Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa na Fukpelawo

Akɔfafa na Fukpelawo

Akɔfafa na Fukpelawo

LE ƑE alafaawo me la, nusita Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu ƒe nyabiasea tɔtɔ xexemenunyala kple mawunyaŋununyala geɖe. Ame aɖewo gblɔ gbeteteɖedzitɔe be esi Mawu nye ŋusẽkatãtɔ ta la, eya kokoko gbɔe wòtso be fukpekpe li. Agbalẽ si nye The Clementine Homilies, si nye ƒe alafa evelia me gligbalẽ, ŋlɔla gblɔ be Mawu tsɔ alɔ eve le xexeame dzi ɖumee. Etsɔa eƒe “miasi” si nye Abosam hea fukpekpe kple vevesese vɛ, eye wòtsɔa eƒe “ɖusi” si nye Yesu xɔna na ame heyranɛ.

Esi wòsesẽ na ame bubuwo be woase egɔme be Mawu ate ŋu aɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu togbɔ be menye eyae henɛ vɛ o hã ta la, wotiae be yewomalɔ̃ ɖe edzi be fukpekpe li o. Mary Baker Eddy ŋlɔ bena: “Ameflunu aɖe koe vɔ̃ nye, ke kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ mele eŋu o. Ne míebua nuvɔ̃, dɔléle, kple ku be womenye naneke o la, womaganɔ anyi o.”—Science and Health With Key to the Scriptures.

Le nu wɔnublanui siwo dzɔ le ŋutinya me, vevietɔ esiwo dzɔ tso xexemeʋa gbãtɔ dzi vaseɖe míaƒe ŋkekea me ta la, ame geɖe va ƒo nya ta be nya la katã koe nye be Mawu mete ŋu xea mɔ na fukpekpe o. Yudatɔ, agbalẽnyala David Wolf Silverman ŋlɔ bena: “Mesusu be Ametsɔtsrɔ̃ Gã la wɔe be megale bɔbɔe be woayɔ ŋusẽkatãtɔ na Mawu o.” Egblɔ kpee be: “Ne woase Mawu gɔme le mɔ aɖe nu la, ke eyae nye be nuvɔ̃ ƒe anyinɔnɔ sɔ na Eƒe dɔmenyonyo, eye nya sia me kɔ ne Menye ŋusẽkatãtɔ o ko.”

Gake gbɔgblɔ be Mawu gbɔe wòtso be fukpekpe li, be mete ŋu le mɔ xem nɛ o, alo be fukpekpe meli o mefaa akɔ na fukpelawo boo o. Eye vevietɔ la, dzixɔse siawo tsi tre ɖe nusi woɖe fia le Biblia me be Mawu dzɔdzɔetɔ, ŋusẽtɔ, kple amesi léa be na ame la ŋu kura. (Hiob 34:10, 12; Yeremya 32:17; Yohanes I, 4:8) Ekema nukae Biblia gblɔ tso susu si ta woɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la ŋu?

Aleke Fukpekpe Dze Egɔmee?

Mawu mewɔ amegbetɔ be wòakpe fu o. Ke boŋ ena susu kple ŋutilã deblibo atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, dzra abɔ nyui aɖe ɖo be wòanye woƒe aƒe, hede dɔ nyui dodzidzɔname aɖe asi na wo. (Mose I, 1:27, 28, 31; 2:8) Ke hã, ne wolɔ̃ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye kple ŋusẽ dzi be eyae awɔ nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotso na yewo ko hafi woayi edzi akpɔ dzidzɔ. Ati aɖe si ŋkɔe nye ‘sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati’ ye tsi tre ɖi na Mawu ƒe sedede ma. (Mose I, 2:17) Adam kple Xawa aɖee afia be yewobɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te ne wowɔ ɖe se si wòde be womegaɖu ati ma ƒe kutsetse o la dzi. *

Nublanuitɔe la, Adam kple Xawa do kpo toɖoɖo Mawu. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã aɖe, si wova yɔ be Satana Abosam, ble Xawa be toɖoɖo Mawu mahe dzidzɔ mavɔ vɛ nɛ o. Le nyateƒe me la, ɖe Mawu nɔ nu nyoameŋu aɖe xɔm le esi: ɖokuisinɔnɔ, si nye eƒe gome be wòawɔ nu nyui kple nuvɔ̃ ŋuti nyametsotso na eɖokui. Satana gblɔ be ne eɖu atikutsetsea la, ‘eƒe ŋkuwo laʋu, eye wòanɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’ (Mose I, 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9) Esi ɖokuisinɔnɔ si Xawa susu be asu ye si dzroe ta la, eɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la, eye eteƒe medidi o Adam hã ɖui.

