Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Gbegbee Wò Xɔse Sẽ Ŋui?

Aleke Gbegbee Wò Xɔse Sẽ Ŋui?

Aleke Gbegbee Wò Xɔse Sẽ Ŋui?

“Miele tsitre le xɔse me.”—KORINTOTƆWO II, 1:24.

1, 2. Nukata wòle be xɔse nanɔ mía si, eye aleke míate ŋu ana ŋusẽ nanɔ eŋui?

YEHOWA subɔlawo nyae be ele be xɔse nanɔ yewo si. Le nyateƒe me la, ‘ame ƒe nu mate ŋu adze Mawu ŋu ne xɔse mele esi o.’ (Hebritɔwo 11:6) Le esia ta nunya le eme be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple xɔse, si nye eƒe kutsetse nyuiawo dometɔ ɖeka. (Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:22, 23) Haxɔsetɔwo ƒe xɔse sɔsrɔ̃ hã ate ŋu ana nɔnɔme sia nasẽ ŋu le mía me.—Timoteo II, 1:5; Hebritɔwo 13:7.

2 Míaƒe xɔse me asẽ ɖe edzi ne míeyi edzi wɔ ɖe mɔfiame si Mawu ƒe Nya la na Kristotɔwo katã dzi. Gbesiagbe Biblia xexlẽ kple agbalẽ siwo míexɔna tso “xɔnuvi nuteƒewɔla” gbɔ zazã atsɔ asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo moveviɖoɖotɔe ate ŋu adzi míaƒe xɔse ɖe edzi. (Luka 12:42-44; Yosua 1:7, 8) Kristotɔwo ƒe kpekpewo, kple takpekpe suewo kple gãwo dede edziedzi naa mía nɔewo ƒe xɔse dea dzi ƒo na mí. (Romatɔwo 1:11, 12; Hebritɔwo 10:24, 25) Eye míaƒe xɔse sẽa ŋu ne míeƒo nu na amewo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.—Psalmo 145:10-13; Romatɔwo 10:11-15.

3. Le xɔse gome la, kpekpeɖeŋu kae míekpɔna tsoa Kristotɔ hamemegã lɔ̃amewo gbɔ?

3 Kristotɔ hamemegãwo toa Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo kple dzideƒonamenyawo dzi kpena ɖe mía ŋu be míatu míaƒe xɔse ɖo. Nɔnɔme si le wo si la ɖi apostolo Paulo tɔ, amesi gblɔ na Korintotɔwo bena: “Míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.” (Korintotɔwo II, 1:23, 24) Gɔmeɖeɖe bubu xlẽ be: “Míele dɔ wɔm kpli mi be míana miakpɔ dzidzɔ, elabena miaƒe xɔse sẽ ŋu.” (Contemporary English Version) Ame dzɔdzɔewo nɔa agbe le xɔse me. Gake ame bubu aɖeke mate ŋu aɖe xɔse afia ɖe mía nu alo alé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi na mí nuteƒewɔwɔtɔe o. Ele be ‘mía ŋutɔwo míatsɔ míaƒe agba’ le go sia me.—Galatiatɔwo 3:11; 6:5.

4. Aleke Mawu subɔla wɔnuteƒewo ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Ŋɔŋlɔawo me ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔsee?

4 Amesiwo si xɔse nɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo le Ŋɔŋlɔawo me fũ. Ðewohĩ míenya nu tso nu ɖedzesi siwo wowɔ la dometɔ geɖe ŋu, gake xɔse si woɖe fia gbesiagbe, ɖewohĩ le woƒe agbenɔƒe katã me, ya ɖe? Azɔ ŋugbledede le alesi woɖe nɔnɔme sia fiae le nɔnɔme siwo sɔ kple mía tɔ me ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ míaƒe xɔse.

Xɔse Naa Dzideƒo Mí

5. Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi kae li be xɔse doa ŋusẽ mí be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe nya dzideƒotɔe?

