Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Mawu ƒe Nya Trɔa Amewo
“Mite Ðe Mawu Ŋu, Eye Wòate Ðe Mia Ŋu”
Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Mawu ƒe Nya Trɔa Amewo
NE ÐE nèdo go Tony esime wòɖo eƒe ƒewuiwo me teti la, anye ne àkpɔe be enye ŋutsuvi wɔadã kple akpasesẽnuwɔla si yia Sydney, Australia, ƒe akpa siwo wowɔa aglãdzenuwo le la edziedzi. Nuvlowɔhawo me tɔwoe nye exɔlɔ̃wo. Wodaa adzo, wɔa avu, henɔa tu dam le ablɔwo me edziedzi.
Tony te atamanono esime wòxɔ ƒe asieke. Kaka wòaxɔ ƒe 14 la, enye gbenola eye wònɔ agbe gbegblẽ nɔm. Kaka wòaxɔ ƒe 16 la, heroin zu numame nɛ, eye nusia na wòva zu cocaine kple LSD—kple “nusianu si amum ko,” abe alesi Tony gblɔe ene—la zãla. Emegbe eva do atikevɔ̃ɖisitsatsa ƒe ka kple nuvlowɔha aɖewo ƒe amegã eve. Eteƒe medidi o Tony va zu atikevɔ̃ɖisitsala bibiwo dometɔ ɖeka le Australia ƒe ɣedzeƒe ƒuta.
Tony gblẽa dɔlar 160 va ɖo 320 ɖe heroin kple gbe nono ŋu ŋkeke ɖesiaɖe. Gake enɔ nusi de ŋgɔ wu ema gblẽm le eƒe ƒomea ŋu. Egblɔ be: “Nuvlowɔlawo ɖoa tuwo kple hɛwo mía kple srɔ̃nye dzi edziedzi be yewoaxɔ atikevɔ̃ɖiawo kple ga si nɔ mía si le aƒeme la.” Le gaxɔmenɔnɔ zi etɔ̃ megbe la, Tony se le eɖokui me be ele be yealé ŋku ɖe afisi yeƒe agbe ɖo tae ŋu.
Togbɔ be Tony dea sɔleme hã la, ese le eɖokui me be yete ɖa le Mawu si wobe enɔa nuvɔ̃wɔlawo mem le dzomavɔ me tegbee wònyea tohehe la gbɔ. Gake esi Yehowa Ðasefo eve yi Tony gbɔ la, ewɔ nuku nɛ be wòase be Mawu mele nenema o. Eye dzi dzɔ Tony be yeate ŋu atrɔ asi le yeƒe agbe ŋu ahaxɔ yayrawo tso Mawu gbɔ. Yesu Kristo ƒe nya si wògblɔ be “woate ŋu awɔ nusianu le Mawu gbɔ” la wɔ dɔ ɖe Tony dzi. (Marko 10:27) Nya dodzidzɔname siwo wɔ dɔ ɖe Tony dzi wu enye: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.
Dɔ sesẽ si Tony dze ŋgɔe azɔ enye asitɔtrɔ le eƒe agbe ŋu be wòasɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Egblɔ be: “Nu gbãtɔ si ŋu meɖe asi le enye atamanono, si nye nusi, togbɔ be metee kpɔ zi geɖe tsã hã la, nyemete ŋu wɔ gbeɖe o. Le ŋusẽ si Yehowa nam ta la, mete ŋu ɖe asi le heroin kple gbe nono, siwo nye atikevɔ̃ɖi siwo mam ŋutɔ le ƒe 15 siwo va yi me ŋu. Nyemebui gbeɖe be asiɖeɖe le numame siawo ŋu anya wɔ nam o.”
Le esi Tony kple srɔ̃a navɔ̃ na Mawu si wɔa funyafunya amewo tegbee le dzomavɔ me—si nye nufiafia si womakpɔ le Biblia ƒe akpa aɖeke o—teƒe la, wova xɔ agbenɔnɔ tegbee le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ dzi se. (Psalmo 37:10, 11; Lododowo 2:21) Tony lɔ̃ ɖe edzi be: “Exɔ ɣeyiɣi gbogbo aɖe kple agbagbadzedze vevie hafi mete ŋu trɔ nye agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu, gake le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, mekpɔ dzidzedze.”
Ẽ, amesia si zãa atikevɔ̃ɖi tsã la va zu Kristotɔ. Woa kple srɔ̃a wotsɔ woƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesiwo na faa hezã gaƒoƒo akpe geɖe le Biblia-fiafiadɔ me. Wotsɔ moveviɖoɖo hã le vi eve hem be woavɔ̃ Mawu. Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe ŋusẽ si nu womate ŋu atsi o la dzie woto wɔ tɔtrɔ wɔnuku siawo. Le nyateƒe me la, abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.”—Togbɔ be kpɔɖeŋu dedziƒoname siawo li hã la, ame aɖewo hea glãka madzemadzee be Biblia-fiafiadɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le la gblẽa nu le ƒomewo ŋu heɖea nɔnɔme nyuiwo le sɔhɛwo me. Tony ƒe nya la te fli ɖe nyatsɔɖeameŋu ma me vavã.
Abe Tony ene la, ame geɖe va kpɔe be woate ŋu aɖu numame gbegblẽwo dzi. To mɔ ka nu? To Mawu dzixɔxɔse kple ŋuɖoɖo ɖe eyama kple eƒe Nya la ŋu, kpakple hati Kristotɔ lɔ̃amewo ƒe kpekpeɖeŋu kple ɖetsɔtsɔ le amewo mee me. Tony ƒo eta dzidzɔtɔe be: “Mekpɔ alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo kpɔ vinyewo tae. Biblia me nufiafiawo kpɔ nye srɔ̃ɖeɖe ta. Eye nye aƒelikawo dɔa alɔ̃ bɔbɔe elabena nyemeganye ŋɔdzi na wo azɔ o.”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
‘Le ŋusẽ si Yehowa nam ta la, mete ŋu ɖe asi le atikevɔ̃ɖizazã si mam ŋutɔ ƒe 15 la ŋu’
[Aɖaka si le axa 9]
Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Wɔa Dɔ
Biblia ƒe gɔmeɖose vovovowo kpe ɖe amesiwo nye atikevɔ̃ɖizãlawo tsã ŋu be woaɖe asi le numame gblẽnuleameŋu sia ŋu. Gɔmeɖose siawo dometɔ aɖewoe nye si:
“Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Atikevɔ̃ɖiwo zazã tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu.
“Yehowa-vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.” (Lododowo 9:10) Bubu deto si woanɔ te ɖe Yehowa kple eƒe mɔwo ŋuti sidzedze vavãtɔ dzi ade eŋu la kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖe asi le atikevɔ̃ɖiwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu.
“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Woate ŋu aɖe asi le numame gblẽnuleameŋuwo ŋu to kaka ɖe Mawu dzi tso dzi blibo me kple ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu bliboe me.