Gbemagbe ke la, Adam kple Xawa te woƒe aglãdzedzea me tsonuwo kpɔkpɔ. Esi wogbe Mawu ƒe dziɖulanyenye ta la, ametakpɔkpɔ kple yayra siwo wokpɔna tsoa wo ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu te me la bu ɖe wo. Mawu nya wo le Paradisoa me hegblɔ na Adam bena: “Woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi àkpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me. Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi!” (Mose I, 3:17, 19) Dɔléle, vevesese, tsitsi kple kue tu Adam kple Xawa azɔ. Fukpekpe va zu amegbetɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ.—Mose I, 5:29.

Nyaa Gbɔ Kpɔkpɔ

Ame aɖe abia be, ‘Ne ɖe Mawu ŋe aɖaba ƒu Adam kple Xawa ƒe nuvɔ̃a dzi ko nyaa metɔ oa?’ Ao, elabena ema afɔ nya bubu kura ɖe te ku ɖe bubudede eƒe ŋusẽ ŋu, ɖewohĩ wòana aglãdzedze bubu nado tso eme si ahe fukpekpe siwo lolo wu gɔ̃ hã vɛ. (Nyagblɔla 8:11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, aɖabaŋeŋe aƒu tomaɖomaɖo ma dzi ana Mawu nakpe asi ɖe nuvɔ̃wɔwɔ ŋu. Biblia-ŋlɔla Mose ɖo ŋku nu dzi na mí be: “[Mawu ƒe] nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Be Mawu nawɔ nu wòasɔ kple eƒe gɔmeɖosewo la, ele be wòaɖe mɔ Adam kple Xawa ƒe tomaɖomaɖoa me tsonuwo nava wo dzi.

Nukatae Mawu metsrɔ̃ atsu kple asi gbãtɔa hekpe ɖe Satana, amesi nɔ megbe na woƒe aglãdzedzea le adzame la, ŋu enumake o? Ŋusẽ le esi wòate ŋu awɔe nenema. Anye ne Adam kple Xawa madzi vi woava zu fukpekpe kple ku domenyilawo o. Ke hã, Mawu ƒe ŋusẽ ɖeɖe fia le mɔ ma nu maɖo kpe edzi be Mawue dze anye eƒe nuwɔwɔ nyanuwo dziɖula o. Gakpe ɖe eŋu la, ne ɖe Adam kple Xawa ku vi madzimadzii la, anye ne afia be tame si Mawu ɖo be yeana woƒe dzidzimevi deblibowo nayɔ anyigbaa dzi la do kpo emevava. (Mose I, 1:28) Eye “Mawu mele abe amegbetɔwo ene o . . . Nusianu si ƒe ŋugbe wòdo la, ewɔnɛ; nya si wògblɔ la, vaa eme.”—Mose IV, 23:19, Today’s English Version.

Yehowa Mawu tso nya me le eƒe nunya deblibo la me be yeaɖe mɔ aglãdzedzea nayi edzi ɣeyiɣi aɖe. Ana mɔnukpɔkpɔ geɖe nasu aglãdzelaawo si be woakpɔ ameɖokui si nɔnɔ Mawu manɔmee me tsonuwo. Nudzɔdzɔwo aɖee afia ɖikekemanɔmee be ameƒomea hiã Mawu ƒe mɔfiame eye be Mawu ƒe dziɖuɖu nyo wu amegbetɔwo alo Satana tɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu wɔ afɔɖeɖewo tsɔ kpɔ egbɔ be yeƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigbaa nava eme. Edo ŋugbe be “dzidzimevi” aɖe ava si ‘agba ta na Satana’ ahaɖe eƒe aglãdzedzea kple nusiwo wògblẽ la ɖa keŋkeŋ.—Mose I, 3:15.

Yesu Kristoe nye Dzidzimevi ma si ƒe ŋugbe wodo la. Míexlẽ le Yohanes I, 3:8 be, “Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.” Ewɔ esia esime wòtsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo ɖo anyi hexe tafe ɖe Adam ƒe viwo ta bena yeaɖe wo tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome wonyi me. (Yohanes 1:29; Timoteo I, 2:5, 6) Wodo ŋugbe be woaɖe amesiwo xɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se ŋutɔŋutɔ la tso fukpekpe me tegbee. (Yohanes 3:16; Nyaɖeɖefia 7:17) Ɣekaɣie esia ava eme?