5 Xɔse doa ŋusẽ mí be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe nya kple dzideƒo. Henox gblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya ɖi dzinɔameƒotɔe. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna, bene wòadrɔ ʋɔnu wo katã, eye woaka mo na wo dome amesiwo katã mevɔ̃a Mawu o la, le woƒe dɔwɔwɔ vlo, siwo katã wowɔ mawumavɔ̃mavɔ̃e kple nya sesẽ, siwo katã nuvɔ̃wɔla mavɔ̃mawuwo gblɔ ɖe eŋuti la ta.” (Yuda 14, 15) Esi Henox ƒe futɔ mavɔ̃mawuwo se nya siawo la, wodi be yewoawui godoo. Ke hã, eɖe gbeƒã le xɔse me dzinɔameƒotɔe, eye Mawu “tsɔe yii” to nana be wòadɔ alɔ̃ le ku me eye be matsɔ vevesese ayi ku mee o. (Mose I, 5:24; Hebritɔwo 11:5) Nukunu siawo medzɔna le mía gome o, gake Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu ale be míate ŋu aɖe gbeƒã eƒe nya kple xɔse kpakple dzideƒo.—Dɔwɔwɔwo 4:24-31.

6. Aleke xɔse kple dzideƒo si Mawu na Noa la kpe ɖe eŋui?

6 Le xɔse me Noa “[kpa] aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe.” (Hebritɔwo 11:7; Mose I, 6:13-22) Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” hã, amesi tsɔ dzinɔameƒo ɖe gbeƒã Mawu ƒe nuxlɔ̃amenyawo na eŋɔlimetɔwo. (Petro II, 2:5) Woanya ɖu fewu le eƒe gbedasi si ku ɖe Tsiɖɔɖɔ si gbɔna la ŋu, abe alesi tututu ame aɖewo ɖua fewui ne míegblɔ Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi si fia be woatsrɔ̃ fifi nuɖoanyia kpuie lae ene. (Petro II, 3:3-12) Gake abe Henox kple Noa ene la, míate ŋu agblɔ gbedasi sia le xɔse kple dzideƒo si Mawu na mí ta.

Xɔse Naa Míegbɔa Dzi Ði

7. Aleke Abraham kple ame bubuwo ɖe xɔse kple dzigbɔɖi fiae?

7 Míehiã xɔse kple dzigbɔɖi, vevietɔ esi míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu lalam. Amesiwo ato ‘xɔse kple dzigbɔɖi me anyi ŋugbedodoawo ƒe dome’ la dometɔ ɖekae nye blemafofo Mawu-vɔ̃la Abraham. (Hebritɔwo 6:11, 12) Le xɔse me egblẽ Ur-du, kple eme nu deamedziwo katã, ɖi heva zu amedzro le dzronyigba aɖe si ƒe ŋugbe Mawu do nɛ dzi. Isak kple Yakob nye ŋugbedodo ma ke domenyilawo. Gake “le xɔse me amesiawo katã woku, eye woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o.” Le xɔse me ‘wominya denyigba, si nyo wu la, si nye dziƒo tɔ la.’ Le esia ta, Mawu ‘dzra du aɖe ɖo na wo.’ (Hebritɔwo 11:8-16) Ẽ, Abraham, Isak, kple Yakob—kpakple wo srɔ̃ Mawu-vɔ̃lawo—tsɔ dzigbɔɖi lala Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe, si te woagbɔ agbe wo avae le anyigba dzi.

8. Nɔnɔme kawoe do Abraham, Isak, kple Yakob ƒe tenɔnɔ kpɔ hafi woto egbɔ ɖe dzigbɔɖi kple xɔse fia?

8 Abraham, Isak, kple Yakob meɖe asi le woƒe xɔse ŋu o. Ŋugbedodonyigbaa mesu wo si o, eye dukɔwo katã meyra wo ɖokui to Abraham ƒe dzidzimevi la dzi wokpɔ o. (Mose I, 15:5-7; 22:15-18) Togbɔ be ƒe alafawo ava yi hafi ‘du si Mawu dzra ɖo’ la nava ŋutɔŋutɔ hã la, ŋutsu siawo yi edzi ɖe xɔse kple dzigbɔɖi fia le woƒe agbe me katã. Ele be míawo hã míawɔ nenema fifia esi woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi ŋutɔŋutɔ le dziƒo.—Psalmo 42:6, 12; 43:5.

Xɔse Naa Taɖodzinu Kɔkɔwo Sua Mía Si

9. Ŋusẽ kae xɔse kpɔna ɖe taɖodzinuwo kple tamesusuwo dzi?

9 Blemafofo wɔnuteƒeawo mesrɔ̃ Kanaantɔwo ƒe agbenɔnɔ gbegblẽawo o, elabena taɖodzinu kple tamesusu kɔkɔwo nɔ wo si. Nenema ke xɔse naa míeɖoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo, si kpena ɖe mía ŋu be xexe si le vɔ̃ɖitɔ, Satana Abosam, ƒe ŋusẽ te la mete ŋu mia mí o.—Yohanes I, 2:15-17; 5:19.

