Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ate Ðe Mia Ŋu’

‘Ate Ðe Mia Ŋu’

‘Ate Ðe Mia Ŋu’

‘Mawu mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ o.’—DƆWƆWƆWO 17:27.

1, 2. (a) Ne míele ɣletivi siwo le dziƒo kpɔm la, nya kawoe míate ŋu abia ku ɖe Wɔla la ŋu? (b) Aleke Biblia ka ɖe edzi na mí be amegbetɔwo xɔ asi le Yehowa ŋkumee?

ÈFƆ mo dzi kpɔ ɣletiviwo le zã aɖe si me yame kɔ me kpɔ eye wònya kpɔ na wòa? Ɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ gã la kpakple yamenutoa me ƒe kekeme naa vɔvɔ̃ ɖoa ame. Ðeko anyigba le abe ʋuʋudedi ene le xexeme nyadri sia me. Ðe esia fia be Wɔla la, amesi “ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi,” la le kɔkɔƒe ŋutɔ aɖe ale gbegbe be matsɔ ɖeke le amegbetɔwo me o alo le adzɔge ʋĩ tso wo gbɔ be womate ŋu adze sii oa?—Psalmo 83:19.

2 Biblia ka ɖe edzi na mí be amegbetɔwo xɔ asi le Yehowa ŋkume. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya de dzi ƒo na mí be míadii hegblɔ be: ‘Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ o.’ (Dɔwɔwɔwo 17:27; Kronika I, 28:9) Ẽ, ne míeɖe afɔwo be míate ɖe Mawu ŋu la, awɔ nu ɖe míaƒe agbagbadzedzewo nu na mí. Le mɔ ka nu? Ƒe 2003 ƒe mawunyakpukpuia na ŋuɖoɖo dodzidzɔname sia be: ‘Ate ɖe mia ŋu.’ (Yakobo 4:8) Mina míadzro yayra wɔnuku siwo amesiwo te ɖe Yehowa ŋu kpɔna la dometɔ aɖewo me.

Nunana aɖe si Tso Yehowa Ŋutɔ Gbɔ

3. Nukae Yehowa naa amesiwo te ɖe eŋu?

3 Gbã la, nunana xɔasi aɖe si Yehowa ɖo ɖi na eƒe amewo la le esubɔlawo si. Ŋusẽ, kesinɔnu, kple nunya siwo katã nuɖoanyi sia ate ŋu ana ame la mate ŋu ana nunana sia o. Enye nunana aɖe si Yehowa ŋutɔ naa amesiwo ko te ɖe eŋu. Nukae? Mawu ƒe Nya ɖo eŋu be: “Ne . . . [èkɔ] wo gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu. Elabena Yehowa naa nunya.” (Lododowo 2:3-6) Bu eŋu kpɔ, be amegbetɔ madeblibowo ƒe asi natu “sidzedze Mawu”! Wotsɔ nunana ma—si nye sidzedze si wokpɔna le Mawu ƒe Nya me—sɔ kple “kesinɔnu, si le to me.” Nukatae?

4, 5. Nukatae woate ŋu atsɔ “sidzedze Mawu” asɔ kple “kesinɔnu, si le tome”? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Nusiwo tae la dometɔ ɖekae nye be, asixɔxɔ gã aɖe le sidzedze Mawu ŋu. Eƒe yayra xɔasiawo dometɔ ɖekae nye agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ la. (Yohanes 17:3) Gake sidzedze ma naa míaƒe agbe nyona ɖe edzi fifia gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, le Mawu ƒe Nya si míesrɔ̃na ŋuɖɔɖotɔe ta la, míeva kpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi siwo nye: Mawu ŋkɔ ɖe? (Psalmo 83:19) Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? (Nyagblɔla 9:5, 10) Nukae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple ameƒomea? (Yesaya 45:18) Míeva nyae hã be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la tsɔtsɔ wɔ dɔe enye mɔ nyuitɔ si nu wòle be míanɔ agbe ɖo. (Yesaya 30:20, 21; 48:17, 18) Esia wɔe be mɔfiame nyui siwo kpena ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple agbemedzimaɖitsitsiwo ahanɔ agbe si hea dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzeme vavãtɔ vɛ la sua mía si. Ƒo wo katã ta la, Mawu ƒe Nya si míesrɔ̃na kpe ɖe mía ŋu be míeva dze si Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo eye be míete ɖe eŋu. Nukae axɔ asi wu ƒomedodo kplikplikpli si wotu ɖe “sidzedze Mawu” dzi la me nɔnɔ kple Yehowa?

