Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Minɔ Ŋudzɔ Fifia Wu Ɣeyiɣi Ðesiaɖe!

Minɔ Ŋudzɔ Fifia Wu Ɣeyiɣi Ðesiaɖe!

Minɔ Ŋudzɔ Fifia Wu Ɣeyiɣi Ðesiaɖe!

“Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.”—TESALONIKATƆWO I, 5:6.

1, 2. (a) Dugã ka ƒomeviwoe Pompeii kple Herculaneum nye? (b) Nuxlɔ̃ame ka dzie Pompeii kple Herculaneum nɔla geɖe ŋe aɖaba ƒui, eye nukae do tso eme?

LE ƑE alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, Pompeii kple Herculaneum nye Roma-dugã kpɔdzidzedze eve siwo te ɖe Vesuvius-to ŋu. Wonye mɔkekeɖuƒe xɔŋkɔwo na kesinɔtɔ geɖe siwo nye Romatɔwo. Woƒe fefewɔƒewo lolo ale gbegbe be nukpɔla akpe ɖeka kple edzivɔwo te ŋu yia wo me, eye le Pompeii la, fefewɔƒe gã aɖe li, si me dua me tɔwo katã kloe ate ŋu ayi. Tomekula siwo ku Pompeii-dudoa la kpɔ ahadzraƒe ɖekaɖeka 118, siwo dometɔ aɖewo nye tsatsadalawo kple gbolowo ƒe xɔ. Agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutilãmenudidi bɔ, abe alesi nusiwo wota ɖe gliwo ŋu kple nusiwo ŋu woke ɖo le tome ɖo kpe edzii ene.

2 Le August 24, ƒe 79 M.Ŋ. me la, Vesuvius-to la te wowó. Dzotoŋutinunyalawo xɔe se be toa ƒe wowó zi gbãtɔ, si me ba kple afi do le kɔ ɖe dugã eveawo dzi, manya xe mɔ na dua me nɔlawo ƒe sisi o. Le nyateƒe me la, edze abe ame geɖe si ene. Gake ame bubu siwo mebu afɔkua nya gãe o alo ŋe aɖaba ƒu nuxlɔ̃amedzesiawo dzi la tiae be yewoanɔ dua me. Kasia le zãtiƒe lɔƒo la, aɖiya si xɔ dzo gbagbagbã, ba, kple kpewo dudu kɔ ɖe Herculaneum-dua dzi bababa hewu amesiwo katã susɔ ɖe dua me. Le ŋufɔke la, nu mawo ke wu amesiame le Pompeii hã. Afɔku wɔnublanui ka gbegbee nye si do tso nuxlɔ̃ame masemase me!

Yudatɔwo ƒe Nuɖoanyiwo ƒe Nuwuwu

3. Nuka mee Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ kple esi dzɔ le Pompeii kple Herculaneum sɔ le?

3 Tsɔtsrɔ̃ si va Yerusalem dzi le ƒe asieke siwo do ŋgɔ me la gblẽ nu sasasã wu Pompeii kple Herculaneum ƒe nuwuwu dziŋɔ la, togbɔ be amegbetɔwoe he tsɔtsrɔ̃ ma vɛ hã. Woɖɔe be enye “asrafowo ƒe toɖeɖe vɔ̃ɖitɔ kekeake le ŋutinya katã me” eye woka nya ta be Yudatɔ miliɔn ɖeka kple edzivɔ sɔŋ ye ku le eme. Ke hã, abe alesi wònɔ le afɔku si dzɔ le Pompeii kple Herculaneum gome ene la, Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a medzɔ kpoyi nu maxlɔ̃maxlɔ̃ amewo tso eŋui o.

4. Nyagblɔɖi me dzesi kae Yesu na tsɔ xlɔ̃ nu eyomedzelawo be nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuwu gogo, eye aleke wòva eme gbã le ƒe alafa gbãtɔ mee?

