Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Ŋudzɔ!”

“Minɔ Ŋudzɔ!”

“Minɔ Ŋudzɔ!”

“Nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!”​—MARKO 13:37.

1, 2. (a) Nukae ŋutsu aɖe srɔ̃ tso eƒe nunɔamesi ŋu dzɔdzɔ me? (b) Nukae míesrɔ̃ tso ŋudzɔnɔnɔ ŋu le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ tso fiafitɔ ŋu me?

JUAN dzra eƒe nu xɔasiwo ɖo ɖe aƒeme. Edzra wo ɖo ɖe eƒe abati te—afisi wòsusu be enye teƒe nyuitɔ kekeake si woanɔ dedie le, le aƒea me. Gake le zã aɖe me esime woa kple srɔ̃a wonɔ alɔ̃ me la, fiafi aɖe ge ɖe xɔgãa me. Edze ƒã be fiafitɔa nya afisi tututu wòaɖo tae. Ewɔ dzaa ɖe nu xɔasi ɖesiaɖe le abatia te, hekpe ɖe ga si Juan da ɖe kplɔ̃ aɖe si le abatia xa ƒe aɖaka me ŋu. Juan de dzesii le ŋufɔke be wofi yewo. Maŋlɔ nu vedziname si wòsrɔ̃ be akpɔ o: Ame dɔalɔ̃ mate ŋu adzɔ eƒe nunɔamesiwo ŋu o.

2 Nenema tututue wòle le gbɔgbɔ me hã. Míate ŋu adzɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ kple xɔse ŋu ne míedɔ alɔ̃ o. Eyata Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:6) Be Yesu nafia alesi wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ la, etsɔ fiafitɔ wɔ kpɔɖeŋui. Eƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo ado ŋgɔ na Eƒe vava ava drɔ̃ ʋɔnu la ŋu, hexlɔ̃ nu be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o. Ke minya esia bena, ɖe wònye aƒeatɔ anya zã ƒe ŋudzɔɣi, si me fiafitɔ ava la, anye ne anɔ ŋudzɔ, eye mana mɔe bena, wòadze kpɔ age ɖe eƒe aƒe me o. Eyaŋuti miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.” (Mateo 24:42-44) Fiafi meklãna hafi va fiaa ame o. Gaƒoƒo si ame aɖeke mebu o ye wòava. Nenema kee, abe alesi Yesu gblɔ ene la, nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu ava le ‘gaƒoƒo si míesusu o la dzi.’

“Minɔ Ŋudzɔ, Minɔ Tsitre le Xɔse Me”

3. Aleke Yesu zã kluvi siwo nɔ woƒe aƒetɔ si yi srɔ̃kpeƒe la ƒe tɔtrɔgbɔ lalam ƒe kpɔɖeŋua tsɔ ɖe ŋudzɔnɔnɔ ƒe vevienyenye fiae?

3 Le nya siwo woŋlɔ ɖe Luka ƒe Nyanyuia me me la, Yesu tsɔ Kristotɔwo sɔ kple kluvi siwo le woƒe aƒetɔ si yi srɔ̃kpeƒe la ƒe tɔtrɔgbɔ lalam. Ehiã be woanɔ ŋudzɔ ale be ne wòva la, woanɔ ŋu ado wòezɔ nɛ. Le mɔ ma tɔgbe nu la, Yesu gblɔ be: “Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si miele mɔ kpɔm nɛ o la dzi.” (Luka 12:40) Ame aɖewo siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe la magava kpɔ alesi nuwɔwɔ kpata hiã le ɣeyiɣi si me míele la ƒe vevienyenye adze sii o. Woate ŋu ava ƒo nya ta gɔ̃ hã be nuwuwua ƒe vava anɔ ŋgɔ ʋĩ. Gake nukpɔsusu ma ate ŋu ana míaɖe míaƒe susu ɖa le gbɔgbɔmenuwo ŋu atrɔ ɖe ŋutilãmetaɖodzinuwo, siwo nye susuhenu siwo ate ŋu ana míadɔ gbɔgbɔmekɔlɔ̃e, la ŋu.—Luka 8:14; 21:34, 35.