5 Susu bubu hã li si tae woate ŋu atsɔ sidzedze Mawu asɔ kple “kesinɔnu, si le to me” ɖo. Abe kesinɔnu geɖewo ene la, enye nusi vena ŋutɔ le xexe sia me. Le ame biliɔn ade siwo le anyigba dzi dome la, Yehowa subɔla siwo ade miliɔn ade, alo ame 1 le 1,000 me, ye ke ɖe “sidzedze Mawu” ŋu. Be míawɔ alesi wònye kesinɔnu si mebɔ o be woanya Mawu ƒe Nya me nyateƒea ƒe kpɔɖeŋu la, de ŋugble le Biblia me nyabiase ɖeka pɛ ko ŋu kpɔ: Nukae dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi ne woku? Ŋɔŋlɔawo na míenya be luʋɔ kuna eye be ame kukuwo meganyaa naneke o. (Xezekiel 18:4) Ke hã xexeame ƒe subɔsubɔha akpa gãtɔwo xɔ aʋatsodzixɔse si nye be nane le ame me si yia edzi nɔa agbe le amea ƒe ku megbe la dzi se. Enye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo ƒe dzixɔse vevi aɖe. Ele Buddha-subɔsubɔha, Hindu-subɔsubɔha, Islam-subɔsubɔha, Jain-subɔsubɔha, Yuda-subɔsubɔha, Shinto-subɔsubɔha, Sikh-subɔsubɔha, kple Tao-subɔsubɔha me. Wò ya bu eŋu kpɔ ko—alakpanufiafia sia ɖeka ble ame biliɔn geɖe!

6, 7. (a) Amekawo koe ate ŋu ake ɖe “sidzedze Mawu” ŋu? (b) Kpɔɖeŋu kae fia be Yehowa tsɔ gɔmesese si bu ɖe “nunyalawo kple nugɔmeselawo” yra mí?

6 Nukatae ame geɖe meke ɖe “sidzedze Mawu” ŋu o? Elabena ame mate ŋu ase Mawu ƒe Nyaa gɔme bliboe Eƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. Ðo ŋku edzi be nunanae sidzedze sia nye. Amesiwo lɔ̃na faa be yewoatsɔ anukwareɖiɖi kple ɖokuibɔbɔ aku Yehowa ƒe Nyaa me koe wònanɛ. Amesiawo manye ‘nunyalawo le ŋutilã nu o.’ (Korintotɔwo I, 1:26) Le xexeame ƒe dzidzenuwo nu la, woabu wo dometɔ geɖe ‘ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwoe’ gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 4:13) Ke hã, ema mele vevie o. Yehowa tsɔa “sidzedze Mawu” ɖoa eteƒe na mí le nɔnɔme siwo wòkpɔna le míaƒe dzi me ta.

7 De ŋugble le kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Kristodukɔa me agbalẽnyala geɖewo ŋlɔ numeɖegbalẽ geɖewo ku ɖe Biblia ŋu. Numekugbalẽ mawo aɖe blemaŋutinyawo, Hebri kple Hela nyagbewo me, hekpe ɖe nu bubuawo ŋu. Le nu gbogbo siwo katã agbalẽnyala mawo srɔ̃ me la, ɖe woke ɖe “sidzedze Mawu” ŋua? Ðe wose Biblia ƒe tanya—si nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli to eƒe Fiaɖuƒe si le dziƒo dzi—gɔme tututua? Ðe wonya be Yehowa Mawu menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke oa? Nya siawo gɔmesese vavãtɔ le míawo ya si. Nukatae? Yehowa tsɔ gbɔgbɔmenyateƒe si gɔme “nunyalawo kple nugɔmeselawo” mete ŋu sena o la gɔmesese yra míi. (Mateo 11:25) Aleke Yehowa yraa amesiwo te ɖe eŋu la enye si!