4 Yesu Kristo gblɔ dua tsɔtsrɔ̃ ɖi, eye egblɔ nudzɔdzɔ siwo ado ŋgɔ nɛ hã ɖi—nudzɔdzɔ dovoɖinamewo abe aʋawɔwɔ, dɔwuame, anyigbaʋuʋu, kple sedzimawɔmawɔ ene. Aʋatsonyagblɔɖilawo anɔ dɔ dzi vevie, gake woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋutinya nyuia le xexeame katã. (Mateo 24:4-7, 11-14) Togbɔ be Yesu ƒe nyawo le eme vam egbea le mɔ gãwo nu hã la, wova eme ɣemaɣi le mɔ suewo nu. Dɔwuame sesẽ aɖe va Yudea si dze le ŋutinyamenuŋlɔɖiwo me. (Dɔwɔwɔwo 11:28) Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus ka nya ta tso anyigbaʋuʋu aɖe si dzɔ le Yerusalem-nuto me do ŋgɔ kpuie na dua ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu. Esi Yerusalem ƒe nuwuwu nɔ aƒe tum la, aglãdzenuwɔnawo nɔ edzi yim edziedzi, aʋawo nɔ dzɔdzɔm ɖe Yudatɔwo ƒe dunyahehawo dome, eye wonɔ amewo wum le du vovovo siwo me Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo nɔ la me. Ke hã, woɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋutinya nyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.

5, 6. (a) Yesu ƒe nyagblɔɖinya kawoe va eme le ƒe 66 M.Ŋ. me? (b) Nukatae amesiwo ku esime wosi Yerusalem mlɔeba le ƒe 70 M.Ŋ. me la sɔ gbɔ ŋutɔ?

5 Mlɔeba le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yudatɔwo dze aglã ɖe Roma-dziɖuɖua ŋu. Esime Cestius Gallus kplɔ asrafowo wova ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, Yesu yomedzelawo ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” (Luka 21:20, 21) Ɣeyiɣia ɖo be woadzo le Yerusalem—gake aleke woawɔ adzo? Kasia woakpɔ la, Gallus kplɔ eƒe asrafowo dzoe, si na mɔ ʋu na Kristotɔ siwo le Yerusalem kple Yudea be woawɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzi asi ayi towo dzi.—Mateo 24:15, 16.

6 Ƒe ene megbe le Ŋutitotoŋkekenyui ɖuɣi lɔƒo la, Aʋafia Titus, si ɖoe kplikpaa be yeatsi Yudatɔwo fe aglãdzedzea nu la, kplɔ Roma-srafoawo wotrɔ gbɔ. Eƒe asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem ‘hexaxa wo’ ale be sisiƒe aɖeke meli o. (Luka 19:43, 44) Togbɔ be edze gaglã be woɖo tame ɖe aʋawɔwɔ kpli wo ŋu hã la, Yudatɔ siwo nɔ Roma-fiaɖuƒea te godoo ƒo zi ɖe Yerusalem bibibi va Ŋutitotoŋkekenyui ɖu ge. Fifia, woxaxa wo ɖo ale gbegbe be, dodo meli o. Le Josephus ƒe nya nu la, amesiwo tsi Romatɔwo ƒe toɖeɖea me la ƒe akpa gãtɔ nye amedzro ɖekemanyala siawo. * Esi wosi Yerusalem mlɔeba la, Yudatɔ siwo katã le Roma-fiaɖuƒea te la ƒe akpa ɖeka le adre me tsrɔ̃. Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ he Yuda-dukɔa kple eƒe mawusubɔsubɔ ɖoɖo si nɔ te ɖe Mose ƒe Sea dzi va nuwuwui. *Marko 13:1, 2.

7. Nukatae Kristotɔ wɔnuteƒewo tsi agbe le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a me?

7 Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, anye ne wowu Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem alo kplɔ wo kpe ɖe dua me tɔ bubuwo ŋu yi aboyo mee. Gake le ŋutinya me ɖaseɖiɖiwo nu la, wowɔ ɖe nuxlɔ̃ame si Yesu na ƒe 37 do ŋgɔ la dzi. Wodzo le dua me eye womegatrɔ gbɔ o.

Apostoloawo ƒe Nuxlɔ̃ame si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Nu

8. Hiahiã kae Petro kpɔ dze sii, eye Yesu ƒe nya kawoe anya nɔ susu me nɛ?

8 Egbea la, tsɔtsrɔ̃ si lolo sasasã wu, si ahe nuɖoanyi sia katã ava nuwuwui, la le du dzi gbɔna. Ƒe ade do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a la, apostolo Petro na nuxlɔ̃ame aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu hehiã kpata, si sɔ na Kristotɔwo, vevietɔ le míaƒe ŋkekea me, be: Minɔ ŋudzɔ! Petro kpɔe be ehiã be Kristotɔawo nanyɔ woƒe “tamesusu, si me kɔ la,” bena womagaŋe aɖaba aƒu ‘Aƒetɔ, Yesu Kristo ƒe sea’ dzi o. (Petro II, 3:1, 2) Esi Petro nɔ nu xlɔ̃m Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ la, nya si wòse Yesu gblɔ na Eƒe apostolowo ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Eƒe ku la anya nɔ susu me nɛ: “Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o.”—Marko 13:33.