4. Kakaɖedzi kae ado ŋusẽ mí be míanɔ ŋudzɔ, eye aleke Yesu ɖe esia fiae?

4 Míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu aɖe hã tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me. Togbɔ be kluviawo menya gaƒoƒo si dzi woƒe aƒetɔa ava o hã la, anɔ eme be wonya zã si me wòava ya. Asesẽ be woanɔ ŋudzɔ zã blibo ma ne wosusu be yewoƒe aƒetɔa ate ŋu ava le zã bubu aɖe me. Gake menɔ nenema o, wonya zã si me wòle vava ge, eye ema nyanya ado ŋusẽ wo vevie be woanɔ ŋudzɔ. Le mɔ ma tɔgbe aɖe nu la, Biblia ƒe nyagblɔɖiwo na míenya kɔte be míele nuwuɣia me; gake womegblɔ ŋkeke alo gaƒoƒo si tututu dzi nuwuwua ava na mí o. (Mateo 24:36) Dzixɔse si le mía si be nuwuwua ava la kpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ, gake ne míeka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa ƒe ŋkekea gogo nyateƒe la, agado ŋusẽ mí wu be míanɔ ŋudzɔ wu.—Zefanya 1:14.

5. Aleke míate ŋu awɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be ‘míanɔ ŋudzɔ’ la dzii?

5 Esime Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm ɖo ɖe Korintotɔwo la, exlɔ̃ nu wo be: “Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me!” (Korintotɔwo I, 16:13) Ẽ, ŋudzɔnɔnɔ do ƒome kple alesi míanɔ te sesĩe ɖe Kristotɔwo ƒe xɔsea me. Aleke míate ŋu anɔ ŋudzɔe? To Mawu ƒe Nya ƒe sidzedze deto xɔxɔ me. (Timoteo II, 3:14, 15) Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui kple kpekpewo dede edziedzi doa ŋusẽ míaƒe xɔse, eye Yehowa ƒe ŋkekea léle ɖe susu me vevie nye míaƒe xɔse ƒe akpa vevi aɖe. Eyata Ŋɔŋlɔawo ƒe kpeɖodzi siwo fia be míegogo nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu me dzodzro edziedzi akpe ɖe mía ŋu míaŋlɔ nyateƒenya vevi siwo ku ɖe nuwuwua ƒe vava ŋu la be o. * Enyo hã be míanɔ ŋku lém ɖe xexeame ƒe nudzɔdzɔ siwo nye Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava la ŋu. Nɔviŋutsu aɖe si le Germany ŋlɔ bena: “Ɣesiaɣi si mele nyadzɔdzɔwo sem tso—aʋawɔwɔwo, anyigbaʋuʋuwo, ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple míaƒe ɣletinyigbaa gbegblẽ—ŋu la, eɖoa kpe edzi nam be nuwuwua tu aƒe.”

6. Mɔ ka nue Yesu ɖee fia le be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be ame malé fɔ ɖe ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me ŋu o?

6 Le Marko ta 13 lia me la, míekpɔ nuxlɔ̃ame si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋudzɔ la ŋuti nuŋlɔɖi bubu. Le ta sia me la, Yesu tsɔ woƒe nɔnɔmea sɔ kple xɔnuvi aɖe si le eƒe aƒetɔ si yi nugbe la ƒe tɔtrɔgbɔ lalam la. Xɔnuvia menya gaƒoƒo si dzi eƒe aƒetɔa agbɔ o. Ðeko wòle be wòanɔ ŋudzɔ. Yesu ƒo nu tso zãdzɔɣi vovovo ene siwo me aƒetɔa ate ŋu ava le la ŋu. Zãdzɔɣi enelia dze egɔme tso zã ga etɔ̃ vaseɖe esime agu nadze. Le zãdzɔɣi mamlɛ ma me la, alɔ̃ ate ŋu abla ŋku na xɔnuvia vevie. Woka nya ta be asrafowo bua gaƒoƒo si do ŋgɔ na fɔŋli be enye ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si me woadze futɔ dzi le vome. Nenema kee le ŋkeke mamlɛ siawo si me xexe si me míele me tɔwo le alɔ̃ me ʋĩ le gbɔgbɔ me la, ahiã be míaʋli vevie hafi ate ŋu anɔ ŋudzɔ. (Romatɔwo 13:11, 12) Eyata le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, exlɔ̃ nu enuenu be: “Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ . . . Azɔ la minɔ ŋudzɔ . . . Nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!”—Marko 13:32-37.

7. Afɔku gã kae li, eye le esia ta la, dzideƒonamenya kae míexlẽna le Biblia me edziedzi?

7 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi kple eƒe tsitretsitsi megbe la, exlɔ̃ nu tso ŋudzɔnɔnɔ ŋu zi geɖe. Le nyateƒe me la, ɣesiaɣi si Ŋɔŋlɔawo aƒo nu tso nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu ŋu la, woxlɔ̃a nu mí godoo be míanɔ ŋudzɔ alo míanɔ mo xexi. * (Luka 12:38, 40; Nyaɖeɖefia 3:2; 16:14-16) Edze ƒã be gbɔgbɔmekɔlɔ̃edɔdɔ nye afɔku gã aɖe. Mí katã míehiã nuxlɔ̃amenya siawo!—Korintotɔwo I, 10:12; Tesalonikatɔwo I, 5:2, 6.