“Yehowa Kpɔa Amesiwo Katã Lɔ̃nɛ la Ta”

8, 9. (a) Aleke Dawid ɖɔ yayra bubu si amesiwo te ɖe Yehowa ŋu kpɔna lae? (b) Nukatae Kristotɔ vavãwo hiã Mawu ƒe ametakpɔkpɔ?

8 Amesiwo te ɖe Yehowa ŋu la xɔa yayra bubu—si nye Mawu ƒe ametakpɔkpɔ. Hakpala Dawid, amesi hã to kuxi geɖewo me, ŋlɔ bena: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo katã vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo. Yehowa kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta.” (Psalmo 145:18-20) Ẽ, Yehowa tsɔ ɖe le amesiwo lɔ̃e la me eye le esia ta ate ŋu atso enumake axɔ na wo ne wodo ɣli yɔe.

9 Nukatae míehiã Mawu ƒe ametakpɔkpɔ? Tsɔ kpe ɖe agbenɔnɔ le ‘ɣeyiɣi vɔ̃’ siawo me fuwɔamewo ŋu la, Kristotɔ vavãwo nye amesiwo Yehowa ƒe Adikãtɔ, Satana Abosam, tɔ ŋkui vevie. (Timoteo II, 3:1) Futɔ dzeaye ma ɖoe kplikpaa be ‘yeavuvu mí ami.’ (Petro I, 5:8) Satana tia mía yome, ƒoa nya ɖe mía nu, hetea mí kpɔna. Eléa ŋku ɖe susu kple dzi ƒe nɔnɔme siwo dzi wòate ŋu adze la hã ŋu. Taɖodzinu aɖe le esi: be yeagbɔdzɔ míaƒe xɔse me ahagblẽ mía dome le gbɔgbɔ me. (Nyaɖeɖefia 12:12, 17) Esi wònye futɔ sẽŋu siae wòle be míate kame kplii la, ɖee medea dzi ƒo be míanya be ‘Yehowa le amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta kpɔm oa’?

10. (a) Nukatae Yehowa kpɔa eƒe amewo ta? (b) Nukae nye ametakpɔkpɔ vevitɔ kekeake, eye nukatae?

10 Gake aleke Yehowa kpɔa eƒe amewo tae? Ametakpɔkpɔ ƒe ŋugbe si wòdo la mefia be míanɔ agbe si me kuxi aɖeke mele o le nuɖoanyi sia me o; eye mefia hã be ele be wòawɔ nukunuwo ɖe mía nu o. Ke hã, Yehowa kpɔa eƒe amewo ta abe ƒuƒoƒo ene. Ne èbu eŋu kpɔ la, maɖe mɔ be Abosam natsrɔ̃ tadeagula vavãwo ɖa le anyigba dzi gbeɖe o! (Petro II, 2:9) Ƒo wo katã ta la, Yehowa kpɔa mía ta le gbɔgbɔ me. Eblaa akpa na mí kple nusiwo míehiã atsɔ ado dzi le tetekpɔwo me ahatsɔ akpɔ mía kplii dome ƒomedodo tae la. Gbɔgbɔmetakpɔkpɔe nye takpɔkpɔ vevitɔ kekeake si hiã wu ɖesiaɖe. Nukatae? Zi alesi mía kple Yehowa dome ƒomedodo gakpɔtɔ li la, naneke—ku gɔ̃ hã—mate ŋu awɔ nuvevi mí tegbee o.—Mateo 10:28.

11. Ðoɖo kawoe Yehowa wɔ hena eƒe amewo ƒe gbɔgbɔmetakpɔkpɔ?

