃ɖaŋununya Kple dɔwɔnuwo totovɛ me hã la, “ƒutake” ƒe agbɔsɔsɔme alo xexlẽme kpɔtɔ le manyamanya. Eyata míate ŋu agblɔ be nyagbɔgblɔa tsi tre ɖi na xexlẽme si mele nyanya o. Gake ɖe wòfia xexlẽme gbogbo, si sɔ gbɔ ale gbegbe be manya xlẽ akpɔ gbeɖe o, alo ɖeko womenya eƒe xexlẽme o evɔ wòsɔ gbɔ viea?

Le Biblia me la, wozã nyagbɔgblɔ “abe ƒutake ene” le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Mose I, 41:49 be: “Yosef tu bliawo ɖo wòsɔ gbɔ ŋutɔ abe ƒutake ene, ale bena womagate ŋu adzidzee o, eye wodzudzɔ edzidzedzidze.” Le afisia la, alesi womate ŋu axlẽe o ŋu nya gblɔm wole. Yehowa gblɔ nya sia tɔgbe be: “Alesi dziƒo ŋu nuwo mele xexlẽ me o, eye ƒutake mele dzidze me o la, nenema ke madzi nye dɔla Dawid . . . ƒe ƒome ɖe dzii.” Alesi xexlẽme mele dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ŋu gbeɖegbeɖe o la, nenemae ɖikeke mele ŋugbe si Yehowa do na Dawid la dzi wɔwɔ ŋui o.—Yeremya 33:22.

Zi geɖe la, nya “ƒutake” fiana nane si ƒe xexlẽme sɔ gbɔ ŋutɔ alo lolo ale gbegbe. Esi Israel-viwo nɔ Gilgal eye wokpɔ Filistitɔwo ƒe asrafo siwo kpe ta ɖe Mixmas eye ‘wosɔ gbɔ abe ƒutake ene’ la, dzidzi ƒo wo ŋutɔ. (Samuel I, 13:5, 6; Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:12) Eye “Mawu na nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã Salomo abe ƒutake ene.” (Fiawo I, 5:9) Togbɔ be nusiwo ŋu woƒo nu tsoe le nyaa ɖesiaɖe me ƒe agbɔsɔsɔ de ŋgɔ hã la, wogakpɔtɔ nye esiwo woate ŋu axlẽ.

“Ƒutake” agate ŋu afia nane si ƒe xexlẽme womenya o, togbɔ be masɔ gbɔ nenema gbegbe o hã. Yehowa gblɔ na Abraham be: “Mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene.” (Mose I, 22:17) Esi Yehowa ganɔ kpe ɖom ŋugbedodo sia dzi na Abraham ƒe tɔgbuiyɔvi Yakob la, ezã nya “ʋuʋudedi,” si Yakob gbugbɔ yɔ be “ƒutake.” (Mose I, 28:14; 32:13) Abe alesi míeva nyae ene la, le Yesu megbe la, Abraham ‘viwo’ ƒe xexlẽme nye ame 144,000, si Yesu yɔ be ‘alẽha sue’ la.—Luka 12:32; Galatiatɔwo 3:16, 29; Nyaɖeɖefia 7:4; 14:1, 3.

Nukae míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo me? Míesrɔ̃e be menye ɣesiaɣie nyagbɔgblɔ “abe ƒutake ene” fiaa nane si xexlẽme meli na le eƒe agbɔsɔsɔ ta o; eye menye ɣesiaɣie wozãnɛ wòfiana nane si lolo ŋutɔ alo esi ƒe lolome mele ɖɔɖɔ me o la o. Zi geɖe la, etsia tre ɖi na xexlẽme si mele nyanya o gake sɔ gbɔ vie. Eyata nunya le eme be míaxɔe se be ameha dzeaglã siwo adze Satana yome ne wòdze Mawu ƒe amewo dzi zi mamlɛtɔ la manye amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ mele xexlẽ me o, evɔ woasɔ gbɔ wòanye ŋɔdzinya. Gake fifia la, míenya woƒe xexlẽme o.