9. (a) Nɔnɔme si me afɔku le kae ava nɔ ame aɖewo si sum? (b) Nuka koŋ tae afɔku le ɖikeke ƒe nɔnɔme me?

9 Egbea la, ame aɖewo biana fewuɖutɔe be: “Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le?” (Petro II, 3:3, 4) Anye be ame mawo susu be nuwo metrɔ boo aɖeke o, ke boŋ alesi wonɔ tso xexeame wɔɣi dzi la, nenema koe wògale yiyimee. Afɔku le ɖikeke sia tɔgbe me. Ðikeke ate ŋu ana nuwɔwɔ kpata ƒe nukpɔsusu si le mía si la me nagbɔdzɔ, ahana míaƒo mía ɖokui ɖe nusiwo dze mía ŋu la wɔwɔ me. (Luka 21:34) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, abe alesi Petro ɖee fia ene la, fewuɖula mawo ŋlɔ Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ, si he xexeame katã ƒe nuɖoanyiwo va nuwuwui, la be. Le nyateƒe me la, nuwo trɔ ɣemaɣi!—Mose I, 6:13, 17; Petro II, 3:5, 6.

10. Nya kawoe Petro tsɔ de dzi ƒo na amesiwo ate ŋu azu dzimagbɔɖilawo lae?

10 Petro kpe ɖe eƒe nuxlẽlawo ŋu be woatu dzigbɔgbɔɖi ɖo to ŋkuɖoɖo nusita Mawu meɖea afɔ enumake o dzi na wo me. Gbã la, Petro gblɔ be: “Le Mawu gbɔ la ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene.” (Petro II, 3:8) Esi Yehowa le agbe tegbetegbe ta la, ate ŋu abu nusianu ŋu ahatia ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si sɔ na afɔɖeɖe. Emegbe Petro ƒo nu tso Yehowa ƒe didi be amewo natrɔ dzime le afisiafi la ŋu. Mawu ƒe dzigbɔɖi nye agbexɔxɔ na amesiwo atsrɔ̃ ne ɖe wòatsɔ dzitsitsi aɖe afɔe. (Timoteo I, 2:3, 4; Petro II, 3:9) Gake Yehowa ƒe dzigbɔɖi mefia be mele afɔ ɖe ge gbeɖegbeɖe o. Petro gblɔ be ‘Yehowa ƒe ŋkeke la le vava ge abe fiafitɔ ene.’—Petro II, 3:10.

11. Nukae akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me, eye aleke esia awɔ abe ɖe ‘wòdo tsɔtsɔe’ Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ene?

11 Kpɔɖeŋu si Petro wɔ la ɖe dzesi ŋutɔ. Fiafi menyaléna bɔbɔe o, gake dzɔla si nɔa mo xexi zã bliboa katã ate ŋu akpɔ fiafi wu dzɔla si dɔa akɔlɔ̃e tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Nukae dzɔla awɔ be madɔ alɔ̃ o? Tsotso anɔ zɔzɔm ana wòate ŋu anɔ ŋudzɔ tsɔ wu be wòabɔbɔ nɔ anyi zã bliboa. Nenema kee dzoxɔxɔ le gbɔgbɔ me akpe ɖe mí Kristotɔwo ŋu míanɔ ŋudzɔ. Eyata Petro xlɔ̃ nu mí be míado vevie nu le “anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me.” (Petro II, 3:11) Veviedodonu alea akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ‘alé Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ɖe susu me vevie.’ Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woalé nane ɖe susu me vevie’ ate ŋu afia le nyaa ŋutɔ nu be “woado tsɔtsɔe nu.” (Petro II, 3:12; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Ele eme be míate ŋu atrɔ Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi ya o. Eƒe ŋkekea ava le ɣeyiɣi si wòɖo ɖi dzi. Gake tso fifia vaseɖe ɣemaɣi la, adze abe ɖe ɣeyiɣia le yiyim kabakaba ene, ne míele vevie dom nu le eƒe subɔsubɔdɔa me.—Korintotɔwo I, 15:58.