Apostolo Etɔ̃ Siwo Mete Ŋu Nɔ Ŋudzɔ O

8. Le Getsemane-bɔa me la, aleke Yesu ƒe apostolo etɔ̃ wɔ nu ɖe nya si wògblɔ na wo be woanɔ ŋudzɔ la ŋui?

8 Ŋudzɔnɔnɔ bia nu geɖe wu susu nyui ƒe amesinɔnɔ ɖeɖeko, abe alesi míekpɔe le Petro, Yakobo, kple Yohanes ƒe kpɔɖeŋua mee ene. Ŋutsu siawo nye gbɔgbɔmeme etɔ̃ siwo dze Yesu yome helɔ̃e vevie. Gake le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe zã me la, womete ŋu nɔ ŋudzɔ o. Esi apostolo etɔ̃awo dzo le dziƒoxɔ si me woɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le me la, wokplɔ Yesu ɖo yi ɖe Getsemane-bɔa me. Yesu gblɔ na wo le afima be: “Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ kpakplim.” (Mateo 26:38) Yesu do gbe ɖa na Fofoa si le dziƒo la vevie zi etɔ̃, hetrɔ va exɔlɔ̃awo gbɔ zi etɔ̃, gake le ɣeyiɣi siawo katã me la, alɔ̃ mee wòkpɔ wo le.—Mateo 26:40, 43, 45.

9. Anye nuka gbɔe apostoloawo ƒe alɔ̃dɔdɔa tso?

9 Nukatae ŋutsu wɔnuteƒe siawo mete ŋu wɔ nusi Yesu bia tso wo si le zã ma me la o? Ŋutilã me ɖeɖiteameŋu nɔ eme. Zã do ŋutɔ, ɖewohĩ zãtiƒee, eye woƒe “ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃.” (Mateo 26:43) Ke hã, Yesu gblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.”—Mateo 26:41.

10, 11. (a) Togbɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu hã la, nukae kpe ɖe eŋu be wònɔ ŋudzɔ le Getsemane-bɔa me? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe apostolo etɔ̃awo dzi esime Yesu gblɔ na wo be woanɔ ŋudzɔ la me?

10 Ðikekemanɔmee la, ɖeɖi te Yesu hã ŋu le zã vevi ma me. Gake le esi teƒe be wòadɔ alɔ̃ la, ezã ablɔɖeɣi vevi mamlɛ mawo tsɔ do gbe ɖae vevie. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, exlɔ̃ nu eyomedzelawo be woado gbe ɖa, esime wògblɔ na wo be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã ɣi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be miatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.” (Luka 21:36; Efesotɔwo 6:18) Ne míewɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi hesrɔ̃ gbedodoɖa ƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo la, míaƒe kukuɖeɖe na Yehowa tso dzime akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me.

11 Le nyateƒe me la, enɔ nyanya na Yesu—nusi eƒe nusrɔ̃lawo menya ɣemaɣi o—be eteƒe madidi o woalé ye ahawu ye. Eƒe dodokpɔawo awu enu kple vevesese heliheli le fuwɔameti ŋuti. Yesu xlɔ̃ nu eƒe apostoloawo tso nusiawo ŋu, gake womese nusi gblɔm wònɔ la gɔme o. Ale wɔ wodɔ alɔ̃ esime eya nɔ ŋu nɔ gbe dom ɖa. (Marko 14:27-31; Luka 22:15-18) Abe alesi wònɔ le apostoloawo gome ene la, míawo hã, míaƒe ŋutilãwo gbɔdzɔ, eye nanewo li siwo míenya haɖe o. Eye ne míekpɔe dze sii be ehiã be míawɔ nu kpata le ɣeyiɣi siawo siwo me míele me o la, míate ŋu adɔ alɔ̃ le gbɔgbɔ me. Ne míele ŋudzɔ ko hafi míadɔ alɔ̃ o.

Nɔnɔme Vevi Etɔ̃

12. Nɔnɔme etɔ̃ kawoe Paulo yɔ tɔ ɖe míaƒe moxexi nɔnɔ ŋu?

12 Aleke míawɔ alé míaƒe nuwɔwɔ kpata ƒe nukpɔsusu me ɖe asii? Míekpɔ gbedodoɖa ƒe vevienyenye kple alesi wòhiãe be Yehowa ƒe ŋkekea nanɔ susu me na mí la dze sii xoxo. Tsɔ kpe ɖe wo ŋu la, Paulo yɔ nɔnɔme vevi etɔ̃ aɖewo, siwo wòle be míatu ɖo. Egblɔ be: “Mí amesiwo nye ŋkeke tɔwo la, mina míanɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.” (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Mina míade ŋugble le akpa si xɔse, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ wɔna le nana be míanɔ ŋudzɔ me ŋu kpuie.