10. Aleke míewɔ nya be Yosef ɖo taɖodzinu aɖe si kɔkɔ sasasã wu ŋkɔxɔxɔ le xexeame na eɖokui?

10 To Mawu ƒe mɔfiafia me la, Yakob ƒe vi Yosef va nye nuɖuɖu dzikpɔla le Egipte, gake menye eƒe taɖodzinue wònye be yeazu amegã le xexe sia me o. Le xɔse si nɔ Yosef, si xɔ ƒe 110, si ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodo ƒe emevava ŋu ta la, egblɔ na nɔviawo be: “Nye la mele kuku ge; ke Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.” Yosef bia be woaɖi ye ɖe ŋugbedodonyigba la dzi. Esi wòku la, wosi atike nɛ hedee aɖaka me le Egipte. Gake esi woɖe Israel-viwo tso kluvinyenye na Egiptetɔwo me la, nyagblɔɖila Mose na wotsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi yi ɖaɖi ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi. (Mose I, 50:22-26; Mose II, 13:19) Ele be xɔse si le abe Yosef tɔ ene naʋã mí be míaɖo taɖodzinu siwo kɔkɔ sasasã wu ŋkɔxɔxɔ le xexeame na mía ɖokui.—Korintotɔwo I, 7:29-31.

11. Mɔ ka nue Mose ɖee fia le be gbɔgbɔmetaɖodzinuwo nɔ esi?

11 Mose ‘lɔ̃ be yeakpe fu kple Mawu ƒe amewo tsɔ wu be yease nuvɔ̃ ƒe vivi ɣeyiɣi kpui aɖe’ abe Egiptetɔwo ƒe fiaƒomea me tɔ agbalẽnyala deŋgɔ aɖe ene. (Hebritɔwo 11:23-26; Dɔwɔwɔwo 7:20-22) Esia na be ŋkɔ si wòaxɔ le xexeame kple ɖewohĩ alesi woaɖii kple aɖaka xɔasi aɖe ɖe Egiptetɔwo ƒe abɔ xɔŋkɔ aɖe me la bɔe. Gake asixɔxɔ kae anɔ ema ŋu ne míetsɔe sɔ kple bubu si le “Mawu ƒe ame,” Se ƒe nubablaa domenɔla, Yehowa ƒe nyagblɔɖila, kple Biblia-ŋlɔla, nyenye ŋu? (Ezra 3:2) Ŋkɔxɔxɔ le xexeamee nye nusi dzroa wòa, alo ɖe xɔse na nèɖo taɖodzinu siwo de ŋgɔ wu na ɖokuiwòa?

Xɔse Naa Gɔmesese Nɔa Agbe Ŋu

12. Ŋusẽ kae xɔse kpɔ ɖe Raxab ƒe agbe dzi?

12 Menye taɖodzinu kɔkɔ koe xɔse naa ame o ke boŋ enaa gɔmesese hã nɔa ame ƒe agbe ŋu. Raxab gbolowɔla si tso Yerixo manya kpɔ viɖe si le eƒe agbe ŋu o. Ke hã, tɔtrɔ ka gbegbe nye esi va eƒe agbe ŋu esime wòɖe xɔse fia! ‘Wotsɔ xɔse ƒe dɔwɔwɔwo tso afia nɛ, le esi wòxɔ Israel-viwo ƒe ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo,’ ale be woƒe futɔ Kanaantɔwo mekpɔ wo o. (Yakobo 2:24-26) Esi Raxab kpɔe dze sii be Yehowae nye Mawu vavã la, eɖe xɔse hã fia to asiɖeɖe le eƒe gbolowɔwɔa ŋu me. (Yosua 2:9-11; Hebritɔwo 11:30, 31) Eɖe Yehowa subɔla, menye Kanaantɔ dzimaxɔsetɔ o. (Mose V, 7:3, 4; Korintotɔwo I, 7:39) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe va su Raxab si be wòva zu Mesia la mama. (Kronika I, 2:3-15; Rut 4:20-22; Mateo 1:5, 6) Abe alesi wòle le amesiwo ɖe asi le agbegbegblẽnɔnɔ ŋu gome ene la, teƒeɖoɖo bubu agasu esi—si nye tsitretsitsi ava agbe me le paradisonyigba dzi.

