Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nunyala Etɔ̃awo”—Amekawoe Wonye?

“Nunyala Etɔ̃awo”—Amekawoe Wonye?

“Nunyala Etɔ̃awo”—Amekawoe Wonye?

Ŋutsu etɔ̃ siwo do awu ʋlayawo eye wozɔ mɔ va ɖo lãkpɔ aɖe si me vidzĩ Yesu mlɔ lãto aɖe me le ye dzena le Yesu dzidzi ƒe nutatawo me zi geɖe. Wolɔ̃a amedzro siawo siwo dzra ɖo nyuie la yɔyɔ be nunyala etɔ̃awo. Nukae Biblia gblɔ tso wo ŋu?

Le Biblia ƒe nya nu la, ‘ɣedzeƒee’ yeaɖi nunyala siawo tso, eye afimae wokpɔ Yesu dzidzi ƒe dzesia le. (Mateo 2:1, 2, 9) Ŋutsu siawo anya tsɔ ɣeyiɣi didi aɖe zɔ mɔ yi Yudeae. Esime woke ɖe Yesu ŋu mlɔeba la, menye vidzĩ fẽe wòganye le lãkpɔ aɖe me o. Ke boŋ ŋutsuawo kpɔ Maria kple “ɖevi la” le aƒe me.—Mateo 2:11.

Biblia yɔ ŋutsu siawo be akunyawɔlawo alo “ɣletivimefakalawo” (NW) eye meyɔ woƒe xexlẽme o. The Oxford Companion to the Bible ɖe nu me be: “Ƒomedodo si le akunyawɔwɔ kple ɣletivimefakaka dome dze le alesi dzi dzɔ amedzroawo ɖe ɣletivi si kplɔ wo yi Betlexem ŋui la me.” Biblia ƒo nu tsitre ɖe akunyawɔwɔ ƒomeviwo katã kple Babilontɔwo ƒe nuwɔna si nye agbagbadzedze be woaxɔ nyatakakawo tso ɣletiviwo me ŋu wòdze ƒã.—Mose V, 18:10-12; Yesaya 47:13.

Nu nyui aɖeke medo tso nyatakaka siwo ŋutsu siawo xɔ me o. Enyɔ dziku ƒe ŋuʋaʋã ɖe Fia Herodes vɔ̃ɖi la me. Esia hãe he Yosef, Maria, kple Yesu ƒe sisi ayi Egipte kpakple ŋutsuvi siwo xɔ “ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o” le Betlexem la wuwu vɛ. Nusi Herodes se tso ɣletivimefakalawo nu wɔe be wòte ŋu bu ɣeyiɣi si me wodzi Yesu la nyuie. (Mateo 2:16) Le kuxi siwo katã amedzro siawo ƒe vava he vɛ ta la, susu le eme be míaƒo nya ta be ɣletivi si wokpɔ kple “Yudatɔwo ƒe fia, si wodzi la” ŋuti nya si woxɔ la tso Mawu ƒe futɔ, Satana Abosam, amesi di be yeaɖe Yesu ɖa la gbɔ.—Mateo 2:1, 2.