11 Yehowa wɔ ɖoɖo gbogbo aɖewo ɖe amesiwo te ɖe eŋu la ƒe gbɔgbɔmetakpɔkpɔ ŋu. Enaa nunya si míatsɔ anɔ te ɖe tetekpɔ vovovowo nui la mí to eƒe Nya, Biblia, dzi. (Yakobo 1:2-5) Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Ŋɔŋlɔawo me la ŋudɔwɔwɔ ɖea vi. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa naa ‘gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ la.’ (Luka 11:13) Gbɔgbɔ mae nye ŋusẽ gãtɔ kekeake le xexeame godoo, eyata ate ŋu adzra mí ɖo be míadze ŋgɔ tetekpɔ ɖesiaɖe si atso mɔ na mí la dzidzedzetɔe. To Kristo dzi la, Yehowa naa ‘nunana siwo nye amewo.’ (Efesotɔwo 4:8) Gbɔgbɔmeme bibi siawo dzea agbagba be yewoaɖe Yehowa ŋutɔ ƒe nublanuikpɔkpɔ manyagblɔ afia le kpekpe ɖe hati tadeagulawo ŋu me.—Yakobo 5:14, 15.

12, 13. (a) Mɔ kawo dzie Yehowa tona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me le ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena míaƒe gbɔgbɔmenyonyo?

12 Yehowa ganaa nu bubu aɖe hã be wòakpɔ mía ta: gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi. (Mateo 24:45) To agbalẽ siwo wotana, siwo dometɔ aɖewo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!, kpakple kpekpewo, nutome sue kple nutome gã takpekpewo dzi la, Yehowa naa nusi hiã mí le ɣeyiɣi si míehiãe dzi. Ðe nèɖo ŋku ɣeaɖeɣi si nèse nya aɖe le Kristotɔwo ƒe kpekpe, nutome sue alo nutome gã takpekpe aɖe si ɖo wò dzi gbɔ hedo ŋusẽ wò alo fa akɔ na wò la dzia? Ðe nèxlẽ nyati aɖe le agbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la dometɔ aɖe me hese le ɖokuiwò me be wòe woŋlɔ esia naa?

13 Satana ƒe aʋawɔnu ɖaɖɛwo dometɔ ɖekae nye dziɖeleameƒo, eye míate ŋu asi le alesi wògblẽa nui nu o. Enya nyuie be mɔkpɔkpɔbuɖeameɣi ate ŋu ana míagbɔ dzɔ ahana wòadze mía dzi bɔbɔe gɔ̃ hã. (Lododowo 24:10) Le esi Satana le agbagba dzem be yeawɔ dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo koŋ ŋudɔ ta la, míehiã na kpekpeɖeŋu. Nyatiwo dzena le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me zi geɖe siwo kpena ɖe mía ŋu be míaɖu dziɖeleameƒo dzi. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ le nyati siawo dometɔ ɖeka ŋu be: “Mexlẽa nyatia gbesiagbe kloe, eye aɖatsi gakpɔtɔ gena le ŋkunyeme. Medae ɖe nye abati gbɔ ale be mate ŋu atsɔe ɣesiaɣi si dzi ɖe le ƒonye. To nyati siawo ƒomevi dzi la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa tsɔ eƒe asi siwo kpɔa ame ta la ɖo dzinye.” * Ðe míada akpe na Yehowa be wònaa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le ɣeyiɣi si sɔ me oa? Ðo ŋku edzi be ɖoɖo siwo wòwɔ ɖe míaƒe gbɔgbɔmenyonyo ta nye kpeɖodzi be ete ɖe mía ŋu eye wòkpɔa mía ta.

Tete Ðe ‘Gbedodoɖa Sela’ la Ŋu Bɔbɔe

14, 15. (a) Yayra kawoe Yehowa ŋutɔ naa amesiwo te ɖe eŋu? (b) Nukatae tete ɖe Yehowa ŋu faa le gbedodoɖa me nye mɔnukpɔkpɔ vevi aɖe?

14 Ède dzesii be ne ŋusẽ kple ɖoƒe ɖo amegbetɔwo si la, wo teviwo megate ŋu tena ɖe wo ŋu tututu oa? Ke Yehowa Mawu ya ɖe? Ðe eya hã le adzɔge ʋĩ tso amegbetɔ tsɛwo gbɔ be wòatsɔ ɖe le nya siwo wogblɔna nɛ mea? Mele nenema o! Gbedodoɖa ƒe nunana nye yayra bubu si hã Yehowa kɔna ɖe amesiwo te ɖe eyama ŋu la dzi. Mɔɖeɖe be woate ɖe ‘gbedodoɖa Sela’ la ŋu nye mɔnukpɔkpɔ vevi aɖe nyateƒe. (Psalmo 65:3) Nukatae?