12. Aleke mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu akpɔ viɖe tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi mee?

12 Eyata míele dzi dem ƒo na amesiame si sena le eɖokui me be Yehowa ƒe ŋkekea le megbe tsim la be wòawɔ ɖe Petro ƒe nuxlɔ̃ame be míakpɔ Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖi sinu dzigbɔɖitɔe la dzi. Le nyateƒe me la, míate ŋu azã ɣeyiɣi si ŋu Mawu ƒe dzigbɔɖi agaɖe mɔ ɖo la nunyatɔe. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu ayi edzi atu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme veviwo ɖo ahagblɔ nyanyuia na ame bubu geɖe siwo anye ne míate ŋu agblɔe na wo hafi o la. Ne míele ŋudzɔ la, Yehowa akpɔ mí “le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui” le nuɖoanyi siawo ƒe nuwuɣi. (Petro II, 3:14, 15) Teƒeɖoɖo kae nye si ema anye!

13. Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Tesalonika Kristotɔwo kae sɔ ŋutɔ egbea?

13 Paulo hã ƒo nu tso ŋudzɔnɔnɔ ƒe hiahiã ŋu le eƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Tesalonika Kristotɔwo me. Exlɔ̃ nu be: “Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 6) Egbea si xexeame katã ƒe nuɖoanyiwo ƒe tsɔtsrɔ̃ le aƒe tum la, aleke gbegbe esia hiã enye si! Yehowa subɔlawo le xexe aɖe si me ɖekematsɔmatsɔ le gbɔgbɔmenuwo me bɔ ɖo ale gbegbe, eye esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Eyata Paulo xlɔ̃ nu be: “Mina míanɔ mo xexi, eye míado xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu, eye míaɖɔ xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la.” (Tesalonikatɔwo I, 5:8) Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ edziedzi kpakple hadede kple mía nɔviwo le kpekpewo me ɣesiaɣi akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi ahalé míaƒe nuwɔwɔ kpata ƒe nukpɔsusu me ɖe asi.—Mateo 16:1-3.

Ame Miliɔn Geɖe Le Ŋudzɔ

14. Akɔntabubu kae ɖee fia be ame geɖewo le wɔwɔm ɖe Petro ƒe nuxlɔ̃ame be míanɔ ŋudzɔ la dzi?

14 Ðe ame geɖewo li egbea siwo le dzideƒonamenya si tso gbɔgbɔ me be míanɔ ŋudzɔ la dzi wɔma? Ẽ. Le ƒe 2002 subɔsubɔƒea me la, gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake 6,304,645—si nye dzidziɖedzi 3.1 le alafa me ɖe ƒe 2001 tɔ dzi—la ɖo kpe edzi be yewole ŋudzɔ le gbɔgbɔ me to gaƒoƒo 1,202,381,302 tsɔtsɔ ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo me. Menye dɔ si woawɔ ɖewoɖewoe wònye na amesiawo o. Enye woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe. Wo dometɔ geɖe wɔa nu abe Eduardo kple Noemi, siwo le El Salvador, ene.

15. Nuteƒekpɔkpɔ kae tso El Salvador si ɖee fia be ame geɖe le ŋudzɔ le gbɔgbɔ me?

15 Ƒe aɖewoe nye si va yi la, Eduardo kple Noemi de dzesi nya siwo Paulo gblɔ be: “Xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina” la. (Korintotɔwo I, 7:31) Wotrɔ asi le woƒe agbe ŋu vanɔa agbe tsɛ hege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa me. Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, woɖo eteƒe na wo le mɔ geɖe nu, eye wowɔ nutome sue kple nutome gã dɔwo gɔ̃ hã. Togbɔ be wodo go kuxi sesẽwo hã la, kakaɖedzi nɔ Eduardo kple Noemi si be yewowɔ nyametsotso nyuitɔ esime yewotsɔ ŋutilã me dzidzemekpɔkpɔ sa vɔe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe mɔnukpɔkpɔ ta. Gbeƒãɖela 29,269—hekpe ɖe mɔɖela 2,454— siwo le El Salvador ŋu la dometɔ geɖe ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma tɔgbe fia, si nye susu siwo tae dukɔ ma kpɔ gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme ƒe dzidziɖedzi 2 le alafa me le ƒe si va yi me ɖo.