13. Nuvɔ̃ kae Dawid wɔ ɖe Bat-Seba ŋu, gake nɔnɔme kae wòɖe fia?

13 Esi Raxab ɖe asi le eƒe nuvɔ̃gbenɔnɔa ŋu megbe la, edze ƒã be elé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi. Gake amesiwo ɖe adzɔgbe na Mawu xoxoxo la dometɔ aɖewo wɔ nuvɔ̃ gãwo. Fia Dawid wɔ ahasi kple Bat-Seba, na wowu srɔ̃a le aʋagbedzi, hexɔe wòzu srɔ̃a. (Samuel II, 11:1-27) Esi Dawid trɔ dzi me le konyifafa gã me la, eɖe kuku na Yehowa be: “Megaxɔ wò gbɔgbɔ kɔkɔe la le asinye o!” Mawu ƒe gbɔgbɔ medzo le Dawid dzi o. Xɔse nɔ esi be le nublanuikpɔkpɔ si le Yehowa si ta la, mado vlo ‘dzi si gbã hetugu’ le nuvɔ̃ ta la o. (Psalmo 51:13, 19; 103:10-14) Le xɔse si nɔ Dawid kple Bat-Seba si ta la, wokpɔ teƒeɖoɖo si nye be wova zu Mesia la tɔgbui kple mama.—Kronika I, 3:5; Mateo 1:6, 16; Luka 3:23, 31.

Xɔse si Kakaɖedzi Do Ŋusẽe

14. Kakaɖedzi kae Gideon xɔ, eye aleke nuŋlɔɖi sia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe xɔse dzii?

14 Togbɔ be míezɔna le xɔse me hã la, ahiã ɣeaɖewoɣi be míaxɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋunana ŋuti kakaɖedzi. Enɔ alea le Ʋɔnudrɔ̃la Gideon, si nye “amesiwo ɖu fiaɖuƒewo dzi to xɔse me” la dometɔ ɖeka, gome. (Hebritɔwo 11:32, 33) Esi Midiantɔwo kple wo dzidelawo dze Israel dzi la, Mawu ƒe gbɔgbɔa yɔ Gideon. Esi wòdi be yeakpɔ kakaɖedzi be Yehowa li kpli ye la, edoe ɖa be yeatsɔ lãgbalẽ aɖe ada ɖe lugbɔƒe le zã me. Le dodokpɔ gbãtɔ me la, zãmu dza ɖe lãgbalẽ la ɖeɖeko dzi, eye anyigba nɔ ƒuƒuie. Le dodokpɔ evelia me la, zãmu dza ɖe anyigba eye lãgbalẽ la nɔ ƒuƒuie. Esi kakaɖedzi sia do ŋusẽ Gideon si dze aɖaŋu ta la, ewɔ nu le xɔse me eye wòɖu Israel ƒe futɔwo dzi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:33-40; 7:19-25) Ne míedi be míakpɔ kakaɖedzi ne nyametsotso aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ mí la, mefia be xɔse mele mía si o. Le nyateƒe me la, míeɖea xɔse fiana to Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ kpakple gbedodoɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia me ne míele nyametsotsowo wɔm.—Romatɔwo 8:26, 27.

15. Aleke ŋugbledede le Barak ƒe xɔse ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋui?

15 Kakaɖedzi to dzidedeƒoname me do ŋusẽ Ʋɔnudrɔ̃la Barak ƒe xɔse. Nyɔnunyagblɔɖila Debora de dzi ƒo nɛ be wòatso aɖe Israel-viwo le Kanaantɔwo ƒe Fia Yabin ƒe ameteteɖeanyi te. Le xɔse si nɔ Barak si kple alesi wòka ɖe Mawu ƒe kpekpeɖeŋu dzii ta la, ekplɔ ame 10,000 siwo mebi tututu o la yi aʋae eye wòɖu Yabin ƒe aʋakɔ gbogbo si nɔ aʋafia Sisera ƒe kpɔkplɔ te la dzi. Ha dodzidzɔname si Debora kple Barak kpae wotsɔ ɖu aʋadziɖuɖu ma ƒe azãe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:1–5:31) Debora de dzi ƒo na Barak be wòawɔ nu abe Israel ƒe kplɔla si Mawu tia ene, eye wònye Yehowa subɔla ‘siwo to xɔse me si futɔwo ƒe aʋakɔwo’ la dometɔ ɖeka. (Hebritɔwo 11:34) Ŋugbledede le alesi Mawu yra Barak esi wòwɔ nu le xɔse me ŋu ana míaʋã ɖe nuwɔwɔ ŋu ne míele megbelele hem le mɔ aɖe nu le dɔdasi sesẽ aɖe wɔwɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.