Fukpekpe ƒe Nuwuwu

Afɔkpotutu Mawu ƒe dziɖuɖu he fukpekpe manyagblɔ geɖe vɛ. Ekema esɔ be Mawu nazã eƒe ŋusẽ le mɔ tɔxɛ aɖe nu atsɔ ahe amegbetɔ ƒe fukpekpewo va nuwuwui ahana eƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba nava eme. Yesu ƒo nu tso Mawu ƒe ɖoɖo sia ŋu esime wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: ‘Mía Fofo, si le dziƒowo! . . . Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!’—Mateo 6:9, 10.

Ɣeyiɣi si ŋu Mawu ɖe mɔ le na amegbetɔwo be woate woa ŋutɔwo ƒe dziɖuɖu kpɔ la ƒe nuwuwu gogo. Le Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava nu la, woɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me, eye Yesu Kristoe nye eƒe Fia. * Eteƒe madidi o agbã amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã ahahe wo va nuwuwui.—Daniel 2:44.

Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ kpuia me la, ena yayra siwo Mawu ƒe dziɖuɖu si woagbugbɔ aɖo anyi ahe vɛ na ameƒomea ƒe kpɔɖeŋu le mɔ sue aɖe nu. Nyanyuigbalẽawo ɖo kpe edzi be Yesu ɖe nublanuikpɔkpɔ fia ame dahewo kple amesiwo amewo mebuna ɖe naneke me o la. Eyɔ dɔ dɔnɔwo, ena nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye efɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Dzɔdzɔmeŋusẽwo gɔ̃ hã se eƒe gbe. (Mateo 11:5; Marko 4:37-39; Luka 9:11-16) Kpɔ dɔ si Yesu awɔ ne ezã eƒe tafevɔsaa si klɔa ame ŋu la ƒe ŋusẽ be wòaɖe vi na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã ɖa ko! Biblia do ŋugbe be Mawu ato Kristo ƒe dziɖuɖu dzi ‘atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le ameƒomea ƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.’—Nyaɖeɖefia 21:4.

Akɔfafa na Fukpelawo

Aleke gbegbee wòde dzi ƒoe nye si be míanya be míaƒe Mawu lɔ̃ame, Yehowa, si nye ŋusẽkatãtɔ la léa be na mí eye be madidi o ana ameƒomea nakpɔ gbɔdzɔe! Zi geɖe la, amesi ƒe lãme gblẽ vevie la lɔ̃na faa wowɔa atike si ada dɔ nɛ la nɛ, ne ewɔwɔ ana wòase veve vevie gɔ̃ hã. Le mɔ ma ke nu la, ne míenya be alesi Mawu le nyawo gbɔ kpɔmee ahe yayra mavɔwo vɛ la, enyanya nenema ate ŋu ade dzi ƒo na mí, nɔnɔme sesẽ ka ke mee wòle be míato ɣeyiɣi kpui aɖe o.

Ricardo, amesi ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la srɔ̃ alesi wòana Biblia ƒe ŋugbedodowo nafa akɔ nɛ. Egblɔ be: “Le srɔ̃nye ƒe ku megbe la, mese le ɖokuinye me vevie be maɖe ɖokuinye ɖe aga, gake mekpɔe dze sii enumake be esia magbɔ agbe srɔ̃nye o, ke boŋ nue wòagblẽ le nye seselelãmewo ŋu ɖe edzi.” Ðe ema teƒe la, Ricardo yi edzi dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo abe alesi wòwɔnɛ tsã ene hegblɔa Biblia ƒe gbedasia na amewo. Ricardo gblɔ be: “Esi mesee le ɖokuinye me be Yehowa le kpekpem ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe hekpɔ alesi wòɖoa nye gbedodoɖawo ŋu le nya siwo dze nya suewoe gɔ̃ hã me la, ena mete ɖe eŋu kplikplikpli. Dzesidede Mawu ƒe lɔlɔ̃ aleae kpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe nusi magblɔ le nyateƒe me be enye dodokpɔ sesẽtɔ kekeake si va dzinye kpɔ la nu.” Elɔ̃ ɖe edzi be: “Megasusua srɔ̃nye kokoko, gake xɔse sẽŋu su asinye fifia be nusiwo ŋu Yehowa ɖea mɔ ɖo la dometɔ aɖeke magblẽ nu le mía ŋu tegbetegbe o.”

Abe Ricardo kple ame miliɔn geɖewo ene la, ɖe nèle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ‘womagaɖo ŋku’ fukpekpe siwo me tom ameƒomea le fifia ‘dzi, alo woahayi ame ƒe ta me va ge o’ la veviea? (Yesaya 65:17) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Mawufiaɖuƒea ƒe yayrawo ate ŋu asu asiwò ne èwɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be: “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.”—Yesaya 55:6.