13. Akpa kae xɔse wɔna le míaƒe ŋudzɔnɔnɔ me?

13 Ele be xɔse sẽŋu nanɔ mía si be Yehowa li, eye be “[enye] teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Nya siwo Yesu gblɔ ɖi tso nuwuwua ŋu me vava gbãtɔ le ƒe alafa gbãtɔ me doa ŋusẽ míaƒe xɔse ɖe wo me vava gãtɔ le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu. Eye míaƒe xɔse naa míekpɔa mɔ na Yehowa ƒe ŋkekea vevie, eye kakaɖedzi nɔa mía si be ‘nyagblɔɖi me ŋutega la le vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.’—Xabakuk 2:3.

14. Bena míanɔ ŋudzɔ la, aleke mɔkpɔkpɔ le veviee?

14 Mɔkpɔkpɔ like si le mía si la le abe “luʋɔ ƒe seke” ene si kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me, ne wòahiã be míalala Mawu ƒe ŋugbedodo aɖewo me vava gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 6:18, 19) Margaret, si nye nɔvinyɔnu si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, si le eƒe ƒe 90-awo me, amesi xɔ nyɔnyrɔ ƒe 70 kple edzivɔwoe nye si, la gblɔ be: “Esi kansa wu srɔ̃nye le ƒe 1963 me la, mese le ɖokuinye me be anyo ŋutɔ ne nuwuwua va kaba. Gake fifia mekpɔe dze sii be nusi ade nye ŋutɔ dzinye ko ŋu bumee menɔ. Míenya naneke tso afisi dɔa akeke ta aɖo le xexeame katã ŋu ɣemaɣi o. Fifia gɔ̃ hã la, teƒe geɖewo gali, siwo fifia hafie dɔa le afima ɖom. Eyata enye dzidzɔ nam be Yehowa gbɔ dzi ɖi.” Apostolo Paulo na kakaɖedzi mí be: “Dzidodo dzia kelili, ke kelili dzia mɔkpɔkpɔ; ke mɔkpɔkpɔ menana ŋu kpea ame o.”—Romatɔwo 5:3-5.

15. Aleke lɔlɔ̃ ʋãa mí ne wòdze abe ɖe míele lalam ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã?

15 Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi aɖe elabena eya dzie nusianu si míewɔna la nɔ te ɖo. Míesubɔa Yehowa, elabena míelɔ̃e, ɣeyiɣiɖoɖi kae ɖale esi o. Lɔlɔ̃ na mía havi ʋãa mí be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia, ɣeyiɣi didi ka kee Mawu be míatsɔ aɖe gbeƒãe ahatrɔ ayi aƒe mawo ke me zi geɖe o. Abe alesi Paulo ŋlɔ ene be, “xɔse kple mɔkpɔkpɔ kpakple lɔlɔ̃, nu etɔ̃ siawo nɔa anyi; ke lɔlɔ̃ la ƒo wo katã ta.” (Korintotɔwo I, 13:13) Lɔlɔ̃ naa míedoa dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ. “[Lɔlɔ̃ kpɔa] mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.”—Korintotɔwo I, 13:7, 8.

“Lé Nusi le Asiwò me la, Ðe Asi Sesĩe”

16. Le esi teƒe be míawɔ alɔgblɔdɔ la, nɔnɔme kae wòle be míatu ɖo?

16 Míele ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe, si me xexeame ƒe nudzɔdzɔwo le ŋku ɖom edzi na mí agbadre be míele ŋkeke mamlɛawo me la me. (Timoteo II, 3:1-5) Menye alɔgblɔdɔwɔɣie nye esia o, ke boŋ ɣeyiɣi si me wòle be ‘míayi edzi alé nusi le mía si me ɖe asi sesĩe.’ (Nyaɖeɖefia 3:11) Ne míele ‘mo xexi hena gbedodoɖa’ eye míetu xɔse, mɔkpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ ɖo la, míaɖee afia be míedzra ɖo ɖe dodokpɔgaƒoƒo la ŋu. (Petro I, 4:7) Dɔ geɖe li míawɔ le Aƒetɔ ƒe dɔ la me. Veviedodo mawusosroɖa akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ vevie.—Petro II, 3:11.

