Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae Paulo wɔnɛ esime wògblɔ be: “Zi alesi mieɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu”?

Esime Paulo nɔ nu ƒom tso Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖoɖo anyi ŋu la, eŋlɔ bena: “Zi alesi mieɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va.” (Korintotɔwo I, 11:25, 26) Ame aɖewo susuna be nya “zi alesi” si wozã le afisia fia be ele be woaɖo ŋku Kristo ƒe kua dzi edziedzi, si fia zi geɖe. Eyata woɖunɛ edziedzi wu zi ɖeka le ƒe me. Nenemae Paulo ƒe nyaa fiaa?

Ƒe 2,000 kloe enye sia fifia esime Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi. Eyata Ŋkuɖodzia ɖuɖu zi ɖeka le ƒe me gɔ̃ hã fia be tso ƒe 33 M.Ŋ. la, woɖui zi geɖe. Gake le nya siwo ƒo xlã Korintotɔwo I, 11:25, 26 nu la, menye zi agbɔsɔsɔme si wòle be woaɖu Ŋkuɖodzia ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe o, ke boŋ alesi wòle be woaɖui. Helagbe me nya si wòzã le gɔmedzedzea me menye pol·laʹkis, si fia “edziedzi” alo “kabakaba” o. Nya si wòzã boŋue nye ho·saʹkis, si fia be “zi alesi” si nye nyagbɔgblɔ si fia “ɣesiaɣi,” “ɣesiaɣi si.” Paulo nɔ gbɔgblɔm be: ‘Ɣesiaɣi si miawɔ esia la, mieyi edzi le gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku.’ *

Ekema zi nenie wòle be woaɖu Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia? Esɔ be woaɖui zi ɖeka pɛ ko le ƒe me. Le nyateƒe me la, ŋkuɖodzie wònye eye zi geɖe la, ƒe sia ƒee woɖua ŋkuɖodzizãwo. Gakpe ɖe eŋu la, Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui, si woɖuna zi ɖeka le ƒe me, la dzie Yesu ku. Esɔ be Paulo yɔ Yesu be “míaƒe ŋutitotolẽvi, si nye Kristo,” elabena Yesu ƒe vɔsakua ʋu agbekpɔkpɔ ƒe mɔ na gbɔgbɔ me Israel, abe alesi Ŋutitotolẽvi ƒe vɔsa gbãtɔa kpɔ dzɔdzɔme Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒe agbe ta le Egipte heʋu dodo le kluvinyenye me ƒe mɔ na dukɔa ene. (Korintotɔwo I, 5:7; Galatiatɔwo 6:16) Kadodo sia si le Yudatɔwo ƒe ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia kple Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia dome ganye kpeɖodzi bubu be zi ɖeka pɛ koe wòle be woaɖu Ŋkuɖodzia le ƒea me.

Gakpe ɖe eŋu la, Paulo tsɔ Yesu ƒe kua sɔ kple Yudatɔwo ƒe ƒe sia ƒe zã bubu, si nye Avuléŋkeke la. Míexlẽ le Hebritɔwo 9:25, 26 be: “Menye bena, [Yesu natsɔ] eɖokui anɔ nanam agbadre, abe alesi nunɔlagã tsɔa lãʋu yina ɖe kɔkɔeƒe la me ƒe sia ƒe [le Avuléŋkeke la dzi] ene o; . . . gake azɔ la eɖe eɖokui fia zi ɖeka le xexeame ƒe nuwuwu, bena wòaɖe nuvɔ̃wo ɖa to eɖokuitsɔtsɔ savɔe me.” Esi Yesu ƒe vɔsaa xɔ ɖe ƒe sia ƒe Avuléŋkekea ƒe vɔsaa teƒe ta la, esɔ be woaɖu eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe. Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu aɖeke meli si ta woaɖu Ŋkuɖodzia edziedzi wu ema o.

Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, ŋutinyaŋlɔla John Laurence von Mosheim ka nya ta be ƒe alafa evelia me Kristotɔ siwo nɔ Asia Sue la ɖua Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia “le Yudatɔwo ƒe ɣleti gbãtɔ, si nye [Nisan] la ƒe ŋkeke wuiene lia dzi.” Ƒe siwo va kplɔe ɖo emegbe mee wova nɔ eɖum le Kristodukɔa me edziedzi wu zi ɖeka le ƒea me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Tsɔe sɔ kple nuŋlɔɖi si le Samuel I, 1:3, 7. Le afima la, “ɣesiaɣi si,” (NW) (le egbegbe Hebrigbea gɔmeɖeɖe nu) la fia nusiwo dzɔna “ƒe sia ƒe,” alo zi ɖeka le ƒe me, ne Elkana kple srɔ̃a eveawo yi avɔgbadɔa me le Silo.