Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòsɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be Kristotɔ nalé Biblia le ʋɔnudrɔ̃ƒe aka atam be yeato nyateƒea?

Ele be amesiame nawɔ nya sia ŋu nyametsotso na eɖokui. (Galatiatɔwo 6:5) Ke hã, Biblia metsi tre ɖe atamkaka le ʋɔnudrɔ̃ƒe be woato nyateƒe ŋu o.

Atamkaka nye nane si wowɔna le teƒe geɖe tso gbaɖegbe ke. Le kpɔɖeŋu me, le blema ɣeyiɣiwo me la, Helatɔwo doa abɔ ɖe dzi alo léa vɔsamlekpui aɖe ɖe asi ne wole atam kam. Ne Romatɔ aɖe le atam kam la, eléa kpe aɖe ɖe asi hegblɔna be: “Ne meɖoe koŋ ble ame, esime [mawu] Jupiter le dua kple mɔ̃ sesẽa ta kpɔm la, ekema neɖe nu nyuiwo katã ɖa le mɔ me nam abe alesi matsɔ kpe sia aƒu gbee ene.”—Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature, si John McClintock kple James Strong ŋlɔ, Babla VII, axa 260.

Nuwɔna siawo ɖee fia be enye ameƒomea ƒe didi be yealɔ̃ ɖe edzi be mawu ŋusẽtɔ aɖe li si te ŋu léa ŋku ɖe amegbetɔwo ŋu eye be enye amesi yewoabu akɔnta na. Tso blema ɣeyiɣiawo me ke la, Yehowa subɔla vavãwo nyae be esea nya siwo yewogblɔna eye wòkpɔa nusiwo yewowɔna. (Lododowo 5:21; 15:3) Wokaa atam le Mawu ŋkume alo na wònye eteƒekpɔla, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, Boas, Dawid, Salomo, kple Zedekiya, wɔ esia. (Rut 3:13; Samuel II, 3:35; Fiawo I, 2:23, 24; Yeremya 38:16) Mawu vavã la subɔlawo hã wɔ ɖe amewo ƒe biabia be woaka atam ɖe nya aɖe dzi na yewo la dzi. Esia dzɔ le Abraham kple Yesu Kristo gome.—Mose I, 21:22-24; Mateo 26:63, 64.

Ɣeaɖewoɣi la, amesi le atam kam le Yehowa ŋkume la wɔa dzesi aɖe. Abram (Abraham) gblɔ na Sodom-fia be: “Medo nye asi ɖe dzi tà Yehowa, Mawu dziƒoʋĩtɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la.” (Mose I, 14:22, NW) Mawudɔla aɖe si nɔ nu ƒom kple nyagblɔɖila Daniel “kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la.” (Daniel 12:7) Woƒo nu tso Mawu gɔ̃ hã ŋu le kpɔɖeŋumɔnu be edo asi ɖe dzi ka atam.—Mose V, 32:40; Yesaya 62:8.

Ŋɔŋlɔa metsi tre ɖe atamkaka ŋu o. Gake mahiã be Kristotɔ naka atam atsɔ aɖo kpe nya sia nya si wògblɔna dzi o. Yesu gblɔ be: ‘Miaƒe nanye Ẽ, O nanye O.’ (Mateo 5:33-37) Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ nya ma tɔgbe. Esime wògblɔ be “migatà nu o” la, enɔ nu xlɔ̃m ku ɖe atamkaka yakatsyɔ ŋu. (Yakobo 5:12) Yesu alo Yakobo megblɔ be atamkaka be woato nyateƒe le ʋɔnudrɔ̃ƒe nye nu gbegblẽ o.

Ke ne wobia tso Kristotɔ aɖe si le ʋɔnudrɔ̃ƒe be wòaka atam be nyateƒee yeƒe ɖaseɖiɖia nye ya ɖe? Ate ŋu ase le eɖokui me be yeakae. Alo woaɖe mɔ nɛ be wòaɖo kpe eƒe nyawo dzi be menye alakpa o.—Galatiatɔwo 1:20.

Ne ʋɔnudrɔ̃ƒe wɔnawo bia be woado asi ɖe dzi alo alé Biblia ne wole atam kam la, Kristotɔ ate ŋu atiae be yeawɔ ɖe edzi. Ŋɔŋlɔa me kpɔɖeŋu siwo me amewo wɔ dzesi aɖewo esime wole atam kam la anɔ susu me nɛ. Nusi le vevie na Kristotɔ wu dzesi aɖe wɔwɔ ne ele atam kam enye be wòaɖo ŋku edzi be Mawu ŋkumee yele atam la kam le be yeato nyateƒe. Atam sia kaka nye ŋkubiãnya. Ne Kristotɔ se le eɖokui me be yeate ŋu aɖo nya si woabia ye le nɔnɔme mawo me ŋu eye be ele be yeaɖo eŋu la, ekema ele be wòaɖo ŋku edzi be ele be yeato nyateƒe godoo, eye le nyateƒe me la, esiae nye nusi Kristotɔ adi be yeawɔ ɣeawokatãɣi.