Xɔse Doa Ŋutifafa Ðe Ŋgɔ

16. Kpɔɖeŋu nyui kae Abraham ɖo le ŋutifafa me nɔnɔ kple Lot gome?

16 Abe alesi ko xɔse kpena ɖe mía ŋu be míawɔ dɔdasi sesẽwo le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa mee ene la, nenema ke wòdoa ŋutifafa kple tomefafa ɖe ŋgɔe. Esime dzre dzɔ ɖe Abraham si nye ame tsitsi ƒe lãnyilawo kple etɔgãyɔvi Lot ƒe lãnyilawo dome si na wòhiã be woaklã tso wo nɔewo gbɔ la, eɖe mɔ nɛ wòtia lãnyiƒe nyuitɔ. (Mose I, 13:7-12) Anɔ eme be Abraham do gbe ɖa le xɔse me be Mawu nakpe ɖe ye ŋu le kuxi sia gbɔ kpɔkpɔ me. Le esi teƒe be wòatsɔ eya ŋutɔ ƒe nudidi aɖo nɔƒe gbãtɔ la, ekpɔ nyaa gbɔ le ŋutifafa me. Ne nyaʋiʋli aɖe ɖo mía kple mía nɔvi Kristotɔ aɖe dome la, mina ameŋububu si me lɔlɔ̃ le, si ƒe kpɔɖeŋu Abraham ɖo, nanɔ susu me na mí míatsɔ ado gbe ɖa le xɔse me ‘ahadi ŋutifafa.’—Petro I, 3:10-12.

17. Nukatae míate ŋu agblɔ be wokpɔ nusi dze abe kuxi si nɔ Paulo, Barnaba, kple Marko dome ene la gbɔ le ŋutifafa me?

17 Bu alesi Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ le xɔse me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu ŋutifafa ɖoe la ŋu kpɔ. Esi Paulo yina eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia gɔme dze ge la, Barnaba lɔ̃ ɖe susu si wòdo ɖa be yewoagbugbɔ aɖasrã hame siwo le Kipro kple Asia Sue kpɔ la dzi. Gake Barnaba di be yeakplɔ ye nɔvi Marko ɖe asi. Paulo melɔ̃ ɖe edzi o elabena Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia. Esia na ‘wodo dziku vevie,’ eye nyaʋiʋli sia na woklã. Barnaba kplɔ Marko ɖe eŋuti yi Kipro, eye Paulo tia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu ‘woyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ dom hameawo.’ (Dɔwɔwɔwo 15:36-41) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wokpɔ nusi dze abe kuxi ene la gbɔ, elabena Marko nɔ Paulo gbɔ le Roma, eye apostoloawo ƒo nu nyui le eŋu. (Kolosetɔwo 4:10; Filemon 23, 24) Esime Paulo nye gamenɔla le Roma le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo la, egblɔ na Timoteo be: “Xɔ Marko, eye nakplɔe ɖe asi vɛ; elabena enye kpeɖeŋutɔ nyui nam le subɔsubɔ gome.” (Timoteo II, 4:11) Edze ƒã be Paulo do gbe ɖa le eya kpakple Barnaba kple Marko ƒe ƒomedodoa ŋu le xɔse me, eye esia he tomefafa si wɔ ɖeka kple “Mawu ƒe ŋutifafa” vɛ.—Filipitɔwo 4:6, 7.

18. Nukae anya dzɔ le Ewodia kple Sintixe dome?

18 Gake abe ame madeblibowo ene la, ‘mí katã míedaa vo le nu geɖewo me.’ (Yakobo 3:2) Nya sesẽwo do mo ɖa le nyɔnu Kristotɔ eve dome, amesiwo ŋu Paulo ŋlɔ nu le bena: ‘Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintixe, bena woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Yi edzi nànɔ kpekpem ɖe nyɔnu siawo siwo dze agbagba le nyanyui la ta kplim la ŋu.’ (Filipitɔwo 4:1-3) Anɔ eme godoo be nyɔnu Mawu-vɔ̃la siawo kpɔ woƒe kuxia gbɔ le ŋutifafa me to aɖaŋuɖoɖo abe esi le Mateo 5:23, 24 ene la dziwɔwɔ me. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ le xɔse me akpe ɖe mía ŋu geɖe míatu ŋutifafa ɖo egbea.

