Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Kpui Aɖe Si Trɔ Nye Agbe

Lɛta Kpui Aɖe Si Trɔ Nye Agbe

Agbemeŋutinya

Lɛta Kpui Aɖe Si Trɔ Nye Agbe

ABE ALESI IRENE HOCHSTENBACH GBLƆE ENE

Braɖa fiẽ aɖe, le ƒe 1972 mee wòdzɔ. Mexɔ ƒe 16 eye mekplɔ dzinyelawo ɖo yi subɔsubɔha aɖe ƒe kpekpe aɖe me le Eindhoven, si nye dugã le Brabant-nuto me, le Netherlands. Nyemevo le ɖokuinye me kura o, eye dzodzo le teƒea dzrom. Emegbe ɖetugbi eve tsɔ lɛta kpui aɖe de asi nam, si me nyawo xlẽ ale: “Irene lɔlɔ̃tɔ, anye dzidzɔ na mí be míakpe ɖe ŋuwò.” Nyemenya kura be agbalẽ kakɛ ma gbɔna nye agbe trɔ ge o. Gake hafi magblɔ nusi va dzɔ emegbe na mi la, mina maƒo nu tso ɖokuinye ŋu na mi gbã.

W ODZIM le Belitung-ƒukpo dzi, le Indonesia. Megaɖoa ŋku anyigba xɔdzo ma dzi gbeɖiɖi aɖewo dzi—deʋaya siwo me ya ɖo ƒe ɖiɖi, tɔsisi aɖe si tsɔ ɖe mía gbɔ la ƒe sisi blewuu, ɖevi siwo le fefem le míaƒe aƒe godo la ƒe nukoko, kpakple ha siwo woƒona mesena le míaƒe aƒea me. Le ƒe 1960 me, esime mexɔ ƒe ene la, míaƒe ƒomea ʋu le Indonesia yi Netherlands. Melie míeɖo le mɔ legbe sia zɔzɔ me, eye gbeɖiɖi si koŋ dzi meɖoa ŋkui enye esi ɖina le fefenu aɖe si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si metsɔ ɖe asi—si nye ametikpakpɛ aɖe si lé asiʋui ɖe asi le ƒoƒom. Esi mexɔ ƒe adre la, dɔléle aɖe na nye to ku, eye tso ɣemaɣi la, nyemegate ŋu sea naneke ƒe ɖiɖi le teƒe si míele o. Esiawo koe nye gbeɖiɖi siwo dzi megaɖoa ŋkui.

Tokunɔ si Nɔ Tsitsim

Le dzinyelawo ƒe beléle nam lɔlɔ̃tɔe ta la, nyemenya nusi tututu tokunɔnyenye nye le gɔmedzedzea me o. Esi menye ɖevi ta la, mesusuna gɔ̃ hã be nusemɔ̃ gã si le tome nam la nye dzidzɔdonu aɖe ƒomevi, togbɔ be mekpe ɖe ŋunye boo ale o hã. Ne nutoa me viwo di be yewoagblɔ nya aɖe nam la, ɖe wotsɔa akalo ŋlɔa nya sia nya ɖe gli ŋu, eye meɖoa wo ŋu na wo, togbɔ be nye ŋutɔ nyemesea nye nuƒo o hã.

Esi metsi vie la, meva nya be meto vovo tso amesiwo dome mele la gbɔ. Mekpɔnɛ dzea sii hã be ame aɖewo ɖua fewu le ŋunye le nye tokukua ta, eye bubuwo hã melɔ̃na be made ha kpli yewo o. Meva senɛ le ɖokuinye me be metsi akogo. Meva te nusi tokunɔnyenye fia gɔmesese, eye zi alesi menɔ tsitsim ɖe edzii la, zi nenemae vɔvɔ̃ ɖoam le nusela siwo dome mele la ŋu.

Be mate ŋu ade tokunɔwo ƒe suku tɔxɛ aɖe la, dzinyelawo na míaƒe ƒome bliboa ʋu tso kɔƒe aɖe si le Limburg-nutoa me yi Eindhoven-dugãa me. Fofonye di dɔ le afima, eye wode tsɛnye kple daanyewo suku bubu. Medaa akpe ɖe tɔtrɔ siwo katã wowɔ le tanye la ta. Le suku la, wofiam be matrɔ asi le nye gbeɖiɖi ŋu ahaƒo nu eme nakɔ wu. Eye togbɔ be nufialawo medo tokunɔgbe nam o hã la, nye sukuxɔmehatiwo fia edodom.