17. (a) Nukatae mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míaƒe mɔkpɔkpɔ aɖewo meva eme o? (Kpɔ aɖaka si le axa 21.) (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae, eye yayra kae le amesiwo srɔ̃nɛ la lalam?

17 Yeremya ŋlɔ bena: “Nye gome enye Yehowa, eyata mele esinu kpɔm ɖo. Yehowa ƒe dɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ, si le edim la ŋu. Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Konyifahawo 3:24-26) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe mía dometɔ aɖewo le lalam fifia. Ame aɖewo tsɔ ƒe geɖe le Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm. Gake aleke gbegbe lalaɣi sia le kpuie enye si ne míetsɔe sɔ kple ɣeyiɣi mavɔ siwo le mía ŋgɔ! (Korintotɔwo II, 4:16-18) Eye esi míele Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖia lalam la, míate ŋu anɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme veviwo tum ɖo ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woaɖe vi tso Yehowa ƒe dzigbɔɖia me ahaxɔ nyateƒea. Ekema neva eme be mí katã míanɔ ŋudzɔ. Neva eme be míasrɔ̃ Yehowa ahagbɔ dzi ɖi, eye míada akpe ɖe mɔkpɔkpɔ si wòna mí la ta. Eye esi míele ŋudzɔ nuteƒewɔwɔtɔe la, neva eme be míalé agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la me ɖe asi sesĩe. Ekema nyagblɔɖi me ŋugbedodo sia ava eme na mí be: “[Yehowa] ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”—Psalmo 37:34.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Anyo be míadzro kpeɖodzi ade siwo ɖee fia be míele “ŋkeke mamlɛawo” me, siwo dze le January 15, 2000 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12-13 la me.—Timoteo II, 3:1.

^ mm. 7 Esi nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla W. E. Vine nɔ nu ƒom tso Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “minɔ ŋudzɔ” ŋu la, eɖe nu me be efia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be ‘woanya alɔ̃ wòasi’ eye “mefia ŋunɔnɔ dzaa ko o, ke boŋ amesiwo ƒe ŋku biã ɖe nane wɔwɔ ŋu ƒe moxexinɔnɔ.”

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu gogo?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Petro, Yakobo, kple Yohanes ƒe kpɔɖeŋua me?

• Nɔnɔme etɔ̃ kawoe akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

• Nukatae fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be ‘míayi edzi alé nusi le mía si la me ɖe asi sesĩe’?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

“Dzidzɔtɔe Nye Amesi Le Mɔ Kpɔm Nɛ.”—Daniel 12:12, NW

Tsɔe be dzɔla aɖe susui be fiafitɔ aɖe ɖoe be yeava fi nu le aƒe si ŋu dzɔm yele me. Esi zã do la, dzɔla la le todzi vevie be nane aɖi yease si afia be fiafie hã. Tso gaƒoƒo yi gaƒoƒo la, eƒe ŋku kple to le ŋudzɔ vevie. Ele bɔbɔe be míakpɔ alesi nu bubuwo ƒe ɖiɖi ate ŋu aflui—ya si ɖo atiwo me ƒe ɖiɖi alo dadi aɖe si tutu nane ƒu anyi.—Luka 12:39, 40.

Nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ɖe amesiwo le ‘mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia la lalam vevie’ la dzi. (Korintotɔwo I, 1:7) Apostoloawo susu be Yesu ‘agbugbɔ fiaɖuƒea aɖo anyi ɖe Israel’ le eƒe tsitretsitsi megbe teti. (Dɔwɔwɔwo 1:6) Ƒe aɖewo megbe la, ehiã be woaɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika la be Yesu ƒe vava la le etsɔme gbɔna. (Tesalonikatɔwo II, 2:3, 8) Ke hã, nusiwo Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔawo susu le Yehowa ƒe ŋkekea ŋu vodadatɔe mena woɖe asi le agbe mavɔ mɔa ŋu o.—Mateo 7:13.

Le míaƒe ŋkekea me la, mele be nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu ƒe vava si awɔ abe ɖe wòtsi megbe ene nana míadzudzɔ ŋudzɔnɔnɔ o. Nu bubu aɖe ƒe ɖiɖi ate ŋu aflu dzɔla si le ŋudzɔ, gake ele nɛ kokoko be wòanɔ ŋudzɔ! Eƒe dɔe nye ema. Nenemae wòle le Kristotɔwo gome.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Èka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋkekea gogoa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Kpekpewo, gbedodoɖa, kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui kpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Abe Margaret ene la, mina míagbɔ dzi ɖi ahayi edzi anɔ ŋudzɔ vevie