Xɔse Naa Míete Ŋu Doa Dzi

19. Nɔnɔme sesẽ kawoe megblẽ Isak kple Rebeka ƒe xɔse dome kura o?

19 Le xɔse me la, míate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽwo hã me. Ðewohĩ míele nu xam le esi míaƒe ƒomea me tɔ xɔnyɔnyrɔ aɖe meɖo to Mawu o eye wòyi ɖaɖe dzimaxɔsetɔ ta. (Korintotɔwo I, 7:39) Isak kple Rebeka se veve le wo viŋutsu Esau ƒe nyɔnu mavɔ̃mawuwo ɖeɖe ŋuti. Xitivi-nyɔnu siwo wòɖe la “zu nuxaxa gã aɖe na” wo—ale gbegbe be Rebeka gblɔ bena: “Agbenɔnɔ tim le Xitivi-nyɔnuawo ta. Ne Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnu aɖe la, ekema nukaŋuti megale agbe ɖo?” (Mose I, 26:34, 35; 27:46) Ke hã, nɔnɔme sesẽ sia megblẽ Isak kple Rebeka ƒe xɔse dome o. Neva eme be míalé xɔse sẽŋu me ɖe asi ne nɔnɔme sesẽwo va zu kplamatsedonu na mí.

20. Xɔse ƒe kpɔɖeŋu kae míakpɔ le Naomi kple Rut ƒe nyaa me?

20 Ahosi tsitsi Naomi nye Yudatɔ eye wònyae be Yuda-nyɔnu aɖewo adzi vi siwo ava nye Mesia la tɔgbuiwo. Gake esi via ŋutsuwo medzi vi hafi ku o eye eya ŋutɔ hã gbɔ vidzidzi me ta la, asesẽ ŋutɔ hafi wòate ŋu ava eme be eƒe ƒomea nanɔ ƒome siwo me Mesia la adzɔ tso me. Ke hã, lɔ̃xoayɔvi Rut, si nye ahosi, va ɖe Boas si ku amegã la, wòdzi ŋutsuvi nɛ, eye wòva zu Yesu, si nye Mesia la, mama! (Mose I, 49:10, 33; Rut 1:3-5; 4:13-22; Mateo 1:1, 5) Naomi kple Rut ƒe xɔse nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu eye wòhe dzidzɔ vɛ na wo. Dzi adzɔ míawo hã ŋutɔ ne míedo dzi le xɔse me le nɔnɔme sesẽwo me.

21. Nukae xɔse wɔna na mí, eye nukae anye miaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

21 Togbɔ be míate ŋu agblɔ nusi ava dzɔ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzi gbeɖeka o hã la, míate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe nu le xɔse me. Xɔse naa dzi nɔa mía ƒo henaa míegbɔa dzi ɖi. Enaa míeɖoa taɖodzinu kɔkɔwo henɔa agbe si ŋu gɔmesese le. Xɔse kpɔa ŋusẽ nyui ɖe míaƒe ƒomedodo kple ame bubuwo dzi eye wòɖua nɔnɔme sesẽwo dzi. Eyata neva eme be míanye “amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo.” (Hebritɔwo 10:39) Le míaƒe Mawu lɔ̃ame, Yehowa, ƒe ŋusẽdoame me la, mina míayi edzi anɔ xɔse sẽŋu ɖem fia hena eƒe kafukafu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi kae li be xɔse ate ŋu ana dzi nanɔ mía ƒo?

• Nukatae míate ŋu agblɔ be xɔse naa gɔmesese nɔa míaƒe agbe ŋu?

• Aleke xɔse tua ŋutifafa ɖoe?

• Kpeɖodzi kae li be xɔse kpena ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Xɔsee na dzi nɔ Noa kple Henox ƒo woɖe gbeƒã Yehowa ƒe gbedasiwo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Xɔse si le abe Mose tɔ ene ʋãa mí be míati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mawu ƒe kpekpeɖeŋu ŋuti kakaɖedzi do ŋusẽ Barak, Debora, kple Gideon ƒe xɔse