Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Nyateƒee Nèto, Agbe Vivina Ŋutɔ!”

“Nyateƒee Nèto, Agbe Vivina Ŋutɔ!”

“Nyateƒee Nèto, Agbe Vivina Ŋutɔ!”

ÀDI be yease vevienyenye si tututu le agbe ŋu gɔmea? Ƒe 18 vi Magdalena, si nye Yehowa Ðasefo le Szczecin, Poland, la kpe ɖe Katarzyna, si nye eƒe sukuxɔmehati le kɔledzi, la ŋu wòse egɔme. Katarzyna be yemexɔ Mawu dzi se kura o, gake esi Magdalena ƒo nu nɛ tso Biblia ŋu la, eɖe ɖetsɔleme vavã fia.

Togbɔ be nya si Magdalena gblɔ na Katarzyna tso Biblia me dzɔ dzi nɛ hã la, mete ŋu lɔ̃ ɖe edzi keŋkeŋ o. Esi Katarzyna nɔ dze ɖom kple Magdalena ɣeaɖeɣi ku ɖe xɔlɔ̃ vavãwo ŋu la, egblɔ be: “Biblia le mia si; mienya gɔmeɖose siwo dzi miazɔ ɖo kple afisi miadi xɔlɔ̃ vavãwo le. Ke amesiwo mate ŋu alɔ̃ ɖe gɔmeɖose mawo dzi fifia o ya ɖe?”

Tɔtrɔ aɖe va esime Katarzyna zɔ mɔ yi London, England. Eɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afima, eye alesi wonyo dɔme nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Nuwɔna suesuewo abe ʋɔ ʋuʋu nɛ kple ɖetsɔtsɔ le eƒe nyagbɔgblɔwo me vevie lé dzi nɛ ale gbegbe.

Esime woto suku le September 2001 me la, Katarzyna tso nya me be woasrɔ̃ Biblia kpli ye edziedzi. Ete asixɔxɔ dede Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu geɖe, eye wòdze wo ŋudɔwɔwɔ gɔme le eƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Nyitsɔ laa la, egblɔ eƒe dzimenya aɖe na Magdalena be: “Mese le ɖokuinye me abe ɖe mele agbe yeye aɖe gɔme dzem ene.” Eɖo nyatakaka kpui aɖe hã ɖee to asitelefon dzi be: “Akpe geɖe na wò ɖe nusi míesrɔ̃ egbea ta! Nyateƒee nèto, agbe vivina ŋutɔ! Enyo ŋutɔ be woanya amesi wòle be míada akpe na ɖe ema ta.”