16. Nɔnɔme kae nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe ɖe fia le Côte d’Ivoire?

16 Le Côte d’Ivoire la, ɖekakpui Kristotɔ aɖe ɖe nɔnɔme ma tɔgbe fia, amesi ŋlɔ ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea be: “Menye subɔsubɔdɔwɔla. Gake nyemate ŋu agblɔ na nɔviawo be woawɔ mɔɖeɖedɔa esime nye ŋutɔ nyemele ewɔm o. Eyata meɖe asi le dɔ aɖe si ƒe fetu nyo ŋutɔ la ŋu hele ɖokuisidɔ wɔm fifia, si na mekpɔ ɣeyiɣi geɖe na subɔsubɔdɔa.” Ðekakpui sia va nye mɔɖela 983 siwo le Côte d’Ivoire, afisi gbeƒãɖela 6,701 bu akɔnta le le ƒe si va yi me, si nye dzidziɖedzi 5 le alafa me la, dometɔ ɖeka.

17. Aleke Ðasefo sɔhɛ aɖe si le Belgium ɖee fia be nazãbubu ɖe yewo ŋu mena vɔvɔ̃ ɖo ye o?

17 Mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, nazãbubu, kple vovototodedeameme yi edzi le kuxi hem vɛ na Fiaɖuƒegbeƒãɖela 24,961 siwo le Belgium. Ke hã, dzo kpɔtɔ le wo me, eye vɔvɔ̃ meɖo o. Esi Ðasefo ƒe 16 vi aɖe se woɖɔ Yehowa Ðasefowo be wonye kɔmamã esi wonɔ nu srɔ̃m tso agbenyuinɔnɔ gɔmeɖosewo ŋuti le klass la, ebia be woaɖe mɔ na ye yeaɖe wo nu. To video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name kple agbalẽ gbadza si nye Yehowa ÐasefowoAmekawoe Wonye? zazã me la, ete ŋu ɖe nu me na wo tso amesiwo tututu Ðasefowo nye la ŋu. Nyatakakaa dze wo ŋu ale gbegbe, eye le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, woɖo dodokpɔ aɖe na sukuviawo, si ƒe biabiawo katã ku ɖe Kristotɔ Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔha ŋu.

18. Nukae ɖee fia be gakuxiwo mehe gbeƒãɖela siwo le Argentina kple Mozambique ɖa tso Yehowa subɔsubɔ gbɔ o?

18 Kristotɔ akpa gãtɔ dze ŋgɔ kuxi sesẽwo le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ke hã, wodzea agbagba be naneke makplɔ yewo atrae o. Togbɔ be míenya nyuie be ganyawo le sesẽm ŋutɔ le Argentina hã la, wobu Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔ yeye gbogbotɔ kekeake si nye 126,709 ƒe akɔnta le ƒe si va yi me. Ahedada nu le sesẽm le Mozambique kokoko. Ke hã, ame 37,563 ye bu gomekpɔkpɔ le ɖaseɖiɖidɔa me ƒe akɔnta, si nye dzidziɖedzi 4 le alafa me. Agbea le sesẽm na ame geɖe le Albania, ke hã, dukɔ ma bu dzidziɖedzi nyui aɖe ƒe akɔnta, si nye 12 le alafa me, hekpɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si nye 2,708. Edze ƒã be nɔnɔme sesẽwo mexea mɔ na Yehowa ƒe gbɔgbɔ ne eƒe subɔlawo tsɔ Fiaɖuƒenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ o.—Mateo 6:33.

19. (a) Nukae ɖo kpe edzi be ame geɖewo gali siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo, siwo Biblia ƒe nyateƒe ƒe dɔ le wuwum? (b) Ƒea ƒe akɔntabubu ƒe akpa bubu aɖewo kae ɖee fia be Yehowa Subɔlawo le ŋudzɔ le gbɔgbɔ me? (Kpɔ nyaɖoɖo si le axa 12-15.)