Nyemenya Nusiwo Yia Edzi Ƒo Xlãm O

Esi menɔ tsitsim la, dzinyelawo dze agbagba vevie be yewoaɖo dze kplim, gake nu geɖe nɔ anyi siwo gɔme nyemesena o. Le kpɔɖeŋu me, nyemenya be Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple dzinyelawo o. Gake meɖo ŋku edzi be gbeɖeka la, míaƒe ƒomea yi teƒe aɖe, afisi ame geɖewo nɔ zikpuiwo dzi le. Wo katã nɔ ŋgɔgbe kpɔm, woƒoa asikpe ɣeaɖewoɣi, wotsia tsitre ganɔa anyi—gake nyemenya nusitae amesiawo nɔ numawo katã wɔm ɖo o. Emegbe kurae meva nya be Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe mee menɔ. Dzinyelawo kplɔam yia akpata sue aɖe hã mee le Eindhoven-dugãa me. Mevona le ɖokuinye me le afima, elabena amesiame kɔa mo na ame eye edze abe dzi dzɔa dzinyelawo ene, gake nyemenya nusita míeyia teƒe ma ɣesiaɣi o. Fifia menya be akpata sue ma nye Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata.

Nublanuitɔe la, ame aɖeke menɔa kpekpe siawo me si ɖea nyawo gɔme nam o. Fifia meva de dzesii be amesiwo nɔ kpekpeawo me la dina be yewoakpe ɖe ŋunye hafi, gake womenya alesi woaƒo nu kple tokunɔ o. Mesena le ɖokuinye me be metsi akogo le kpekpe siawo me, eye wòdzroam be ‘manɔ suku tsɔ wu teƒe sia.’ Gake esi susu mawo nɔ tame vam nam ko la, ɖetugbi eve ŋlɔ nya aɖe ɖe pepa kakɛ aɖe dzi hetsɔ nam. Eyae nye lɛta kpui si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me. Nyemebu kura be pepa kakɛ sia anye xɔlɔ̃wɔwɔ xɔasi aɖe si aɖem tso nye akogotsitsi me la ƒe gɔmedzedze o.

Xɔlɔ̃wɔwɔ Xɔasi aɖe Gɔmedzedze

Colette kple Hermine, amesiwo ŋlɔ nua tsɔ nam la nɔ woƒe ƒe 20-awo ƒe gɔmedzedze me. Emegbe meva nya be ɖe wova Yehowa Ðasefowo ƒe hame si me meyina la me be yewoanye gbesiagbe mɔɖelawo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Togbɔ be Colette kple Hermine menya tokunɔgbe dodo boo o hã la, medzea agbagba léa ŋku ɖe woƒe nuyi ŋu ne wole nu ƒom nam, eye to mɔ sia dzi la, míete ŋu sea mía nɔewo gɔme nyuie.

Dzi dzɔ dzinyelawo esi Colette kple Hermine bia be yewoasrɔ̃ Biblia kplim, gake ɖetugbivi siawo wɔ nu geɖe wu ema. Wodze agbagba vevie be yewoaɖe kpekpe siwo míewɔna le Fiaɖuƒe Akpataa me la gɔme nam eye be yewoahem ɖe nɔvi bubuwo ŋu le hamea me. Wotoa Biblia me ɖaseɖinya siwo mazã le ɖaseɖiɖidɔa me la me kplim, eye wokpena ɖe ŋunye le nye Teokrasi Subɔsubɔ Suku dɔdasiwo dzadzraɖo me. Wò ya bu eŋu kpɔ ko be fifia la, dzi nɔa ƒonye metɔna ɖe amesiwo menye tokunɔwo o la ŋgɔ ƒoa nuƒo!

Gawu la, Colette kple Hermine na mese le ɖokuinye me be mate ŋu aka ɖe yewo dzi. Wogbɔa dzi ɖi nam eye woɖoa tom. Togbɔ be nye vodadawo ɖia kokoe míekona hã la, womeɖea alɔme le ŋunye gbeɖe o; eye wo ŋu nɔnɔ mekpea ŋu na wo o. Wodzea agbagba be yewoase nye seselelãmewo gɔme hewɔa nu kplim abe wo hati ene. Nyɔnuvi nyodɔme siawo na nu nyui aɖem—eyae nye woƒe lɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃wɔwɔ.

Vevietɔ wu la, Colette kple Hermine fiam be ele be manya míaƒe Mawu, Yehowa, be enye xɔlɔ̃ si dzi mate ŋu aka ɖo. Woɖe nu me nam be Yehowa kpɔ be menɔ anyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata la me eye be enya nusi me tom mele abe tokunɔ ene. Aleke gbegbe medaa akpee nye si be lɔlɔ̃ si le mí ame etɔ̃a si na Yehowa na míeva zu xɔlɔ̃wo! Yehowa ƒe beléle nam ʋãm, eye lɔlɔ̃ si le menye nɛ na metsɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me wɔ nye adzɔgbeɖeɖe nɛ ƒe kpɔɖeŋu le July 1975 me.

Zɔzɔ Kple Xɔlɔ̃ Tɔxɛ Aɖe

Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, meva nya nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ geɖewo. Nɔviŋutsu aɖe va zu xɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe nam, eye míeɖe srɔ̃ le ƒe 1980 me. Ema megbe kpuie la, medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye le ƒe 1994 me la, wotia mía kple srɔ̃nye, Harry, be míanye mɔɖela veviwo le nuto si me wodoa Netherlands Tokunɔgbe le me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, dɔdasi sesẽ aɖe dze ŋgɔm. Ele be makpe ɖe srɔ̃nye, si menye tokunɔ o ŋu, le hamewo sasrãkpɔ le nutome sue dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ƒe dɔ wɔwɔ me.

Alesi menɔ te ɖe enui enye si. Ne míeyi hame aɖe srã ge kpɔ zi gbãtɔ la, metena ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu enumake heɖea ɖokuinye fiaa wo. Megblɔna na wo be tokunɔe menye hebiana tso wo si be ne wole nu ƒom nam la, woakpɔ gbɔnye ahaƒo nu blewuu. Medzea agbagba hã be maɖo nya ŋu kaba le hamea ƒe kpekpewo me. Eye mebiana ne ame aɖe alɔ̃ be yeaɖe nyawo gɔme nam le kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖa ma me.

Mɔnu sia de dzinye ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi la, nɔvinye ŋutsu kple nyɔnuawo ŋlɔna be be tokunɔe menye, si nana be nu ɖikokoewo dzɔna. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna nam be ne yewokpɔm mele zɔzɔm le dua me la, yewokua yewoƒe ʋuwo ƒe kpẽ be yewoado gbe nam, gake mezia kpi. Nye ŋutɔ hã meŋlɔa ɖokuinye be ɣeaɖewoɣi—abe ne medi be mado dalĩ aɖe na srɔ̃nye ene. Ne mekpɔe be eƒe mo trɔ kpata la, menyana be nye “dalĩdodoa” nu sẽ akpa.

Ðeviwo kpe ɖe ŋunye le mɔ si nyemekpɔ mɔ na o nu. Le hame aɖe si míesrã kpɔ zi gbãtɔ me la, ŋutsuvi ƒe asieke vi aɖe de dzesii be ame aɖewo siwo le Fiaɖuƒe Akpataa me hena ɖe megbe vie le nuƒoƒo nam ŋu, eye wòɖoe be yeawɔ nane tso eŋu. Ezɔ va gbɔnye, lé nye alɔnu, kplɔm yi Fiaɖuƒe Akpataa titina, hedo ɣli be, “Medi be maɖe Irene fia mi—tokunɔe wònye!” Amesiwo nɔ xɔa me la te ɖe ŋunye heɖe wo ɖokui fiam.

Esi menɔ srɔ̃nye ŋu le nutome sue dɔa me la, xɔlɔ̃ geɖe va ɖo asinye. Aleke gbegbe nye agbe trɔe egbea tso ƒe siwo me mese le ɖokuinye me be metsi akogo gbɔe enye si! Tso fiẽsi ma, si Colette kple Hermine tsɔ agbalẽ kakɛ ma de asinye la, meva nya ŋusẽ si gbegbe le xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu eye medo go amesiwo va nye ame tɔxɛwo nam. Ƒo wo katã ta la, meva nya Yehowa, amesi nye Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake. (Romatɔwo 8:38, 39) Aleke gbegbe agbalẽ kakɛ ma trɔ nye agbee nye si!

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Meɖoa ŋku nye fefenu tɔxɛ la ƒe gbeɖiɖi dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple srɔ̃nye Harry, le gbeadzisubɔsubɔdɔa me