Be nàte ŋu awɔ esia la, na Mawu ƒe Nya la xexlẽ kple esɔsrɔ̃ tsitotsito nanye nu vevi na wò le agbe me. Dze agbagba nànya Mawu kple amesi wòdɔ ɖa, Yesu Kristo. Dze agbagba nànɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu nàtsɔ aɖee afia be yelɔ̃ be yeabɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te. Agbenɔnɔ alea ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wò fifia, togbɔ be àto dodokpɔwo me hã. Eye le etsɔme la, ana nànɔ agbe le xexe aɖe si me fukpekpe mele o me.​—Yohanes 17:3.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 The Jerusalem Bible ɖe ‘sidzedze nyui kple vɔ̃’ gɔme le Mose I, 2:17 ƒe etenuŋɔŋlɔ me be “ŋusẽkpɔkpɔ awɔ nusi nyo kple nusi menyo o ŋuti nyametsotso . . . ahawɔ eme dɔ, amegbetɔ ƒe gbɔgblɔ be yele ye ɖokui si keŋkeŋ le agbenɔnɔ ŋuti nyametsotsowo wɔwɔ me, kpakple gbegbe be yemenye nuwɔwɔ o.” Egblɔ kpee be: “Nuvɔ̃ gbãtɔa nye Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi dzedze.”

^ mm. 17 Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 10 kple 11 hena Biblia ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ƒe 1914 ŋu la me dzodzro tsitotsito.

[Aɖaka si le axa 6, 7]

ALEKE MÍATE ŊU ANƆ TE ÐE FUKPEKPE NUI?

“Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Mawu] dzi.” (Petro I, 5:7) Tɔtɔ, dziku, kple sese le ame ɖokui me be kpeɖeŋutɔ meli na ye o nye seselelãme siwo vana le dzɔdzɔmenu ne míele fu kpem alo kpɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe le fu kpem. Ke hã, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa sea míaƒe seselelãmewo gɔme. (Mose II, 3:7; Yesaya 63:9) Abe blematɔ wɔnuteƒewo ene la, míate ŋu agblɔ míaƒe dzimenyawo ahakɔ nu le míaƒe vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsiwo dzi nɛ. (Mose II, 5:22; Hiob 10:1-3; Yeremya 14:19; Xabakuk 1:13) Ðewohĩ maɖe nusiwo me tom míele ɖa nukutɔe ya o, gake le gbe siwo míedo ɖa tso dzime ŋu ɖoɖo me la, ate ŋu ana nunya kple ŋusẽ mí míatsɔ akpɔ wo gbɔe.​—Yakobo 1:5, 6.

“Migana dodokpɔ sesẽ si me tom miele la nawɔ nuku na mi kakaka abe ɖe numadzɔkpɔ aɖee wònye le dzɔdzɔm ɖe mia dzi ene o.” (Petro I, 4:12, New International Version) Yometiti ŋue Petro le nu ƒom tsoe le afisia, gake eƒe nyawo sɔ na fukpekpe ɖesiaɖe si ava xɔsetɔ aɖe dzi. Hiãkame, dɔléle, kple lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku dzɔna ɖe amegbetɔwo dzi. Biblia gblɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na amesiame. (Nyagblɔla 9:11) Nusiawo nye nɔnɔme si me amegbetɔwo le fifia la ƒe akpa aɖe. Enyanya alea akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe fukpekpe kple dzɔgbevɔ̃e nu ne edzɔ ɖe mía dzi. (Petro I, 5:9) Vevietɔ la, ŋkuɖoɖo kakaɖedzinya si nye be “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu” dzi anye akɔfafa tsoƒe na mí geɖe.​—Psalmo 34:16; Lododowo 15:3; Petro I, 3:12.

“Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me.” (Romatɔwo 12:12) Le esi teƒe be míanɔ ŋugble dem le dzidzɔɣeyiɣi siwo me míenɔ tsã ŋu la, míate ŋu ade ŋugble le Mawu ƒe ŋugbedodo be yeaɖe fukpekpewo katã ɖa ŋu. (Nyagblɔla 7:10) Mɔkpɔkpɔ sẽŋu sia akpɔ mía ta abe alesi gakuku kpɔa ta tae ene. Mɔkpɔkpɔ naa agbe me nyadzɔɖeamedziwo megakpena boo o, eye wòkpena ɖe mía ŋu míekpɔa egbɔ be womagblẽ nu le míaƒe susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me lãmesẽ ŋu o.​—Tesalonikatɔwo I, 5:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Adam kple Xawa gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mawu do ŋugbe be yeahe xexe aɖe si me fukpekpe manɔ o vɛ