19 Biblia-nusrɔ̃vi 5,309,289 siwo ƒe akɔnta míebu ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu le xexeame godoo le ƒe si va yi me la ɖee fia be ame geɖewo gali siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo, siwo Biblia ƒe nyateƒea ƒe dɔ le wuwum. Le Ŋkuɖodzia valawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye gbogbotɔ kekeake si nye 15,597,746 dome la, ame akpa gãtɔ mekpɔ le Yehowa subɔm bliboe haɖe o. Neva eme be woayi edzi atsi ɖe edzi le sidzedze Yehowa, kple lɔlɔ̃ na nɔviwo ƒe habɔbɔa siaa me. Enye dzidzɔ be míakpɔ be ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la yi edzi le ku tsem esi wowɔ ɖeka kple wo nɔvi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, hele Wɔla la subɔm “zã kple keli le eƒe xɔ la me.”—Nyaɖeɖefia 7:9, 15; Yohanes 10:16.

Nusɔsrɔ̃ tso Lot Gbɔ

20. Nukae míesrɔ̃ tso Lot kple srɔ̃a ƒe kpɔɖeŋu me?

20 Ne míebu eŋu kpɔ la, Mawu-subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã ate ŋu abu woƒe nuwɔwɔ kpata ƒe nukpɔsusu ɣeaɖewoɣi. Bu Abraham ƒe tɔgãyɔvi Lot ŋu kpɔ. Esee tso mawudɔla eve siwo va srãe kpɔ la gbɔ be Mawu le Sodom kple Gomora tsrɔ̃ ge kpuie. Nyatakakaa mawɔ nuku na Lot, amesi ‘xa nu vevie le ame gblẽkuwo ƒe hadzedzegbenɔnɔ ta’ la o. (Petro II, 2:7) Gake esime mawudɔla eveawo va ekplɔ ge adzoe le Sodom la, eyi edzi nɔ ‘megbelele hem.’ Esusɔ vie mawudɔlaawo hee do goe le dua me kloe. Emegbe la, Lot srɔ̃ mewɔ nuxlɔ̃ame si mawudɔlaawo na be womegakpɔ megbe o dzi o. Ebu eƒe agbe le eƒe tomaɖomaɖo ta. (Mose I, 19:14-17, 26) Yesu xlɔ̃ nu be “miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi!”—Luka 17:32.

21. Nukatae wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe?

21 Afɔku si dzɔ le Pompeii kple Herculaneum, kpakple nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a ŋu, kple Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa kpakple Lot ƒe ŋkekea ƒe kpɔɖeŋu, nusiawo katã ɖe nuxlɔ̃ame dzi wɔwɔ ƒe vevienyenye fia. Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míedea dzesi ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesiwo. (Mateo 24:3) Míeɖe mía ɖokui ɖa tso alakpasubɔsubɔ gbɔ. (Nyaɖeɖefia 18:4) Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, ehiã be ‘míalé Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ɖe susu me vevie.’ (Petro II, 3:12) Ẽ, ele be míanɔ ŋudzɔ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe! Afɔ kawoe míate ŋu aɖe, eye nɔnɔme kawoe míate ŋu atu ɖo be míanɔ ŋudzɔ? Míadzro nya siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Amesiwo nɔ Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ me masɔ gbɔ wu ame 120,000 o. Eusebius bu akɔnta be ame 300,000 tso Yudea-nuto me va Ŋutitotoŋkekenyui ɖu ge le Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. Aʋatsila mamlɛawo anya tso fiaɖuƒea ƒe teƒe bubuwo va.

^ mm. 6 Le Yehowa ƒe nukpɔsusu nu la, nubabla yeyea va xɔ ɖe Mose ƒe Sea teƒe le ƒe 33 M.Ŋ. me.—Efesotɔwo 2:15.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nudzɔdzɔ kawoe na Yudatɔ siwo nye Kristotɔwo te ŋu si le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a nu?

• Aleke nuxlɔ̃ame si le apostolo Petro kple Paulo ƒe lɛtawo me kpena ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔe?

• Amekawoe ɖee fia egbea be yewole ŋudzɔ vevie?

• Nukae míesrɔ̃ tso Lot kple srɔ̃a ŋuti nuŋlɔɖia me?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 12-15]

2002 SERVICE YEAR REPORT OF JEHOVAH’S WITNESSES WORLDWIDE

(See bound volume)

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Veviedodonu kpena ɖe Kristotɔwo ŋu wonɔa ŋudzɔ