15 Le kpɔɖeŋu me: Agbanɔamedzi geɖe le asitsaha gã ƒe amegã dzi. Eyae tsoa nya me le nya siwo gbɔ eya ŋutɔ akpɔ kple esiwo gbɔ wòatia ame bubuwo be woakpɔ ŋu. Nenema kee xexeame katã Dziɖulagã la ate ŋu atia nya siwo me eya ŋutɔ adi be yeade asii kple esiwo gbɔ wòatia amewo be woakpɔ la. Bu nusiwo katã Yehowa tsɔ de Via malɔ̃nugbɔ, Yesu, si la ŋu kpɔ. Wona ŋusẽ Vi la be “wòadrɔ̃ ʋɔnu.” (Yohanes 5:27) Wobɔbɔ mawudɔlawo ‘ɖe eyama te.’ (Petro I, 3:22) Yesu ate ŋu azã Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋu la atsɔ akplɔ eƒe nusrɔ̃lawo le anyigbaa dzi. (Yohanes 15:26; 16:7) Eyata Yesu te ŋu gblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.” (Mateo 28:18) Gake le gbedodoɖa gome la, Yehowa tiae be ye ŋutɔ yeasee. Eyatae Biblia gblɔ na mí be míado gbe ɖa na Yehowa ɖeɖeko ɖo, eye míadoe ɖa le Yesu ƒe ŋkɔ me.—Psalmo 69:14; Yohanes 14:6, 13.

16. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo nyateƒe?

16 Ðe Yehowa ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo tututua? Nenye be ɖee metsɔa ɖeke le eme o la, made dzi ƒo na mí gbeɖegbeɖe be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaasi’ alo be míatsɔ míaƒe agbawo kple dzimaɖitsitsiwo adro ɖe ye dzi o. (Romatɔwo 12:12; Psalmo 55:23; Petro I, 5:7) Kakaɖedzi blibo nɔ subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia ɣeyiɣiwo me la si be Yehowa ɖoa to gbedodoɖa. (Yohanes I, 5:14) Eyata hakpala Dawid gblɔ be: “[Yehowa ɖo] to nye gbe.” (Psalmo 55:18) Susu ɖesiaɖe le míawo hã si be míaka ɖe edzi be Yehowa le kpuiƒe eye wòle klalo be yease miaƒe tamesusuwo kple dzimaɖeɖiwo.

Yehowa Ðoa Eteƒe na Esubɔlawo

17, 18. (a) Aleke Yehowa sena le eɖokui me ku ɖe eƒe nuwɔwɔ nyanuwo ƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu? (b) Ðe alesi Lododowo 19:17 fia be Yehowa léa ŋku ɖe míaƒe dɔmenyonuwɔnawo ŋu me.

17 Nusi amegbetɔ tsɛwo wɔna alo gbena be yewomawɔ o la megblẽa naneke le ɖoƒe si le Yehowa si abe Xexeame Katã Dziɖulagã ene la ŋu o. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa nye Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu. Edea asixɔxɔ—ne míagblɔe tututu la, edea bubu—eƒe nuwɔwɔ nyanuwo ƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋu. (Psalmo 147:11) Esia hã ganye viɖe bubu siwo amesiwo te ɖe Yehowa ŋu la kpɔna: Eɖoa eteƒe na Esubɔlawo.—Hebritɔwo 11:6.

18 Biblia ɖee fia eme kɔ ƒã be Yehowa dea asixɔxɔ nusi esubɔlawo wɔna ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.” (Lododowo 19:17) Alesi Yehowa bua ame dahewo ŋui dɔmenyotɔe la dze le Mose ƒe Sea me. (Mose III, 14:21; 19:15) Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne míesrɔ̃ eƒe nublanuikpɔkpɔ le nuwɔwɔ kple ame dahewo me? Ne míena nu ame dahe eye míekpɔ mɔ be wòaɖo eteƒe na mí o la, Yehowa bua esia abe nugbanadodo na Eyama ene. Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ kple yayrawo aɖo ema teƒee. (Lododowo 10:22; Mateo 6:3, 4; Luka 14:12-14) Ẽ, ne míeve hati tadeagula aɖe si hiã tu nu la, edzɔa dzi na Yehowa ƒe dzi. Dzidzɔ kae nye si wònye na mí be míanyae be míaƒe Dziƒofofo la léa ŋku ɖe míaƒe dɔmenyonuwɔnawo ŋu!—Mateo 5:7.

19. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ nusi míewɔna le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ŋu? (b) Akeke Yehowa ɖoa subɔsubɔdɔ siwo míewɔna tsɔ doa alɔ eƒe Fiaɖuƒea teƒee?

19 Yehowa dea asixɔxɔ nusi míewɔna ɖe eƒe Fiaɖuƒea ta koŋ ŋu. Ne míete ɖe Yehowa ŋu la, masesẽ na mí be míadi be míazã míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo atsɔ akpɔ gome blibo alesi míate ŋui le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me o. (Mateo 28:19, 20) Ɣeaɖewoɣi la, míase le mía ɖokui me be míele nu boo aɖeke wɔm o. Míaƒe dzi madeblibo la ate ŋu ana míabu gɔ̃ hã be ɖe Yehowa le ŋudzedze kpɔm ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋu hã. (Yohanes I, 3:19, 20) Gake Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe nunana ɖesiaɖe—aleke kee wòɖale sue o—si tso dzi si lɔlɔ̃ ʋã me ŋu. (Marko 12:41-44) Biblia ka ɖe edzi na mí be: ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta la be o.’ (Hebritɔwo 6:10) Le nyateƒe me la, Yehowa ɖoa ŋku subɔsubɔ ƒe nuwɔna suetɔ kekeake si ame wɔna tsɔ doa alɔ eƒe Fiaɖuƒeae la dzi eye wòɖoa eteƒe. Tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔmeyayra gbogbo siwo míaxɔ fifia ŋu la, míate ŋu akpɔ mɔ na agbe si me dzidzɔ le la nɔnɔ le xexeme yeye si gbɔna me, afisi Yehowa aʋu eƒe asi me eye wòatsɔ amesiwo katã te ɖe eŋu la ƒe nudidi dzɔdzɔewo aɖi ƒo na woe le taŋtaŋ!—Psalmo 145:16; Petro II, 3:13.

20. Le ƒe 2003 bliboa me la, aleke míawɔ míaƒe ƒea ƒe mawunyakpukpuia nanɔ tame na mí, eye vi kae wòaɖe na mí?

20 Le ƒe 2003 bliboa me la, mina míabia mía ɖokui be míele agbagba ɖesiaɖe dzem be míate ɖe míaƒe Dziƒofofoa ŋu hã. Ne míele ewɔm la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be atrɔ ɖe mía ŋu abe alesi wòdo ŋugbee ene. Elabena ‘Mawu mekaa aʋatso o.’ (Tito 1:2) Ne ète ɖe eyama ŋu la, ate ɖe ŋuwò. (Yakobo 4:8) Eye nukae nàkpɔ atso eme? Àxɔ yayra gbogbowo fifia kple mɔkpɔkpɔ be yeava te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu yi ɖe mavɔmavɔ me!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Enye nusi wòŋlɔ tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nyati si nye “Yehowa Nye Gã Wu Míaƒe Dzi,” le May 1, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28-31 ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae Yehowa naa amesiwo te ɖe eŋu?

• Ðoɖo kawoe Yehowa wɔ be wòatsɔ akpɔ eƒe amewo ta le gbɔgbɔ me?

• Nukata tete ɖe Yehowa ŋu faa le gbedodoɖa me nye mɔnukpɔkpɔ vevi aɖe?

• Aleke Biblia fia be Yehowa dea asixɔxɔ eƒe nuwɔwɔ nyanuwo ƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ŋui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa tsɔ gbɔgbɔmenyateƒewo gɔmesese yraa mí

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Yehowa naa gbɔgbɔmetakpɔkpɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Yehowa le kpuiƒe eye wòle klalo be yease míaƒe gbedodoɖawo katã